INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 8/8 axa 23-25
  • Nukatae Dada Dze Dɔ Vevie Alea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Dada Dze Dɔ Vevie Alea?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukatae Dzinyela Dze Dɔ?
  • Vevesese
  • Nusi Nàte Ŋu Awɔ
  • Alesi Nàyi Edzi Ada Asɔ le Gbɔgbɔ Me
  • Ke ne Dzinyela Daa Vo Ðe?
    Nyɔ!—1995
  • Ne Dzinyelawo Tsi Tre Ðe Nye Srɔ̃ɖeɖe Ŋu Ðe?
    Nyɔ!—1998
  • Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo
    Nyɔ!—2002
  • Nukata Dzinyela Melɔ̃am O?
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 8/8 axa 23-25

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Dada Dze Dɔ Vevie Alea?

Kansa wu Al fofo.a Esi wofia nu Al le tsitretsitsi ŋugbedodo si le Biblia me ta la, ete ŋu nɔ te ɖe dzɔgbevɔ̃ea nu vie. Gake esi wokpɔ be kansa le dadaa ŋu la, ŋɔdzi galée ake. Be dzila bubu nagaku na vɔvɔ̃ ɖo Al ŋutɔ. Etsɔa vevesese biaa eɖokui be, ‘Nukata wònye danyee adze dɔ?’

LE Ðk. Leonard Felder ƒe nya nu la, “Amerikatɔ siwo wu miliɔn blaade . . . ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe nye dɔnɔ alo wɔametɔ.” Felder gblɔ kpee be: “Le ŋkeke ɖesiaɖe dzi la, ele be Amerika-dɔwɔla ɖeka le ame ene ɖesiaɖe dome natsɔ agbanɔamedzi yeye si nye dzila [alo ame vevi bubu] si nye dɔnɔ dzi kpɔkpɔ.” Ne èle nɔnɔme ma ƒomevi me la, menye wò ɖeka koe o. Ke hã enyea ŋɔdzi kple vevesese be nàkpɔ amesi nèlɔ̃na wòadze dɔ. Aleke nàwɔ anɔ te ɖe enui?

Nukatae Dzinyela Dze Dɔ?

Lododowo 15:​13 gblɔ be: “Ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” Esɔ le dzɔdzɔme nu be nàtɔtɔ ne dziwòla dze dɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abu fɔ ɖokuiwò ɖe dziwòla ƒe dɔlélea ta. Ðewohĩ masɔmasɔ aɖewo le mia kple dziwòla dome. Mianya he glãka zi ɖeka alo zi eve aɖe va yi. Fifia si dziwòlaa dze dɔ la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be yegbɔe wòtso. Gake togbɔ be ƒometɔwo dome nyahehe ate ŋu ahe nuteɖeamedzi vɛ hã la, mena wodzea dɔ sesẽ o. Dziku kple nugɔmemasemasewo ate ŋu ado mo ɖa le Kristotɔwo ƒe aƒe siwo me lɔlɔ̃ le gɔ̃ hã me. Eyata mele be nàbu fɔ ɖokuiwò, abe ke wòe na dziwòla dze dɔ ene o.

Ne míagblɔe tututu la, mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, ƒe nuvɔ̃ tae fofowò alo dawò dze dɔ ɖo. (Romatɔwo 5:​12) Le nuvɔ̃ gbãtɔ ma ta la, “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.”​—Romatɔwo 8:⁠22.

Vevesese

Togbɔ be ele nenema hã la, aɖe fu na wò eye àtsi dzi. Ŋutigbalẽdɔléle aɖe si gblẽa nu le ame ŋu la le Terri dada ŋu. Terri lɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣesiaɣi si mado le aƒeme la, metsia dzi, henɔa eŋu bum be Dada le nyuie hã. Esesẽna nam be nye susu nanɔ nu ɖeka ŋu. Gake esi nyemedi be wòase veve o ta la, meɣlaa nye seselelãmewo.”

Lododowo 12:​25 gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi.” Sɔhɛ geɖe léa blanui le nɔnɔme sia ƒomevi me. Terri gblɔ be ewɔ nublanui na ye ŋutɔ be ye dada megate ŋu le dɔ tsɛwo wɔm o. Nusi gadzia nuxaxaa ɖe edzie nye be zi geɖe la ezia sɔhɛwo​—vevietɔ nyɔnuviwo​—dzi be woatsɔ agbanɔamedzi bubuwo. Le Nufialagã Bruce Compas ƒe nya nu la, “ƒomegbanɔamedziwo abe aƒemedzadzraɖo kple ame nɔvi ɖeviwo gbɔ kpɔkpɔ, va nyea agba na nyɔnuviwo, eye nusiawo wua tsɔtsɔ na wo hedoa kplamatse woƒe tsitsi le hadomegbenɔnɔ me.” Sɔhɛ aɖewo ɖea wo ɖokui ɖe aga nɔa hadzidzi siwo ɖea dzi le ame ƒo sem.​—Lododowo 18:⁠1.

Vɔvɔ̃ na dzila ƒe ku hã bɔ. Terri nye vi ɖekɛ, eye dadaa nye dzilaɖekɛ. Terri faa avi ɣesiaɣi si dadaa yi kɔdzi, elabena evɔ̃na be magatrɔ agbɔ o. Terri gblɔ be: “Mí ame evea koe. Nyemedi be xɔ̃nye vevitɔ kekeake naku o.” Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Martha hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Mexɔ ƒe wuienyi, gake megavɔ̃na na dzinyelawo ƒe ku. Matsi akogo ale gbegbe.” Nu bubu siwo dzila ƒe dɔléle hena vɛ ye nye alɔ̃madɔmadɔ, drɔ̃e dziŋɔwo kuku, kple nuɖuɖukuxiwo.

Nusi Nàte Ŋu Awɔ

Togbɔ be adze abe nuwo sesẽ fifia ene hã la, àte ŋu anɔ te ɖe enu! Dze egɔme nàgblɔ wò vɔvɔ̃wo kple dzimaɖitsitsiwo na dziwòlawo. Aleke gbegbee dziwòla ƒe dɔlélea sẽe? Ðe wòate ŋu ahayaa? Ðoɖo kawoe wowɔ hena dziwòkpɔkpɔ ne dziwòla mehaya o? Ðe wòate ŋu adzɔ be dɔléle ma nadze dziwò le etsɔmea? Togbɔ be asesẽ na dzilawo be woaƒo nu tso nu mawo ŋu hã la, ne èbia woƒe kpekpeɖeŋu le ɖokuibɔbɔ kple bubu me la, anɔ eme be woawɔ nusianu si woate ŋui atsɔ akpe ɖe ŋuwò ahado alɔ wò.

Gblɔ wò seselelãme nyuiwo hã. Al ɖo ŋku edzi be yemete ŋu wɔ nenema esi yese be esusɔ vie kansa nawu ye dada o. Egblɔ be: “Nyemegblɔ alesi gbegbe melɔ̃e nɛ o. Menyae be enɔ mɔ kpɔm be magblɔe, gake esi menye ƒewuivi ta la, nya mawo gbɔgblɔ kpe ŋu nam. Emegbe kpuie la eku, eye mele fɔ bum ɖokuinye fifia elabena, esi mɔnukpɔkpɔa su asinye la, nyemezãe o. Evem ŋutɔ elabena eyae nye ame vevitɔ kekeake le nye agbe me.” Megahe ɖe megbe le alesi gbegbe nèlɔ̃ dziwòlawoe gbɔgblɔ na wo me o.

Ne anya wɔ la, srɔ̃ nu tso dziwòla ƒe dɔlélea ŋu. (Lododowo 18:​15) Ðewohĩ miaƒe ƒomea ƒe ɖɔkta ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go ma me. Nu geɖe nyanya le eŋu akpe ɖe ŋuwò nàse veve ɖe enu, agbɔ dzi ɖi, ahase nu gɔme nɛ wu. Azɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nadzra ɖo ɖe tɔtrɔ siwo ate ŋu ava dziwòla dzi, abe abiteƒewo, tabébe, alo ɖeɖiteameŋu ene ŋu.

Ðe woxɔ dziwòla ɖe kɔdzia? Ke na dzidzɔ kple tutuɖo nanɔ wò sasrãkpɔwo me. Na dzidzɔ nanɔ wò dzeɖoɖowo me alesi dze. Ƒo nu tso wò sukudɔwo kple Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 25:​25.) Ne èle dukɔ si me wokpɔa mɔ be ƒometɔwo nana nuɖuɖu ahawɔ dɔ bubuwo la, wɔ tɔwò sinua nyatoƒoetoto manɔmee. Menye ɖeko wò dzedzeme nyui ana dzi nadzɔ dziwòla o, ke awɔ dɔ ɖe kɔdzidɔwɔlawo kple ɖɔktawo hã dzi. Esia ate ŋu ana woalé be na dziwòla wu.b

Ðe dziwòla le hayahayam le aƒemea? Ke wɔ nusi nàte ŋui atsɔ kpe asi ɖe edzikpɔkpɔ ŋu. Tsɔ ɖokuiwò na faa hena aƒemedɔ geɖe wɔwɔ. Dze agbagba nasrɔ̃ Yehowa atsɔ ɖokuiwò ‘ana faa eye mègado ŋukpe ame o.’ ( Yakobo 1:⁠5) Wɔ ɖesiaɖe si nàte ŋui, eye mègato nyatoƒoe o, ke boŋ nàɖe kakaɖedzi kple dzidzɔ fia.

Gake sukudɔwo hã li. Dze agbagba nàdi ɣeyiɣi nɛ, elabena wò sukudede gakpɔtɔ le vevie. Ne anya wɔ la, di ɣeyiɣi na ɖiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe. (Nyagblɔla 4:⁠6) Esia ana ŋusẽ nagaɖo ŋuwò be nàkpe ɖe dziwòla ŋu nyuie wu. Mlɔeba la, tsri ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga. Xɔ hati Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋuwo. (Galatiatɔwo 6:⁠2) Terri gblɔ be: “Hamea va zu nye ƒome. Hamemegãwo nɔ klalo ɣesiaɣi be yewoaƒo nu nam ahade dzi ƒo nam. Nyemaŋlɔe be akpɔ o.”

Alesi Nàyi Edzi Ada Asɔ le Gbɔgbɔ Me

Nu vevitɔ kekeakee nye be nayi edzi ada asɔ le gbɔgbɔ me. Ƒo ɖokuiwò ɖe gbɔgbɔmedɔwo abe Biblia sɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeƒãɖeɖe na amewo ene me. (Korintotɔwo I, 15:​58) Le dzomeŋɔliwo me la, Terri dzia eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi hewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Egblɔ kpee be: “Dada dea dzi ƒo nam ɣesiaɣi be madzra ɖo ade kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ema ɖe vi na mía kple evea siaa. Esi mete ŋu dea kpekpe ɖesiaɖe abe alesi wòdi ene o ta la, meɖoa to nyuie wu be mate ŋu agblɔ nyawo nɛ emegbe. Ekpɔa asinyenu hena gbɔgbɔmenuɖuɖu ne eya ŋutɔ mete ŋu de o.”

The New York Times me nyati aɖe gblɔ nya la tututu esi wòƒo nu tso hadomedɔwɔla aɖe si “wòwɔa nuku na ɣesiaɣi be ɖeviwo te ŋu tsina hewɔa ŋgɔyiyi geɖe togbɔ be wo dzilawo ƒe dɔdzedze te ɖe wo dzi hã” la ŋu. Egblɔ be: “Wote ŋu wɔa dɔ siwo womenya tsã be yewoate ŋu awɔ o . . . Ne wote ŋu to nɔnɔme sia me la, ke woate ŋu ato nɔnɔme geɖe me.”

Wò hã àte ŋu ato nɔnɔme sesẽ sia me. Le kpɔɖeŋu me, Terri dada te ŋu kpɔa eɖokui gbɔ fifia. Ðewohĩ le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziwòla hã ahaya. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mègaŋlɔ be o be Yehowa si nye Xɔ̃wò le dziƒo la le megbe na wò. “[Eɖoa] to gbedodoɖa” eye aɖo wò ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu la ŋu. (Psalmo 65:⁠3) Ana “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ si gba go” la wò​—kple dziwòla mawuvɔ̃la la​—be miate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu.​—Korintotɔwo II, 4:⁠7; Psalmo 41:⁠4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Nyati si nye “Dɔnɔsasrãkpɔ​—Alesi Woana Kpekpeɖeŋui,” si dze le March 8, 1991, ƒe Nyɔ! Eŋlisigbe me tɔ me ɖo aɖaŋu nyui geɖe.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]

“Ɣesiaɣi si mado le aƒeme la, metsia dzi, henɔa eŋu bum be Dada le nyuie hã”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Nusɔsrɔ̃ tso dziwòla ƒe dɔlélea ŋu ate ŋu ana nàsu te nyuie wu ana kpekpeɖeŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe