Sɔhɛwo Biana Be . . .
Ke ne Dzinyela Daa Vo Ðe?
“Fofonye nye Kristotɔ ƒe ewo sɔŋ. Gake fifia egbɔdzɔ. Megasrɔ̃a Biblia o eye megadea kpekpewo edziedzi hã o. Eɖea ɖeklemi nɔvia Kristotɔ siwo le hamea me ɣesiaɣi. Eye xexeame ƒe susuwoe le esi le ameƒomeviwo kple nu bubu geɖe ŋu. Mebunɛ be alakpanuwɔlae wònye.”—Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe.
DZILA aɖeke mede blibo o. Biblia gblɔ be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Gake ne dawò alo fofowò wɔa nu abe Kristotɔ kpɔɖeŋunyuiɖola ene le gota evɔ wòwɔa nu vlo le aƒeme la, ke ezu nya bubu kura. Nyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Fofonye wɔa nu nyuie le amewo gbɔ. Gake ezua ame bubu kura ne mele amewo dome o—ebia dzi ŋutɔ! Nye nuwɔna aɖeke medzea eŋu o, eye ena amesiame tsia fuxefuxe le aƒea me. Fifia dzi medzɔam le agbe me kura o. Fuléle koe le menye ɖe eyama ŋu.”
Dzikudodo kple fuléle nu ate ŋu asẽ ɖe sɔhɛ siwo wowɔa fu vovovowoe vevie le aƒeme me. Esia na nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Mary ŋlɔ nu tso “ŋutasesẽ, gbɔɖiame, kple fu ɖesiaɖe ƒomevi” si fofoa—si nye ahanoxe—la wɔe ŋu. Etsɔ vevesese gblɔ be: “Amewo vaa mí ɖeviawo gbɔ hegblɔna na mí be fofo nyui aɖe le mía si eye be mía tɔ nyo ŋutɔ.”
Biblia tsri alakpanuwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe. (Yakobo 3:17) Exlɔ̃ nu mí be le Mawu subɔla vavãwo gɔ̃ hã dome la, “gbedegblemimewo” abe ɖe eme. (Psalmo 26:4; tsɔe sɔ kple Yuda 4.) Gake ɖewohĩ esia nyanya mana nuwo nabɔbɔ ya o, vevietɔ ne dziwòla ŋutɔe nye alakpanuwɔla la—amesi wòle be nàlɔ̃ ahade bubu eŋu hafi. Seselelãme vovovo siwo ɖoa sɔhɛ aɖewo me wua tsɔtsɔ na wo. Nyɔnuvi aɖe fa konyi be: “Mehiã na kpekpeɖeŋu. Biblia gblɔ be ‘bu fofowò,’ gake nyemete ŋu bunɛ o.”
Nusi Koŋ Bubudede Wo Ŋu Fia
Ele eme be ‘ɖokuinuɖenya’ aɖeke mele Biblia ƒe sedede be woaɖo to dzilawo la me na sɔhɛ siwo bui be yewo dzilawo medze na bubu o la o. (Efesotɔwo 6:1, 2) Gake bubudede ame dzila ŋu mefia kokoko be nèlɔ̃ ɖe alesi wònɔa agbee dzi alo kpɔa dzidzɔ ɖe alesi wòwɔa nu ɖe ŋuwòe ŋu o.a Le Biblia me la, ‘bubu’ ate ŋu afia ko be woade dzesi ŋusẽ si woɖo.
Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro ŋlɔe be Kristotɔwo ‘nabu fia la.’ (Petro I, 2:17) Petro nya nyuie be zi geɖe la, fiawo ƒe agbenɔnɔ medzea ame ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Fia Herodes Agrippa I, nye ame dzeha mabutame. Esi Romatɔwo ɖoe Palestina-fia megbe la, ena woti Kristotɔwo yome. “[Ewu] Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi. Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã.” (Dɔwɔwɔwo 12:1-3) Gake Petro mede aglãdzedze ƒe dzi ƒo o. Ke boŋ egblɔ be woabu fiawo. Eye susu nyui aɖe tae wògblɔe ɖo. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue toɖoɖo amegbetɔ ƒe dzilawo nye. Eye le Petro ŋɔli la, ŋusẽ kple ŋutete blibo nɔ fia aɖewo ŋu. Salomo gblɔ be: “Nusianu, si dze eŋu la, awɔe. Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle?”—Nyagblɔla 8:3, 4.
Nenema ke enye dziwòla—gbɔdzɔgbɔdzɔ kae ɖale eŋu o—eya koe gale dziwò kpɔm eye ekpɔ ŋusẽ geɖe ɖe wò agbe dzi. Eyata nunya manɔ eme be nàdze aglã ɖe eŋu alo ado vloe o. Menye ɖeko ema wɔwɔ awɔe be agbenɔnɔ nasesẽ na wò o ke ate ŋu awɔe hã be wò nu madze Mawu ŋu o. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 30:17; Nyagblɔla 10:4.) Azɔ hã asikpekpe ɖe eŋu alesi nàte ŋui akpe ɖe ŋuwò be ŋutifafa kple tomefafa aɖe ya teti nanɔ wò ƒomedodo kple dziwòla me.—Kolosetɔwo 3:20.
Alesi Nànɔ Te Ðe Dziku Kple Dɔmedzoe Nui
Ke aleke nàte ŋu awɔ nu bubutɔe kple amesi do dziku na wò hedo ŋukpe wò? Esia wɔwɔ mele bɔbɔe o. Gake ŋkuléle ɖe eƒe vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ɣesiaɣi ana nàbi dzi dzodzro. Ðe wòanye be ehiã be nàtsɔ susu nyui aɖe abu dziwòla la ŋu wu, ahakafui ɖe nɔnɔme nyui ɖesiaɖe si anɔ esi ta?
Se nya si Lododowo 19:11 gblɔ ɖa: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae.” Agbagbadzedze be yease nu gɔme na dziwòla la ate ŋu ana wò nukpɔsusu le nuwo ŋu natrɔ. Tagbɔsẽla wònye ŋutɔŋutɔa? Alo ɖe wòanye be ɖeko wògbɔdzɔ, dzi ɖe le eƒo, eye wòhiã kpekpeɖeŋua? Ðe wòanye dɔléle, nuteɖeamedzi, akogotsitsi, alo dɔ ƒe nutikɔname ye na wòle nu wɔm nenema? Ne ele alea la, ke kuxi siawo gɔmesese nɛ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse veve ɖe dziwòla la nu vevie eye ɖewohĩ dzi magaku wò ɖe eŋu boo o.
Aleke kee wòɖale o, anyo be nàgblɔ wò seselelãmewo na ame aɖe. (Lododowo 12:25) Nyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Fofonye mua aha vlevlevle. Nyemete ŋu gblɔa alesi mesena le ɖokuinye me na dzinyelawo o, eyata ɖeko memiãa nu ɖe edzi kpoo.” Gake mehiã be wò ɖeka nakpe fua o. Togbɔ be menye dzilawo teƒe xɔm Kristo-hamea me ame tsitsiwo le o hã la, woate ŋu awɔ geɖe atsɔ aɖe bemalémalé na ame le aƒeme dzi akpɔtɔ. (Tsɔe sɔ kple Marko 10:30.) Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃wo ɖea woƒe lɔlɔ̃ fiana ɣesiaɣi. Ke nukata ame nɔvi li ɖo ne menye be wòakpe fu kple ame o?”—Today’s English Version.
‘Mate Ŋu Atrɔe’
Nu tena ɖe sɔhɛ aɖewo dzi le esi wotsɔa agbanɔamedzi ɖoa wo ɖokui dzi madzemadzee ta. Mary gblɔ le eya ŋutɔ kple nɔviawo ŋu be: “Ŋɔdzi léa mí ɣesiaɣi be ɖewohĩ amewo ava nya nu tso fofonye ƒe ahatsunono ŋu.” Wo dometɔ bubuwo ɖea fu na wo ɖokui esi wodzea agbagba dzodzro be yewoatrɔ yewo dzila dzeaglã la ƒe nɔnɔme.
Zi alesi nèlɔ̃a dziwòla heléa be nɛ ko la, womabu fɔ wò ɖe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta o. Eƒe agba ‘le eya ŋutɔ ƒe ta dzi’ le Mawu ŋkume. (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:5; Yakobo 5:14.) Menye wò agbanɔamedzie wònye be wò ŋku nanɔ dziwòla ƒe nuwɔna ŋu alo nàkpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Nyahehe alo gbɔɖiɖi dziwòla ɣesiaɣi ana wòabi dzi ɖe ŋuwò boŋ.
Esia mefia be naneke meli nàwɔ o. Àte ŋu ‘ado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe’ be dziwòla la ƒe dzi natrɔ. (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Egbɔgblɔ nɛ edziedzi be yelɔ̃e kple ekafukafu anukwaretɔe le afisi wòsɔ le, hã ate ŋu ana eƒe nya me nabɔbɔ vie. Gawu la, nusi nàgawɔ koe nye be nàdo dzi le nɔnɔmea me alesi nàte ŋui.b
Le nyateƒe me la, ne Kristotɔe mia kple dziwòla la mienye eye wòle nu gbegblẽ vɔ̃ɖi aɖe wɔm abe ahatsunono alo dzikudodo heliheli ene la, asɔ be nàse le ɖokuiwò me be yeatsɔ nya la aɖo hamemegãwo ŋkume ne woakpɔ egbɔ. (Yakobo 5:14) Esia manye anukwaremaɖimaɖi o ke boŋ afɔɖeɖe si me lɔlɔ̃ le ye wònye be woana kpekpeɖeŋu si dziwòla hiã vevie lae. Nyateƒee, dzila aɖewo tsɔa dziku sẽa nu be yewo mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o eye wotua nu kple ɖeviawo le bebeme, gake ɖevi siwo “kpe fu le nu dzɔdzɔe ŋuti” le go sia me la ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe yewoƒe nuwɔwɔ kalẽtɔe ŋu eye be aɖe nyateƒea afia le eƒe ɣeyiɣi si sɔ me.—Petro I, 3:14; Timoteo I, 5:24, 25.
Wɔ Wò Ŋutɔ Wò Xɔxɔdɔ
Salomo gblɔ be: “Teteɖeanyi ɖeɖe dzaa ate ŋu ana nunyala nawɔ nu aɖaʋatɔe.” (Nyagblɔla 7:7, NW) Nublanuitɔe la, ɖevi aɖewo bi dzi vevie le wo dzila ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ ta eye woa ŋutɔwo hã dzea nutovowɔwɔ gɔme. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã do dziku ɖe Mawu ŋu eye wodo le Kristotɔwo ƒe mɔ la dzi! (Lododowo 19:3) Biblia xlɔ̃ nu be: “Dɔmedzoe megaflu wò nayi fewu ɖu ge o. . . . Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie! Megatrɔ ɖe yakanu ŋu o.”—Hiob 36:18-21.
Le esi teƒe be nàtsi dzi ɖe dziwòla ƒe tenɔnɔ le Mawu ŋkume ŋu fũ la, ehiã be ‘nàtsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya awɔ wò ŋutɔ wò xɔxɔdɔ lae.’ (Filipitɔwo 2:12) Le blema la, fiavi ɖekakpui si ŋkɔe nye Xizkiya wɔ nu ma ke le nɔnɔme ma tɔgbe me. Fofoa Fia Axaz gblɔ be Yehowa subɔlae yenye. (Yesaya 7:10-12) Evɔa trɔ̃subɔla ŋutɔŋutɔe wònye, eye wòtsɔ via ɖeka sa vɔe gɔ̃ hã! (Fiawo II, 16:1-4) Kpɔ alesi xɔsegbegbe vɔ̃ɖi sia agbã dzi na ɖekakpui Xizkiyae ɖa! Psalmo 119:28 si ame aɖewo xɔ se be fiavi siae ŋlɔe la gblɔ be: “Nye luʋɔ fa aɖatsi le nuxaxa ta; fɔm ɖe tsitrenu le wò nya la nu!”
Nu ma tututue Yehowa wɔ! Esi Xizkiya tsɔ gbedodoɖa kple Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ ɖo dɔe ta la, eya ŋutɔ ƒe gbɔgbɔmemenyenye sẽ ɖe edzi togbɔ be ame mawo ƒo xlãe gake. (Psalmo 119:97) Ekpɔ eƒe hadede hã dzi nyuie. (Psalmo 119:63) Nukae do tso eme? Togbɔ be fofoa alakpanuwɔla la ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖi hã la, Xizkiya ŋutɔ ‘ku ɖe Yehowa ŋu.’ (Fiawo II, 18:6) Wò hã àte ŋui! Dziwòla ate ŋu anɔ alakpanu wɔm, gake mehiã be nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu o. Yi edzi nàku ɖe Yehowa ŋu eye ɖewohĩ nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui si nàɖo la awɔ dɔ ɖe dziwòla la dzi gbeɖeka be wòatrɔ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Bene míagblɔ nyawo kpuie ta la, míazã dzila ɖeka ko ɖe evea teƒe.
b Mefia be ele be sɔhɛ naɖe mɔ woasẽ ŋuta le eŋu alo woadɔ egbɔ o. Ele be sɔhɛ si le nɔnɔme ma me nadi kpekpeɖeŋu, ne ahiã be wòate ɖe ƒomea godotɔ aɖe ŋu gɔ̃ hã.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 27]
Mele be nàwɔ nu gbegblẽ le esi dziwòla wɔnɛ ta o