Gbɔtotsotso Ŋuti Nya Ɣaɣlawo Gɔmesese
NE NYƆNUWO le tsitsim la, wova tsoa gbɔto godoo. Gake nu geɖe li si gɔme womese le eŋu o. Agbalẽ si nye The Silent Passage—Menopause gblɔ be ƒe alafa 19 lia me vidzidziŋunyalawo xɔe se be gbɔtotsotso “tɔtɔa nyɔnuwo ƒe lãmeka siwo me woƒe lãmenusesewo tona eye wònaa nyɔnuwo ƒe tugbedzedze buna.”
Susu masɔmasɔ siawo gali kokoko. Eyata nyɔnu geɖe vɔ̃na na gbɔtotsotso eye wotsia dzi ɖe eŋu. Agbalẽ si nye Natural Menopause—The Complete Guide to a Woman’s Most Misunderstood Passage gblɔ be susu ƒe fuɖename siwo wònyena la dzi ɖuɖu nye “nyɔnuwo ƒe agbemedɔ sesẽtɔwo kekeake dometɔ ɖeka.”
Le teƒe siwo wotsia dzi ɖe ɖetugbimenɔnɔ kple tugbedzedze ŋu le la, wosusua nu masɔmasɔ aɖe ne gbɔtotsotso ƒe dzesiwo te dzedze: ame ƒe tugbedzɛmenɔɣi ƒe nuwuwu kpata kple nyagãkuku ƒe gɔmedzedze. Eyata nyɔnu aɖewo va le vɔvɔ̃m na gbɔtotsotso elabena edze abe agbe ƒe ɣeyiɣi yeye aɖe si medzroa ame o ƒe gɔmedzedzee wònye ene. Wo dometɔ aɖewo kura bunɛ be enye “kuku afã kple afã.”
Mele be sidzedzemasuamesi sia naɖe fu na egbe nyɔnuwo ne wole agbe ƒe ɣeyiɣi sia me tom o. Wole kekem ɖe gbɔtotsotso ƒe nya ɣaɣlawo ŋu. Wogale numekuku dzi, eye wole asi trɔm le atike siwo ana ɣeyiɣi sia me toto nabɔbɔ na wo ŋu. Magazinewo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, kple agbalẽwo le nu me ɖem le nya sia ŋu eye wole nya siwo biabia kpea ŋu na ame aɖewo tsã la me ɖem. Ðɔktawo hã va nya nu geɖe wu le kuxi siwo nyɔnuwo doa goe ŋu.
Nukatae wole nya gbogbo siawo gblɔm le nya sia ŋu? Elabena gbɔtotsotso gɔmesese nyuie wu ate ŋu aɖe vɔvɔ̃, aʋatsodzixɔsewo, kple nuxaxa si wònye na nyɔnu geɖe ɖa. Le dukɔ geɖe me la, nyɔnuwo le agbe didi nɔm wu tsã, eye wodi be yewoase nu tso nusi zu abe nya makɔnuledzi ene le nya sia ŋu eye be woaɖe eme na yewo. Wole ŋuɖoɖo tẽ siwo gɔme woate ŋu ase bɔbɔe dim. Esɔ be wole edim, elabena wo dometɔ geɖe ganɔa agbe wòdea woƒe agbenɔƒe ƒe akpa etɔ̃lia ne wotso gbɔto.
Amesiwo srɔ̃a nu tso amewo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu le United States gblɔ be nyɔnu siwo atso gbɔto le ƒe ewo siwo ava me la adzi ɖe edzi zi 50 le alafa me. Nyɔnu siawo di be yewoanya nu le lãmesẽkuxi, ame ƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ, ame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ kpata, lãmevee, kple ŋutilã me kple seselelãme ƒe tɔtrɔ siwo le eme la ŋu. Nukatae nusiawo dzɔna? Ne nyɔnu megale gbɔto tsim o la, ɖe wòfia be magate ŋu ase vivi na agbe oa? Ðe gbɔtotsotso trɔa nyɔnuwo ƒe amenyenyea? Nyati siwo kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.