INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 1/8 axa 25-27
  • Adãdodo Le Ʋumɔ Dzi Aleke Nànɔ Te Ðe Enui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Adãdodo Le Ʋumɔ Dzi Aleke Nànɔ Te Ðe Enui?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Gbɔ Wòtsona Kple Emetsonu
  • Tsri Dɔmedzoedodoname le Ʋumɔ Dzi
  • Ðe Wodoa Adã Ðe Ŋuwòa?
  • Ʋufɔku Dzedze—Èle Dediea?
    Nyɔ!—2002
  • Èkua Ʋu Nyuiea?
    Nyɔ!—1995
  • Yi Edzi ‘Nàɖo To’ Yesu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Nyɔ!—1998
g98 1/8 axa 25-27

Adãdodo Le Ʋumɔ Dzi Aleke Nànɔ Te Ðe Enui?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRITAIN GBƆ

DZIKUDODO kple adãnuwɔwɔ va le dzedzem enuenu le xexeame ƒe nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakakawo me. Tsɔ kpe ɖe keketelawo ƒe adãdodo (si me nuƒlela siwo le kekewo, alo nuɖuɖukekewo tem ɖea dziku ɖe wo nɔewo ŋu le fiasegã me) kpakple adãdodo le telefon dzi (si tso mɔ̃ɖaŋu si naa mɔ amesi nèƒo ka na be wòana nànɔ lalam bene wòase ame bubu ƒe kaƒoƒo) ŋu la, adãdodo le ʋumɔ dzie amewo gade dzesii le Britain.

Adãdodo le ʋumɔ dzi va bɔ ale gbegbe be ʋukulawo ƒe nɔnɔme ŋuti nyatakaka aɖe si wona le ƒe 1996 me gblɔ be le Britain la, eva “bɔ ale gbegbe be wowɔ adãnu ƒomevi aɖe ɖe ʋukulawo ƒe memamã afã kloe ŋu alo wowɔ nu vlo ɖe wo ŋu le ƒe si va yi me”! Ʋukuhabɔbɔ aɖe ƒe numekuku fia be eyi ŋgɔ vie eye wogblɔ be “ʋukula asieke le ewo ɖesiaɖe me gblɔ be wodo adã ɖe yewo ŋu le ʋumɔ dzi.” Nukutɔe la, edze le numekuku ma ke me be “[ʋukula] ade le ewo ɖesiaɖe me koe lɔ̃ ɖe edzi be yewodo adã esi yewonɔ ʋu kum.”

Nukae na wodoa adã le ʋumɔ dzi? Ne wodo adã ɖe ŋuwò le ʋumɔ dzi la, nukae nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta? Ne ame bubu ƒe ʋukuku na dzi ku wò ɖe, nukae wòle be nàwɔ? Le nyateƒe me esi adãdodo le ʋumɔ dzi va le bɔbɔm le xexeame godoo la, aleke nànɔ te ɖe enui?

Nusi Gbɔ Wòtsona Kple Emetsonu

Menye egbee ʋukulawo doa dziku o. Wo dometɔ gbãtɔawo dometɔ ɖekae nye Eŋlisi-hakpanyaŋlɔla Aƒetɔ Byron. Eŋlɔ lɛta aɖe le ƒe 1817 me si me wògblɔ dzre aɖe si wòhe le ʋumɔ dzi la le. Woka nya ta be sɔdola bubu aɖee wɔ “ameŋumabunu” ɖe Byron ƒe sɔ ŋu. Ewɔe be hakpanyaŋlɔla la ƒo tome na ŋutsu kemɛa.

Le dukɔ geɖe me la, esi ʋuwo va le agbɔ sɔm ɖe edzi ko la, nu tia kɔ na ʋukulawo hã ɖe edzi. Ƒe 1980 ƒe ƒeawo mee United States nyadzɔdzɔgbalẽwo gblɔ be “adãwɔwɔ le ʋumɔ dzi” gbɔe ʋukuku adãtɔe tsona. Togbɔ be ʋɔnunya aɖeke meku ɖe adãdodo le ʋumɔ dzi ŋu o hã la, eɖe seselelãme siwo na ʋukulawo wɔ adãnu geɖe le esi ʋukula bubuwo ƒe ʋukuku ve dɔme na wo ta la fia.

Tɔnye-ko nenyo ƒe nɔnɔme va bɔ ɖe míaƒe ʋumɔwo dzi fifia. London ƒe The Times de dzesii be numekula siwo lé ŋku ɖe ʋukulawo ƒe nɔnɔme ŋu la gblɔ be “adãnuwɔlawo alo amedzidzelawo xɔe se ɣesiaɣi kloe be yewotɔe dzɔ hafi ame kemɛa wɔ nu tovo ɖe yewo ŋu.” Aleke ke ʋukula ku eƒe ʋua gbodogbodoe o, esusuna be ye tɔ dzɔ. Gake ne ʋukula bubu da le ʋukuku ƒe se sue aɖe dzi ko la, ke adãdodo le ʋumɔ dzi doa mo ɖa.

Atikevɔ̃ɖizazã si va bɔ ɖe sɔhɛwo dome vevie hã gbɔe adãdodo le ʋumɔ dzi tsona. Le kɔdziɖaŋuɖola aɖe ƒe nya nu la, cocaine-nono “sɔ kple be woano aha hafi ava nɔ ʋu kum.” Ʋukula siwo noa atike vɔ̃ɖiwo la bua woƒe ŋutetewo ŋu wu alesi dze. Ewɔnɛ be wo dometɔ aɖewo kua woƒe ʋuwo sesĩe akpa. Wo dometɔ aɖewo kua ʋu nyamanyama, le esi womegale nu ŋu bum nyuie o ta.

Bu ŋusẽ si nuteɖeamedzi kpɔna ɖe ʋukula dzi hã ŋu kpɔ. Nufialagã Cary Cooper si le Manchester Yunivɛsiti gblɔ be nuteɖeamedziwo kple nuɖiɖeame siwo nɔ gbesiagbegbenɔnɔ me le ƒe 1990-awo me gbɔe adãdodo le ʋumɔwo dzi tso. Fiahawo ƒe Ʋukuhabɔbɔ aɖe ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Nu va le tetem ɖe ʋukulawo dzi geɖe wu eye adãnuwɔwɔ va le agbɔ sɔm ɖe edzi.” Nyɔnu nyameɖedɔwɔla aɖe si kua ʋu gaƒoƒo geɖe yia dɔme gagbɔna fifia la lɔ̃ ɖe edzi be yemegaɖea asi le nya ŋu abe tsã ene o. The Sunday Times ka nya ta be egblɔ be: “Fifia medaa gbe ɖe ame gbɔ kabakaba eye mebia dzi le nu sue siwo meɖea fu nam gbeɖe tsã o ta.” Ðewohĩ èsenɛ le ɖokuiwò me nenema ke. Ne nenemae la, nukae nàte ŋu awɔ?

Tsri Dɔmedzoedodoname le Ʋumɔ Dzi

De dzesii be ʋukula bubuwo mede blibo o. Woada se dzi ɣeaɖewoɣi. Nya sia nenɔ nyanya me na wò ne èle ʋu kum. Kpɔ nu do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èle ʋu kum le mɔ kɔtoe tɔ, alo esi dzi ʋu siwo mete ŋu zɔna sesĩe o nɔna la dzi le mɔgã si dzi ʋumɔwo sɔ gbɔ le la dzi. Gake kasia èɖo mɔdzeve nu, afisi mɔ aɖe dze le, alo afisi mɔ kɔtoe tɔ dzi ʋuwo katã va de nu mɔgã me le. Esi nèfɔ kɔ kpɔ ŋgɔ la, èkpɔ ʋu bubu aɖe wògbɔna mɔgã la me tso mɔ si dze la dzi. Ðe nàwɔ susu be yee ɖo mɔdzevea nu gbã ta la, yekpɔ mɔ azɔ yeƒe mɔ dzia? Nukata wòle be nàɖe mɔ na ʋu siwo va le nu dem mɔa me? Nukata wòle be nàdze yi mɔ bubu dzi, ne mɔ li, bene ʋukula kemɛ nage ɖe mɔgã la me? Gake bu eŋu kpɔ, nukae adzɔ ne èbe yeƒe mɔ dzi koe yeanɔ eye nègale du dzi nenema kokoko? Ðewohĩ ʋukula si le gegem ɖe mɔgã la me hã awɔ susu nenema. Ele kokoko be ame aɖe nana mɔ nɔvia; ne menye nenema o la, afɔku adzɔ.

Nunyatɔe la, ʋukula si medi be yeana woado adã le ʋumɔ dzi o la akpɔ ŋgɔ ahaku ʋu ameŋububutɔe. Enaa mɔ ʋuwo ne ate ŋui, eye dzi mekunɛ ne ʋukula kemɛa gbe akpedada ɖe eƒe amesosroɖa ta o. Britain ƒe Ʋukula Deŋgɔwo ƒe Ha teƒenɔla aɖe bu akɔnta be agbenɔnɔ ŋuti kuxi vɔ̃ɖi aɖe le ʋukula 3 ɖesiaɖe dometɔ 1 ŋu. Togbɔ be ʋukula siawo bi le woƒe ʋukuku me hã la, womewɔa nudzeame o. Eyɔa wo be “ʋukula bibi nudzeamemawɔlawo.”

Zi geɖe la, ʋukula akpa gãtɔ mebua mɔdzinɔla bubuwo ŋu o. Gake ema mefia be wò hã nàwɔ nu nenema o. Bu nusiwo ate ŋu ado tso eme ŋu. Ele eme be màdi be yeƒe dzimesesẽ nana ʋuwo naxaxa ɖe teƒe ɖeka o. Mègana wò seselelãmewo naɖu dziwò o. Ʋukukuŋutinunyala aɖe ɖo aɖaŋu be: “Mègawɔ wɔɖenui gbeɖe alo atsɔ adãnuwɔwɔ aɖo eteƒe le ʋumɔ dzi gbeɖe o.” Mègade ɖokuiwò ʋumɔ dzi adãdolawo dome o!

Ðe Wodoa Adã Ðe Ŋuwòa?

Wodo adã ɖe ʋukula ɖesiaɖe kloe ŋu le ʋumɔ dzi ɣeaɖeɣi kpɔ. Kɔ ŋɔŋlɔ do ame, gbedaɖeamegbɔ, ameŋutoto dzikutɔe katã ate ŋu atso dzika ƒo na ame eye ewɔnɛ hã. Ametakpɔnu nyuitɔe nye asaƒoƒo na dzre. Vɔvɔ̃ ɖo ame aɖe si ŋu wowɔe ɖo esi hati ʋukula aɖe di be yeadze to eŋu. Mlɔeba la, ʋukula adãdola to eŋu, va yi eŋgɔ, eye wòva nɔ ʋua kum blewu ale gbegbe be amesi ŋu wowɔ nua ɖo la susu be yewoƒe ʋuwo alɔ wo nɔewo. Nuwɔna sia yi edzi vaseɖe mɔa ƒe teƒe aɖe eye amesi ŋu wowɔ nua ɖo dze to mɔ bubu dzo hafi nusianu tɔ te.

Ne èkpɔ be ʋukula bubuwo di be yewoadze to ye ŋu la, na mɔ wo. Mègate tɔ ɖe edzi be ye tɔ dzɔ be yeanɔ mɔa ƒe akpa si nèle o. Ne èbua do dziku na ame bubuwo la, do taflatse. Wɔ nane tsɔ fia be ye tɔ medzɔ o ne èda vo le manyamanya me hã. Ðo ŋku edzi be nya fafɛ ate ŋu afa dziku nu.

Gake eɖanye nuka ke tae woado adã ɖe ŋuwò o, mègawɔ wɔɖenui o. Focus magazine ɖo aɖaŋu be: “Mègawɔ wɔɖenui o. Mègatsɔ naneke ɖe wò ʋu me si ate ŋu anye avuwɔnu nàzã awɔ nuvevi ame o.” Aɖaŋuɖoɖo bubuwo: De safui wò ʋu ƒe ʋɔwo me eye nàtu wò fesrɛwo. Mègakpɔ ŋkume na dziwòdzela la o.

Menye nya yeyewoe aɖaŋu siwo woɖo le etame le alesi woanɔ te ɖe adãdodo le ʋumɔ dzi nu la nye o. Wowɔ ɖeka kple aɖaŋu si Israel Fia Dawid ɖo gbaɖegbe kee nye sia, eƒe aɖaŋuɖoɖoe nye be: “Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo wɔ nu tovo la ŋu o! Wò dɔmedzoe nu nefa.”—Psalmo 37:1, 8.

Togbɔ be adãdodo le ʋumɔ dzi le dzidzim ɖe edzi hã la, mègasrɔ̃e o!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Adãdodo Dzi Ðuɖu le Ʋumɔ Dzi

Ʋukuhabɔbɔa gblɔ be ne woaɖe adãdodo le ʋumɔ dzi ɖa la, “agbenɔnɔe wòhiã be woatrɔ abe alesi wotoa nyagbɔkpɔmɔnuwo vɛ ene.” Ŋkuléle ɖe wò ŋutɔ wò ʋukuku kple ʋukula bubuwo tɔ ŋu nyuie le vevie hafi nàte ŋu anɔ te ɖe adãdodo nu le ʋumɔ dzi. Togbɔ be ète ŋu kpɔa ame bubuwo ƒe vodadawo dzea sii kaba hã la, mègaŋe aɖaba ƒu tɔwòwo dzi o. Lɔ̃ ɖe edzi be ʋukula siwo tua afɔkpo ʋukuku sewo la li. Ne èle ʋu kum la, kpɔ egbɔ be yele ŋudzɔ nyuie. Ðeɖiteameŋu na míexaxana. Ŋuɖeɖi vie ate ŋu ahe afɔku wuamewo vɛ.

Azɔ de ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu, eye nàde dzesi alesi wodo ƒome kple nunyala Fia Salomo ƒe lododowoe.

• Ðe wò ʋumenɔlawo kpɔnɛ be èdoa dzikua? Ðewohĩ woaɖo aɖaŋu na wò be wò dzi nefa. Mègatsɔ woƒe aɖaŋuɖoɖoa ƒu gbe eye nàda gbe ɖe wo gbɔ be ʋumenɔla siwo wɔ wo ɖokui ʋukulawoe wonye o. Ðo ŋku edzi be tufafa ƒe nɔnɔme na wonɔa lãmesẽ me eye akpe ɖe ŋuwò ŋutɔŋutɔ be nànɔ agbe didi! “Dzi nyodɔme enye agbe le lã me.”—Lododowo 14:30.

• Bu ʋukula kemɛa ŋu, eye nàƒo asa na kuxiwo. “Nunyala vɔ̃na, eye wòtsria vɔ̃; ke bometsila nyrãna, eye wòɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu.”—Lododowo 14:16.

• Wɔ nane alo gblɔ nya aɖe tsɔ ɖe kuku bene dziku nu nafa. “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.”—Lododowo 15:1.

• Ðewohĩ ame aɖewo lɔ̃a adãdodo le ʋumɔ dzi, gake mehiã be nàsrɔ̃ wo o. “Megade ha kple dɔmedzoetɔ o.”—Lododowo 22:24.

• Tsri dzrehehe kple amewo. “Dzudzɔ [dzre], hafi ne wòava do gã.”—Lododowo 17:14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe