INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 2/8 axa 17-18
  • Wona Ŋkɔ Yeye Blemakɔnu Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wona Ŋkɔ Yeye Blemakɔnu Aɖe
  • Nyɔ!—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkekenyuiewo Kple Azãɖuɖuwo
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Tsokolet Kokooku mee Wòtsona Hafi Nèɖuna
    Nyɔ!—2005
  • Mawu Naa Nuwo Tsina le Alaska
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Vɔsa Suewo He Yayra Gãwo Vɛ Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 2/8 axa 17-18

Wona Ŋkɔ Yeye Blemakɔnu Aɖe

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE JAPAN GBƆ

LE BRITANIA la, Ann si xɔ ƒe 15 la tsɔ dzidzɔ ʋu lɛtakotoku aɖe si wòxɔ to posu me teti la nu. Eɖe agbalẽvi aɖe le eme. Wota dzi dzeaniwo ɖe edzi. Lɔlɔ̃nyawoe le eme eye wode asi ete be: “Etso ame aɖe si wò nu lé dzi na gbɔ.” Ann yi ŋugble me sẽ, eƒe ŋku dzi wɔ dɔ̃ eye wògbɔ fuu. Edze ƒã be evivi nɛ, gake etɔtɔ. Ann bia be: ‘Ameka gɔ̃e ɖo lɔlɔ̃gbedoname sia ɖem?’

Yuko dze dɔwɔwɔ gɔme le dɔwɔƒe aɖe le Japan. Valentine Ŋkekea nɔ aƒe tum. Akɔnta si Yuko bu la ɖee fia be axɔ yen 20,000 (Amerika dɔlar 200) hafi wòate ŋu aƒle tsokolateɖaka suewo na eƒe dɔwɔhati ŋutsuwo dometɔ ɖesiaɖe. Yuko kple eƒe nyɔnuzɔhɛwo yi va nɔ nusi woyɔ be giri-choco la ƒlem—tsokolate siwo woana ame godoo.

February ƒe ŋkeke 14 liae nye ŋkeke si dzi lɔlɔ̃tɔ siwo le xexeame katã tsi dzi ɖo be woagblɔ na yewo le mɔ vovovowo nu be, “Melɔ̃ wò.” Ann kple Yuko siaa menya alesi azã sia ɖuɖu dze egɔmee o. Awɔ nuku na wo ne wova nya.

Blema Greece ye nusi woyɔna fifia be Valentine Ŋkeke la tso, afisi Pan-subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo. Vidzidzi ƒe mawu si nye glimeme si nye amegbetɔ afã kple gbɔ̃ afã la ƒe nɔnɔme dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ eye wòdoa vɔvɔ̃ na amegbetɔwo. Eyata Eŋlisigbe me nya “panic” gɔmee nye “Pan tɔ” le nya la ŋutɔŋutɔ nu.

Wogblɔ be Pan nɔ alẽhawo dzi kpɔm ganɔ eƒe dzewo kum. Gake nu hea eƒe susu bɔbɔe. Pan dze ahiã nyɔnuvi siwo nye glimemewo kple mawunɔ geɖe. Pan dze le nukpakpa aɖe dzi wòle ahiã dim Aphrodite si nye lɔlɔ̃ ƒe mawunɔ. Eros si nye lɔlɔ̃ ƒe mawu la ɖi agba ɖe wo dzi henɔ eƒe aʋalawo ƒom—si ɖi Cupid si dzena le valentine-gbedonamegbalẽwo dzi egbea.a

Ame geɖe subɔ mawu sia tɔgbe si ŋkɔe nye Faunus le Roma. Wowɔ eya hã ƒe nɔnɔmetata wònye amegbetɔ afã kple gbɔ̃ afã. Faunus koŋue wosubɔna le Lupercalia si nye azã nyɔŋu si woɖuna ƒe sia ƒe le February 15 lia dzi. Le azã sia ɖuɣi la, ŋutsu siwo le agbote ko me ƒua du ƒoa xlã togbɛ aɖe henɔa gbɔ̃gbalẽwo nyẽm. Nyɔnu siwo le vi dim la va tsia tre ɖe duƒula siawo ƒe mɔ to. Romatɔwo xɔe se be ne wotsɔ agbalẽa ƒo nyɔnu aɖe la, ana wòadzi vi.

The Catholic Encyclopedia gblɔ be Papa Gelasius I ye tsi Lupercalia ƒe azãɖuɖu nu le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. ƒe nuwuwu.b Gake egbea míekpɔa nu ma tɔgbe si wotsɔ ŋkɔ na be: “Valentine Kɔkɔe ƒe Ŋkeke.” Wogblɔ nya vovovowo le ŋkɔ sia si “zu Kristotɔwo tɔ” la dzɔtsoƒe ŋu. Ŋutinya aɖe gblɔ be Roma-fiagã Claudius II de se be ɖekakpuiwo nagaɖe srɔ̃ o. Valentine si nye nunɔla aɖe la ɖe nyɔnuviwo le adza me. Ame aɖewo gblɔ be wowui le February 14 lia dzi le ƒe 269 M.Ŋ. me lɔƒo. Eɖanye aleke ke wòle o, ŋkɔ si wogblɔ be enye “kɔkɔe” la mate ŋu atsyɔ nu azãɖuɖu sia dzɔtsoƒe gbegblẽ la dzi o. Trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo mee Valentine Ŋkekea tso eye le esia ta Kristotɔ vavãwo meɖunɛ o. (Korintotɔwo II, 6:14-18) Lɔlɔ̃ vavãtɔ ɖeɖefia le ƒe bliboa me nyo wu azãɖuɖu aɖe me nyagbɔgblɔ si nu va yina la sã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Herodotus doe ɖa be Egiptetɔ siwo dome gbɔ̃wo subɔsubɔ bɔ ɖo woe anya to Pan-subɔsubɔ vɛ. Nyagbɔgblɔ si nye “gbɔgbɔ siwo ɖi gbɔ̃wo” siwo dze le Biblia me la anya ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ sia tɔgbe ŋu.—Mose III, 17:7; Kronika II, 11:15, NW.

b Ame aɖewo gblɔ be “Ŋutikɔklɔ ƒe Azã” koe Gelasius tsɔ ɖɔ li Lupercalia.

[Aɖaka si le axa 18]

Ɣeyiɣi si Wotsɔa Lɔlɔ̃ Tsaa Asi Gãe

VALENTINE ŊKEKE ƒe aƒetutu le Japan dea seselelãme sẽŋuwo amewo me—menye ɖe lɔlɔ̃ ta ko o ke ɖe asi gã tsatsa hã ŋu. Le ƒe geɖe siwo va yi me la, tsokolate-dɔwɔƒea de dzi ƒo na amewo be woana nu viviwo amewo le February 14 dzi atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia. Wokpɔa viɖe le boblododo atraɖii me elabena wodzraa tsokolate geɖe wu.

Japantɔwo ƒe kɔnue nye be nyɔnuwo naƒle nu na ŋutsuwo, si to vovo na Ɣetoɖoƒedukɔwo tɔ. Gake asitsatsa le Valentine Ŋkeke dzi mewua enu le February 14 dzi o. Le ɣleti ɖeka megbe le March 14 dzi la, ele be ŋutsuwo naɖo eteƒe—kple tsokolate ɣi. Nukatae? The Daily Yomiuri ɖo eŋu be: “Nunana ɣi siwo wotia la mana ŋutsu ŋɔkulawo alo nufitiwɔlawo natsɔ tsokolate si woxɔ si wogbe eɖuɖu la ke ana amewo o.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 17]

Old-Fashioned Romantic Cuts/Dover

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe