INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 12/8 axa 9-12
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Nukpɔsusu Si Da sɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzila Si Axɔ Ðevia Nukpɔsusu Si Da sɔ
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nugɔmesese
  • Dzila Evea Gbɔ Nɔnɔ
  • Dzila Ðeka Gbɔ Nɔnɔ
  • Visasrãkpɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔwo
  • Mètsi Akogo Gbeɖe O
  • Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Mawusubɔsubɔ Kple Se la
    Nyɔ!—1997
  • Nukae Ade Ðevia Dzi wu?
    Nyɔ!—1997
  • Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo
    Nyɔ!—2002
  • Ne Dzilawo Kplɔ Wo Si Dzoe
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 12/8 axa 9-12

Dzila Si Axɔ Ðevia Nukpɔsusu Si Da sɔ

ZI GEÐE la, ame nɔewo gbegbe megbee kuxia ŋutɔŋutɔ doa mo ɖa, le ʋiʋli be ɖevia nalɔ̃ ye kple be yeakpɔ ŋusẽ ɖe edzi me. Menyea nyateƒe ɣesiaɣi be woagblɔ be, “Ame evee dzea dzre gɔme” o. Dzila ɖeka si nye tɔɖola si dina be woawɔ nusi dze ye ŋu ɖeɖe dzaa ate ŋu ahe dzre vɛ. Ƒomesenyala aɖe si le Toronto, Canada, gblɔ be: “Le ƒome ƒe senyawo me la, nusianu tena ɖe ame ƒe dzi kple seselelãmewo dzi.”

Le esi teƒe be dzila aɖewo nabu nusi ade ɖevia dzi wu ŋu la, wotsɔa nyawo yia ʋɔnui be yewoatsɔ ana nyahehea nadidi ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo dze agbagba be yewoahe nya be ele be woaxɔ ɖevia le dzila kemɛa si elabena enye Yehowa Ðasefo eye maɖe mɔ na ɖevia be wòanɔ ‘agbe si amesiame nɔna o.’

Dzila si menye Ðasefo o la ate ŋu ahe nya le dzigbezã, Kristmas, alo Halloween gɔ̃ hã ɖuɖu ŋu. Wo dometɔ aɖewo toa nyatoƒoe be ne ɖevia gbe be yemado gbe na aflaga o la, eƒe hadede kple eƒe hadomegbenɔnɔ dzi aɖe akpɔtɔ. Alo ame aɖewo hã agblɔ be nu agblẽ le ɖevia ƒe susu ŋu ne edzea dzilaa yome wova ƒoa nu tso Biblia ŋu na amewo. Dzila aɖewo siwo menye Ðasefowo o la he nya be ɖevia ƒe agbe ate ŋu aɖo afɔku me elabena dzila Ðasefoa malɔ̃ woado ʋu na ɖevia o.

Aleke Kristotɔ awɔ anɔ te ɖe nuteɖeamedzinya siawo hehe nu? Nuwɔwɔ le dziku me—“dzo tsɔtsɔ tsi dzoe”—maɖe vi o. Ne wotsɔ nya la yi ʋɔnui la, mɔnukpɔkpɔ asu dzila ɖesiaɖe si be woase eƒe nya. Ele vevie ŋutɔ be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nanɔ susu me, be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; [mana] ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Ne dzilawo de ŋugble le nya sia ŋu eye wowɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, woate ŋu anɔ te ɖe nusianu si adzɔ le vixɔxɔnyaa me nu to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me.—Lododowo 15:28.

Nugɔmesese

Nusiwo ade ɖevia dzi wue nye nu vevitɔwo. Ne dzila aɖe tea tɔ ɖe nu dzi la, ate ŋu adzɔ be ɖevia ƒe egbɔ nɔnɔ abɔe eye woade se ɖe ɖevia sasrãkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gɔ̃ hã nu. Dzila nyanu alé eɖokui nyuie le ŋutifafa me, ahalé Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ɖe tame be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, . . . miɖe mɔ na dziku la . . . Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:17-21) Eɖanye ʋɔnu, senyala ƒe dɔwɔƒe, alo vixɔxɔ ŋuti numedzrola gbɔe dzilawo le o, ele be ‘amewo katã nakpɔe be wosea nu gɔme.’—Filipitɔwo 4:5.

Ɣeaɖewoɣi amesi megale srɔ̃a dim o la adze agbagba be yeaflu amewo anɔ alakpanyawo gblɔm eye wòasusu nya aɖewo ko agblɔ le kuxi aɖewo ŋu. Nunya anɔ eme be woaɖu amegbetɔ ƒe nɔnɔme si nye be yeatsɔ dzugbe aɖo eŋui la dzi. Lãmesẽ, mawusubɔsubɔ, kple sukudede ƒe nyawoe nyea nyati vevi siwo amesiwo megale wo srɔ̃wo dim o la lɔ̃na be yewoatsɔ adi dzre le vixɔxɔ ŋuti nyawo drɔ̃ƒee.—Lododowo 14:22.

Nugɔmesese bia be woate ŋu ade ŋugble le nyateƒenyawo ŋu ahadzro nu me alɔ̃ ɖe nya si ade amesiame dzi la dzi. Mele be dzila aɖeke naŋlɔ be o be le wo nɔewo gbegbe megbe gɔ̃ hã la, dzila evee gale ɖevia si. Dzilaawoe gbe wo nɔewo ke womegbe ɖevia ya o. Eyata ne nɔnɔmeawo megbɔ eme o ko la, ele be woana mɔ dzila ɖesiaɖe be wòawɔ dzilanyenye ƒe dɔ ne ɖevia le egbɔ. Ele be woana ablɔɖe dzila ɖesiaɖe be wòagblɔ eƒe seselelãmewo kple agbenɔnɔdzidzenuwo eye woana ɖevia nakpɔ gome le dzila la ƒe nuwɔna siwo ŋu se ɖe mɔ le la me, eɖanye le mawusubɔsubɔ alo go bubu me o.

Mina míalé ŋku ɖe mɔnu vovovo siwo nu ʋɔnudrɔ̃ƒea ate ŋu atso nya me le la ŋu: (1) dzila evea gbɔ nɔnɔ, (2) dzila ɖeka gbɔ nɔnɔ, kple (3) ɖevi sasrãkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ŋuti sewo. Vovototo kae le dzila evea gbɔ nɔnɔ kple dzila ɖeka gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖoa dome? Aleke nàwɔ ne womena ɖevia va le gbɔwò o? Ke ne woɖe dzila ɖeka le hamea me ya ɖe?

Dzila Evea Gbɔ Nɔnɔ

Ʋɔnudrɔ̃la aɖewo susui be ele vevie be kadodo nanɔ ɖevia kple dzila evea siaa dome. Nusi dzi wotu woƒe nukpɔsusua ɖoe nye numekuku aɖe si fia be, ne ɖevia te ŋu va nɔa dzila evea gbɔ le srɔ̃gbegbea megbe la, ɖeviawo maxaxa eye nu nate ɖe wo dzi boo o. Le esi teƒe be ɖevia nasusu be dzila ɖeka gblẽ ye ɖi la, akpɔe be dzila evea lɔ̃ ye eye be yenye aƒe evea siaa me tɔ. Ƒomesenyala aɖe gblɔ be: “Dzila evea gbɔ nɔnɔ nye mɔ si dzi woato ana dzila evea nakpe asi ɖe ɖevia ŋu.”

Gake Ðk. Judith Wallerstein si nye dɔnunɔla le Ƒome si Le Tɔtrɔm Ŋuti Dɔwɔƒe, le Corte Madera, California, gblɔ be hafi dzila evea gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖo nawɔ dɔ la, ebia dzila siwo wɔa nu aduadu kpakple ɖevi si trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu eye wòte ŋu nɔa ame gbɔ. Nɔnɔme siawo le vevie elabena se ɖe mɔ na dzila evea siaa le dzila evea gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖoa me be woakpɔ gome le nyametsotsowɔwɔ le nya vevi siwo ku ɖe wo via ƒe lãmesẽ, sukudede, mawusubɔsubɔ ƒe hehenana, kple hadomegbenɔnɔ ŋu. Gake ne dzila evea siaa nye nugɔmeselawo le nusi ade ɖevia dzi ŋu bubu me tsɔ wu nusi dze woawo ŋutɔ ŋu ŋuti bubu me ko hafi wòakpɔ dzidzedze.

Dzila Ðeka Gbɔ Nɔnɔ

Ʋɔnudrɔ̃ƒea ate ŋu ana ɖevia nava nɔ dzila ɖeka si woawo ŋutɔ kpɔ be esu te akpɔ ɖevia ƒe nuhiahiãwo gbɔ la gbɔ. Ʋɔnudrɔ̃la la ate ŋu atso nya me be dzila si gbɔ ɖevia le koe atso nya me le nya vevi siwo ku ɖe ɖevia ƒe nyonyo ŋu. Zi geɖe la, ʋɔnudrɔ̃ƒea tsoa nya me ne wose nusiwo ŋu numedzrola ke ɖo vɔ hafi—zi geɖe amesiawo nyea susuŋutinunyalawo, tagbɔdɔdalawo, alo hadomekpekpeɖeŋudɔwɔlawo.

Amesiwo do dzila ɖeka gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖoa ɖa la susui be ana ɖevia ƒe susu nadze kɔ anyi wu. Ne dzilaawo mete ŋu le dze ɖom kple wo nɔewo o alo madzɔ be kadodo nyui nanɔ wo dome o la, vixɔxɔ ƒe ɖoɖo siae ʋɔnudrɔ̃la geɖe tiana. Gake womeɖea dzila si gbɔ ɖevia manɔ o la le ɖevia ƒe agbe me o. Wonaa mɔnukpɔkpɔ dzila si gbɔ ɖevia mele o be wòava nɔ ɖevia srãm kpɔ, eye dzila evea ate ŋu ayi edzi anɔ mɔfiame, lɔlɔ̃, kple ɖetsɔleme si hiã la nam ɖevia.

Visasrãkpɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔwo

Mesɔ be dzilawo nabu be ame ɖeka nye “dziɖula” eye ame kemɛa nye “emetsila” le vixɔxɔnya me o. Ne dzilawo kpɔe be yewo viwo tsi zu ametsitsi siwo ŋu ŋutete kple bubu le ko hafi woate ŋu abui be yewo kpɔ dzidzedze eye yewo “ɖu dzi.” Dzidzedzekpɔkpɔ le vinyinyi me medo ƒome tẽ kple ɖevia xɔxɔ le ʋɔnu o. Ðeko Kristotɔ le ‘eɖokui bɔbɔm ɖe dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na te’ ne wòwɔ ɖe ɖoɖo siwo ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ le vixɔxɔnyawo me dzi, ne wodze abe ɖe womesɔ o hã. (Romatɔwo 13:1) Ele vevie hã be woaɖo ŋku edzi be menye ɣeyiɣi sia mee woanɔ ho ʋlim be ɖeviawo nalɔ̃ yeƒe nya alo be wòaku ɖe ye ŋu to dzila kemɛa dada ɖe anyi me kple susu be woagblẽ woa kple ɖeviawo dome o.

Dzila mawuvɔ̃la siwo kple wo viwo dome mã le susu vovovowo ta ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Amram kple Yoxebet siwo nye Mose dzilawo wɔ nusi ade wo vi dzi, ale be wotsɔe mlɔ kusi si ate ŋu anɔ tɔ dzi me “ɖada ɖe Nil-tɔsisi to le aƒlawo me.” Esime Farao ƒe vinyɔnu va fɔ vidzĩa la, Yehowa ŋue wokpɔtɔ ɖo ŋu ɖo. Wotsɔ “visasrãkpɔ” ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe yra dzila wɔnuteƒe aɖaŋudzela siawo eye wozãe nyuie tsɔ he ŋutsuvia le Yehowa vɔvɔ̃ me. Mose tsi va zu Mawu vavã la subɔla ɖedzesi aɖe.—Mose II, 2:1-10; 6:20.

Ke ne woɖe dzilaawo dometɔ ɖeka le hamea me ya ɖe? Ðe wòle be dzila Kristotɔa naɖe mɔ wòava nɔ ɖevia srãm kpɔa? Ne woɖe ame le hamea me la, gbɔgbɔmeƒomedodo si le amea kple Kristo-hamea dome koe trɔna. Le nyateƒe me la, etsoa gbɔgbɔmekadodowo me. Gake dzila kple vi dome ƒomedodoa gakpɔtɔ li. Ele be dzila si gbɔ ɖevia le la nade bubu dzila si woɖe le hame la ƒe visasrãkpɔ ƒe gomekpɔkpɔwo ŋu. Gake ne dzila si gbɔ ɖevia mele o ate ŋu agblẽ nu gã aɖe le ɖevia ƒe lãmesẽ alo seselelãme ŋu tẽ la, ke ʋɔnudrɔ̃ƒea (menye dzila si gbɔ ɖevia le o) ate ŋu awɔ ɖoɖo be ame etɔ̃lia aɖe ƒe ŋku nanɔ ɖevia sasrãkpɔ ŋu.

Mètsi Akogo Gbeɖe O

Srɔ̃gbegbe ƒe numedzodzrowo kple emegbe vixɔxɔ ŋuti nyahehewo na nu tena ɖe ame dzi ale gbegbe. Srɔ̃ɖeɖe si gɔme wodze eye wonɔ mɔ kpɔm be nuwo nanyo kpakple srɔ̃tɔawo ƒe taɖodzinuwo, tameɖoɖowo, kple mɔkpɔkpɔwo katã dome gblẽ. Le kpɔɖeŋu me, nuteƒemawɔmawɔ alo vlodoame si gbɔ eme ate ŋu ana srɔ̃nyɔnu nuteƒewɔla nadi be ʋɔnua nakpɔ ye kple ye viwo ta. Gake fɔbuameɖokui kple esese le lãme be yebu nane la anɔ nyɔnua me ɣesiaɣi ne ele tame bum le nusi dzɔ kple alesi anye ne woakpɔ nya la gbɔ wòanyo wu hafi ŋu. Srɔ̃tɔ geɖe tsia dzi ɖe alesi ɖeviawo awɔ nu ɖe ƒomea ƒe gbagbã ŋu la ŋu. Vixɔxɔ ta ʋiʋli le ʋɔnu ate ŋu ana ame natsi dzodzodzoe ale be menye ame ƒe nuteƒewɔwɔ abe dzila belénamela ene koe ɖoa dodokpɔ me o ke edoa alesi gbegbe woxɔ Yehowa dzi se kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu hã kpɔna.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 34:16, 19, 20, 23.

Ne srɔ̃tɔ maɖifɔ wɔ afɔɖeɖe aɖe le vlododo ɖevia alo vlododo eya ŋutɔ si gbɔ eme ta alo ɖe afɔ kple susu be yeakpɔ yeƒe lãmesẽ ta le nulɔdɔ si le srɔ̃a si mewɔ nuteƒe o ŋu ta la, mehiã be srɔ̃tɔ maɖifɔ la nabu fɔ eɖokui alo asusu be Yehowa gblẽ ye ɖi o. (Psalmo 37:28) Ame srɔ̃ nuteƒemawɔla alo vlodoamela lae da le srɔ̃ɖenubabla kɔkɔe la dzi eye ‘wòto vo ɖe’ srɔ̃a ŋu.—Maleaxi 2:14.

Yi edzi nàna ‘dzitsinya nyui nanɔ asiwò’ le amegbetɔ kple Yehowa ŋkume to Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ, nuwɔwɔ ɖe srɔ̃wò si gbe wò la ŋu le anukwareɖiɖi me, kple nana be wò nya me nabɔbɔ le vixɔxɔ ƒe ɖoɖowo wɔwɔ me. “Ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, fukpekpe le nu nyui wɔwɔ ŋuti enyo wu fukpekpe le vɔ̃wɔwɔ ŋuti.”—Petro I, 3:16, 17.

Le ɖeviawo gome la, ele be woade dzi ƒo na wo be menye woawo gbɔe wòtso be ƒomea gbã o. Ɣeaɖewoɣi la, nuwo meva nɔna abe alesi wokpɔ mɔe ene o. Gake Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ aɖe srɔ̃gbegbe ƒe nuteɖeamedziwo dzi akpɔtɔ to alesi wòana be dzeɖoɖo faa si me nugɔmesese le la nanɔ dzilawo kple ɖeviawo dome me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔ nusia ne wona ɖeviawo hã kpe asi ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe ƒomegbenɔnɔ le srɔ̃gbegbe megbe ŋu. Ne ègbɔ dzi ɖi henyo dɔme eye nètsɔ ɖe le ɖeviawo ƒe seselelãme me eye nèɖo to se nya si le wo si la, ke àwɔ geɖe akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe ɖoɖowɔɖi kple agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo yeyewo ŋu.

Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

Menye dzilawo koe ate ŋu akpe ɖe ɖevi siwo ƒe ƒome gbã la ŋu o. Ƒometɔwo, nufialawo, kple xɔlɔ̃wo ate ŋu awɔ geɖe ado alɔ ɖevi siwo dzilawo gbe wo nɔewo ahade dzi ƒo na wo. Vevietɔ tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu awɔ geɖe ana ɖeviawo ƒe susu nadze kɔ anyi eye nu mate ɖe wo dzi o.

Tɔgbui kple mama siwo nye Kristotɔwo ate ŋu ana gbɔgbɔmemɔfiame ɖeviawo ahana woakpɔ gome le nuwɔna ɖɔʋuwo me, gake ele be woade bubu dzilawo ƒe nyametsotso le mawusubɔsubɔ ƒe hehenana ŋu, elabena dzilawo sie ŋusẽ le le agbenɔnɔ ƒe ɖoɖoa nu kple le se nu be woawɔ nyametsotso siawo, ke menye tɔgbuiwo kple mamawoe o.—Efesotɔwo 6:2-4.

Ne wona kpekpeɖeŋu siawo ɖevi siwo dzilawo gbe wo nɔewo la, woate ŋu anɔ te ɖe wo dzilawo ƒe srɔ̃gbegbea nu. Eye woate ŋu ayi edzi anɔ mɔ kpɔm na yayra siwo anɔ Mawu ƒe xexe yeyea me, afisi ƒomewo avo tso “gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—Romatɔwo 8:21; Petro II, 3:13.

[Aɖaka si le axa 11]

Nukpɔsusu Totrowo Ðɔɖɔɖo

“Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ,” eye mɔnukpɔkpɔ nyui sua dzila Kristotɔ si be wòaɖɔ nukpɔsusu totrowo alo alakpanyawo ɖo. (Lododowo 15:2) Le kpɔɖeŋu me, “Yehowa Ðasefowo lɔ̃na ɖe atikewɔwɔ kple amekoko dzi” le wo viwo ƒe dɔlényawo gbɔ kpɔkpɔ me, gake ne Ðasefo dzie woda asi ɖo be wòanye dzila si axɔ ɖevia la, gome le esi be woaɖe dɔdamɔnua me nɛ gbã.a—The Journal of the American Medical Association.

Yehowa Ðasefowo bua woƒe subɔsubɔ si wotu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia dzi la nu vevii. Nusiae na wonyea vifofo, vidada, ɖevi, xɔlɔ̃, aƒelika, kple dumevi ɖɔʋuwo wu. Dzila Kristotɔwo naa amehehe le lɔlɔ̃ me, eye woƒãa bubudede ŋusẽ ŋu ɖe wo viwo me eye wotsɔa agbemedzidzenu nyuiwo dzraa wo ɖo ɖe agbenɔnɔ ŋu.b—Lododowo 13:18.

Sukudede nye vinyinyi ƒe akpa vevi aɖe, eye Yehowa Ðasefowo dina be yewo viwo nade nyuitɔ kekeake si li.c—Lododowo 13:20.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ agbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

b Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 5-7, 9.

c Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ele be dzila si gbɔ ɖevia le naɖo to nyuie ne ɖevia va le nya ta kam tso alesi wòde dzila kemɛa gbɔe ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe