INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 6/8 axa 5-8
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li be Aʋawɔwɔ Nu Ava Yi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li be Aʋawɔwɔ Nu Ava Yi?
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aʋatsomɔkpɔkpɔ Aɖe
  • Amesiwo Na Mawu ƒe Tameɖoɖo Le Eme Vam
  • Alesi Woatsi Aʋawɔwɔ Nui
  • Aʋawɔwɔ
    Nyɔ!—2017
  • Xexe si me Aʋawɔwɔ Mele O Ava—Kpuie!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ava Kpuie
    Nyɔ!—1996
  • Wodo Yehowa ƒe Aƒea Ðe Dzi
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 6/8 axa 5-8

Mɔkpɔkpɔ Kae Li be Aʋawɔwɔ Nu Ava Yi?

WOYƆ Xexemeʋa Iso ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1918 me la be enye aʋa si woatsɔ atsi aʋawɔwɔwo katã nui. Gake tso ɣemaɣi la, wowɔ aʋa siwo wu 200 kple sesẽtɔ kekeake si wowɔ kpɔ—si nye Xexemeʋa II.

Eme kɔ ƒã be amegbetɔ ƒe agbagbadzedze be yeatsi aʋawɔwɔ nu la do kpo nu keŋkeŋ. Ekema ɖe wòwɔ nuku esi ame geɖe gblɔna be ‘Aʋawɔwɔ ayi edzi ɖaa’? Ðe nèxɔ nya sia dzi sea?

Susu si ta woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ le ƒe 1945 me le Xexemeʋa II megbee nye be wòana mɔkpɔkpɔ nasu amegbetɔ siwo aʋawɔwɔ ti kɔ na la si be aʋawɔwɔ nu ayi le xexeame. Woɖe mɔkpɔkpɔ ma gblɔ le nuŋɔŋlɔ aɖe si le gli ŋu le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ablɔgã dzi le New York Dugã me, esi xlẽ be: WOATSƆ WOƑE YIWO ATU KODZIWOE EYE WOATSƆ WOƑE AKPLƆWO ATU HƐ GOBƐWOE: DUKƆ MAGATSƆ YI ÐE DUKƆ ŊU AZƆ O, EYE WOMAGASRƆ̃ AƲAWƆWƆ HÃ AZƆ O.

Nublanuitɔe la, dukɔwo to woƒe aʋahehe vɛ me ɖu fewu le ŋutifafamɔkpɔkpɔ sia si woɖe gblɔ nyuie alea la ŋu. Gake nya siawo ava eme! Elabena ame aɖe si kɔkɔ wu amegbetɔ madeblibowo ye gblɔe ɖi ƒe siwo wu 2,500 enye sia. Wonye ŋugbe si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la do.—Yesaya 2:4.

Aʋatsomɔkpɔkpɔ Aɖe

Ame geɖewo nɔ mawusubɔsubɔha sinu kpɔm be wòaɖe aʋawɔwɔ ɖa le xexeame. Gake le nyateƒe me la, subɔsubɔhawoe nye aʋawɔla siwo hea mamã vɛ wu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la dometɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, Frank P. Crozier, si nye Britaniatɔwo ƒe aʋakplɔla le Xexemeʋa I me la gblɔ be: “Kristo-sɔlemehawoe nye amesiwo dea ʋukɔkɔɖi dzi vevie wu ɖesiaɖe le mía dome, eye míewɔa wo ŋudɔ faa.”

Eyata ehiã be míade vovo Kristotɔnyenye vavãtɔ kple alakpa tɔ dome. Be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ esia la, Yesu na sedede bɔbɔe aɖe mí: “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.” (Mateo 7:16) Nyagbɔgblɔwo alo gbɔgblɔ be Mawu ƒe subɔlae yenye ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Steve Whysall, si nye Sun ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le Vancouver ƒe nuŋlɔla de dzesii be: “Menye amesiwo katã doa mɔ̃ɖaŋudɔwɔwu yibɔ si ƒo ami beke lae nyea mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo o, nenye be woɖi mɔ̃ɖaŋudɔwɔla gɔ̃ hã, . . . nenye be wogblɔ be ‘Mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawoe yewonye kura gɔ̃ hã.’”

Esi Whysall tsɔ eƒe kpɔɖeŋua nɔ sɔsɔm kple Kristotɔnyenye la egblɔ be: “Zi geɖe la àse amewo naƒo nu tso alesi wowɔ esi kple ekeme le Kristo ƒe ŋkɔ me kple alesi wònye nu dziŋɔe be woawɔ la ŋuti. Ẽ, nu dziŋɔe wònye. . . . Gake menye amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ye wɔ nu dziŋɔ mawo oa?

“Àgblɔ be Oo, subɔsubɔha gãwoe wɔ nenema. Enyo, ameka koŋ ye gblɔ kpɔ be Kristotɔwoe subɔsubɔha gãwo nye?

“Nenemae papa la wɔ yra ɖe Mussolini dzi, eye papa bubu siwo wɔ ŋutasẽnuwo le blema la ƒe ɖaseɖiɖiwo li. Eyata amekae be Kristotɔwoe wonye?

“Ðe nèsusu be esi ame aɖe nye papa ta ele be wòanye Kristotɔa? Ne ame aɖe gblɔna be ‘Kristotɔe yenye’ ɖeɖe mefia be enye wo dometɔ ɖeka o—abe alesi tututu amesi gblɔna be yenye mɔ̃ɖaŋudɔwɔla la manye mɔ̃ɖaŋudɔwɔla o ene.

“Biblia la kura gɔ̃ hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo le amesiwo wɔa wo ɖokui abe Kristotɔwo wonye ene la ŋuti . . . Kristotɔ aɖeke mate ŋu awɔ aʋa kple Kristotɔ bubu o—anɔ abe ame aɖe si le aʋa wɔm kple eɖokui ene.

“Kristotɔ vavãwo nye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le Yesu Kristo me. . . . Womaɖo koŋ awɔ nuvevi wo nɔewo gbeɖegbeɖe o.”

Eyata ele be míawɔ Yesu ƒe sededea ŋudɔ ahalé ŋku ɖe ku siwo subɔsubɔhawo tsena la ŋuti. Gake ku kae wotse? Biblia la tɔ asi ɖeka koŋ dzi be: “Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nudzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. Elabena esiae nye gbedasi, si míese tso gɔmedzedzea me la, bena míalɔ̃ mía nɔewo; menye abe Kain, si tso vɔɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o.”—Yohanes 1, 3:10-12.

Le esi teƒe be subɔsubɔhawo nade dzi ƒo na amewo be woalɔ̃ wo haviwo la, wonɔ megbe na wo be woawu wo nɔviwo le aʋawɔwɔ me. Woto esia me va zu Satana Abosam ƒe asrafowo abe alesi tututu blema Egipte, Asiria, Babilon, kple Romatɔwo ƒe subɔsubɔwo wɔ ene. Yesu Kristo yɔ Satana be “xexe sia me fia” eye wògblɔ le Eyomedzela vavãwo ŋu be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” (Yohanes 12:31; 17:16; Korintotɔwo II, 4:4) Gake sɔlemehawo wɔ wo ɖokui xexeame ƒe akpa vevi aɖe.

Eyata eme kɔ ƒã be Mawu mele subɔsubɔhawo zãm be yeatsɔ ana yeƒe tameɖoɖo be yeaɖe aʋawɔwɔ ɖa le xexeame katã nava eme o. Eɖanye nuka kee asrafowo ƒe osɔfowo kple subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ o, Mawu medea akpa aɖeke dzi le dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me o.

Aleke Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be yeaɖe aʋawɔwɔ ɖa ava mee? Ðe wònye nyateƒe be ame aɖewo tsɔ woƒe yiwo tu hɛ gobɛwoea? Ame aɖewo wɔe vavã.

Amesiwo Na Mawu ƒe Tameɖoɖo Le Eme Vam

C. J. Cadoux, si nye sɔlemehawo ƒe ŋutinyaŋlɔla xɔŋkɔ aɖe de dzesii be: “Kristotɔ gbãtɔawo xɔ Yesu dzi se . . . Wotsɔ woƒe mawusubɔsubɔha wɔ ŋutifafae vevie; wobu fɔ aʋawɔwɔ vevie le ʋukɔkɔɖi si wòhena vɛ la ta; wotsɔe be Nubabla Xoxoa me nyagblɔɖi si gblɔ aʋawɔnuwo tɔtrɔ woazu agbledenuwo la be eku ɖe yewo ŋu.”—Yesaya 2:4.

Ke egbea hã ɖe? Ðe ame aɖewo li siwo xɔ Yesu dzi se helɔ̃a wo nɔewo vavãa? Ðe amesiawo tsɔ woƒe yiwo tu hɛ gobɛwoe le nuwɔna ŋutɔŋutɔ mea? Encyclopedia Canadiana gblɔ be: “Yehowa Ðesefowo ƒe dɔ nye agbe gbɔgbɔ Kristotɔnyenye gbãtɔ si ŋudɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia mía ŋɔli me kple egbugbɔgaɖoanyi. . . . Wo katã wonye nɔviwo.”

Eyata esi Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Kristo ƒe sedede be woalɔ̃ wo nɔewo dzi ta la, wogbe be yewomalé fu alo awu wo nɔviwo o, togbɔ be amesiawo anye ameƒomevi alo dukɔ bubu me tɔwo gake. (Yohanes 13:34, 35) Martin Niemöller, si nye Protestantɔwo ƒe osɔfo aɖe le Germania la de dzesii be “tso blema ke la, [sɔlemehaawo] da asi ɖe edzi be yewoayra ɖe aʋawɔwɔ, aʋawɔlawo kple aʋawɔtuwo dzi le mɔ aɖe si medze Kristotɔwo kura o la nu bena yewoatsrɔ̃ yewoƒe futɔwo.” Gake le nusi to vovo na esia me la, egblɔ be “wode” Ðasefo “alafa kple akpe geɖewo fuwɔamegaxɔwo me eye woku le esi wogbe be yewomayi aʋa o kple esi wogbe be yewomada tu amegbetɔwo o la ta.”

Ẽ, esi Yehowa Ðasefowo to vovo tso subɔsubɔha bubu me tɔwo gbɔ ta la, wotsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe vavã. To ‘xexeame ƒe akpa aɖeke si womenye o’ me abe alesi Kristo fia ene la, woto vovo sã tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ. (Yohanes 15:19) Roma Katolikotɔwo ƒe St. Anthony’s Messenger gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo menɔa ‘dziɖuɖuhabɔbɔ’ siwo woɖo me o eye womexɔa agbanɔamedzi aɖeke be woayra ɖe nusianu si dziɖuɖua ɖo be yeawɔ la dzi o.”

Ame miliɔn ʋee aɖewo siwo atso dukɔwo katã me atsɔ woƒe yiwo atu kodziwo koe ana Mawu ƒe ŋugbedodo le aʋawɔtuwo ɖeɖe ɖa ŋuti nava emea? Menye nenemae kura o! Mawu ƒe ŋugbedodo ava eme le mɔ gã aɖe si ɖe dzesi wu nu.

Alesi Woatsi Aʋawɔwɔ Nui

Wɔla, Yehowa Mawu, atsi aʋawɔwɔ nu to aʋawɔnuwo kple amesiwo hea aʋawɔwɔ vɛ ɖeɖe ɖa me. Biblia me hakpala aɖe kpe nuxlẽlawo be woabu mɔkpɔkpɔ lédziname sia ŋu. Eŋlɔe be “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba, amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.” (Psalmo 46:9, 10) Gbeƒãɖeɖe ʋãme si ɖe dzesi kae nye esi!

Ðe mɔkpɔkpɔ hena xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o la dzi manya xɔ ase oa? Ðikelawo abui nenema. Aʋawɔwɔŋutinyaŋlɔla si ƒe ŋutinya dze le magazine sia ƒe axa 9 vaseɖe 13 hã bui nenema. Gake egbɔ dzi ɖi dzro ɖaseɖiɖiawo me tsitotsito. Le esia ta eva ɖo kpe edzi na eɖokui be woate ŋu aka ɖe Biblia la dzi vavã. Ekpɔe be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe blemaŋutinya ŋuti la va eme pɛpɛpɛ ɖe game dzi. Susu sia tae wòva xɔe se be nudzɔdzɔ mawo siwo wogblɔ ɖi be wogagbɔna dzɔdzɔ ge la ava eme ɖe ɣeyiɣi dzi tututu.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le alesi nudzɔdzɔ siwo ʋuʋua xexeame siwo le dzɔdzɔm fifia la sɔ pɛpɛpɛ kple nudzɔdzɔ siwo Biblia gblɔ ɖi be woade dzesi nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamleawo la ŋu kpɔ. (Mateo 24:3-14; Timoteo II 3:1-5) Esia fia be míele agbe le ɣeyiɣi si me Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ava la me, esi nye gbedodoɖa si Yesu fia eyomedzelawo ƒe emevava be: “Mía fofo, si le dziƒo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

Mɔ ka nue míakpɔ mɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea be wòava le? Biblia ƒe nyagblɔɖia gblɔ le esia ŋuti be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agba fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Ẽ, Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ava le mɔ ɖedzesi aɖe nu be wòaɖe fifi dziɖuɖuwo katã ɖa abe alesi xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ si wogblɔ ɖi la va le Noa ƒe ŋkekea me ene. (Mateo 24:36-39; Yohanes I, 2:17) Le fifi dziɖuɖuwo kple subɔsubɔha siwo dea wo dzi ƒe tsɔtsrɔ̃ si lili wo kpata ta la, ele vevie be mía dometɔ ɖesiaɖe nadzro eƒe nɔnɔmewo me akpɔ. Ðe míadze agbagba asrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo ŋuti ahawɔ nusi wobia tso mía sia? (Yohanes 17:3) Ðe míalɔ̃ mía nɔewo ahatsri nuvevi wɔwɔ mía havi amegbetɔwo eye míato ema me aɖee afia be míetsɔ míaƒe yiwo tu kodziwoea?

Ne èlɔ̃ ɖe edzi be aʋawɔwɔ menye nusi me nunya le o, eye nèdi be yeanɔ agbe le anyigba dzi esime ŋutifafa axɔ xexeame katã la, ekema te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋuti. Ado dzidzɔ na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò nasrɔ̃ nu tso alesi eteƒe madidi o, aʋawɔwɔ maganɔ anyi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te o la ŋu.

[Aɖaka si le axa 7]

Nusi Himmler Ðo ɖe Yehowa Ðasefowo Ŋu

HEINRICH HIMMLER ye nye tatɔ le Nazi-srafo siwo woyɔna be SS, alo Asrafo Tiatia Sesẽwo nu eye le Xexemeʋa II me la, eyae nye ŋusẽtɔ gãtɔ kekeake le Germania, si kplɔ Adolf Hitler ɖo. Togbɔ be Himmler lé fu Yehowa Ðasefowo le esi wogbe be yewomakpɔ gome le Nazitɔwo ƒe ɖoɖo siwo wowɔ be woatsɔ aɖu xexeame katã dzii me o ta hã la, eva tsɔ bubu na wo. Le lɛta siwo Himmler ŋlɔ na Adzamekpovitɔwo ƒe amegã Ernst Kaltenbrunner dometɔ ɖeka me la, eŋlɔe be:

“Nyatakaka aɖewo siwo mexɔ kple nane siwo ŋu melé ŋku ɖo le ŋkeke ʋee siwo va yi me la ƒoe ɖe nunye be mewɔ ɖoɖo aɖewo siwo medi be nanya. Esia ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋuti. . . . Aleke míele Russia-dukɔ kplɔ gee ahana ŋutifafa nanɔ anyi ne . . . míeva xɔ woƒe anyigba gbogbo aɖewo le wo si? . . . Ele be míada asi ɖe subɔsubɔha kple ŋutifafaha ƒomevi ɖesiaɖe dzi . . . , vevietɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo. Amesiame nyae be nɔnɔme nyui wɔnuku siwo ade mía dzi la le Yehowa Ðasefowo si: Togbɔ be wogbea asrafodɔ kple nusianu si do ƒome kple aʋawɔwɔ hã la . . . , wonye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo ale gbegbe, womemua aha o eye womenoa sigeret o; wowɔa dɔ ŋkubiãtɔe eye woƒe anukwareɖiɖi tɔgbe mebɔ o. Kakaɖedzi le nusi Yehowa Ðasefowo gblɔna la ŋu. Esiawo nye nɔnɔme nyuiwo . . . , nɔnɔme siwo biãa ŋu na ame.”

Gbeɖe, Himmler mate ŋu able Yehowa Ðasefowo nu be woawɔ dɔ na Nazitɔwo o. Menye eya ŋutɔ kple eƒe amewo koe wòdi be woasrɔ̃ Ðasefowo ƒe ŋutifafa lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme sia o, ke boŋ edi be Russiatɔwo hã nasrɔ̃ nɔnɔme nyui siawo. Esia ana woazu ŋutifafamewo ahana woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Mawu ƒe Fiaɖuƒe aɖe aʋawɔnuwo katã ɖa eye wòaɖe amewo ayi ɖe ŋutifafaxexe yeye mee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe