INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 12/8 axa 14-16
  • Dzila Ahanomunɔtɔ​—Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Enu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzila Ahanomunɔtɔ​—Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Enu?
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia Gɔme Sese
  • Alesi Wòkpɔa Ŋusẽ ɖe Dziwòe
  • Alesi Nànɔ Te ɖe Enui
  • Aleke Ƒomea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui?
    Nyɔ!—1992
  • Kpekpeɖeŋu na Ahamulawo ƒe Vi Tsitsiwo
    Nyɔ!—1992
  • Àte Ŋu Aɖu Kuxi Siwo Gblẽa Nu le Ƒome Ŋu Dzi
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Woate Ŋu Adzudzɔ
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 12/8 axa 14-16

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Dzila Ahanomunɔtɔ​—Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Enu?

“Gbɔgbɔ va aƒeme medzɔa dzi nam o. Nyemenya ne Danye anɔ aƒea me o, eye ne eli la, ke ɖewohĩ emu aha eye wòanɔ nyahehe dzi be nyemenye ɖevi nyui o.”​—Robert.

“Amewo kpɔkplɔ va aƒemee na metɔtɔ ŋutɔ . . . nye ƒomea kpe nu nam ŋutɔ.”​—Patricia.

SƆHƐ miliɔn geɖe doa dzi nɔa xaxa si le dzila ahanomunɔtɔ gbɔ nɔnɔ me la me gbesiagbe. Agbalẽ si nye Teen Troubles gblɔ be: “Dzila ahanomunɔtɔ gbɔ nɔnɔ fia nuteɖeamedzi me toto​—esi nye nuteɖeamedzi si tsoa nu vovovowo gbɔ vaa dziwò.”

Dzila ahanomunɔtɔ akpa gãtɔ ƒoa wo viwo alo dɔa wo gbɔ.a Eye ne nɔnɔmea megbɔ eme akpa nenema gbegbe o gɔ̃ hã la, agbalẽ si nye Options de dzesii be, “ne ahanono nana [dzila ahanomunɔtɔ] nyea amesi womenya ɣeyiɣi si me woadze agbo o, wɔa nu agbanɔamedzi matsɔmatsɔtɔe, wɔa nu gbodogbodo alo doa dziku ɖaa hã la, eɖea fu na ɖeviwo kokoko.”

Eyata mewɔ nuku o be àdo dziku, àtɔtɔ, alo dzi naɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi. Gake togbɔ be dzila ahanomunɔtɔ gbɔ nɔnɔ sesẽ hã la, àte ŋu asrɔ̃ alesi nànɔ te ɖe enui.

Kuxia Gɔme Sese

Gbã la, nusi ta koŋ dziwòla noa aha ɖo gɔme sese akpe ɖe ŋuwò.b Lododowo 1:5 gblɔ be: “Ne nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi.”

Menye ame aɖe si mua aha ɣeaɖewoɣi koe ahanomunɔtɔ nye o, eye ahanomunɔtɔ menye ahamula kokoko o. Ahamumu ŋuti nunyalawo ɖe ahamumu gɔme be enye ahamanomano ɖe ŋku ŋu atraɖii si gblẽa nu le ame ƒe agbenɔnɔ, dɔ, kple lãmesẽ ŋu vevie. Ahanono tsia ahanomunɔtɔ la si​—ekpɔa ŋusẽ ɖe edzi eye mate ŋu aɖu enono dzi o. Ahamumu ŋuti nunyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be aha tsitsri keŋkeŋ dzi koe woate ŋu ato aɖu ahamumu dzi.c

Togbɔ be ahamumu alɔ susu ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi ƒe nɔnɔme siwo ana ahamumu nazu nu mãme na ame aɖewo wu ɖe eme hã la, edze abe ɖe wòlɔ seselelãmewo hã ɖe eme ene. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la ahanomunɔtɔ nyɔa ŋu na eɖokui le ememe ke ɣesiaɣi. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 14:​13.) Ðk. Abraham Twerski gblɔ be: “Le nye nuteƒekpɔkpɔ me la, nyemekpɔ ahanomunɔtɔ si se le eɖokui me nyuie be bubu le ye ŋu, se le eɖokui me be yedze eye kakaɖedzi le eme do ŋgɔ na eƒe ahamumu kpɔ o.” Nyateƒee, ƒome ahanomunɔtɔwo ƒemee ahamula geɖewo tsi le. Ðewohĩ awɔ abe ɖe ahanono atsi ɖevime nuteɖeamedzi siwo me woto la nu ene.

Gake ɖeko ahanono dzia ahanomunɔtɔ ƒe kuxiwo ɖe edzi. Agbalẽ si nye Under the Influence gblɔ be eƒe “aha trɔa eƒe nuwɔnawo, tamesusuwo, kple seselelãmewo.” Eyata menye ahanono ƒe kuxi koe ɖea fu na ahanomunɔtɔ o; mebua tame nyui o. Ahiã kpekpeɖeŋu geɖe, ɖewohĩ tso ahamumu ŋuti aɖaŋuɖola si wona hehee gbɔ be wòadzudzɔ ahanono. Gake ne èse ahamumu ƒe nya aɖewo gɔme la, ekema àte ŋu adze egɔme ya teti atsɔ veveseɖeamenu ƒe susu geɖe abu dziwòlae.​—Lododowo 19:⁠11.

Alesi Wòkpɔa Ŋusẽ ɖe Dziwòe

Ne dzila ɖeka nye ahamula la, ekpɔa ŋusẽ ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe dzi. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo l, 12:​26.) Ðikekewo axɔ wò agbe me. Ðe dziwòla anɔ mo xexi agbɔ va aƒemea alo amu aha? Ðe wòakpla asi kɔ na wò alo atsɔ nu aƒo wòea? Ẽ, zi geɖe la dzila ahanomunɔtɔ wɔa nusi gbɔ eme. Ðk. James P. Comer de dzesii be: “Wote ŋu lɔ̃a ame hetsɔa agbanɔamedziwo ne wole mo xexi, gake woawɔ adã vevie hesẽa ŋuta ne womu aha.” Nɔnɔme si woaɖe afia la manyamanya ate ŋu ana màda asɔ nyuie le seselelãme gome o. Àlɔ̃ dziwòla ahanomunɔtɔ fifia, eye eƒe nu aku dzi na wò emegbe. Ðetugbi aɖe ʋu eme be: “Ðeko wòdzroam ɣeaɖewoɣi be wòaku.”

Ɣeaɖewoɣi la, ŋusẽ siwo tsitsi le ahanomunɔtɔwo ƒeme kpɔna ɖe ame dzi la medzena gaglã o ƒe geɖe. Zi geɖe la ahanomunɔtɔwo ƒe viwo ŋutɔwo va zua ahanomunɔtɔwo​—alo ɖea wo dometɔ aɖe. Ðetugbi Kristotɔ aɖe to esia me nyɔ eƒe seselelãme ɖe ŋutsu aɖe si wògblɔ be ede asi ‘ahanomunɔtɔ zuzu me’ la me. Togbɔ be enya ŋutsu Kristotɔ nyui siwo da sɔ hã la, woƒe nu medzroe o. Ke nukatae ahamula sia ya dzroe? Esi wònɔ nu ƒom ɖe ame bubuwo abe eya ŋutɔ ene nu la, egblɔ be: “Amesiawoe míedo ƒome kpli eye míate ŋu ase nu gɔme na.”

Hamemegã Kristotɔ aɖe te ŋu kpe ɖe eŋu wòɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖo le esia gome, eye wòto esia me ɖe ahamumu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si gblẽa nu le ame ŋu la ɖa. Eyata eme kɔ ƒã be mànɔ dzidzɔmakpɔmakpɔ dzi ɖaa le esi nèle ahanomunɔtɔ ƒe aƒeme ta ko o. Àte ŋu aɖe nu si wòagblẽ le ŋuwò dzi akpɔtɔ eye ɖewohĩ nàkpe ɖe dziwòla ahanomunɔtɔ ŋu kura gɔ̃ hã.

Alesi Nànɔ Te ɖe Enui

Ðk. Stanton E. Samenow de dzesii be: “Nuto si me ame tso mele vevie wu tiatia si wòawɔ esi wòle nu wɔm ɖe nuto ma ƒe nɔnɔme nu o.” Ẽ, ne edze abe ɖe aƒemenɔnɔmewo do gã ɖe edzi ene la, àte ŋu aɖu wò agbenɔnɔ dzi. To mɔ ka dzi?

Mègabu fɔ ɖokuiwò le dziwòla ƒe ahanono ta o. Beth si xɔ ƒe 13 la gblɔ be: “Dzinyelawo gblɔ nam be nye vodada tae. Wotsɔ eƒe nugbegblẽwɔwɔ do taflatsee be eya tae yewole aha nom. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Meɖi nu bliboa katã ƒe fɔ vevie. Gake dziwòla​—dziwòla ɖeɖeko​—dzie eƒe ahamumu ƒe agba la le. Galatiatɔwo 6:5 gblɔ be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.”

Eyata màte ŋu ana dziwòla ahanomunɔtɔ nadzudzɔ ahamumu o. Nyahehe, Nyatoƒoetoto, avifafa kple nya ʋiʋli kplii mawɔ nu gobii aɖeke o. Hekpe ɖe eŋu la, menye wò agbae wònye be nàɖee tso eƒe ahanono me tsonuwo me to aʋatso kaka ɖe enu alo to ehehe tso akpata me esime wòmu vlevlevle me o.

De dzi ƒo nɛ be wòaxɔ kpekpeɖeŋu. Zi geɖe la, esia biana be dziwòla si memua aha o kple nɔviwòwo nado alɔ wò.d December  8, 1982 ƒe Awake! ɖo aɖaŋu aɖewo koŋ le alesi ƒomea me tɔwo ate ŋu (1) akpe ɖe ahanomunɔtɔ la ŋu wòanɔ te ɖe eƒe ahanono me tsonuwo nu kple (2) woatsɔ eƒe ahanonoa aɖo eŋkume tẽ ŋuti. Nyawo gbɔ kpɔkpɔ alea akpe ɖe eŋu woakpɔ alesi wòhiã be wòaxɔ kpekpeɖeŋu adze sii.

Dzo le afisi nya la dzɔ le.Lododowo 17:14 gblɔ be: ‘Dzo hafi dzre la nava do gã.’Mègade ɖokuiwò afɔku me to nu dede dzilawo ƒe dzrewɔwɔ me o. (Lododowo 26:17) Ne anya wɔ la, dzo yi wò xɔ me, alo nàyi xɔ̃wò aɖe ƒeme. Ne nuvlowɔwɔ ƒe ŋɔdzidoname aɖe li la,ahiã be nàxɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ.

Lɔ̃ ɖe wò seselelãmewo dzi. Sɔhɛ aɖewo sena le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ le esi wodoa dziku ɖe wo fofo ŋu ta. Gake ɖeko wòsɔ le dzɔdzɔme nu be woase le ame ɖokui me nenema, vevietɔ ne eƒe ahanonoa xea mɔ nɛ be metsɔa beléle kple kpekpeɖeŋu si nèhiã la na wò o. Nyateƒee, Biblia la gblɔ be ele be nabu dziwòla. (Efesotɔwo 6:​2, 3) Gake “bubu” fia be ele be nàbu eƒe dzilanyenye ƒe ŋusẽ abe alesi nèbua kpovitɔ alo ʋɔnudrɔ̃la ene. Mefia be èda asi ɖe eƒe ahanono dzi o. (Romatɔwo 12:⁠9) Eye eƒe ahanono si nyɔa ŋu na wo la mena nènye ame gbegblẽ o; ahamumu nyɔa ŋu! (Kpɔ Lododowo 23:​29-35.) Gake ɖewohĩ àte ŋu asrɔ̃ alesi nàlé fu eƒe ahamumua ke menye eya ŋutɔŋutɔ o.​—Yuda 23.

Di hadede si atu wò ɖo: Ne aƒemegbenɔnɔ tɔtɔ la, àte ŋu adzɔ be nàŋe aɖaba aƒu nusi sɔ la dzi. Eyata ele vevie be nàde ha kple amesiwo si gbɔgbɔ me kple seselelãme lãmesẽ le. “Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo” le Kristo-hamea me siwo ate ŋu alé be na wò ahana kpekpeɖeŋu geɖe wò. (Marko 10:30) Woate ŋu ana gbɔdzɔe wò ɣeaɖewoɣi tso ƒome ƒe nuteɖeamedzi me. Hadede kple ƒome Kristotɔwo agate ŋu ana ƒomegbenɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui hã wò, esi ate ŋu aɖɔ kpɔɖeŋu gbegblẽ si nèkpɔna le aƒeme la ɖo.

Xɔ kpekpeɖeŋu. Ame tsitsi bibi si dzi nàte ŋu aka ɖo si nàgblɔ wo seselelãmewo na ƒe amesinɔnɔ ɖea vi ŋutɔŋutɔ. Zi geɖe la, hamemegãwo wɔa akpa sia. Ðk. Timmen Cermak ɖo ŋku edzi be: “Aleke gbegbee nèse le ɖokuiwo me be yetɔtɔe o, ɖo ŋku edzi be mele be wò ɖeɖe nakpe fua o.”

Ao, ɖewohĩ màte ŋu atrɔ alesi nɔnɔmea le le aƒea me o. Gake abe alesi Ðk. Claudia Black ŋlɔe ene la: “Ƒomea me tɔwo ate ŋu atrɔ alesi nu gblẽ le woƒe agbenɔnɔ ŋui.” Le esi teƒe be nàdze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe ahanomunɔtɔ la dzi la, he susu yi amesi dzi nàte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖo​—esi nye wò ŋutɔ la dzi. Tsɔ ɖe le wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo me. (Mateo 5:3; 24:​14; Hebritɔwo 10:​24, 25) Biblia gblɔ le Filipitɔwo 2:12 be: ‘Miyi edzi miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la.’ Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàlé nukpɔsusu nyuitɔ me ɖe asi, eye ate ŋu aʋã dziwòla la gɔ̃ hã be wòadi eƒe kuxia gbɔkpɔnu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne dziwòla ahanomunɔtɔ le ŋuta sẽm le ŋuwò Ia, ke èhiã kpekpeɖeŋu. Tsɔ nya la ɖo ame tsitsi si dzi nèka ɖo la ŋkume. Le kpɔɖeŋu me, le Yehowa Dasefowo dome la, sɔhɛwo ate ŋu ate ɖe hamemegãwo alo Kristotɔ bibi bubuwo ŋu faa. Mɔfiafia xɔasi si ku ɖe kpekpeŋunana amesiwo ŋu wole ŋuta sẽm le ŋuti la le October 8, 1991 ƒe Awake! me.

b Be wòanɔ bɔbɔe ta la, míaƒo nu tso ahanomunɔtɔ ŋu le nyati sia me be enye ŋutsu. Gake gɔmeɖoseawo ku ɖe nyɔnu ahanomunɔwo hã ŋu.

c Ne èdi ahamumu ŋu nya bubuwo la, kpɔ September 8, 1992 ƒe Nyɔ!, kple July 8, 1992 ƒe Awake! Kpɔ April 15, 1983 ƒe Watchtower hã.

d Ne dzila ahanomunɔtɔ la gblɔna be Kristotɔe yenye la,ɖewohĩ wò ƒomea adi hã be yeaxɔ hamegãwo ƒe kpekpeɖeŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ðe wò seselelãmewo gblɔ na ame tsitsi si dzi nàte ŋu aka ɖo la

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe