INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 12/8 axa 12-15
  • Kristotɔwo Gado Ðe Yerusalem Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ŋkume Ake

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔwo Gado Ðe Yerusalem Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ŋkume Ake
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee?
  • Taʋiʋli Tso Afisi Womebu O
  • Gbesigbe Yerusalem Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ði Anyi
  • Nufiame Siwo Le Eme
  • Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Ʋlia Wo Ðokuiwo Ta Le Ʋɔnu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • ‘Wodea’ Yehowa Ðasefowo ‘Asi na Ʋɔnudrɔ̃ƒewo’
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 12/8 axa 12-15

Kristotɔwo Gado Ðe Yerusalem Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ŋkume Ake

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ISRAEL GBƆ

YESU dze ŋgɔ Sanhedrin si nye ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nɔ Yerusalem eye wonɔ nya drɔ̃m nɛ be woawui. Togbɔ be enɔ xaxa sia gbegbe me hã la, eƒo nu ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea nu vɔvɔ̃manɔmee. (Mateo 26:57-68) Esi wodrɔ̃ ʋɔnu Yesu kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, eyomedzela kplikplikpliwo hã do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ sia ke ŋkume. Woɖi ɖase le Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe Fia si wòtia ŋuti ŋusẽtɔe le afima.—Dɔwɔwɔwo 4:5-21.

Ŋkeke aɖewo megbe esi wogakplɔ apostoloawo yi Sanhedrin la ŋkume la, nuwo trɔ bubui nukutɔe. Togbɔ be Gamaliel si nye ʋɔnudrɔ̃la siwo ŋu wodea bubui wu dometɔ ɖeka nɔ ehatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu sesẽ te hã la, eƒo nu ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nu kalẽtɔe. Eƒe nudede nya la me nukutɔe alea na woɖe asi le apostoloawo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 5:27-42.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe siawo yiyi nye Yesu ƒe nya siwo le Mateo 10:16-18 me vava be: “Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome . . . woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo . . . woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.” Togbɔ be womese nu gɔme na Yesu yomedzelawo o zi geɖe hã la, wova nya wo nyuie le Israel katã. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ akpe geɖe xɔ Yesu ƒe gbedasia. (Dɔwɔwɔwo 4:4; 6:7) Esiawo katã nye Yesu ƒe nusrɔ̃la Yudatɔwo ƒe gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe kple woƒe dodo ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume vɔvɔ̃manɔmee me tsonuwo.

Egbea le Israel la, ame ʋee aɖewo koe nya Yehowa Ðasefo siwo mede 500 le dukɔ si me tɔwo ade miliɔn 5 dome o fifia. Gake menye woƒe dɔwɔwɔ dzi koe ɖekakpui Ðasefo aɖe ƒe nya he ame geɖe ƒe susu yii le ƒe 1993 me o, ke ete gbe ɖe ŋutinya me kadodo tɔxɛ si le nazãbubu kple yometiti si va Yudatɔwo kple Yehowa Ðasefowo siaa dzi la hã dzi.

Aleke Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee?

Ƒe 17 vi Ariel Feldman si ƒe akpa aɖe nye Yudatɔ kple Russiatɔ siwo ʋu va Israel heva le Haifa la nye sukuvi tagbɔɖaɖɛtɔ aɖe, eye sukudɔwɔlawo kple eƒe sukuhatiwo siaa lɔ̃ eƒe nya.

Vomeɖase si woɖi na Ariel le mɔdodo dzi le Persia Gulf-ʋawɔɣi la na eya kple eƒe ƒomea dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Ariel ku nu me le Yuda-subɔsubɔnufiafiawo kple Biblia me numeɖeɖe siwo Yehowa Ðasefowo nɔ enam la ŋu tsitotsito hetsɔ wo sɔ kple wo nɔewo. Ariel si ɖo tame vevie la wɔ ŋgɔyiyi le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me kabakaba eye eyae nye woƒe ƒomea me tɔ gbãtɔ si xɔ nyɔnyrɔ̃ zu Yehowa Ðasefo.

Esiawo katã mehe kuxi sesẽ aɖeke vɛ nɛ le eƒe sukunusɔsrɔ̃wo me o. Gake le eƒe sukuƒe mamlea me la, woƒe sukua ɖoe be yewoate ɖoɖo aɖe kpɔ si adzra sukuviawo ɖo ɖe asrafodɔ ŋu. Asrafowoe na hehe wo, eye wosrɔ̃ avuwɔwɔ kple avuwɔɖaŋuwo hã le wɔna la me. Esi Ariel se le eɖokui me be gomekpɔkpɔ le nusia me ada le yeƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia hee kple yeƒe akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔ abe Yehowa Ðasefo ene dzi ta la, edze agbagba vevie be yeaɖe nya la me na sukutatɔa. (Yesaya 2:2-4) Eɖe eme bubutɔe be yealɔ̃ awɔ sukudɔ bubu ɖesiaɖe le ɣeyiɣi sia me, gake yemate ŋu awɔ nusi tsi tre ɖe yeƒe dzixɔsewo ŋu o.

Togbɔ be eƒe sukutatɔa se nu gɔme nɛ vie va yi hã la, etso nya me be yemalɔ̃ ɖe biabia sia ya dzi nɛ o. Etsɔe ɖo eƒe ŋkume be: Alɔ̃ axɔ asrafodɔ ƒe hehe loo, alo woanyãe le suku hã. Ariel mate ŋu ade abi eƒe dzitsinya ŋu o. Le January 31, 1993 dzi, ɣleti ʋee aɖewo do ŋgɔ na eƒe dodokpɔ mamlea wɔɣi la, wonyãe le suku nya aɖeke magblɔmagblɔ nɛ.

Taʋiʋli Tso Afisi Womebu O

Ariel trɔ ɖe Dumeviwo ƒe Gomenɔamesiha si le Israel ŋu. Wolɔ̃ be yewoakpɔ eƒe nya la gbɔ, eye wonɔ kpekpeɖeŋu namee femaxee le senyawo me. Demokrasidziɖuɖue Israel ƒe egbegbe Yuda Dziɖuɖua nye. Togbɔ be womeɖo dukplɔse aɖeke si da asi ɖe amewo ƒe gomenɔamesiwo dzi o hã la, Israel-viwo ƒe ablɔɖese do mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe ɖe ŋgɔ. Se aɖeke menɔ Israel tsã be woanyã ame le suku le mawusubɔsubɔdzixɔsewo ta o.

Nyadzɔdzɔgbalẽwo va tsɔ ɖe le nya la me. Senyalawo ɖo aɖaŋu na Ariel, eyata melɔ̃ nyadzɔdzɔgblɔlawo bia gbee o, edi be woadrɔ̃ nya na ye le ʋɔnudrɔ̃ƒe tsɔ wu be woadrɔ̃e le amewo ƒe nukpɔsusu ƒe “ʋɔnudrɔ̃ƒe.” Gake sukutatɔa wɔ kaba ɖe nusiwo wòwɔ nu le gbebiame aɖe me. Menye eƒe nukpɔsusu be sukuvia ƒe subɔsubɔha nye vlododo Israel Dziɖuɖua kple elɔ̃lawo katã koe nye nya si wògblɔ woŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Hadashot ƒe February 9, 1993 tɔ me o, ke ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ŋu be: “Woƒe dɔwɔna nye amefuflu, eƒo ɖi, henye vivimenuwɔna. Wodoa woƒe asiwo ɖa tsɔ fɔa gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ƒiaƒiaƒia.”

Israeltɔ geɖe kpɔe be nazãbubu nɔ sukutatɔa ƒe nukpɔsusuwo me. Gbebiamea tɔtɔ Tom Segev si nye Israeltɔ nyadzɔdzɔŋlɔla kple ŋutinyaŋlɔla si ku nu geɖe me le Yudatɔwo Tsɔtsrɔ̃ ŋuti la ŋutɔ. Eɖo ŋku nɔnɔme aɖe si Nazi Germaniatɔ aɖewo ɖe fia esi alakpanutsotso siwo wotsɔ ɖe Yudatɔwo ŋu de dzo wo me be woƒe nazãbubu nu gasẽ ɖe edzi le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya me nuvlowɔwɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka me dzi nɛ. Segev susui be menye ɖekakpui sukuvia ƒe tenɔnɔ le dzitsinya ta gbɔe Israel Dziɖuɖua ƒe afɔku gãtɔ atso o, ke mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ƒe kpɔɖeŋu si sukutatɔa ɖo gbɔ boŋue. Esia ʋãe wòŋlɔ nyati aɖe tsɔ ʋli Yehowa Ðasefowo ƒe gomenɔamesiwo tae. (Kpɔ aɖaka, axa 15.)

Segev ƒe nyatia na ame bubuwo hã kɔ gbe dzi. Yerusalem-dua me tɔ aɖe si wode mɔ le asaɖa aɖe me le Xexemeʋa II me le eƒe Yudatɔnyenye ta la ŋlɔ lɛta na agbalẽŋlɔla la tsɔ gblɔ nɔnɔme nyui si Yehowa Ðasefo siwo nɔ asaɖa ma ke me esi wogbe be yewomanɔ Germania-srafo me o ɖe fia la nɛ.

Esi Ðasefo ɖekakpui sukuvi sia gbe be woagabia gbe ye o ta la, nyadzɔdzɔgblɔlawo trɔ ɖe hamea me tɔ bubuwo ŋu. Togbɔ be womeƒo nu tso Ariel ƒe nya la ŋu tẽ hafi wotsɔe yi ʋɔnui o hã la, wokpɔ dzidzɔ be yewoƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo kple woƒe dɔwɔna le Israel ŋu. Esia na amewo gblɔ nya nyui geɖe tso wo ŋu ɖe Israel-nyadzɔdzɔgbalẽwo me eye wobia gbe afima hamemegã ɖeka hã le radio dzi. Nyakaka sia si womebia be woawɔ hafi o la na ame geɖe va se nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu zi gbãtɔ.

Gbesigbe Yerusalem Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ði Anyi

Dumeviwo ƒe Gomenɔamesiha si le Israel ƒe alɔdze si le Haifa dze agbagba be yewoalé nya la kpɔ kple sukutatɔa, Nutoa me Sukunyagbɔkpɔha, kple Dɔwɔƒe si kpɔa Agbalẽsrɔ̃nyawo dzi le Yerusalem. Gake womexɔ agbagbadzedze siawo katã na wo nyuie o. Le March 11, 1993 dzi la, woŋlɔ kukuɖegbalẽ ɖe Ariel Feldman nu ɖo ɖe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si le Yerusalem si nye egbegbe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ le Israel.

March 15, 1993 ye woɖo be woanɔ anyi ɖe nya la ŋu zi gbãtɔ. Dumeviwo ƒe Gomenɔamesiha ƒe senyalawo nɔ Ariel ƒe afɔdome kpe kple Nutoa me Sukunyagbɔkpɔha, sukutatɔa, kple Haifa-dua ƒe dziɖuɖu. Israel Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋunudrɔ̃la etɔ̃e nɔ nya la dzi le gɔmedzedzea me.

Dziɖuɖua ƒe senyala gblɔ be nya sia ada sukua ƒe ŋusẽ ɖe anyi ne woɖe mɔ na sukuvia be “wòaɖo” nusɔsrɔ̃ siwo me wòakpɔ gome le kple esiwo me makpɔ gome le o na eɖokui. Wobia tso ʋɔnua si be woade yewoƒe nyametsotso dzi be dɔ megbe sukuvia wòagaɖo afɔ sukukpoa dzi o.

Senyala siwo kpɔa dumeviwo ƒe gomenɔamesinyawo gbɔ la gblɔ be nya la nye mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe vevi ƒe gomenɔamesi siwo dzi sukua da le le alesi wòkpɔ nyaa gbɔe me. Ʋɔnudrɔ̃laawo bia nyawo tso Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo ŋu bene woase ɖekakpui sukuvia ƒe tenɔnɔ gɔme. Woŋlɔ nu geɖe tso nya mawo tɔgbe siwo dzɔ le xexeame katã, esiwo me ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo tso afia na Yehowa Ðasefowo le la ŋu ɖe kukuɖegbalẽa me na wo.

Ʋɔnudrɔ̃laawo gblɔe kpuie be gɔmeɖose aɖe ta ʋlim akpa evea siaa le. Gake esi wonɔ amesi ŋu nya la agblẽ nu le wu ne woɖe asi le eŋu nenema lém kpɔ la, wokpɔe be sukuviae akpee wu godoo. Ʋɔnudrɔ̃laawo gblɔ be yewomebui be sukutatɔa kple Nutoa me Sukunyagbɔkpɔha awɔ nu nenema o, eye woɖo ŋkeke ewo na wo be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ aɖe nusita wowɔ nu nenema me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ wo dome de se be woagaxɔ Ariel Feldman ɖe suku ne wòawu sukuƒea nu eye woagaxe mɔ ɖe eƒe dodokpɔ mamlea wɔwɔ nu o.

Ŋkeke aɖewo do ŋgɔ hafi woanɔ anyi ɖe nya la ŋu zi mamlea le May 11, 1993 dzi la, Nutoa me Sukunyagbɔkpɔha ɖe asi le nya si wotsɔ ɖe Ariel Feldman ŋu la ŋuti. Esia wɔe be wote fli ɖe ʋɔnua ƒe anyiɖiɖi mamlea me, ʋɔnua metso nya me le nya la ƒe nya veviwo ŋu kpɔ o, eye womede se sesẽ aɖeke tsɔ de edzi hã o. Togbɔ be esia agate ŋu afɔ senya bubuwo ɖe te hã la, Yehowa Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe Israel Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nugɔmesesename ŋu vevie.

Nufiame Siwo Le Eme

Tso Yesu ƒe ŋkekea me vaseɖe egbea la, Yehowa Ðasefowo do go yometiti kple nazãbubu si na wodo ɖe dukɔ geɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔwo ŋkume. Nya siawo va zu ‘ɖaseɖiɖi na dukɔwo’ boŋ. (Mateo 10:18) Ne Yehowa ƒe Ðasefowo le ʋee le dukɔ aɖe me hã la, ate ŋu akpɔ egbɔ be yeƒe ŋkɔ nade du. Eye abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene esi Sanhedrin la me tɔ Gameliel si ŋu wodea bubui de nu nya la me nukutɔe la, nenema ke Mawu ate ŋu ana amesiwo ŋu womebui ɖo hafi o la nada megbe na eƒe amewo egbea.

[Aɖaka si le axa 15]

“Nusi Sukutatɔ aɖe Nya le Yehowa Ðasefowo Ŋu”

(Tom Segev ƒe nyati si le February 12, 1993 ƒe Haʼaretz mee míeɖee tsoe)

“Le Israel-dukɔ si me nusianu le me la, Yehowa Ðasefo aɖewo hã li. Womesɔ gbɔ o, eye menye ame geɖee se nu tso wo ŋu o togbɔ be wotoa agbalẽwo kple numenya siaa dzi dia amesiwo adze woƒe gɔmeɖosewo yome le Israel abe alesi wowɔna le dukɔ ɖesiaɖe me ene hã. Edzɔ be woƒe nya wɔ dɔ ɖe sukuvi ma si le Hugim-sukua me la dzi. Esi wònya xɔ habɔbɔa ƒe gɔmeɖosewo de eme ko la, megakpɔa gome le ŋutilãtutu do ŋgɔ na asrafo zuzu ƒe nusɔsrɔ̃wo me le suku o. Sukutatɔa melɔ̃ be yeaɖee le nusɔsrɔ̃ siawo me o. Alesi mese sukutatɔa ƒe nya gɔmee nye be, ekpɔe be ava gblẽ nu le Ziontɔnyenye ŋu le etsɔ me. Eɖe eme nam le kwasiɖa sia me be: ‘Ziontɔwo ƒe sukue; míefiaa sukuviawo be woawɔ nuteƒe na Dziɖuɖua kple dukɔa.’ . . .

“Rina Shmueli si le Dumeviwo ƒe Gomenɔamesiha si le Haifa me la te kpɔ be yeaɖe nu me na sukutatɔa ne wòalɔ̃ ɖe gome si le sukuvia si be wòawɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi la dzi eye wòaɖee le hehexɔxɔ do ŋgɔ na asrafo zuzu ƒe wɔnawo me; anye ne esia anye nufiame nyui aɖe le mɔɖeɖeɖenuŋu kple demokrasi me hafi. Gake egbe gbidii. Eƒe susue nye be kɔmamã vɔ̃ɖi si toa amebeble dzi hea eƒe hameviwo lae míekpe nya kplii. . . .

“Esia ɖo ŋku nu manyomanyo aɖe dzi nam. Eyata meƒo ka na sukutatɔa hebia nusi tututu wònya le Yehowa Ðasefowo ŋu lae. Egblɔ be yemenya nu le wo ŋu boo o gake yese be wole dɔ dzi vevie le dukɔ bubuwo hã me, eye ye ŋutɔ yedo go wo le Canada kple Germania. Mebia ne enya nusi wowɔ wo le Germania. Sukutatɔa ɖo eŋu be, ‘Nyemenya o eye nyemedi be manya hã o.’

“Ðewohĩ agbalẽdzraɖoƒe le Hugim Suku Kɔkɔa me, eye ɖewohĩ The Encyclopedia of the Holocaust si Israel Gutman ta la anya nɔ wo si le agbalẽdzraɖoƒea. Ne ɖeke mele wo si o la, woadze agbagba aƒle ɖeka. Sukutatɔa akpɔe le tanya si nye ‘Biblia Nusrɔ̃vi Veviedonulawo’ te be Nazitɔwo de Yehowa Ðasefowo fuwɔamegaxɔwo me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe