INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 12/8 axa 10-11
  • Nusi Ƒe 1914 me Nudzɔdzɔwo Fia Ŋutɔŋutɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Ƒe 1914 me Nudzɔdzɔwo Fia Ŋutɔŋutɔ
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 1914 Nye Xaxaɣi ƒe Gɔmedzedze
  • “Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • ‘Xexe Sia Me Ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Nyɔ!—1994
g94 12/8 axa 10-11

Nusi Ƒe 1914 me Nudzɔdzɔwo Fia Ŋutɔŋutɔ

ABE alesi wòdze le axa 4 lia ene la, “magazine sia dea dzi ƒo be woaka ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo be yeahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe xexeme yeye vɛ hafi dzidzime si kpɔ ƒe 1914 me nudzɔdzɔwo teƒe nu nayi la dzi.”

Ðikeke mele eme o be nya ma wɔa mo yaa na míaƒe nuxlẽla geɖe. Gake le December, 1879—ƒe siwo ade 35 do ŋgɔ na ƒe 1914—me ke la, Gbetakpɔxɔ (si woyɔna ɣemaɣi be Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence) na Biblia me ɖaseɖiɖi si ɖo kpe edzi be ƒe 1914 anye ƒe ɖedzesi. Do ŋgɔ na esia—le ƒe alafa 19 lia titina—gɔ̃ hã la, Biblia-srɔ̃la bubuwo gblɔ be ƒe 1914 ate ŋu anye ƒe ɖedzesi le Biblia me nyagblɔɖiwo me.a

Woɖɔ nyagblɔɖi be enye ŋutinya si woŋlɔ do ŋgɔ. Biblia ƒe akpa sia ɖo kpe edzi be etso Mawu gbɔ. Tsɔ kpe ɖe etsɔmenudzɔdzɔ siwo Biblia gblɔ na mí ŋu la, egblɔa ɣeyiɣi si wòaxɔ hafi nane nadzɔ hã na mí ɣeaɖewoɣi. Nyagblɔɖi siawo siwo fiaa asi ɣeyiɣi la dometɔ aɖewo xɔa ŋkeke ʋeewo, ɖewo nyea ƒewo, eye bubuwo nyea ƒe alafawo.

Daniel si gblɔ nya ɖi le Mesia la ƒe vava zi gbãtɔ ŋu la ɖe ɣeyiɣi si me Mesia la atrɔ ava eƒe ‘anyinɔnɔ’ me le nusi woyɔ be “nuwuɣi” la me hã fia. (Daniel 8:17, 19; 9:24-27) Biblia me nyagblɔɖi sia xɔ ɣeyiɣi didi aɖe, menye ƒe alafa ʋee aɖewo ko o, ke exɔ wu ƒe akpe eve—ƒe 2,520 sɔŋ ye! Le Luka 21:24 la, Yesu yɔ ɣeyiɣi sia be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi.”b

Ƒe 1914 Nye Xaxaɣi ƒe Gɔmedzedze

Biblia me nyagblɔɖi me vava fia be míele nuwuɣia me tso ƒe 1914 me ke. Yesu yɔ ɣeyiɣi sia be “fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” (Mateo 24:8) Míexlẽ le Nyaɖeɖefia 12:12 be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Esia ɖe nusita xexeame gatɔ zi wu tso ƒe 1914 me la me.

Gake ɣeyiɣi kpui aɖe ko nuwuɣi sia axɔ—dzidzime ɖeka me ko wòanɔ. (Luka 21:31, 32) Nyateƒe si wònye be ƒe 80 va yi xoxo fifia tso ƒe 1914 me la fia be míate ŋu akpɔ mɔ be ɖeɖe si Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ la ava kpuie. Esia fia be míakpɔ ‘amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ameƒomea me’—Yesu Kristo—be exɔ ŋusẽ ɖe “amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo” dzi keŋkeŋ eye wòahe dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafa xexeme yeye vɛ.—Daniel 4:14.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le ƒe 1844 me la, Britaniatɔ osɔfo E. B. Elliott he susu yi ƒe 1914 dzi be ate ŋu anye “azã adre” si le Daniel ta 4 la ƒe nuwuwu. Le ƒe 1849 me la, Robert Seeley si tso London hã ƒo nu tso nya la ŋu nenema ke. Joseph Seiss si tso United States fia asi ƒe 1914 le agbalẽ si me wòto le ƒe 1870 me be enye ƒe ɖedzesi aɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu me. Le ƒe 1875 me la, Nelson H. Barbour ŋlɔ ɖe eƒe magazine si nye Herald of the Morning me be ƒe 1914 ye nye ɣeyiɣi si Yesu yɔ be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la ƒe nuwuwu.—Luka 21:24.

b Hena Daniel ƒe nyagblɔɖia me ɖeɖe ayi ŋgɔ la, kpɔ Reasoning From the Scriptures si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 95-7.

[Aɖaka si le axa 11]

Nya Siwo Wogblɔ tso Ƒe 1914 Kple Emegbe Ŋu

“Ate ŋu anye be esi wòdze ƒã be womete ŋu xe mɔ na xexemeʋa eveawo o megbe la, nukliaʋawɔnuwo wɔwɔ nye nuxlɔ̃ame si lé dukɔ gãwo ƒe ŋgokpekpe zi etɔ̃lia la nu eye wòhe ŋutifafa si nɔ anyi didi wu va afisiafi, togbɔ be enye ŋɔdzi ƒe ŋutifafa hã, tso keke Victoria ƒe ɣeyiɣiawo me ke. . . . Nukae gblẽ le ameƒomea ŋu? Nukata wogblẽ ƒe alafa wuiasiekelia ƒe ŋugbedodo la me? Nukata ƒe alafa blaevelia trɔ zu ŋɔdzi alo, abe alesi ame aɖewo agblɔe ene la, nuvɔ̃ ƒe ɣeyiɣi?”—A History of the Modern World—From 1917 to the 1980s si Paul Johnson ŋlɔ.

“Le Europatɔwo ƒe nuɖoanyi ƒe tɔtrɔ siwo katã he tɔtɔ vɛ dome la, Aʋa Gã la kple ŋutifafa si wogawɔ la koŋue mã tsã ƒe ɖoɖowo kple fifi tɔwo me, le ganyawo kple hadomegbenɔnɔ kpakple dunyahehe hã gome. . . . Ðoɖo nyui ma si vivi ame nu si wɔ dɔ nyuie la bu le aʋawɔwɔ ƒe afɔkua me. Ðe ema teƒe la, ele be Europa nakpe akɔ kple gakuxi kple xexeame katã ƒe ganya ƒe tɔtɔ. . . . Eƒe nugblẽƒe lolo ale gbegbe be Europa-ganyawo ƒe ŋgɔmayimayi kple kemalimali meɖɔ ɖo vɔ hafi xexemeʋa si kplɔe ɖo dze egɔme o.”—The World in the Crucible 1914-1919 si Bernadotte E. Schmitt kple Harold C. Vedeler ŋlɔ.

“Wogblẽ amegbetɔ dome nubabla ɖesiaɖe me le Xexemeʋa Evelia me. Germaniatɔ siwo ɖe mɔ Hitler ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖu wo dzi la wɔ nu vlo siwo ɖeke mesɔ kple o eye wòvɔ̃ɖi wu ɖesiaɖe si ƒo ɖi amegbetɔ ƒe ŋutinya. Amewo wuwu le agbɔsɔsɔ me le ɖoɖo siwo me wowu ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi miliɔn ade alo adre le nu le Germaniatɔwo ƒe amewusaɖawo me la dziŋɔ wu Genghis Khan ƒe amewuwu ŋutasesẽtɔe sã, eye amesiwo wowu la na etɔ dze nu sue aɖee. Germania kple Russia siaa bu amewo katã tsɔtsrɔ̃ ŋu hete ewɔwɔ kpɔ le Ɣedzeƒeʋa la me. . . . Míeva do tso nuwo tsɔtsrɔ̃ kple agbenyuinɔnɔ ƒe gbegblẽ siwo tɔgbe ŋu míate ŋu abu le ƒe alafa siwo va yi me o la me mlɔeba.”—The Gathering Storm, The Second World War si Winston S. Churchill ŋlɔ ƒe Babla I.

“Wodea bubu amewo ƒe hatsotso, dukɔ, kple ŋutigbalẽmetɔwo katã ƒe gomenɔamesiwo ŋu fifia; gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míege ɖe amewo ƒe hatsotsowo dome aʋawɔwɔ, dumevinyahehe, kple ŋutigbalẽ vovovo me tɔwo ƒe nyahehe sesẽ siwo tɔgbe ɖewohĩ míese kpɔ o me. Nɔnɔme gbegblẽ siawo va zu amewuwu ɖekematsɔlemetɔe, ŋutasẽnu siwo woɖo koŋ wɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me; susu kple dzidzenu siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu dzena ɖekae zi geɖe, menye le xexe ɖeka ma ko me o, ke boŋ ɣeaɖewoɣi le dukɔ kple luʋɔ ɖeka ma ke me.”—Civilization on Trial si Arnold Toynbee ŋlɔ.

“Abe ŋɔli si tsi anyi wu ɣeyiɣi si wòɖo ene la, ƒe alafa wuiasiekelia—kple eƒe nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu si hiã, eƒe kaka ɖe eɖokui dzi, kple amegbetɔ ƒe ŋgɔyiyi dzixɔse la—yi edzi nyuie vaseɖe ƒe 1914 ƒe August me, esi wotɔtɔ Europa-dukɔ sesẽtɔwo katã, eye wòhe dzidzime aɖe ƒe ɖekakpui nyuitɔwo dometɔ miliɔn geɖe wuwu susumanɔmee vɛ tẽ. Ƒe ene kple afã megbe esi xexeame nɔ agbagba dzem be yeagbugbɔ nuwo aɖɔ ɖo le tɔtrɔ si nye afɔku si Aʋa Gã la he vɛ megbe la, eva dze ƒã na ɣeyiɣi ma me tɔ geɖe siwo kpɔ eteƒe (gake menye amewo katãe o) la be woɖe nu susɔe siwo woatsɔ adze si tsã ƒe nuɖoanyia la ɖa, eye be ameƒomea ge ɖe dzidzime yeye masenugɔme si metsɔa amegbetɔ ƒe blibomademade kena o me. Amesiwo kpɔ mɔ be yewoage ɖe xexe si nyo wu me la kpɔe be woƒe mɔkpɔkpɔ la zu dzodzro le ƒe 1919 me.”—1919—The Year Our World Began si William K. Klingaman ŋlɔ ƒe ŋgɔdonya.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Bavarian Alps

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe