Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
“Ɣletinyigba si Womenya O”
Woke ɖe kese ƒomevi etɔ̃ siwo womenya tsã o ŋu le Amazon ƒe avetsu me le ƒe eve ko me. Wokena ɖe xevi yeye ƒomevi etɔ̃ ŋu ƒe sia ƒe le xexeame katã le mamã dedie nu. Woke ɖe adoŋgo ƒomevi siwo ade 1,200 ŋu le ati 19 ŋuti nusɔsrɔ̃ aɖe me le Panama, eye womenya wo dometɔ 80 le alafa me tsã o. UNESCO Sources magazine de dzesii be: “Nu gbagbe ƒomevi geɖe kpɔtɔ li míenya haɖe o.” Le kpɔɖeŋu me, “wobui be tɔmelã siwo le Dziehe Amerika tsiwo me dometɔ 40 le alafa me li womebu de tɔmelãhatsotso aɖeke me haɖe o. . . . Azɔ nuka ŋue míake ɖo le atsiaƒu ƒe gogloƒe gbahoo si míede o me?” Agawɔ nuku na wò wu ne èbu nu gbagbe sue ƒomevi gbogbo siwo li ŋu: nu miemie suesue si wotsɔa nusuekpɔmɔ̃ ko kpɔna, adukpla, tomeŋɔviwo, anyidi ƒomeviwo, nu dzodzoewo, kple nu miemie siwo ŋu womeke ɖo haɖe o. “Le kpɔɖeŋu me, nu miemie suesue si wotsɔa nusuekpɔmɔ̃ ko kpɔna kple nugbagbevi miliɔn 90 sɔŋ ate ŋu anɔ anyigba xɔdzo dzi ke gram ɖeka ko me.” UNESCO Sources gblɔ be ame aɖewo bu akɔnta be nu gbagbe ƒomevi siwo le anyigba dzi ade “miliɔn 200 sɔŋ.” Togbɔ be woku nu me le anyigba ŋu kpem hã la, ekpɔtɔ nye “ɣletinyigba si womenya o.”
Canada ƒe Dzidzenuwo ƒe Tɔtrɔ Kabakaba
The Toronto Star ka nya ta be: “Dzidzime ɖeka nu meva yi hafi Canadatɔwo—Eŋlisiawo kple Franseawo siaa—gbe sɔlemeha la ƒe ŋusẽ, dziɖuɖua kple asitsalagã tɔɖoɖenudzilawo, kple tɔmaɖoɖenudzila siwo na dzidzeme kple ɖoɖo nɔ xexeame ƒe asitsatsa kple hadomegbenɔnɔ me tsã la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi o.” Nukatae? Wodi be nu nadze dzi na yewo le ŋutilã me enumake. Wote kpɔ be “nusianu nasu yewo si” fifi laa. Star la gagblɔ be: “Wotsɔ amegbetɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ɖo Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔdzidzenu teƒe, eye wotsɔ ŋutilã me agbeɖuɖu ɖo Katoliko ƒe dzixɔsewo teƒe. Wo dometɔ ʋee aɖewo koe di be yewoalala aku hafi ava ɖu agbe si wogblɔ be eli le ku megbe, kaka woalɔ̃ ayi lala ge be yewoatsi hafi.” Womegabua Mawu be enye amesi tri akɔ wu amegbetɔ o. Esia ta vɔvɔ̃ alo fɔɖiɖi aɖeke megale wo me o. Gbɔgbɔmenuwo ɖoa afɔku me elabena woƒe agbagbadzedze ɖesiaɖe kuna ɖe xexe sia me ƒe nudzedzinamewo kpɔkpɔ ŋu.
Ƒe Alafa 20 lia Me Nudzɔdzɔwo Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ
Ðe ƒe alafa si va yi me tɔ aɖe abui be woayi ŋgɔ alea gbegbe awɔ ʋuwo, bɔsuwo, elektrikhaƒomɔ̃wo, kple nyaɖoɖamɔ̃wo egbea? Le ƒe 1863 me la, Fransetɔ ŋutinyaŋlɔla xɔŋkɔ Jules Verne gblɔ ŋgɔyiyi mawo ŋu nya ɖe agbalẽ siwo nye Around the World in 80 Days kple 20,000 Leagues Under the Sea me, eye egblɔ nya geɖe ɖe ŋutinyagbalẽ si wòta do ŋgɔ si ƒe tanyae nye Paris in the 20th Century me. Togbɔ be Verne ƒe agbalẽtala melɔ̃ ɖe edzi o hegblɔ be enye nya kpakpa si mate ŋu adzɔ o hã la, agbalẽ si ŋu wova ke ɖo nyitsɔ laa ɖe alesi tututu agbenɔnɔ le le míaƒe ƒe alafa 20 lia me fia pɛpɛpɛ nukutɔe, tu deŋgɔwo wɔwɔ, elektrikzikpui, ɖiƒoƒo yame, kple ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ hã le eme. Verne kpɔe do ŋgɔ be amesiwo blema nuwɔnawo kple kɔnuwo medzɔa dzi na o, amesiwo asitsatsa wɔ kluviwoe eye mɔ̃ɖaŋu zu numãme na, lae ava nɔ anyi. Paris ƒe International Herald Tribune gblɔ be: “Menye ɖeko Verne gblɔ egbegbe mɔ̃ɖaŋudɔ ɖedzesiwo ŋu nya ɖi o, ke ekpɔ nu dziŋɔ siwo do tso eme hã ƒe ɖewo gblɔ.”
Nuvlowɔwɔ ƒe Dzidziɖedzi le Japan
Nuvlowɔwɔ le gã dom ɖe edzi le Japan, afisi wobu nyitsɔ laa be nuvlowɔwɔ mebɔ ɖo tututu o la, eye kpovitɔwo gblɔ be ganyawo ƒe kemalimali, tuwo tsɔtsɔ gbã dee, kple nu vlo si woaɖo awɔ ƒe toyiyi gbɔe wòtso. Kpovitɔwo ƒe tatɔ Takaji Kunimatsu gblɔ be tu tsɔtsɔ wɔ nu vloe va dzi ɖe edzi eye ne wometso ɖe eŋu o la, ana “ɖoɖowo natɔtɔ nyamaa” le Japan. Le Mainichi Daily News ƒe nya nu la, nu vlo siwo wɔm “ame tsɛwo” le hã le dzidzim ɖe edzi, eye nusi gbɔ wòtso ƒe ɖee nye “dugã me gbenɔnɔ si tɔtɔ ƒe nuteɖeamedzi atraɖii.” Bene woakpe ɖe dugãmenɔlawo ŋu woanɔ te ɖe enu la, hadomegbenɔnɔ ŋuti nufialagã Susumu Oda do susu siwo gbɔna ɖa be: Woalé nudzeamewɔwɔ veviwo abe gbelɔlɔ̃, “kukuɖeɖe” ne esɔ, kple alɔgbɔnukoko ene me ɖe asi “atsɔ aɖe fuléle ɖesiaɖe si woakpɔ la ɖa.” Srɔ̃ alesi nàgbe nyae bɔkɔɔ. De ametakpɔkɔsɔkɔsɔ wò ʋɔtru ŋu ɣesiaɣi. Wɔ ɖeka kple kpovitɔwo. Eye “mègabu ametaʋlimɔnuwo sɔsrɔ̃ be wonye ametakpɔnuwo tso nuvlowɔwɔ me o—àde abi ame aɖe ŋu vevie godoo.”
Afɔku Siwo Le Ʋudodo Me
The Toronto Star gblɔ be: “Woate ŋu adze egɔme fifia ado ʋu siwo woxɔna le Canada kpɔ ƒe akpe ɖeka, gake ʋudodo me fɔkuwo akpɔtɔ anɔ anyi kokoko.” Esi Ðk. William Noble si le St. Michael Kɔgãdzi nɔ kpe ɖom nya sia dzi na dɔwɔha si nɔ ʋu siwo woxɔna le Canada ƒe dedienɔnɔ me kum la, egblɔ be: “(Afɔkuawo li) eye woanɔ anyi ɖaa.” Star la gblɔ be “afɔkuawo sɔ gbɔ, AIDS xɔxɔ le ame bubu ƒe ʋu dodo me” hã le eme. Ʋudodo ŋuti nunyalawo gblɔ be dɔnɔ geɖe wu tsi dzi vevie egbea le AIDS xɔxɔ le ʋudodo me ŋu. Ðk. Noble gblɔ be: “Míeƒoa nu tso nya sia ŋu gbesiagbe be ‘Ðe mado ʋu na ame alo nyemadoe nɛ oa?’”
Sisiblisi Ŋutinuwo
The Toronto Star gblɔ be: “Sisiblisi yibɔ ƒe ŋutinuwo tsɔtsɔ gbã dee tso Canada ate ŋu aɖe vi wu atikevɔ̃ɖisitsatsa le xexeame katã.” Sisiblisi yibɔ ƒe vevee kple fetsu dze asi dzi le ʋetikewɔlawo gbɔ le Asia-dukɔ kpɔhowo abe China, South Korea, Japan, Taiwan, kple Hong Kong ene me ale gbegbe. Star la gagblɔ be: “California ƒe sedzikpɔla aɖe bu akɔnta be sisiblisi ƒe vevee si wotsɔ nyi alo ha ƒe vevee tsaka wòde kilogram ɖeka ƒe ‘asi’ (ho si ezãlawo ƒlenɛ) le Asia yi dzi wu (U.S.) dɔlar miliɔn 1. “Wobu akɔnta be cocaine kilogram ɖeka ya xɔa dɔlar 100,000 le Metro Toronto.” Lã ƒomevi siwo tsrɔ̃m wole ŋutinunyala Carole Saint-Laurent si le Xexeame Gbemelãwo Dɔwɔha/Canada gblɔ be: “Asitsadɔ gã ŋutɔe wònye.” Wole vɔvɔ̃m be sisiblisi ŋutinuwo ƒe asi agayi dzi wu esia. Wotsrɔ̃ sisiblisi gbogbo aɖewo le Asia xoxo.
Lã Siwo Ðo Afɔku me le Brazil
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo gblɔ be: “Avetsuwo le Brazil wu dukɔ ɖesiaɖe zi gbɔ zi etɔ̃, afimae nu gbagbe vovovowo le wu le xexeame katã, eye lã siwo naa no vi vovovowo kpɔtɔ le afima wu, lã ƒomevi 460 ye le dukɔ ma me. Gake Brazil hãe lãwo ɖo afɔku me le wu, 310 ye ɖo afɔku me eye wo dome 58 nye lã siwo naa no vi.” Togbɔ be lã siwo naa no vi siawo dometɔ aɖeke metsrɔ̃ keŋkeŋ haɖe o hã la, “lã siwo naa no vi siwo le Brazil dometɔ 12 le alafa me ɖo afɔku me,” abe “dzata ƒomevi aɖe ɖi tamarin si le Brazil ɖeɖeko” ene. Lã siwo ɖo afɔku me dometɔ aɖewo “le afisi womeɖe mɔ be amewo nayi o ale gbegbe be ne ame aɖe yi wo nɔƒe ko la, ate ŋu ana woatsrɔ̃.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be wobunɛ be lã ƒomevi aɖe tsrɔ̃ ne womekpɔ eƒe ɖeke le gbe me le ƒe 50 megbe o.
Amesiwo Le Anyigba Dzi
Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔƒe si kpɔa Amewo ƒe Xexlẽme gbɔ (UNFPA) ƒe akɔntabubu nu la, amesiwo le anyigba dzi ɖo biliɔn 5.66 le ƒe 1994 ƒe domedome. Wobui be adzi ɖe edzi aɖo biliɔn 6 le 1998 me, biliɔn 8.5 le ƒe 2025 me, eye aɖo biliɔn 10 le ƒe 2050 me, eye dzidziɖedzia katã kloe atso Asia, Afrika, kple Latin Amerika. Amewo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi le Afrika alafa memamã 2.9 ƒe sia ƒe, eye afimae wodzia vi le wu le xexeame katã. Europatɔwo tɔe le sue wu—0.3 le alafa me. UNFPA gagblɔ be kaka ƒe alafa sia nawu enu, si nye ƒe atɔ̃ pɛ ko tso fifia la, amesiwo le xexeame ƒe afã anɔ dugãwo me. Ɣemaɣi la, ame miliɔn ɖeka kple vɔ anɔ dukɔ siwo le ŋgɔ yim ƒe dugã 300 ɖesiaɖe me, ne wotsɔe sɔ kple dugã 125 si li fifia.
Ƒomedodo Nyui Enye Nu Vevitɔ
The Toronto Star gblɔ be: “Ƒomedodo si tɔgbe me ƒewuiviwo le—ke menye ƒome si tɔgbe me wole o—ye ɖenɛ fiana ne ƒewuiviwo azã atike vɔ̃ɖi alo womazãe o, ne woaɖɔ ʋu alo womaɖɔ ʋu o.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala Ed Adlaf gblɔ be numekuku si Numãme Ŋuti Numekuha wɔ le sɔhɛ 2,057 ŋu le Ontario ɖee fia be “ƒomedodo si tɔgbe le ƒomea me kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi wu alesi tɔgbe ƒomea ŋutɔ le.” Ƒewuivi siwo le aƒe si me ƒomedodo nyui le, togbɔ be dzila siwo xɔ wo alo wo dada ɖeka koe anɔ aƒea me hã la, ɖɔa ʋu wu wo dometɔ siwo le wo dzilawo gbɔ evɔ ƒomedodo nyui aɖeke mele wo dome o. Star la gblɔ be: “Wo dometɔ siwo ƒoa nu tso woƒe kuxiwo ŋu na wo dzilawo edziedzi medzea aglã abe bubuawo ene o. Wo dometɔ siwo meƒoa nu tso woƒe kuxiwo ŋu na wo dzilawo kura o zua ahatsunolawo, atikevɔ̃ɖizãlawo, kple vi dzeaglãwo.” Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si ƒewuiviwo tsɔ nɔa woƒe ƒomewo gbɔe, ƒomedodoa ƒe nyonyo, kple ne dzilawo ƒe ŋku nɔa wo viwo ƒe nɔƒewo kple nuwɔnawo ŋu alo menɔa wo ŋu o nye nu vevi siwo dzi woato aɖe kuxiwo dzi akpɔtɔ. Adlaf gblɔ be: “Ele vevie be nàwɔ ɖoɖo akpɔ vovo ɖe viwòwo ŋu ahanɔ wo gbɔ.”