Lãmesẽnyawo Nyo Ðe Edzi Le Xexeame Godoo—Gake Menye na Amesiame O
LE The World Health Report 1998, si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) ta ƒe nya nu la, amewo ƒe lãmesẽnyawo le nyonyom ɖe edzi eye woƒe agbenɔƒewo hã le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo. Nyatakakaa yɔ kpɔɖeŋu siwo gbɔna.
Dzadzɛnyenye gbɔkpɔnuwo, tsi nyui si dea lãmesẽ dzi, kple lãmesẽtakpɔkpɔ mɔnu veviwo su ame agbɔsɔsɔme gbogbotɔ kekeake si. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, fifia wodoa atike siwo xea mɔ na dɔléle ade siwo koŋ gblẽa nu le ɖeviwo ŋu le woƒe ɖevimenɔɣi na ɖevi akpa gãtɔ siwo le xexeame.a Esia wɔe be ɖevi agbɔsɔsɔme si kuna dzi ɖe kpɔtɔ. Ðevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ o dometɔ miliɔn 21 ku le ƒe 1955 me, gake xexlẽme ma dzi ɖe kpɔtɔ va ɖo abe miliɔn 10 ene le ƒe 1997 me. Gake le dukɔ deŋgɔ geɖewo me la, dzidɔ ƒe amewuwu dzi ɖe kpɔtɔ nukutɔe le ƒe siawo me.
Gake nyatakaka la gblɔ kpee be, ŋgɔyiyi siwo wowɔ le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me mekpe xexeame katã ɖo kura o. HIV/AIDS kpɔtɔ nye afɔku wuame. AIDS si menɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1981 o la wu amesiwo wobu be woade miliɔn 11.7 tso esime dɔvɔ̃a do. Eye mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woaɖe eƒe nugbegblẽ ɖa le etsɔme o. Le ƒe 1996 me la, ɖevi 400,000 siwo mekpɔ xɔ ƒe 15 haɖe o, xɔ HIV. Le ƒe 1997 me la, esusɔ ʋɛ ɖevi siwo xɔ ƒe ma ke, siwo hã xɔ dɔlékuia yeyee, ƒe xexlẽme nade 600,000.
Hiãkame Nye Afɔku na Lãmesẽ Kokoko
Vevietɔ ame miliɔn alafa geɖe siwo hiãkame le fu ɖem na mekpɔ tɔtrɔ gobii aɖeke le lãmesẽnyawo ƒe nyonyo me o. Wo dometɔ akpa gãtɔ le dukɔ madeŋgɔ siwo me dɔléle bɔ ɖo, si na be amewo bu mɔkpɔkpɔ, eye amewo ƒe agbenɔƒe le kpuie, me. Ðk. Hiroshi Nakajima si nye WHO ƒe dɔnunɔlagã tsã gblɔ̃ be: “Ne mede ɖeke o hã la, vovototo siwo le kesinɔtɔwo kple ame dahewo ƒe lãmesẽnyawo dome lolo abe alesi wònɔ ƒe blaatɔ̃ va yi ene.” Lãmesẽhabɔbɔa ŋuti nunyala aɖe gblɔ be, enye nusi wɔ nublanui be dometsotso siawo gale kekem ɖe edzi gɔ̃ hã, elabena “dzɔgbevɔ̃e eve ƒokpli ye le nu gblẽm le dukɔ madeŋgɔwo ŋu. Menye dɔléle sesẽ yeye siwo le dodom egbea ɖeɖekoe wokpea akɔ kplii o ke kple anyigba xɔdzowo dzi dɔléle siwo kpɔtɔ li hã.”
Gake togbɔ be ele alea hã la, woate ŋu atrɔ asi le nɔnɔmea ŋu wòanyo ɖe edzi. Le nyateƒe me la, mɔnu siwo dzi woato axe mɔ ɖe kukpo miliɔn geɖewo nu li xoxo. Le kpɔɖeŋu me, Ðk. Nakajima gblɔ be: “Ne mede ɖeke o la, dɔléle siwo wokpɔ atike na wua ɖevi miliɔn 2 ƒe sia ƒe.” Esi Ðk. Nakajima nɔ tɔ tem ɖe edzi be ele be woana dometsotso si le kesinɔtɔwo kple ame dahewo ƒe lãmesẽnyawo dome namia la, egblɔ kpee be: “Ɣeyiɣia de be míakpɔe adze sii be lãmesẽkuxiwo nye nya si dze ŋgɔ xexeame katã.” Xexeame hiã “dukɔwo ƒe asi kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu, si woatu ɖe hadomedzɔdzɔenyenye, ameŋkumemakpɔmakpɔ kple ɖekawɔwɔ dzi, le lãmesẽnyawo me” kpata.
The World Health Report 1998 gblɔ be: “Togbɔ be ɖewohĩ eteƒe adidi hafi ɖekawɔwɔ sia nava eme hã la, dukɔ ɖesiaɖe ate ŋu adze agbagba do ŋgɔ awɔ nu geɖe atsɔ atrɔ asi le dukɔmeviwo ƒe lãmesẽnyawo ŋu.” Le mɔ ka nu? To hehenana dukɔmeviwo be woasrɔ̃ “agbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuwo kple alesi woanɔ agbe le dzadzɛnyenye me” be woaxe mɔ ɖe dɔléle nu alo aɖe edzi akpɔtɔ me. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe Dukplɔse gblɔe le mɔ sia nu be: “Nunyanya tso eŋu kple nuwɔwɔ aduadu si ame ɖesiaɖe aɖe afiae nye nu vevitɔwo kekeake le asitɔtrɔ le lãmesẽnyawo ŋu be wòanyo ɖe edzi me.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Dɔléle ade siwo ɖeviwo léna enye, agbaɣi, atatutudɔ, yɔmekpe, vemexexedɔ, kɔkɔdzayi, kple vidzĩwo ƒe glãkpekpedɔ.