INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 3/1 axa 25
  • Mawu Naa Nuwo Tsina le Alaska

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Naa Nuwo Tsina le Alaska
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔ! Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
    Nyɔ!—2002
  • Vɔsa Suewo He Yayra Gãwo Vɛ Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Woyram Ŋutɔ Ðe Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Gbɔgbɔ Me Léle Ðe Asi Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Mawu?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 3/1 axa 25

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Mawu Naa Nuwo Tsina le Alaska

NUKU sue aɖe le lalam le sno kple tsikpe gɔme be yeamie ahatsi. Kaka ɣleti etɔ̃ siwo va yina kaba si nye Alaskatɔwo ƒe dzomeŋɔli nava yi la, amagbe si nye cabbage ƒe ku si ƒe lolome nye milimeta 3 ko la ate ŋu atsi eye eƒe kpekpeme nade kilogram 40 kloe! Ẽ, anyigba sia si ame geɖe bu tsã be enye tsikpenyigba mawɔnu la ate ŋu anyo nu geɖe.

Aleae wòle vevietɔ le Alaska ƒe gbɔgbɔmenyigba gome. Yehowa Ðasefowo yi edzi le Fiaɖuƒenukuwo ƒãm le afima si vuvɔŋɔli nɔa anyi eteƒe didina le. Abe alesi wòle le anyigba ƒe akpa bubuwo ene la, Mawu nana nukuwo miena le dzi siwo nyoa nu me.—Korintotɔwo I, 3:6, 7.

● Esi Ðasefo aɖe si nye ɖetugbi si ŋkɔe nye Vanessa nɔ suku bɔs me la, ekpɔ Ann, ehati sukuvi aɖe si nɔa anyi kpoo ɣesiaɣi. Edze abe ɖe Ann lé blanui ene, eyata Vanessa yɔ Ann be wòava nɔ ye xa. Ann melé blanui dzodzro o! Dzidɔ wu dadaa, eye eteƒe medidi o kansa wu fofoa hã. Susu ma tae Ann va le eƒe ƒometɔwo gbɔ le Alaska ɖo.

Esi Vanessa nɔ gbeadzi Memleɖagbe aɖe la, eva to exɔlɔ̃ yeyea ƒe aƒeme eye wòtsɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? nɛ. Eƒe Dzoɖagbe le suku la, Ann di ɖetugbi si nye Ðasefo la. Ann bia nya geɖe tso Biblia me, eye Vanessa ɖo wo ŋu nɛ. Ebia be: “Afikae miedea sɔleme le?” Ann de eƒe kpekpe gbãtɔ le Fiaɖuƒe Akpata me fiẽ ma.

Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, eteƒe medidi hafi ‘fofowo’ kple ‘dadawo’ va ɖo tsyɔ̃evi ƒe 17 vi sia si o. (Mateo 19:29) Eye dzidzɔɣeyiɣi ka gbegbee nye si wònye esime Ann tsɔ dzidzɔ kple alɔgbɔnukoko xɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpea me tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii!

● Le Alaska ƒe Artic nuto gã si ƒe nɔƒewo dome didi—afisi gbedadaƒo siwo keke kilometa alafa geɖe tso kɔƒewo dome le—la, wozã Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe yameʋu tsɔ ƒã Fiaɖuƒenukuae le nuto 150 kple edzivɔ me. Gake hafi woato Biblia-nusɔsrɔ̃ edziedzi me atsi le gbɔgbɔ me la, anɔ te ɖe lɛtaŋɔŋlɔ dzi. Esi lɛta menya ŋlɔna na ame geɖe o ta la, ele be Biblia-fiala la nanya alesi wòaŋlɔ nya yeyewo bene nusrɔ̃via ƒe didi nu nagatsi o. Aleke woate ŋu awɔe?

Kathy wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ si yia ŋgɔ kple Edna, togbɔ be wo dome didi kilometa 600 hã! Le esi teƒe be Kathy naŋlɔ biabia siwo le nusrɔ̃gbalẽa me dzro ko la, eŋlɔe wònye dɔdasigbalẽ si dzi wògblẽ teƒe ƒuƒluwo ɖo be wòaŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖee. Ne Edna ŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe teƒea vɔ la, Kathy gbugbɔ ŋlɔa agbalẽ eye wòdea numeɖeɖewo eme tsɔ kɔa nya aɖewo mee. Kathy gblɔ be: “Meɖo Kuɖagbe fiẽ ɖi na míaƒe ‘nusɔsrɔ̃a,’ eye medzea agbagba be mawɔ ɖe edzi abe alesi mawɔe le Biblia-nusɔsrɔ̃ bubuwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo gome ene. Meɖoa agbalẽkotoku si dzi meŋlɔ nye adrɛs ɖo hetu stamp edzi la hã ɖe Edna. Esi agbalẽɖoɖoɖa xɔa kwasiɖa eve ta la, nusɔsrɔ̃ to lɛtaŋɔŋlɔ dzi hena ɖe megbe vie.”

Kpɔ dzidzɔ si wònye esi Kathy kple Edna wodo go ŋkume kple ŋkume le nutome gã takpekpe si wowɔ le Anchorage le nusɔsrɔ̃ to posu me ɣleti ewo megbe ɖa! Edzɔ dzi na Ðasefoawo be Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo tso kɔƒe siwo sa ɖe aga le Alaska va.

Togbɔ be ɣeaɖewoɣi awɔ abe ɖe nuwo mele tsitsim kabakaba o ene hã la, “numiemie fẽ” aɖewo miena kabakaba ne nyateƒea ƒe kekeli klẽ ɖe wo dzi. Wonyrɔa Yehowa kafula alafa ɖeka kple edzivɔ le mamã dedie nu ƒe sia ƒe le Alaska! Míagblɔ be, “Míeda akpe na wò, Yehowa,” le esi wònaa nuwo tsina ta!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe