Dɔwɔɖuiwo Toto Vɛ le Dukɔ Madeŋgɔwo Me
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SENEGAL GBƆ
ƑEWUIVIA fofo ku le eƒe ɖevime hegblẽ ƒome gã si me vi enyi le ɖe megbe na dadaa. Fifia si dada le tsitsim la, ele be ƒewuivia nadi dɔ awɔ akpe asi ɖe ƒomea dzi kpɔkpɔ ŋu. Mate ŋu agade suku ayi ŋgɔ abe alesi wòɖoe ene o. Ele be wòawɔ dɔ, togbɔ be menya dɔ alo xɔ hehe aɖeke o hã.
Nɔnɔme siawo tɔgbe bɔ ɖe dukɔ madeŋgɔwo me. Dɔkpɔkpɔ le sesẽm na amesiwo de yunivɛsiti xɔ ɖaseɖigbalẽ gɔ̃ hã. Gake ame geɖe tsɔ tameɖoɖo kplikpaa kple nuwo ŋu bubu nyuie to dɔ vɛ na wo ɖokui. Dɔ siawo mana ame nazu kesinɔtɔ ya o, gake Biblia gblɔ le Timoteo I, 6:8 be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”
Mina aɖaŋuɖoɖo sia si ana míada asɔ la nanɔ míaƒe susu me ne míalé ŋku ɖe mɔ nyui siwo dzi Kristotɔ siwo le dukɔ madeŋgɔwo me to le akɔ kpem kple nɔnɔmea hele ŋgɔ yim la ŋu akpɔ.
Nuɖuɖudzadzra—Alesi Afrikatɔwo Wɔnɛ
Amewo hiã nuɖuɖu ɣesiaɣi. Le Ɣetoɖoƒe Afrika afisia la, nyɔnu asitsala kpɔ mɔ nyui vovovo siwo dzi woato aɖe vi tso nyateƒenya sia me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo tua agbadɔ sue aɖe ɖe xɔtuƒewo gbɔ heɖaa ŋdɔnu na dɔwɔlawo. Ame bubuwo dzraa nuɖuɖu na amesiwo yina dɔ me le ŋdi me. Woɖoa kplɔ̃ sue aɖe kple zikpuiwo, woɖoa tsi dzoe le aka dzi hewɔa ŋdinuɖuɖu bɔbɔe aɖe—kɔfi dzodzoe si ŋu yevubolo kple bɔta kpe ɖo. Wogaɖoa asi le fiẽ me hedzraa numeɖenuwo na dɔwɔlawo le ŋkekea ƒe nuwuwu. Nuɖuƒe siawo tɔgbe wɔwɔ bia dɔsesẽwɔwɔ, gake ena amesiwo doa vevie le eme kpɔa ga nɔa agbe ɖe ŋu.
Numeɖenuwo dzadzra ƒe mɔnukpɔkpɔ hã li. Nyɔnu aɖewo dia afisi amewo sɔ gbɔ ɖo le asi gbɔ hetɔa azi. Woƒlea Fatayas—abolo suesue siwo me wodea lãe si ŋu atadi veve kpe ɖo—hã ŋutɔ. Nenema kee nye yevubolo siwo me wode lãe si wotsɔ lãtadi si me wode nuɖuɖuvivinui hã. Woƒlea nusiawo kabakaba ŋutɔ le Afrika-dukɔwo abe Gambia kple Mali ene me.
Le Guinea-Bissau kple Senegal la, sɔhɛ Yehowa Ðasefo geɖe mea nuɖuɖu xɔŋkɔ bubu aɖe dzrana tsɔ kpɔa wo ɖokui dzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me: eyae nye akpɔnɔ suesuewo. Moses si le Senegal ƒe fiadu, Dakar, me la ɖe eme be: “Mía kple srɔ̃nye míenɔ mɔɖela vevi [ɣeyiɣia katã ƒe nyanyuigblɔlawo] ƒe dɔa wɔm hafi te vidzidzi. Fifia ele be madi mɔ si dzi mato akpɔ wo dzi, eyata susua va nam be mawɔ akpɔnɔ suesuewo adzra.
“Ga vi aɖe koe nɔ asinye metsɔ dze egɔmee, eyata enɔ nam be maɖɔ ŋu ɖo le vovototo dede ga si matsɔ adzra ɖo abe kpɔɖedzi ene kple ga si mehiã atsɔ ade dɔa me be matsɔ aƒle nuwo, abe abolowɔ kple koklozi ene la dome. Fifia mete ŋu dzraa akpɔnɔ tsɔ kpɔa nye ƒome suea ƒe nuhiãhiãwo ƒe akpa gãtɔ gbɔ.
“Srɔ̃nye Esther hã tɔa awu le aƒeme tsɔ naa kpekpeɖeŋu. Esia na wòte ŋu nɔa aƒeme kple mía viŋutsu sue eveawo. Eyata mí ame evea míete ŋu kpɔa míaƒe ƒomea dzi nyuie, togbɔ be míele ɣeyiɣi sesẽwo me hã.”
Nu suesuewo dzadzra ŋuti aɖaŋuɖoɖo bubue nye si: Esi vovo menɔa dɔwɔlawo ŋu zi geɖe be woazɔ mɔ didi ayi asi o ta la, woaƒle nu le asiɖoƒe sue siwo me wodzraa kutsetsewo alo amagbewo le. Asisueɖolawo dometɔ aɖewo mãa nuwo na amewo gɔ̃ hã, eye wotsɔa amagbe mumũwo yina na asisiwo le woƒe aƒewo me. Amewo ate ŋu asee kaba be èɖia anukware eye be nu adodoewoe nèdzrana. Gake ɖɔ ŋu ɖo be màgado asi gã ɖe wo ŋu o, ne menye nenema o la, amewo agbugbɔ ava ƒle nu le asi gã me.
Dɔwɔwɔ na Amewo
Ne nudzadzra medzɔa dzi na wò o la, ke bu dɔ vovovowo wɔwɔ na amewo ŋu kpɔ. Aƒemedɔwo abe aƒemedzadzraɖo, nuɖaɖa, kple nunyãnyã kpakple nudziɖoɖo ene hiã ɣesiaɣi. Eye mɔnukpɔkpɔ bubu geɖe hã li.
Le kpɔɖeŋu me, ƒutae nèlea alo akpadzraƒe aɖe tsɔ ɖe gbɔwòa? Nukata màva ƒlɔ akpa ŋu—awɔe kabakaba ɖe asi bɔbɔe dzi o? Nusi nèhiã koe nye atikpo kple akpaƒlɔhẽ ɖaɖɛ nyui aɖe. Ʋukɔklɔ hã nye dɔ bubu si me viɖe le. Dɔwɔnu kawoe hiã? Tɔkpo, tsi, adzalẽ sue aɖe, kple ɖovu nyui aɖe. Le Dakar la, woate ŋu akpɔ sɔhɛ siwo doa vevie dɔ le ʋutɔɖoƒewo katã kloe kple le mɔ siwo dzi vɔvɔli do ɖo geɖe dzi wole dɔ sia wɔm.
Ðe tsi le vevem le xexea ƒe akpa si nèlea? Ɣeaɖewoɣi la, nyɔnuwo ɖoa fli gaƒoƒo geɖe le tsi vudo ɖeka gbɔ be woadu tsi. Emegbe ele be woadro agba kpekpeawo ɖe ta atsɔ ayi aƒemee. Eyata ame geɖe lɔ̃na be yewoaxe fe na amesiwo adu tsi na yewo. Alesi nàwɔe nye be nàyi ɖe tsi vudoa gbɔ ŋdi kanya ale be nàte ŋu adu tsi wòayɔ wò nuwo eye nàda wo ɖe keke si wotutuna kple asi alo esi tedzi hena dzi. Fifia nèsu te atsɔ tsi ayi aƒewo me alo xɔtuƒewoe.
Ède suku viea? Ðewohĩ àte ŋu afia nu ɖeviwo le kwasiɖanuwuwuwo. Sukuxɔwo yɔna le dukɔ madeŋgɔwo me, eye dzilawo alɔ̃ be yewoaxe fe ɖe nufiafia wo viwo ɖeɖeko ta.
Aɖaŋu nyui bubu si anɔ asiwò xoxoe nye ɖagbigbi. Esi ɖagbigbi bɔ ɖe Afrika-nyɔnuwo dome ŋutɔ ta la, amesiwo nya aɖaŋudɔ sia la kpɔa ga le eme.
Aɖaŋudzedze
Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, srɔ̃nyɔnu zãzɛ te ŋu dzea aɖaŋu tsɔ kpɔa viɖe. Lododowo 31:24 gblɔ be: “Etɔa awutewui hedzrana, eye asitsalawo xɔa alidziblanuwo tsoa egbɔe.” Nenema ke ame geɖe siwo le dukɔ madeŋgɔwo me la kpɔ dzidzedzee le woa ŋutɔ ƒe dɔ wɔwɔ le aƒeme, alo le nu kpotokpotoewo dzadzra me. Le kpɔɖeŋu me, atikpala aɖo dɔwɔƒe sue aɖe akpa dzodoƒezikpuiwo, zikpui legbeewo, kple aƒemenuzazã bubuwo. Atikpadɔwɔnu veviwo koe hiã. Ne ènya agbledede vie la, ɖewohĩ àte ŋu adze koklo nyinyi gɔme adzra koklozi kple koklo.
Aɖaŋudzedze hiã vevie le dɔ suewo gɔmedzedze me. Ame aɖewo trɔ asi le nugoewo ŋu wozu mɔzɔkplo kple aɖaka dzeaniwo. Ame aɖewo tsɔ lɔrifɔtiwo wɔ afɔkpawo. Ame bubuwo hã tsɔ lɔrifɔti me yatsɔnu xoxowo wɔ tsikunuwoe. Wò ŋutɔ nàte ŋu abu dɔ bubu geɖe ŋu.
Le dukɔ madeŋgɔwo me la, ebia aɖaŋu kple nuŋububu hafi agbe nanya nɔ, gake ehiã be nàgbɔ dzi ɖi eye nukpɔsusu nyui nanɔ asiwò. Mègana ta bɔbɔe o. Lɔ̃ faa nàtrɔ dɔwo ne ehiã. Ne àdze nuwo dzadzra gɔme alo awɔ dɔ na amewo la, kpɔ egbɔ be yelé ŋku ɖe mia gbɔ se kple ɖoɖowo ŋu nyuie. Wobia tso Kristotɔwo si be woade bubu dusewo ŋu.—Romatɔwo 13:1-7.
Hafi nàdze nane wɔwɔ gɔme alo awɔ dɔ na ame aɖe la, bia ɖokuiwò be: ‘Nukawoe nye mía gbɔ nuhiãhiãwo kple kɔnuwo? Aleke mía gbɔ ganya le? Ðe asisiwo ate ŋu aƒle nusi dzram melea? Ame nenie le nu mawo ke tɔgbe dzram alo le dɔ ma ƒomevi wɔm? Ðe aɖaŋu, ŋusẽ, nusiwo matsɔ adze egɔmee, ameɖokuidzizizi, kple ɖoɖowɔwɔ ƒe susu si hiã na dɔ sia wɔwɔ la le asinyea? Ga nenie mahiã atsɔ adze egɔmee? Ðe wòahiã be mado gaa? Ðe mate ŋu axe ga laa?’
Nya si Yesu bia le Luka 14:28 la sɔ ɖe nya sia nu nyuie: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?”
Nyateƒee, menye amesiame sie ɖokuisidɔwɔwɔ ƒe aɖaŋu alo ŋutete le o. Gake Yehowa Mawu ayra wò afɔɖeɖe kple agbagbadzedze vevie ne ètsɔ nukpɔsusu nyui wɔe. (Tsɔe sɔ kple Petro II, 1:5.) Eyata wɔ wò ŋutete ɖesiaɖe tsɔ di dɔe—ne ele be wò ŋutɔ nàto ɖe vɛ na ɖokuiwò gɔ̃ hã!
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]
Awutɔtɔ, ʋukɔklɔ, tsi nyui dudu na amewo, kple akpa ŋu ƒɔƒlɔ nye dɔ siwo ŋu amewo nɔa agbe ɖo