Tenɔnɔ Ðe Gbɔtotsotso Ƒe Kuxiwo Nu
AGBALẼ si nye Natural Menopause—The Complete Guide to a Woman’s Most Misunderstood Passage ŋlɔlawo gblɔ be: “Nusi dzɔna ɖe amesiame dzi etɔxɛ” kple “wò agbenɔnɔ ƒe akpa yeye aɖe si me ablɔɖe le” ye gbɔtotsotso nye. Numekuku fia be alesi nèbuna ɖokuiwòe—alesi wò dzi dzea eme le ɖokuiwò me kple wò amenyenye—nue tɔtrɔɣi sia abɔbɔ na wò ɖo.
Nyateƒee, agbe ƒe ɣeyiɣi sia me sesẽna na nyɔnu aɖewo wu bubuwo. Ne ele sesẽm na wò la, mefia be ɖe wò amenyenye gblẽ alo be wò tagbɔ le dadam o, be wò nyɔnunyenye, wò susu, alo wò ɖetsɔtsɔ le gbɔdɔdɔ me nu le yiyim o. Alesi ame ƒe agbenɔnɔ yia edzii ƒe kuxi koŋ ye wònye.
Newsweek ka nya ta be: “Nyɔnu siwo dze dɔ vevie esime wodzudzɔ dzinukpɔkpɔ hã kpɔ be esi yewoto eme do la taɖodzinu yeye va ɖo yewoƒe agbe ŋu eye yewonɔ ŋusẽ me.” Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 42 gblɔ be: “Mele mɔ kpɔm na dziɖeɖeanyiɣi, si me nye ŋutilã maganɔ tɔtɔyem o la vevie.”
Ɣeyiɣi si me Enu Nya Nɔna na Nyɔnuwo Bɔbɔe Wu
Alesi wobua nyɔnu tsitsiwoe nye nu vevi aɖe si fiaa alesi gbɔtotsotso nu anya nɔ na wo bɔbɔe. Le teƒe siwo wodea asixɔxɔ woƒe tsitsi, nunya, kple nuteƒekpɔkpɔ ŋu le la, ŋutilã me kple seselelãme dɔléle siwo wodoa goe mesɔa gbɔ kura o.
Le kpɔɖeŋu me, The Woman’s Encyclopedia of Health and Natural Healing ka nya ta be le Afrikatɔwo ƒe to “siwo me woxɔa gbɔtotsotso le be enye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe si me woato eye wobua nyɔnu siwo tso gbɔto ɖe woƒe nuteƒekpɔkpɔ kple nunya ta la, ƒã hafi nyɔnuwo gblɔna be dɔléle siwo ɖea fu na nyɔnu siwo tso gbɔto la le fu ɖem na yewo.” Nenema ke The Silent Passage—Menopause gblɔ be: “India-nyɔnu siwo le Rajput ƒe hatsotso me la meƒoa nu tso blanuiléle kple susu ƒe fuɖename kuxiwo ŋu” le woƒe gbɔtotsoɣi o.
Le Japan, afisi hã wobua nyɔnu tsitsiwo le la, lãmetsiŋusẽ tsɔtsɔ da gbɔtotsotso me dɔlélewoe mebɔ kura o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Asia-nyɔnuwo medoa go gbɔtotsoɣi me kuxiwo dea Ɣetoɖoƒenyigba dzi nyɔnuwo nu o. Anye be woƒe nuɖuɖu hã le nusiwo tae wòle alea la me.
Amegbetɔŋutinusrɔ̃la aɖe ƒe numekukuwo fia be Maya-nyɔnuwo kpɔ mɔ na gbɔtotsoɣi. Nyɔnu mawo bua gbɔtotsotso be enye gbɔɖemexɔxɔ tso vidzidzi atraɖii me. Ðikekemanɔmee la, ena wovo ɖe agbemedɔ bubuwo hã ŋu.
Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, mele be míabu nusiwo wovɔ̃na na le gbɔtotsotso ŋu nu tsɛe o. Le dukɔ siwo me amewo ƒe susu nɔa ɖetugbimenɔnɔ kple tugbedzedze ŋu fũ la, nyɔnu siwo metso gbɔto haɖe o la vɔ̃na nɛ. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiawo ŋu be,woaɖe tɔtrɔɣi sia me kuxiwo dzi akpɔtɔ?
Nusi Hiã Nyɔnuwo
Janine O’Leary Cobb si nye agbalẽŋlɔla kple ame gbãtɔ si fia nu amewo le gbɔtotsotso ŋu la ɖe nu me be: “Nusi nyɔnu geɖe hiãe nye kakaɖedzi nana wo le alesi wole sesem le wo ɖokui me ŋu—be menye woawo ɖeɖekoe o.”
Nugɔmesesename, kpakple dzidzɔkpɔkpɔ le ame ɖokui me hã hiã vevie. Vidada aɖe si xɔ ƒe 51 si ƒe gbɔtotsitsi nu nɔ tsotsom la gblɔ be: “Mexɔe se anukwaretɔe be alesi nèbua agbe ŋui ye afia alesi wò gbɔtotsoɣi me toto anɔ. . . . Menya be míava ku nyagã kokoko. Míelɔ̃ alo míeɖalɔ̃ o, adzɔ godoo. . . . Metso nya me be menye dɔlélee nusia [gbɔtotsotso] nye o. Nye agbe ƒe akpa aɖee.”
Eyata ne wò agbemeɣeyiɣi sia le aƒe tum la, di ɣeyiɣi nàbu tame tso nu dodzidzɔname yeyewo ŋu. Nusi dzi mele be míaƒe susu nadzo le o ye nye alesi gbɔtotsotso kpɔa ŋusẽ ɖe ametia dzii. Ðɔktawo kple eŋunyala bubuwo kafui be woawɔ ɖe lãmesẽmenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖowo dzi atsɔ anɔ dzadzram ɖo ɖe tɔtrɔ sia ŋu—nu nyui ɖuɖu, gbɔgbɔ ɖe me nyuie, kple kamedede si magbɔ eme o.
Nuɖuɖu Kple Kamedede
Nunyiame (protein, nuɖuɖu si me goma alo sukli le, aminuwo, vitamin, kple mineral) siwo nyɔnuwo hiã dzi meɖena kpɔtɔna ne wole nyagã kum o, gake nuɖuɖu ƒe nunyiameŋusẽ (calorie) si wohiã la dzi ɖena kpɔtɔ. Eyata ele vevie be woaɖu nuɖuɖu siwo me nunyiame sɔ gbɔ ɖo eye woatsri suklinu, kple aminu siwo naa dzoxɔxɔ kple ŋusẽ ame gake nunyiame mesɔ gbɔ ɖe wo me o ɖuɖu fũ.
Kamedede edziedzi naa wònɔa bɔbɔe be woadze ŋgɔ nuteɖeamedziwo kple blanuiléle. Edzia ame ƒe ŋusẽ ɖe edzi eye wònaa womelolona fũ o. Ne wole tsitsim la, ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔ be ŋusẽ nado tso nunyiamewo me dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ vivivi, eye ne wometsɔ kamedede kpee o la, ana nàva zu ame lolo.
Ele vevie ŋutɔ be nyɔnuwo nanya be kamedede si ŋu wotsɔ calcium zazã kpe ɖo la ate ŋu ana alesi ame ƒe ƒu nyinae eye do ɖoa wo me be womegasẽna nyuie o la madzɔ ɖe wo dzi kaba o. Agbalẽ si nye Women Coming of Age gblɔ be wosusui be “kamedede siwo naa ame ƒe dzitodzito kple dzi wɔa dɔ nyuie la wɔwɔ nyuie le aƒeme, azɔlizɔzɔ, duƒuƒu, gasɔdodo, kple kamedefefe bubuwo, kpakple nu kpekpewo kɔkɔ” nyo ŋutɔ. Enyo be míade dzesii be ƒumasẽmasẽdɔ sia mele nutotroe siwo me amewo nɔa dɔwɔwɔ dzi le woƒe tsitsime la me o. Le teƒe mawo la, nyɔnuwo te ŋu nɔa agbe gena ɖe woƒe ƒe 80 kple 90 ƒewo me. Gake hafi nàdze kamedede aɖe gɔme la, nunya anɔ eme be nàkpɔ wò ɖɔkta gbã.
Tenɔnɔ Ðe Lãme ƒe Dzotɔtɔ Nu
Lãme ƒe dzotɔtɔ na ame nye nuɖianu na nyɔnu akpa gãtɔ. Gake enye kuxi ŋutɔŋutɔ na wo dometɔ aɖewo elabena eɖea fu na wo zi geɖe loo alo egblẽa alɔ̃ me na wo ɣesiaɣi. Nukae woate ŋu awɔ tso eŋu?
Gbã la, mègavɔ̃ o. Nu koe wòagblẽ ne ègatsɔ dzitsitsi kpe ɖe eŋu. Kamedede sesẽwo wɔwɔ edziedzi kpena ɖe ame ŋu elabena ekpena ɖe ŋutilã la ŋu be dzoxɔxɔ si sɔ gbɔ akpa namãe eye be wò lãme nafa kaba wu. Wɔ nu bɔbɔe si nye be nàno tsi fafɛ kplu ɖeka alo be nàde asi tsi fafɛ me hã.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, do awu siwo memiaa ame o ɖe wo nɔewo dzi, ale be nàte ŋu aɖe wo alo ado bubuwo ɖe edzi bɔbɔe. Fifia te ŋu dona le awu siwo wotsɔ ɖetifu kple aklala wɔe me wu bubuwo. Le zã me la, zã nuwo ɖoɖo ɖe aba dzi ƒe mɔnu la, eye nàɖo kuntru geɖe ɖe wo nɔewo dzi siwo nàte ŋu aɖe ɖekaɖeka alo atsɔ wo akpee ne ehiã. Na awu siwo nàtsɔ aɖɔ li esiwo nèdo tsɔ mlɔ anyii nanɔ asitsɔƒe na wò.
Dze agbagba nànya nusi naa wò lãme nɔa dzo tɔm. Aha sesẽ nono, caffeine, suklinuwo, kple atadi alo nuɖuɖuvivinuwo ate ŋu ahee vɛ, eye nenema kee nye atamanono hã. Ne èŋlɔa ɣeyiɣi siwo wò lãme tɔa dzo kple afisiwo wotɔa dzo le ɖi la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nuɖuɖu kple nuwɔna siwo henɛ vɛ. Ke tsri nusiawo.
Ðɔkta siwo nya nuɖuɖu siwo wotsɔna daa dɔ aɖewoe kafunɛ be woaɖu nu vovovo siwo ate ŋu aɖe lãme ƒe dzotɔtɔ dzi akpɔtɔ, abe vitamin E, evening primrose oil, kple gbetike siwo nye ginseng, dong quai, kple black cohosh ene. Ðɔkta aɖewo gblɔ be atike siwo nye Bellergal kple clonidine siwo woŋlɔna na wo la léa avu wo, gake estrogen-tikekuiwo alo eƒe plasta ye wɔa dɔ wu.a
Ne wozã nukuwo alo atikutsetse me miwo, vitamin E ƒe ami, alo amisisi siwo bɔbɔ la, ana nyɔnume ƒe ƒuƒu kplakplakpla dzi naɖe akpɔtɔ. Ne esiawo mesu o la, estrogen-mi ana woƒe nyɔnumeyi natri eye maƒu kplakplakpla o. Hafi nàdze atike alo nuɖuɖu ƒomevi aɖe zazã gɔme la, anyo be nàkpɔ ɖɔkta aɖe tso eŋu gbã.
Ke Nuteɖeamedzi Hã Ðe?
Le ɣeyiɣi ma ke si me wòle be nyɔnuwo nakpɔ lãmetsiŋusẽ kple ŋutilã me tɔtrɔ siwo gbɔtotsotso hena vɛ gbɔ la, zi geɖe la, ehiãna be woadze ŋgɔ nuteɖeamedzi bubu siwo dometɔ aɖewo míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me. Gake nu dodzidzɔnamewo abe mamayɔvi aɖe dzidzi alo dɔ yeye aɖewo wɔwɔ esime ɖeviawo dzo le aƒea me vɔ megbe ene ate ŋu axɔ ɖe woƒe nuteɖeamedziwo teƒe.
Susan Perry kple Ðk. Katherine A. O’Hanlan ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le alesi woakpɔ nuteɖeamedziwo gbɔe nyuie wu ŋuti ɖe woƒe agbalẽ si nye Natural Menopause me. Wogblɔ be ehiã be woanya nusiwo naa nu tena ɖe wo dzi eye woanɔ ɖiɖim ɖe eme ɣeaɖewoɣi. Esia ate ŋu afia be woana woakpe ɖe wo ŋu le ƒomea me tɔ aɖe si zu dɔnɔ dzikpɔkpɔ me. Wote gbe ɖe edzi be: “Na dometsotso nanɔ wò dɔwɔwɔ me. Mègaɖo dɔ na ɖokuiwò fũ akpa o . . . Ðo to wò lãme.” Wogagblɔ be: “Nuwo wɔwɔ na ame bubuwo . . . ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ geɖe. . . . De kame edziedzi. . . . Di amesiwo nya nu tso nuteɖeamedzi ŋu ƒe kpekpeɖeŋu ne naneke meganya le wɔwɔm le wò agbe me nuteɖeamedziwo ŋu o.”
Ƒomea me Tɔwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu
Nyɔnu si tso gbɔto la hiã seselelãme ƒe nugɔmesesename kple kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ. Esi srɔ̃nyɔnu aɖe nɔ nusi wòwɔna ne dzimaɖitsitsi le fu ɖem nɛ gblɔm la, egblɔ be: “Megblɔa nya la na srɔ̃nye, eye ne etsɔ veveseɖeamenu se eme nam la, mekpɔnɛ be kuxiawo melolo abe alesi nye susu si tsi dzodzodzoe bu woe ene o.”
Ŋutsu nugɔmesenamela kpɔnɛ dzea si hã be menye ɣesiaɣie ye srɔ̃ ate ŋu awɔ nuwo pɛpɛpɛ abe alesi wòwɔnɛ tsã ene ne etso gbɔto o. Eyata anɔ ŋudzɔ axɔ ŋgɔ akpe ɖe eŋu le ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ me, ɖewohĩ anyã nu, alo ayi asiƒleƒe, kple bubuwo. Le vevesese ɖe srɔ̃a nu me la, atsɔ nyɔnua ƒe nuhiahiãwo aɖo ŋgɔgbe na eya ŋutɔ tɔ. (Filipitɔwo 2:4) Ate ŋu agblɔ ɣeaɖewoɣi be yewoaƒle nu aɖu alo le mɔ aɖe nu la, wòana wòaɖi ɖe eme tso eƒe gbesiagbedɔwo me le mɔ si me vivisese le nu. Akpɔ egbɔ alesi wòate ŋui be yewomaganɔ nya hem kple yewo nɔewo o eye wòade dzi ƒo nɛ le agbagba siwo dzem wòle be yeaɖu nusiwo ade yeƒe lãmesẽ dzi la me.
Vevietɔ wu la, ŋutsua akpɔ srɔ̃a ƒe nuhiahiã gbɔ si nye be wòanɔ kakaɖedzi namee edziedzi be yegalɔ̃e kokoko. Ele be eƒe susu naɖe abla le nugɔmesese me eye wòanyae be menye fifia yeatsɔ nusiwo nye nyɔnua ŋutɔ ƒe nyawo anɔ ge dim le eŋui o. Ŋutsu si wɔna alea na srɔ̃a lɔlɔ̃tɔe la le wɔwɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nuxlɔ̃ame be ‘wòanɔ anyi kplii le nunya me, ade bubu eŋu le esi wònye nyɔnu ta’ la dzi.—Petro I, 3:7.
Nenema ke, ele be ɖeviwo hã nadze agbagba vevie ase nusita wo dada ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm alea la gɔme. Ele be woanya be ehiã be eya ɖeɖe naɖe vo ɣeaɖewoɣi. Ne woɖenɛ fiana be yewose nɔnɔme siwo me yewo dada le me la, ana kakaɖedzii be wotsɔ ɖe le ye me vavã. Gake ne wotsɔ alesi eƒe nɔnɔme trɔna kabakaba wɔ fefenui la, nu koe wòagblẽ ɖe edzi. Mibia nya siwo sɔ be miase nusi le dzɔdzɔm gɔme nyuie wu, eye mikpe ɖe eŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me, menye be miatɔ woagblɔe na mi hafi o. Esiawo nye mɔ siwo nu miate ŋu akpe ɖe mia dada ŋu le eƒe agbe ƒe akpa mamlea me la ƒe ʋee aɖewo ko.
Agbenɔnɔ le Gbɔtotsotso Megbe
Ne nyɔnuwo ɖo woƒe agbe ƒe akpa sia me la, zi geɖe la, ƒe geɖe ganɔa wo ŋgɔ. Nunya kple nuteƒekpɔkpɔ xɔasi gbogbo aɖe sua wo si. Agbalẽŋlɔla Gail Sheehy ƒe nusɔsrɔ̃ le “Amerikatɔ ame tsitsi akpe blaade ŋu ɖo kpe edzi be nyɔnuwo ŋutɔ gblɔ be ne yewoɖo yewoƒe ƒe blaatɔ̃ me la, yewosena le yewo ɖokui me be yewole dedie wu yewoƒe agbenɔnɔ ƒe akpa siwo do ŋgɔ dometɔ ɖesiaɖe.”
Ẽ, gbɔgbɔ yeye ɖoa nyɔnu siwo to tɔtrɔƒe siawo me la me. Nuwɔwɔ ƒe ŋutete yeye gaɖoa wo me. Wogayia dɔ dzi le woƒe agbenɔnɔ me, eye wowɔa dɔ ɖevi geɖewo. Nyɔnu aɖe si to gbɔtotsitsi me do gblɔ be: “Mezãa nye susu ɣesiaɣi. Menɔa nu yeyewo kple nu bubuwo sɔsrɔ̃ dzi.” Egblɔ kpee be: “Ðewohĩ mawɔ nu blewuu wu ya, gake menye esiae nye agbe ƒe seƒe o. Mele mɔ kpɔm vevie na ƒe geɖe bubu.”
Nu vevi aɖe si wòle be míade dzesii enye be, esi Sheehy nɔ nya biam nyɔnuawo la, ekpɔ be wo dometɔ “siwo ŋu ame bubuwo dea bubui kple bubu si woawo ŋutɔ dea wo ɖokui ŋu dzi ɖe edzi na nye amesiwo dea asixɔxɔ gã susuŋudɔwɔwɔ, nuŋububu, nuwo wɔwɔ, alo gbɔgbɔmeŋusẽnɔameŋu ŋu.” Nyɔnu siawo tɔgbe siwo tsɔ wo ɖokui na dzidzɔtɔe be yewoadzi yewoƒe Biblia ŋuti sidzedze kple egɔmesese ɖe edzi eye wole eƒe dzidzenu xɔasiwo fiam ame bubuwo ƒe ha gã aɖe li.—Psalmo 68:12.
Hekpe ɖe kakaɖedzi ƒe nukpɔsusu tsɔtsɔ bu nuwo ŋui le agbe me kple dɔ ɖeviwo wɔwɔ ŋu la, nunya le eme be nyɔnu siwo xɔ ƒe ɖesiaɖe nanyae be mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la nya míaƒe seselelãmewo eye wòléa be na mí vavã. (Petro I, 5:7) Le nyateƒe me, Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo be ye subɔlawo katã nava nɔ agbe le xexe yeye dzɔdzɔe si me dɔléle, fukpekpe, alo ku gɔ̃ hã maganɔ o me.—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Eyata mi amesiwo le gbɔtotsitsi me tom, miɖo ŋku edzi be agbea ƒe akpa aɖee. Enu ava yi eye agbemeƒe siwo me dzidzɔ kple viɖenu geɖe anɔ ne miezã wo nyuie tsɔ subɔ mía Wɔla lɔlɔ̃ lae ava ɖe eyome.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyɔ! mekafua atikewɔwɔmɔnu ƒomevi aɖeke na ame o.
[Aɖaka si le axa 23]
Ke Atike Siwo Xɔna Ðe Estrogen Teƒe Zazã Ya Ðe?
Estrogen ate ŋu ana womaxɔ dzidɔ alo ƒumasẽmasẽdɔ, siwo nye dɔ eve siwo koŋ dzea nyɔnu siwo to woƒe gbɔtotsitsi me do la dzi o. Ne estrogen ƒe agbɔsɔsɔme le ɖiɖim la, dɔ siawo ƒe dzesiwo tea dzedze eye le ƒe atɔ̃ va ɖo ƒe ewo me la, wova dzena keŋ. Wokafui be atike siwo wozãna ɖe estrogen teƒe alo lãmetsiŋusẽtike (estrogen kple progesterone) siwo wozãna ɖe eteƒe ate ŋu axe mɔ ɖe dɔ siawo nu.
Atike siwo wozãna ɖe estrogen teƒe ate ŋu aɖe alesi ŋusẽ anɔ vɔvɔm le ƒua me dzi akpɔtɔ eye wòaxe mɔ ɖe dzidɔ ƒe amedzidzedze hã nu. Ne wotsɔ progesterone kpe ɖe lãmetsiŋusẽtike siwo wozãna ɖe eteƒe ŋu la, enaa no me kple nyɔnume dɔdzẽ xɔxɔ dzi ɖena kpɔtɔna gake megate ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe dzidɔ dzi o.
Ele be woanɔ te ɖe nɔnɔme siwo me nyɔnua le, eƒe lãmesẽ, kple alesi woƒe lãmesẽ le le woƒe ƒomea me dzi atso nya me ne woazã lãmetsiŋusẽtikea alo womazãe o.b
[Etenuŋɔŋlɔ]
b Kpɔ September 22, 1991, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 14-16.
[Aɖaka si le axa 24]
Nuɖuɖu Kae Nye Nyuitɔ?
Agbalẽ si nye Natural Menopause—The Complete Guide to a Woman’s Most Misunderstood Passage, si Susan Perry kple Ðk. Katherine A. O’Hanlan ŋlɔ mee míeɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna tsoe.
Protein
• Ðe protein si nèɖuna la dzi kpɔtɔ be magasɔ gbɔ wu calorie si nèkpɔna tso nuɖuɖu me gbesiagbe ƒe alafa memamã 15 o.
• Na wò protein la ƒe akpa gãtɔ natso nuɖuɖuwo me eye esi atso lã ɖuɖu me megasɔ gbɔ o.
Carbohydrate
• Ðu nusiwo me carbohydrate sɔ gbɔ ɖo abe nuku siwo womefu akpa o, abolo kple nusiwo wotsɔ abolowɔ wɔe, ayi, azi, mɔli, amagbewo kple atikutsetsewo.
• Mègaɖu sukli kple nuɖuɖu siwo sukli te fũ o.
• Ðu nuɖuɖu siwo wɔ ka geɖe.
Aminuwo
• Ðe aminu siwo nèɖuna la dzi kpɔtɔ be magasɔ gbɔ wu calorie si nèkpɔna tso nuɖuɖu me gbesiagbe ƒe alafa memamã 25 vaseɖe 30 o.
• Ne èle ami agbɔsɔsɔme si nèɖuna dzi ɖem kpɔtɔ la, ɖu nusiwo me ami mesɔ gbɔ ɖo o geɖe wu esiwo me wòsɔ gbɔ ɖo.
Tsi
• No tsi abe ‘beer’ kplu ade va ɖo enyi gbesiagbe.
Vitamin Kple Mineral
• Ðu amagbe kple atikutsetse ƒomevi vovovo gbesiagbe.
• Nyinotsi, nuɖuɖu siwo woɖe tso nyinotsi me, broccoli, kple amagbewo nye nusiwo me nàkpɔ nunyiame si nye calcium geɖe tsoe.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 25]
Nusiwo ƒomea me tɔwo ate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui: Miɖe lɔlɔ̃ deto fia, mikpe ɖe eŋu le aƒemedɔwo me, minye toɖola nyuiwo, miwɔ nane si to vovo ɣeaɖewoɣi