Ne Dzilawo Kplɔ Wo Si Dzoe
CHERYL sama srɔ̃a be yeagbee esi srɔ̃a ƒoe anyrãtɔe hewɔ fui vevie le seselelãme gome ƒe geɖe, eye mlɔeba wògblẽe ɖi heɖe nyɔnu bubu.a Esi ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ viawo de esi be wòanyi la, eƒe dzi ka dze eme vie eye wònɔ agbagba dzem be yeƒe dzi naɖo dzixɔ me na ye—vaseɖe esime ame aɖe ƒo ka nɛ gbeɖeka. Srɔ̃ xoxoae. Egblɔ be: “Ne èdi be yeagakpɔ ye viwo la, ke ele be nàlɔ̃ atrɔ va atsuƒe”! Esi wo fofo xe mɔ na ɖeviawo be woagatrɔ ayi wo dada Cheryl gbɔ o le ɣleti ɖeka ƒe sasrãkpɔ vɔ megbe la, wo fofo fi ɖeviawo.
Cheryl tɔtɔ eye wòtsɔ nya la yi United States Dziɖuɖu Dɔwɔƒee, gake mekpɔ mɔnu aɖeke le se nu si dzi wòato axɔ viawo le dukɔ kemea me o. Kpeɖeŋutɔmanɔamesi ƒe seselelãme si nɔ eme tsã le ƒe siwo me woƒoe la gatrɔ gbɔ. Egblɔ be: “Ðeko wosɔ. Mànya alesi nàwɔ ado le eme o. Mànya nusi nàwɔ wòatɔ te o.”
“Ŋutasesẽ le Ame ŋu le Susu me”
Wogblɔ be ne dzila aɖe kplɔ vi sii la, enye “ŋutasesẽ le ame ŋu le susu me ƒe nuwɔna vɔ̃ɖitɔ” si wowɔna ɖe dzila kple ɖevi ŋu. Ðeviwo Didi ƒe Dɔwɔha si le Amerika ƒe dɔdzikpɔla, Carolyn Zogg, gblɔ le ɖevifila siawo ŋu be: “Dzila geɖe siwo wɔa nusia la le wɔɖenui wɔm, eye mɔ vɔ̃ɖitɔ kple akpa si ŋu wɔna aɖeke mele o ŋue wole ewɔm ɖo. Akpa mae le vevie [na dzila siwo wotsɔ ɖevia de asi na] wu—woƒe kesinɔnue, wo viwoe. . . . Womebua ɖevia ŋu o, wo ɖokui kple wɔɖenuia ŋu ko wobuna—woaɖo eteƒe, woawɔe ɖe enu.”
Menye ɖeko ɖevi kpɔkplɔ sii na dzila doa dziku, nu buna ɖee, alo woblena, hetsia dzimaɖi o, ke ɣesiaɣi kloe la, egblẽa nu le ɖevia ƒe seselelãme ŋu vaseɖe afi aɖe. Le go aɖewo me la, wote ŋu zia ɖevi dzi wònɔa ʋuʋum tso teƒe yi teƒe ɣesiaɣi be wòaganɔ amewo ŋu kplikplikpli woanɔ nya totrowo kple alakpanyawo gblɔm nɛ tso dzila kemea ŋu o. Nusia ate ŋu ana nu geɖe nagblẽ le ɖevia ŋu abe aɖuɖɔɖɔɖɔ ɖe aba dzi, alɔ̃madɔmadɔ, kuku ɖe ame ŋu, vɔvɔ̃ na fesre kple ʋɔtruwo, kple dzidziƒoame ene. Ate ŋu ana ɖevi tsitsiwo gɔ̃ hã nalé blanui ahado dziku vevie.
Le United States la, dzilawo dana le ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe se dzi kplɔa ɖevi siwo wu 350,000 sinae ƒe sia ƒe alo womekplɔa wo gbɔnɛ le ɣeyiɣi si woɖo na wo dzi o. Le amesiawo dometɔ 100,000 kple vɔ gome la, ƒomea me tɔ aɖe ɣlaa ɖevia bene yeaxɔe le dzila kemea si kura. Wokplɔa ɖewo dzonae le nutoa me alo ɖea wo le dukɔa me gɔ̃ hã.
Susu Bubu Siwo Tae
Ðekagbugbɔwɔ alo wɔɖenui ƒe gbɔgbɔ ye ʋãa dzilawo ɣesiaɣi be wokplɔa wo viwo sinaea? Michael Knipfing si le Ðeviwo Didi ƒe Dɔwɔha me ɖe eme be dzila aɖewo vɔ̃na be ʋɔnudrɔ̃ƒea axɔ ɖevia atsɔ na yewo srɔ̃ xoxoa, eye be “vɔvɔ̃ ta wowɔa nusi wolɔ̃.” Alo ne woɖo amesi gbɔ ɖevia anɔ eye dzila ɖeka melɔ̃na be kemea nasrãe kpɔ o la, ezua nuxaxa nɛ. Knipfing ɖe eme be: “Ne èlɔ̃ viwò eye womeɖe mɔ na wò be nàkpɔe o la, nusi ava susu me na wò koe nye be yeakplɔ ɖevia atsɔ sii.”
Egblɔ hã be ‘ame akpa gãtɔ menya nusiwo dona tsoa ɖevi kpɔkplɔ sii me o. Womenya be dɔ kpɔkpɔ asesẽ na yewo o. Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖea gbe be woalé wo. Wotsɔnɛ be yewo kple dzila kemea koe ɖo nya. Womenya be kpovitɔwo hã gena ɖe eme o. Ahiã be woatsɔ senyala eve ɖe ɖeka teƒe, elabena fifia woge ɖe nya me le nuvlowɔnya kple dukɔmevinya, si nye be amekae axɔ ɖevia, ƒe setɔwo gbɔ.’
Dzila aɖewo asusui be dzila kemea le fu wɔm yewo via. Ne setɔwo metso ɖe nyaa ŋu kpla o la, ekema dzila si tsi dzi ate ŋu aɖe afɔ togbɔ be nu gbegblẽwo ado tso eme hã. Esia dze le Hilary Morgan si xɔ ƒe atɔ̃ gome. Ðeviwo ƒe tagbɔdɔdala aɖe ɖo aɖaŋu be Hilary kple fofoa nadzudzɔ wo nɔewo sasrãkpɔ, eye wògblɔ be eƒe ŋlɔmiwɔwɔ le ɖevia ŋu ƒe kpeɖodziwo “dze ƒã eye wo me kɔ.” Gake ʋɔnudrɔ̃laawo gblɔ be kpeɖodzi mele ŋlɔmiwɔwɔa ŋu o eye be ate ŋu asrãe kpɔ faa. Ðk. Elizabeth Morgan, Hilary dada, da le ʋɔnua ƒe se dzi tsɔ vianyɔnuvia ɣla. Ame geɖe dea dzila siawo tɔgbe siwo kplɔa wo viwo sinae be yewoanɔ dedie la dzi.
Le Elizabeth Morgan gome la, eƒe amekodɔ ge le esi, enɔ mɔ ƒe eve kple vɔ eye wònyi fe le atike kple se nya me wòwu dɔlar miliɔn 1.5. Egblɔ na U.S.News & World Report be: “Eŋutinunyalawo gblɔ nam be, ɖe nyemexe mɔ ɖe ŋlɔmiwɔwɔ le vinyea ŋu nu o la, anye ne fifia la, aku tsu kura. . . . Ele be mawɔ dɔ si ʋɔnua gbe wɔwɔ: Maxɔ na vinye.”
Nya siwo numekulawo Greif kple Hegar gblɔ le dzilawo ƒe wo viwo kpɔkplɔ sii ŋu nye nyateƒe vavã: “Nudzɔdzɔ siawo sesẽ ale gbegbe be abe ta goglo aɖe ene la, etrɔna vie le akpa si wotsi tre ɖo nu; ɣesiaɣi si nàkpɔ tsia me la, àkpɔ nu yeye aɖe.”—When Parents Kidnap—The Families Behind the Headlines.
Hekpe ɖe ɖevi siwo wo dzila alo ame tutɔ aɖe kplɔ sii ŋu la, ɖevi miliɔn geɖe bubuwo hã buna le xexeame katã—nyãdegbeawo kple dzoɖogbeawo. Amekawoe wonye, eye nukae dzɔna ɖe wo dzi?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔa.