INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 12/8 axa 5-8
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Mawusubɔsubɔ Kple Se la

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzila Si Axɔ Ðevia Mawusubɔsubɔ Kple Se la
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilawo Kple Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Veviwo
  • Dzila Siwo Gbɔ Ðevia Mele O ƒe Gomenɔamesiwo
  • Nyaa Gbɔ Kpɔkpɔ Ʋɔnu Mayimayii
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Nukpɔsusu Si Da sɔ
    Nyɔ!—1997
  • Nukae Ade Ðevia Dzi wu?
    Nyɔ!—1997
  • Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo
    Nyɔ!—2002
  • Ne Dzilawo Kplɔ Wo Si Dzoe
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 12/8 axa 5-8

Dzila Si Axɔ Ðevia Mawusubɔsubɔ Kple Se la

MAWUSUBƆSUBƆ ate ŋu anye nya vevi aɖe le srɔ̃gbegbe kple dzila si axɔ ɖevia ƒe nyawo me—eye ate ŋu asesẽ ŋutɔ hã. Le kpɔɖeŋu me, biabia abe esiwo gbɔna ene ate ŋu afɔ ɖe te.

Ðe wòle be ʋɔnudrɔ̃la naxɔ nutsotso be le esi dzila aɖe le subɔsubɔha aɖe, vevietɔ subɔsubɔha sue aɖe me ta la, medze be ɖevia nanɔ dzila ma gbɔ oa? Ðe wòle be ʋɔnudrɔ̃la nada nutsotso si ku ɖe dzilawo ƒe subɔsubɔ dzixɔsewo kple nuwɔnawo ŋu akpɔ ale be wòatso nya me le subɔsubɔha si eya ŋutɔ susu be enyo na ɖevia wu ŋua? Ðe wòle be wòaɖe gbe mlɔeba be woanyi ɖevia le ha ma me eye wòagbe be ɖevia nagado ka aɖeke kple subɔsubɔha kemɛa oa?

Ame geɖe va le amesiwo kpli wo mele subɔsubɔha ɖeka me o eye wometso nuto ɖeka me o la ɖem egbea. Eyata ne srɔ̃tɔ siawo gbe wo nɔewo la, kadodo nɔa ɖeviawo kple subɔsubɔha eve dome xoxo. Edzɔna ɣeaɖewoɣi be dzila si le srɔ̃a gbem la ge ɖe ha aɖe si me menɔ tsã o me ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ma. Ðewohĩ subɔsubɔha yeye siae na dzila la like le agbe me eye wòle vevie nɛ gake ɖeko ɖeviawo menya nu tso eŋu o. Eyata biabia bubu gafɔ ɖe te be, Ðe ʋɔnudrɔ̃ƒea ate ŋu agbee na dzila la be wòagakplɔ ɖeviawo ayi habɔbɔ sia ƒe subɔsubɔwɔnawo wɔƒe o le esi menye ha si me dzilaawo nɔ gbã o ta?

Biabia siawo sesẽ. Wofia be menye ɖeviawo ƒe hiahiãwo ko ŋue wòle be ʋɔnudrɔ̃la nalé ŋku ɖo o ke ele be wòabu nusiwo nyo na dzilaawo kple woƒe gomenɔamesiwo hã ŋu.

Dzilawo Kple Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Veviwo

Nyateƒee wònye be mawusubɔsubɔ ŋuti nukpɔsusu siwo le ʋɔnudrɔ̃lawo si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ya. Gake le dukɔ geɖe me la, mebɔ be woaŋe aɖaba aƒu dzilawo kple ɖeviwo ƒe subɔsubɔ gomenɔamesiwo dzi o. Ðewohĩ dukɔ siawo ƒe dukplɔsewo meɖe mɔ na ʋɔnudrɔ̃la be wòazi dzilawo ƒe gomenɔamesi dzi le ɖevi hehe me o, eye ɖevia ƒe sukudede kple mawusubɔsubɔ ƒe hehexɔxɔ hã le eme.

Gome le ɖevia hã si be wòaxɔ hehe tso edzilawo gbɔ. Hafi ʋɔnudrɔ̃la nade nu ɖevi ƒe mawusubɔsubɔ ƒe hehexɔxɔ me etɔ nadzɔ la, ele be ʋɔnudrɔ̃ƒea naxɔ kpeɖodzi si me kɔ be “subɔsubɔha la ƒe nuwɔna tɔxɛ aɖe ate ŋu agblẽ nu gã aɖe le ɖevia ƒe amenyenye ŋu tẽ.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Dziɖuɖua mekpɔ mɔ ade nu dzilawo ƒe ɖekamawɔmawɔ le subɔsubɔnya ŋu me alo woƒe dzrewɔwɔ ɖe eta gɔ̃ hã me o.

Afɔɖeɖe nyui aɖe si vinɔ aɖe si nye Yehowa Ðasefo wɔ le vixɔxɔ ƒe nyahehe aɖe me le Nebraska, U.S.A., ɖe alesi se siawo kpɔa dzilawo kple ɖeviawo siaa tae fia. Vifofoa si menye Ðasefo o la medi be yewo vinyɔnua nade Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔwɔnawo wɔƒe le Fiaɖuƒe Akpata me o. Ʋɔnudrɔ̃ƒe sue aɖe da asi ɖe vifofoa ƒe nya dzi.

Vidada la tsɔ nya la yi Nebraska ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woagbugbɔe adrɔ̃. Vidada la gblɔ be kpeɖodzi aɖeke meli ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔna aɖeke ŋu be ate ŋu agblẽ nu gã aɖe le ɖevia ŋu tẽ o. Vidada la gblɔ “be dzila evea siaa ƒe subɔsubɔhawo ƒe tadeaguƒewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me ana . . . gɔmeɖoanyi ɖevia be wòatia subɔsubɔha si dze eŋu ne eva tsi ɖo afisi wòate ŋu atso nya me le.”

Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔa te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔa ƒe nyametsotso me hegblɔ be “ʋɔnudrɔ̃ƒe [suetɔa] mewɔ nyametsotso nyuitɔ esi wòde se ɖe vinɔ si gbɔ ɖevia le ƒe gome si le esi be wòahe eƒe vi sue la le mawusubɔsubɔnyawo me nu o.” Kpeɖodzi aɖeke kura meli be nu nɔ gbegblẽm le ɖevia ŋu le gomekpɔkpɔ le mawusubɔsubɔ me le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me o.

Dzila Siwo Gbɔ Ðevia Mele O ƒe Gomenɔamesiwo

Ɣeaɖewoɣi la, dzila siwo gbe wo nɔewo dina be yewoazã mawusubɔsubɔ ƒe hehenana ŋuti masɔmasɔwo atsɔ axɔ ɖeviawoe. Le kpɔɖeŋu me, le Khalsa Kple Khalsa Domenya, si dzɔ le New Mexico nutome le U.S.A. la, dzila evea siaa nɔ Sikh-subɔsubɔha me le woƒe srɔ̃ɖeɣi. Gake esi wogbe wo nɔewo eteƒe medidi o la, vidada la va zu Katolikotɔ eye wòva nɔ Sikhtɔnyenye gbem na ɖeviawo.

Nya la ve dɔme na vifofoa eye wòtsɔ nya la yi ʋɔnui be woana ŋusẽ geɖe ye ne yeahe ɖeviawo le yeƒe Sikh-subɔsubɔ nu. Aleke ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ ɖe vifofoa ƒe nya la ŋu? Wogbe eƒe nya la. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be “esi ɖeviawo le [ŋutsua] gbɔ la, mele be woatso le wo ɖokui si alo woazi wo dzi woakpɔ gome le Sikhtɔwo ƒe nuwɔna aɖeke me o, eye sɔlemedede, Sikhtɔwo ƒe asaɖamenɔnɔ mɔkekeyiyi alo Sikhtɔwo ƒe abɔdzokpodede hã le eme.”

Vifofoa bia be woagbugbɔ nya sia adrɔ̃ le New Mexico ƒe Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ sia wɔ ɖeka kple vifofoa eye wote fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔa ƒe nyametsotsoa me. Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gblɔ be: “Ele be ʋɔnudrɔ̃ƒewo naɖoe be yewomade akpa aɖeke dzi le subɔsubɔhawo gome o, eye ne kpeɖodzi gobi aɖe li be nu le gbegblẽm le ɖeviawo ŋu ko hafi woade nu nya sia si hiã ŋuɖɔɖo eye dukplɔsea de edzi la me. Afɔku si le sewo dede ɖe nu nu le go sia me ŋue nye be ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe mɔxeɖenuwo anye dzila ƒe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe tafatafa si mesɔ le dukplɔsea nu o alo woate ŋu abui be wotafae hã.”

Nyametsotso sia sɔ kple gɔmeɖose gbogbo aɖewo siwo dzi woda asi ɖo nyuie le dukɔ geɖe me. Anyo be dzila nugɔmesela nabu gɔmeɖose siawo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, anyo be dzila Kristotɔa nabu alesi wòhiã be kadodo nanɔ ɖevia kple dzila evea siaa dome, kpakple agba si le ɖevia dzi be wòabu fofoa kple dadaa siaa hã ŋu.—Efesotɔwo 6:1-3.

Nyaa Gbɔ Kpɔkpɔ Ʋɔnu Mayimayii

Togbɔ be avuléle ʋɔnu mayimayii manɔ abe ɖoɖo si nu nuwo nɔna ne woyi ʋɔnudrɔ̃la gbɔ ene o hã la, mele be dzila natsɔe fefenui o. Woate ŋu awɔ segbalẽwo emegbe ɖe nya sia nya si dzi ame evea lɔ̃ ɖo alo ɖoɖo siwo wowɔ le vixɔxɔ ƒe nya la me dzi ale be woawɔ ɖe wo dzi. Eyata anyo be dzila nakpɔ ƒomesenyala bibi aɖe bene woakpɔ nya siwo katã ku ɖe vixɔxɔ ŋu gbɔ nyuie ame mabamabae.

Ele be dzila ɖesiaɖe nagbɔ dzi ɖi adzra ɖo ɖe nyaa me dzodzro ŋu. Dzila ƒe nuwɔwɔ ɖe ame ŋu kple eƒe nɔnɔme le nyaa me dzroƒe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe emetsonu dzi ŋutɔ. Zi geɖe dziku nɔa dzila siwo le wo nɔewo gbem me ale gbegbe be woŋea aɖaba ƒua nya vevitɔwo dzi: Nukae ade ɖevia dzi wu? Nukae ahiã na ɖevia bene wòatsi le susu, seselelãme, kple lãmesẽ gome?

Ðo ŋku edzi be nu vevitɔ si ŋu senyalawo alé ŋku ɖo le nyaa gbɔ kpɔkpɔ me manye subɔsubɔnya alo masɔmasɔ bubu aɖe si le mia dome o, ke boŋ alesi dzilawo alɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi ahawɔ ɖoɖo ɖe ɖeviawo ƒe nyonyo ŋue. Ðewohĩ nazãbubu ɖe subɔsubɔ alo nya bubuwo ŋu, nyabiabia siwo womekpɔ mɔ na o, alo nya siwo wokpa be woatsɔ ado dziku na ame ahatɔtɔ ame la ate ŋu adze ŋgɔ dzila. Dzila ɖesiaɖe ƒe vodada ate ŋu adze alo woakpa ɖewo akpee gɔ̃ hã. Gake ne amesiwo ŋu nya la ku ɖo ɖɔ ŋu ɖo la, woate ŋu akpɔ ta na nyaa.

Ɣeaɖewoɣi ate ŋu awɔ abe ɖe nyamedzodzroa le wɔwɔm legbee akpa eye wòle ame tim ene. Nu bubu enye ʋɔnudrɔ̃ƒe yiyi si ganɔa legbee wu eye amewo va sea nu tso eŋu wòzua ŋukpe, ga ƒe nya va zua agba, eye wògblẽa nu le ɖevia ŋu. Womedi nu ma kura hafi o. Abe alesi wònɔna le agbemenya sesẽ ɖesiaɖe me ene la, anyo be dzila Kristotɔ natsɔ gbedodoɖa akpɔ avuléle numedzodzroa gbɔe, eye wòaɖo ŋku nya si tso gbɔgbɔ me dzi be “tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.”—Psalmo 37:5.

Ke ne womete ŋu kpɔ nya la gbɔ o eye ʋɔnudrɔ̃la la na dzila kemɛa xɔ ɖevia ɖe? Alo ne woɖe dzila siwo le wo nɔewo gbem la dometɔ ɖeka le Kristo-hamea me ya ɖe? Azɔ hã aleke wòle be woabu dzila eve gbɔ nɔnɔ kple dzila ɖeka gbɔ nɔnɔe? Míadzro biabia siawo kple Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe wo ŋu me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Aɖaka si le axa 6]

Nɔnɔme Vevi Etɔ̃

Ƒomenyadrɔ̃la aɖe si Nyɔ! ƒe nuŋlɔla bia gbee la gblɔ be nɔnɔme vevi siwo yedina le dzila ŋu dometɔ aɖewoe nye etɔ̃ siwo gbɔna:

Nugɔmesese—lɔlɔ̃ faa aɖe mɔ be dzila kemɛa nate ɖe ɖevia ŋu alesi wòdi (ne magblẽ naneke le ɖevia ƒe lãmesẽ alo eƒe agbenɔnɔ ŋu o ko)

Ameŋububu—ɖevia ƒe seselelãmewo kpɔkpɔ dze sii

Ðokuidziɖuɖu—aƒemegbenɔnɔ si da sɔ si ana tomefafa nanɔ anyi ale be agbe nadze edzi na ɖevia

[Aɖaka si le axa 6]

Senyawo Ŋuti Mɔfiamewo

Ʋɔnudrɔ̃la aɖewo na mɔfiamewo kple susu be woaƒo asa na nyahehe siwo mehiã hafi o le dzila ƒe mawusubɔsubɔ me dzidzenuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me:

1. Ele be woade dzi ƒo be ƒomedodo nyui nanɔ ɖevia kple dzila eveawo dome. Ʋɔnudrɔ̃la John Sopinka si le Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gblɔ be ele be woaɖe mɔ na dzila ɖesiaɖe “be wòakpɔ gome le nuwɔna siwo naa amesi ƒomevi dzila la nye ŋutɔŋutɔ [siwo dome eƒe subɔsubɔnuwɔnawo hã le] la me. Womedi be dzila si va srãa ɖevia kpɔna la nawɔ ameŋkumenu alo abua anɔ nanewo wɔm le eƒe sasrãkpɔɣi o.”

2. Enye dzila ƒe mawusubɔsubɔblɔɖe tafatafa ne wogbe na dzila si va srãa ɖevia kpɔna be wòagafia eƒe subɔsubɔdzixɔsewo ɖevia o, negbe kpeɖodzi dze ƒã be agblẽ nu gã aɖe le ɖevia ŋu tẽ.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Agba gãe dzea ŋgɔ ʋɔnudrɔ̃lawo le dzila si axɔ ɖevia ƒe nyawo me

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Avuléla ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ ʋɔnunya legbeewo manɔmee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe