Agbemeŋutinya
Vɔsa Suewo He Yayra Gãwo Vɛ Na Mí
ABE ALESI GEORGE KPLE ANN ALJIAN GBLƆE ENE
Mía kple srɔ̃nye míesusui le míaƒe agbe me kpɔ be míazã nya “afi” ɖe “nufiala” teƒe gbeɖe o. Míebui kpɔ be, le míaƒe ƒe 60 kple edzivɔ xɔxɔ me la, míanɔ agbagba dzem be míaxlẽ ŋɔŋlɔdzesi siwo ŋu míenya naneke le o ale be míate ŋu atsɔe aɖo dze kple Ɣedzeƒe Ʋĩ tɔwo o. Ke hã, nusia tututue mía kple Ann míewɔ le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu lɔƒo. Mina míagblɔ alesi nu suewo tsɔtsɔ sa vɔe he yayra gãwo vɛ na míi na mi.
ARMENIATƆWO ƒe ƒome aɖe mee wodzim ɖo, eye Armeniatɔwo ƒe Sɔlemea mee menɔ. Roma Katolikotɔe Ann nye tsã. Mía kple evea míelɔ̃ ɖe mía nɔewo ƒe dzixɔsewo dzi esi míeɖe srɔ̃ le ƒe 1950 me. Mexɔ ƒe 27 ɣemaɣi, eye Ann ya xɔ ƒe 24. Míenɔ xɔ aɖe si le nunyaƒe si meɖo ɖe Jersey City, New Jersey, U.S.A. tame la me. Menɔ dɔ ma wɔm anɔ ƒe ene aɖewoe nye ma.
Míeƒle aƒe dzeani aɖe si me xɔdɔme etɔ̃ nɔ ɖe Middletown, New Jersey, le ƒe 1955 me. Aƒea gbɔ didi kilometa 60 tso nye dɔwɔƒea, eye medea dɔme zi ade le kwasiɖaa me. Zã tsina ɣesiaɣi hafi megbɔna vaa aƒeme. Ɣeyiɣi siwo me meɖo dze kple Yehowa Ðasefowo koe nye esime wovana nye dɔwɔƒea ɣeaɖewoɣi va nam Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe agbalẽawo xexlẽ ŋu. Togbɔ be mezãa ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe nye dɔa ŋu hã la, Biblia me nyawo va lé dzi nam ŋutɔ.
Eteƒe medidi o, meva de dzesii be Gbetakpɔxɔ ƒe radiodɔwɔƒe, WBBR, ƒoa Biblia me nuƒowo le mɔ̃ dzi le ɣeyiɣi siwo me mekua ʋu yia dɔme kple ne metrɔ gbɔna me. Meɖo to nuƒo siawo nyuie, eye wonyɔ nye ɖetsɔleme ale gbegbe be mebia tso Ðasefowo si be woava srãm kpɔ. Le November 1957 me la, George Blanton va gbɔnye le aƒeme eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplim.
Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka le Tadedeagu Dzadzɛ Me
Aleke Ann se le eɖokui me le nusiawo katã ŋu? Mina wòagblɔe na mi.
“Metsi tre ɖe eŋu vevie le gɔmedzedzea me. Mewɔa nu tsɔ ɖea toɣli ne wole Biblia srɔ̃m kple George, esi wɔe be wòtia teƒe bubu si woava nɔ nua srɔ̃m le, eye ewɔ esia ɣleti enyi sɔŋ. Ɣemaɣi la, George te kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpata me le Kwasiɖagbewo. Mede dzesii ɣemaɣi be eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a nɔ vevie nɛ ale gbegbe elabena Kwasiɖagbewo koe meyia dɔme o. Ke hã, ekpɔtɔ nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui—enyo wu alesi wònɔ tsã gɔ̃ hã—eye esia wɔe be mete nye nɔnɔme tɔtrɔ. Le nyateƒe me la, ne mele kɔfikplɔ̃ dzi tutum ɣeaɖewoɣi eye ame aɖeke mele kpɔyem o la, metsɔa Nyɔ! magazine si George lɔ̃a dada ɖe kplɔ̃a dzi la xlẽna. Ɣebubuɣiwo hã la, George xlẽa Nyɔ! ƒe nyati siwo meku ɖe nufiafia aɖe koŋ ŋu tẽ o gake wohea susu yia Wɔla la dzi nam.
“Gbeɖeka fiẽ, esi George do go henɔ Biblia srɔ̃m kple Nɔviŋutsu Blanton la, metsɔ agbalẽ aɖe si mía vi, George si xɔ ƒe eve la, da ɖe kplɔ̃ si le nye aba xa dzi. Agbalẽa ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo ŋu. Togbɔ be ɖeɖi te ŋunye hã la, medze exexlẽ gɔme elabena mamanye ku eteƒe medidi o koe nye ma, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖem. Mekpɔ dzidzɔ enumake ɖe Biblia me nyateƒe si ŋu meke ɖo le eme, be ame kukuwo mele fu kpem le afi aɖeke o eye be woafɔ wo ɖe tsitre va agbe me ake, ŋu. Enumake mefɔ nɔ anyi ɖe aba dzi heyi nuxexlẽa dzi moveviɖoɖotɔe henɔ fli tem ɖe nyati vevi siwo medi be matsɔ afia George ne egbɔ tso eƒe Biblia-nusrɔ̃ƒea gɔme.
“Esesẽ na srɔ̃nye be wòaxɔe se be nyee nye ema trɔ nenema. Esi wònɔ dodom le aƒea me la, nyemelɔ̃ o, gake fifia nyee nye ma Biblia me nyateƒe wɔnuku siwo mesrɔ̃ la nɔ dzidzɔ dom na nenema gbegbe! Míenɔ ŋu fiẽ ma heɖo Biblia me dzewo ʋuu va ɖo fɔŋli hafi mlɔ anyi. George ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba me nam. Mebiae le zã ma ke me nenye be ate ŋu alɔ̃ woanɔ eƒe nusɔsrɔ̃a wɔm le aƒea me ale be nye hã mate ŋu anɔ gome kpɔm le eme.
“Nɔviŋutsu Blanton kafui na mí be míana mía viwo hã nanɔ anyi míasrɔ̃ nua ɖekae. Esi ƒe eve kple ƒe ene koe woxɔ ta la, míesusui be wometsi na nua sɔsrɔ̃ o. Gake Nɔviŋutsu Blanton xlẽ Mose V, 31:12 na mí, afisi wogblɔ le be: ‘Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, kple ɖeviwo . . . nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e.’ Míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔfiame ma ŋu eye míewɔa ɖoɖo be ɖeviawo naɖo nya ŋu ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔm gɔ̃ hã. Míedzra ɖo ɖe míaƒe ŋuɖoɖowo ŋu ɖekae, gake míegblɔa alesi woaɖo nya ŋui la na wo gbeɖe o. Míede dzesi be esia kpe ɖe ɖeviawo ŋu le nyateƒea wɔwɔ wo tɔe me. Míaŋlɔ mɔfiame si Nɔviŋutsu Blanton na mí be míatsɔ akpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu be wòatsi le gbɔgbɔ me la be gbeɖe o.”
Gbetɔame Siwo Bia Nuwo Tsɔtsɔ Sa Vɔe
Fifia si míete ŋu le Biblia srɔ̃m ɖekae la, kuxi bubu siwo gbɔ wòle be míakpɔ la dze ŋgɔ mí. Esi wònye be dɔwɔƒea didi tso míaƒe aƒea gbɔ ta la, fiẽ ga asieke ƒona zi geɖe hafi megbɔna vaa aƒeme. Le esia ta la, nyemete ŋu dena kpekpewo le dɔwɔŋkekewo dzi o, togbɔ be medena le Kwasiɖagbewo hã. Ɣemaɣi la, Ann ya nɔ kpekpeawo katã dem eye wònɔ ŋgɔyiyi wɔm kabakaba. Nye didie wònye be nye hã manɔ kpekpeawo katã dem ahanɔ ƒomenusɔsrɔ̃ tuameɖo wɔm kple ƒomea. Mede dzesii be ele be matsɔ nanewo asa vɔe. Le esia ta la, metso nya me be maɖe ɣeyiɣi si mazã ɖe nye dɔwɔɖuia ŋu dzi akpɔtɔ, togbɔ be ema wɔe be asisi aɖewo dzudzɔ dɔ tsɔtsɔ vɛ nam hã.
Ðoɖo sia si mewɔ la de dzinye ŋutɔ. Míebua ƒomenusɔsrɔ̃ nu vevie abe alesi míebua kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpe atɔ̃ bubu siwo míedena le Fiaɖuƒe Akpata me hãe ene. Míena ŋkɔe be míaƒe kpekpe adelia. Esia fia be míeɖo ŋkeke kple game si míawɔe—Kuɖa ɖesiaɖe, fie ga 8. Ɣeaɖewoɣi ne míeɖu fiẽnu vɔ heklɔ agbawo le dzodoƒea vɔ la, mía dometɔ ɖeka gblɔna be, “Game su vɔ na ‘kpekpea’!” Ne metsi megbe hafi gbɔ la, Ann dzea nusɔsrɔ̃a gɔme, eye ne menya va ɖo ko la meyia edzi.
Nu bubu si na ɖekawɔwɔ si me sẽ le mía dome abe ƒome ene ye nye gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro ɖekae le ŋdime. Gake kuxi aɖe do mo ɖa le ɖoɖo wɔwɔ ɖe esia ŋu me. Mí katã míefɔna ɖe ɣeyiɣi ɖeka dzi o. Míedzro esia me eye míeɖoe be mí katã míafɔ le game ɖeka dzi, ahaɖu ŋdinuɖuɖu le ga 6:30 me, eye míadzro gbesiagbe mawunyakpukpuia me. Ðoɖo sia de mía dzi ŋutɔ. Esi mía viwo tsi la, wotiae be yewoasubɔ le Betel. Míese le mía ɖokui me be gbesiagbe numedzodzro siawo wɔ akpa vevi aɖe le woƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu.
Mɔnukpɔkpɔ Siwo Su Mía Si le Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe Bia Vɔsa Siwo Lolo Wu
Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1962 me, eye le nye dɔwɔɖuia wɔwɔ ƒe 21 megbe la, medzra dɔwɔƒea hedi dɔ aɖe le nuto si me míele me be mate ŋu ate ɖe nye ƒomea ŋu ale be míate ŋu asubɔ Yehowa ɖekae. Esia na be yayra geɖewo su mía si. Míeɖoe míaƒe taɖodzinu be mí katã míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Esia dze egɔme le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo esime mía vi tsitsitɔ, Edward, va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, alo gbesiagbe mɔɖela, esi wòdo le sekɛndrisuku megbe teti. Le ema megbe kpuie la, mía vi George dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye eteƒe medidi kura hafi Ann hã dze egɔme o. Wo ame etɔ̃a katã ƒe gbeadzisubɔsubɔ me nuteƒekpɔkpɔwo sese do ŋusẽm ale gbegbe. Ƒome bliboa dzro alesi míanɔ agbe si me nugãdidi mele o me ale be mí katã míate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Míetso nya me be míadzra aƒea. Ƒe 18 ye míetsɔ nɔ aƒe ma me eye afimae míenyi míaƒe ƒomea le. Míelɔ̃ míaƒe aƒea ale gbegbe, gake Yehowa yra ɖe nyametsotso si míewɔ hedzrae la dzi.
Wokpe Edward na Betel subɔsubɔdɔa le ƒe 1972 me, eye wokpe George hã le ƒe 1974 me. Togbɔ be woƒe nu tsi mo na mía kple Ann hã la, míelɔ̃na dea ŋugble le alesi gbegbe wòanyoe be woanɔ míaƒe nutoa me, aɖe srɔ̃ ahadzi viwo ŋu o. Ðe ema teƒe la, míekpɔ dzidzɔ boŋ be mía viwo le Yehowa subɔm le Betel.a Míelɔ̃ ɖe nya siwo le Lododowo 23:15 dzi, be: “Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ.”
Míezu Mɔɖela Veviwo
Esi mía viwo kple evea sia dzo yi Betel megbe la, míeyi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Ke gbeɖeka le ƒe 1975 me la, míexɔ lɛta si me wokpe mí le be míava zu mɔɖela veviwo, aɖawɔ dɔ le anyigbamama si womede asi na ame aɖeke o me, le Clinton County, Illinois. Nukunya kae ema nye na mí! Efia be ele be míaʋu le New Jersey, teƒe si míenɔ hete ɖe mía viwo ŋu le New York eye wònye teƒe si xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ geɖewo nɔ mía si le. Gake esi míebui be enye dɔdasi si tso Yehowa gbɔ ta la, míetsɔ mía ɖokui sa vɔ helɔ̃ yi, yayra bubuwoe do tso eme na mí.
Esi míezã ɣleti geɖewo tsɔ wɔ dɔ le anyigbamama si womede asi na ame aɖeke o megbe la, míete kpekpewo wɔwɔ le akpata aɖe si me nutoametɔwo wɔa hadomekpekpewo le me le Carlyle, Illinois. Gake míenɔ teƒe aɖe si míanɔ kpekpem le koŋ dim. Nɔviŋutsu aɖe si le nutoa me kple srɔ̃a kpɔ aƒe aɖe si ŋu xɔ sue ŋutɔ aɖe nɔ na mí míehaya. Míeklɔ xɔ sue la me nyuie—hedzra egodo kple afɔdzideƒe si nɔ eŋu hã ɖo—eye teƒe sue mae míetrɔ wòzu míaƒe kpekpewɔƒe. Míeɖo ŋku sɔ aɖe si nɔ didim kokoko be yeanya nusi wɔm míenɔ la dzi nyuie. Zi geɖe la, edoa ta ɖe fesrea nu be yeakpɔ nusi nɔ edzi yim le kpekpea me!
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo Carlyle Hamea, eye enye dzidzɔ na mí be míekpɔ gome le eɖoɖo me. Srɔ̃tɔ aɖe siwo metsi o, Steve kple Karil Thompson, siwo hã va dɔ wɔ ge le anyigbamama si womede asi na ame aɖeke o me, va kpe asi ɖe mía ŋu. Nɔviŋutsu Thompson kple srɔ̃a nɔ afima ƒe geɖe eye emegbe wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku, eye woɖo wo ɖe Ɣedzeƒe Afrika be woava zu dutanyanyuigblɔlawo, eye wole mɔzɔzɔdɔa wɔm le afima.
Eteƒe medidi o vavalawo va nɔ agbɔ sɔm wu kpekpeƒe sue si nɔ mía si la, eye wòhiã be míadi akpata si lolo wu. Nɔviŋutsu ma ke si le nutoa me kple srɔ̃a gakpe ɖe mía ŋu ake, woƒle teƒe aɖe si sɔ nyuie wu na Fiaɖuƒe Akpata tutu na mí. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, aleke gbegbee dzi dzɔ mí enye esi, esi wokpe mí va Fiaɖuƒe Akpata yeye si wotu le Carlyle la ŋukɔƒe! Mɔnukpɔkpɔ su asinye be mana xɔŋukɔnuƒoa. Dɔ si wode asi na mí le afima na be nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku geɖewo su mía si eye Yehowa yra mí ɖe eta hã.
Mɔnukpɔkpɔ Bubu Ʋu Ði na Mí
Le ƒe 1979 me la, wode dɔ yeye asi na mí le Harrison, New Jersey. Míesubɔ le afima anɔ ƒe 12. Le ɣemaɣi la, míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple China nyɔnu aɖe, eye esia ʋu mɔ na mí be míesrɔ̃ nu kple Chinatɔ bubuwo hã. Wogblɔ na mí emegbe be sukuviwo kple ƒome geɖe siwo tso China la le nutoa me. Le esia ta la, wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Chinagbe. Togbɔ be esia bia be míazã ɣeyiɣi geɖe gbesiagbe atsɔ asrɔ̃ gbea hã la, Biblia-nusɔsrɔ̃ dodzidzɔname geɖewoe wòkpe ɖe mía ŋu be míete ŋu wɔ kple Chinatɔ siwo nɔ míaƒe nutoa me.
Nuteƒekpɔkpɔ ɖikokoe geɖewo su mía si le ƒe mawo me, vevietɔ esi míenɔ agbagba dzem be míado Chinagbea. Gbeɖeka la, Ann ɖe eɖokui nu na aƒemenɔla aɖe be yenye Biblia me “afi” evɔ ɖe wòdi be yeagblɔ be yenye Biblia me “nufiala” hafi. Nya eve siawo yɔyɔ ɖi wo nɔewo ale gbegbe. Aƒemenɔla ko nu vie eye wògblɔ be: “Taflatse mige ɖe eme. Nyemeɖo dze kple Biblia me afi aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Gbea dodo nɔ fu ɖem na mí kokoko.
Emegbe woɖo mí ɖe New Jersey ƒe akpa bubu afisi míete ŋu yi dɔa wɔwɔ dzi le anyigbamama si me Chinatɔwo bɔ ɖo me. Emegbe woɖe mí yi Boston, Massachusetts, afisi Chinagbe ƒe ƒuƒoƒo aɖe le anye ƒe etɔ ye nye ema. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye na mí be míakpe asi ɖe ƒuƒoƒo sia ŋu le ƒe adre siwo va yi me, eye dzidzɔe wònye na mí be míenɔ afima hafi wòzu hame le January 1, 2003, dzi.
Yayra Siwo Do Tso Ðokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ Me
Míexlẽa alesi Yehowa kpe eƒe amewo be woahe woƒe nuwo kple vɔsasawo katã vɛ atsɔ akpɔe ɖa be yemadudu yayra ɖe wo dzi wòagbɔ eme o hã le Maleaxi 3:10. Míeɖe asi le dɔwɔɖui si ŋu mekpɔa dzidzɔ geɖe ɖo la ŋu. Míedzra míaƒe aƒe si míelɔ̃ vevie. Míeɖe asi le nu bubuwo hã ŋu nenema ke. Ke hã, ne míetsɔ wo sɔ kple yayra siwo míekpɔ la, nu sue aɖewo koe nusiwo míetsɔ ke la nye.
Nyateƒee, aleke gbegbe yayra siwo Yehowa dudu ɖe mía dzi sɔ gbɔe nye esi! Míaƒe dzi dzea eme be mía viwo xɔ nyateƒea, míekpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe agbeɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye míekpɔ alesi Yehowa kpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔe na mí. Nyateƒee, míaƒe vɔsa suewo he yayra gãwo vɛ na mí!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wogale subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe le Betel kokoko—Edward kple srɔ̃a, Connie, le Patterson eye George kple srɔ̃a, Grace, le Brooklyn.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Louise kple George Blanton kpakple Ann, le ƒe 1991 me
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Fiaɖuƒe Akpata si le Carlyle, si ŋu wokɔ le June 4, 1983, dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Mía kple Chinagbedolawo ƒe Boston Hamea si woɖo yeyee
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Mía kple Edward, Connie, George, kpakple Grace