INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 3/8 axa 19-21
  • Gbɔtotsotso Gɔmesese Nyuie Wu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔtotsotso Gɔmesese Nyuie Wu
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Wònye
  • Ɣeyiɣi si me Wòdzɔna Kple Nusitae
  • Agbe me Tɔtrɔ Ðedzesiwo
  • Blanuiléɣiwo
  • Agbenɔnɔ ƒe Ðoƒe Aɖe
  • Tenɔnɔ Ðe Gbɔtotsotso Ƒe Kuxiwo Nu
    Nyɔ!—1995
  • Ale Si Nànɔ Te Ðe Gbɔtotsotso Ƒe Kuxiwo Nu
    Nyɔ!—2013
  • Gbɔtotsotso Ŋuti Nya Ɣaɣlawo Gɔmesese
    Nyɔ!—1995
  • Na Viwònyɔnu Nanya Nu tso Asiɖoɖoanyi Ŋu
    Nyɔ!—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 3/8 axa 19-21

Gbɔtotsotso Gɔmesese Nyuie Wu

NYƆNU aɖe si tso gbɔto gblɔ be: “Nyemagblɔ be enye ɣeyiɣi si me nyɔnuwo sea vivi tututu ale o, gake mesusu be àte ŋu asrɔ̃ nu tso eme. Meva srɔ̃ alesi made bubu afisi nye ŋutete se ɖo la ŋu. Ne nye ŋutilã hiã beléle kple gbɔɖeme la, meɖoa toe eye mewɔna ɖe edzi nɛ.”

Numekuku aɖe si wowɔ si ŋu nya wogblɔ ɖe Canadian Family Physician me fia be nusi wovɔ̃na wu le gbɔtotsotso ŋue nye “alesi womenya nusi woanɔ mɔ kpɔm na be adzɔ o.” Gake nyɔnu siwo va se gbɔtotsotso gɔme be enye dzɔdzɔmetɔtrɔ la “megatsia dzi le wo ɖokui me boo o, womegaléa blanui boo o, wogbɔa dzi ɖi wu eye mɔkpɔkpɔ nɔa wo si le woƒe agbe ŋu wu.”

Nusi Wònye

Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ɖe gbɔtotsotso gɔme ale: “Enye ɣeyiɣi si me gbɔtotsitsi nu tsona le dzɔdzɔme nu zi geɖe le ƒe 45 kple 50 xɔxɔ domee.” Wogblɔe kã hã be gbɔtotsotsoe nye dzinukpɔkpɔ zi mamlea.

Nyɔnu aɖewo ƒe dzinukpɔkpɔ tɔa te zi ɖeka; ne woƒe dzinukpɔɣi aɖe wu enu la, womegakpɔnɛ gbeɖe o. Le bubuwo gome la, enɔa dadam ɖe eme, wokpɔnɛ le kwasiɖa etɔ̃ domee va ɖoa dzinu geɖe megbe. Ne ƒe blibo ɖeka va yi si nyɔnu megakpɔ dzinu o la, ate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be yeƒe gbɔtotsitsi tɔ te zi mamlea si yekpɔ dzinu.

Ɣeyiɣi si me Wòdzɔna Kple Nusitae

Nɔnɔme si ƒe dome wonyi, dɔléle, nuteɖeamedzi, atike siwo zãm wole, kple amekoko ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɣeyiɣi si enu atso dzi. Le Anyiehe Amerika la, nyɔnu akpa gãtɔ xɔa abe ƒe 51 ene hafi dzudzɔa asiɖoɖoanyi. Ɣeyiɣi si koŋ wòtɔa te le ame akpa gãtɔ gomee nye le ƒe 40 xɔxɔ ƒe gɔmedzedze lɔƒo vaseɖe ƒe 55 xɔxɔ me eye ƒã hafi wòdoa ŋgɔ na ɣeyiɣi sia alo doa megbe nɛ. Akɔntabubuwo fia be nyɔnu siwo noa atama tsoa gbɔto kaba wu eye nyɔnu lolowo ƒe gbɔtotsoɣi doa megbe wu.

Azi siwo katã anɔ nyɔnu ƒe azigolowo me la nɔa eme le edziɣi, enyea akpe alafa geɖe. Le eƒe dzinukpɔkpɔ ɖesiaɖe me la, azi 20 va ɖo 1,000 tsina. Ke ɖeka, alo ɣeaɖewoɣi esi wua ɖeka, vana si me woate ŋu ade vii. Azi tsitsi susɔeawo ­gbãna. ­Lãmetsiŋusẽ siwo woyɔna be estrogen kple progesterone sɔa gbɔ ɖe edzi alo wo dzi ɖena kpɔtɔna le afisi azia tsi ɖoe nu.

Ne nyɔnu le eƒe ƒe 30 ƒe mamleawo me la, eƒe estrogen kple progesterone ƒe agbɔsɔsɔme dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ, edzi ate ŋu anɔ ɖeɖem vivivi alo anɔ tsotsom ɖe eme, eye aziawo magava le dzinukpɔkpɔ ɖesiaɖe me o. Womegakpɔa dzinu ɖe ɖoɖo nu tututu o eye zi geɖe la, edome didina; le gbɔtotsitsia ŋutɔ me la, ʋutsi si dona la sɔa gbɔ wu alo nɔa ʋee wu. Mlɔeba la, azi aɖeke megavana o, eye gbɔtotsitsia nu tsona.

Gbɔtotsotso nye tɔtrɔ si nɔ edzi yim le lãmetsiŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ kple azigoloawo ƒe dɔwɔwɔ me si ate ŋu axɔ ƒe ewo la ƒe nuwuwu. Gake azigoloawo ganɔa lãmetsiŋusẽ estrogen ʋee aɖewo tom va ɖo gbɔtotsotso ƒe ƒe 10 vaseɖe 20 megbe. Lãmetsiŋusẽtoƒe bubuwo kple lãmenu siwo naa ami hã naa estrogen.

Agbe me Tɔtrɔ Ðedzesiwo

Nu gblẽna le ŋutilã la ƒe akpa siwo dzi estrogen wɔa dɔ ɖo alo esiwo ƒe dɔwɔwɔ nɔ te ɖe edzi la ŋu ne estrogen ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe kpɔtɔ. Wobui be lãme ƒe dzoxɔxɔ gbagbagbã tsoa lãmetsiŋusẽwo ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame ƒe ahɔhɔ̃ ƒe akpa si kpɔa ŋusẽ ɖe ametia ƒe dzoxɔxɔ dzi gbɔ. Womenya alesi tututu wòdzɔnae o, gake ewɔ abe ɖe wòɖiɖia ŋutilã la ƒe dzo­xɔxɔ dzidzenu la ale be dzo­xɔxɔ siwo sɔe na amea tsã la va xɔa dzo nɛ akpa ene, eye eƒe lãme katã tɔa dzo eye fi­fia nɔa kuklum le eŋu be eƒe lãme nafa.

Gail Sheehy de dzesii le eƒe agbalẽ si nye The Silent Passage​—⁠Menopause me be: “Nyɔnu siwo katã ƒe lãme tɔa dzo gbagbagbã ƒe afã adze dzoxɔxɔa sese gɔme tso esime wokpɔtɔ le asi ɖom anyi ɖe ɖoɖo nu, eye adze egɔme na wo kaba le ƒe blaene xɔxɔ me ko. Numekukuwo fia be nyɔnu akpa gãtɔ ƒe lãme tɔa dzo nenema ƒe eve. Ewɔa nyɔnuwo ƒe akpa eneliawo ɖeka hena ƒe atɔ̃. Eye enɔa wo dometɔ 10 le alafa me ŋu le woƒe agbemeŋkeke mamleawo me.”

Le nyɔnuwo ƒe agbe ƒe ɣeyiɣi sia me la, woƒe nyɔnume ƒe ayiwo megatrina o eye eme ƒuna ne estrogen dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Gail Sheehy gblɔ be eƒe dzesi bubu siwo nyɔnuwo akpɔ ƒe ɖewoe nye “fifia ƒe ƒoƒo ɖe ame dzi le zã me, alɔ̃madɔmadɔ, aɖuɖɔɖɔɖɔ kabakaba, alime ƒe lolo zi ɖeka, dzi ƒe tsotso kabakaba, ­avifafa susumanɔmee, dzikukpɔkpɔ kabakaba, taɖuame sesẽwo, ŋuifiame abe nanee le zɔzɔm le ame ŋu ene, [kple] nuŋɔŋlɔbe.”

Blanuiléɣiwo

Ðe estrogen si dzi ɖe kpɔtɔ nana woléa blanuia? Wohe nya geɖe le nya sia ŋu. Ewɔ abe ŋuɖoɖoae nye be edzɔna ɖe nyɔnu aɖewo, esiwo ƒe nɔnɔme trɔna doa ŋgɔ na woƒe dzinukpɔɣi kple nyɔnu siwo medɔa alɔ̃ o le fifia ƒe ƒoƒo ɖe wo ŋu le zã me ta dzi ene. Ewɔ abe ɖe lãmetsiŋusẽ ƒe dzidziɖedzi alo edzi ƒe ɖeɖe kpɔtɔ wɔa dɔ ɖe nyɔnu siawo dzi ŋutɔ ene. Gail Sheehy gblɔ be zi geɖe la, nyɔnu siawo “ƒe dzi dzea eme ŋutɔ ne wotso gbɔto kura” eye woƒe lãmetsiŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔme va le ɖoɖo nu.

Ele bɔbɔe be nyɔnu siwo tso gbɔto kpata le esi wotsɔ keklẽ ƒe ŋusẽ da dɔ na wo, esiwo wotsɔ atike dae na, alo esiwo woko heɖe woƒe azigolo evea, anye amesiwo akpe fu geɖe wu. Dɔdadamɔnu siawo ate ŋu ana estrogen ƒe agbɔsɔsɔme dzi naɖe kpɔtɔ zi ɖeka eye esia ahe gbɔtotsotso ƒe dzesiwo vɛ. Woate ŋu afia atike siwo wozãna ɖe estrogen teƒe, le alesi nyɔnua ƒe lãmesẽ le nu.

Alesi enu sẽna na nyɔnuwoe kple dɔléle ƒe dzesi siwo ƒomevi wokpɔna la toa vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ ŋutɔ, le nyɔnu siwo nye ƒometɔwo gɔ̃ hã gome. Nusitae nye be lãmetsiŋusẽwo ƒe agbɔsɔsɔ to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ eye nenema ke enye wo dziɖeɖe kpɔtɔ hã. Gakpe ɖe eŋu la, nyɔnuwo ƒe seselelãmewo, nuteɖeamedziwo, woƒe tenɔnɔ ɖe enu ƒe ŋutete, kple nusiwo wole mɔ kpɔm na toa vovo ne wole gbɔtotsoɣi gogom.

Zi geɖe la, gbɔtotsoɣi doa go ɖe nuteɖeamedzi bubuwo nu le nyɔnuwo ƒe agbe me, abe dzila tsitsiwo dzikpɔkpɔ, dɔ yeye gɔmedzedze, wo viwo ƒe dzodzo le wo gbɔ le esi woawo hã tsi ta, kpakple tsitsime ƒe tɔtrɔ bubuwo. Nuteɖeamedzi siawo ate ŋu ahe ŋutilã me kple seselelãme ƒe dzesiwo vɛ, siwo dometɔ aɖewoe nye nuŋɔŋlɔbe, susumanɔnuŋu, dzitsitsi, dzikukpɔkpɔ kabakaba, kple blanuiléle, siwo woate ŋu agblɔ vodadatɔe be gbɔtotsotso gbɔe wotso.

Agbenɔnɔ ƒe Ðoƒe Aɖe

Gbɔtotsotso menye nyɔnuwo ƒe agbe me dzidzemeɣi ƒe nuwuƒe o—woƒe vitsoɣi koe wònye. Le nyɔnu ƒe gbɔtotsitsi mamletɔ megbe la, eƒe seselelãmewo nɔa ɖeka wu, meganɔa tɔtrɔm abe tsã ne eƒe dzinukpɔɣi ɖo ene o.

Togbɔ be gbɔtotsotso koŋ ŋue míeƒo nu le le esi wònye tɔtrɔ ɖedzesi ta hã la, tɔtrɔ si me nyɔnu tsoa vi le ƒe akpa aɖe si dzena koe wònye. Ðetugbimeɖoɖo, fufɔfɔ, kple vidzidzi hã nye tɔtrɔɣi siwo me lãmetsiŋusẽ, ŋutilã me, kple seselelãme ƒe tɔtrɔwo nɔna. Eyata tɔtrɔ siwo vana le nyɔnu ƒe agbenɔnɔ me le alesi eƒe lãmetsiŋusẽwo le dɔ wɔmee ta ƒe susɔe ye gbɔtotsotso nye, gake menye eya koe nye tɔtrɔ si me wòtona o.

Eyata agbenɔnɔ ƒe tɔtrɔɣi aɖee gbɔtotsotso nye. Journal of the American Medical Women’s Association ƒe numetola xoxo aɖe ŋlɔ be: “Ðewohĩ amewo adzudzɔ gbɔtotsotso ŋu bubu afɔkunui, alo kura gɔ̃ hã abe eyae nye tɔtrɔ ‘vevitɔ’ ene, eye woabui wòasɔ wu be ‘tɔtrɔ bubu aɖe koe eya hã nye.’”

Agbalẽ si nye Women Coming of Age gblɔ kakaɖedzitɔe be nyɔnu ƒe vitsotso “nye dzɔdzɔmenu si nu womate ŋu asi le o abe alesi woɖo egɔmedzeɣi ene. Le nyateƒe me la, gbɔtotsoɣi me ɖoɖo nye ­lãmesẽ me nɔnɔ ƒe dzesi​—⁠enye dzesi be [eƒe] lãmegaƒoɖokui le dɔ wɔm ɖe ɖoɖo nu.”

Gake nukae woate ŋu awɔ be tɔtrɔɣi sia me toto nanɔ bɔbɔe alesi woate ŋui? Eye aleke srɔ̃a kple ƒomea me tɔwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋui le tɔtrɔɣi sia me? Nyati si kplɔe ɖo adzro nya siawo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Zi geɖe la, gbototsotso doa go ɖe nuteɖeamedzi bubuwo siwo ŋu dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ kpe ɖo nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe