INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 8/8 axa 4-6
  • Nusita Lãwo Ðo Afɔku Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Lãwo Ðo Afɔku Me
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Avewo Tsɔtsrɔ̃
  • Wo Wuwu Tẽ
  • Nu Gbagbewo Dome Kadodo Nyadri La
    Nyɔ!—2001
  • Lã Siwo Ðo Afɔku Me—Alesi Kuxia Keke Tae
    Nyɔ!—1996
  • Wo Takpɔkpɔ Kple Wo Tsɔtsrɔ̃
    Nyɔ!—1996
  • Amegbetɔ Le Nu Gblẽm le Dzɔdzɔme Ŋu
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 8/8 axa 4-6

Nusita Lãwo Ðo Afɔku Me

NU GEÐE nana lãwo tsrɔ̃na. De ŋugble le nu vevi etɔ̃ ŋu kpɔ. Eve tsoa amegbetɔwo gbɔ le mɔ aɖe nu, ɖeka ya tsoa wo gbɔ tẽ.

Avewo Tsɔtsrɔ̃

Avewo tsɔtsrɔ̃ wua lã ƒomevi aɖewo ŋutɔ. The Atlas of Endangered Species yɔe be “afɔku si ɖe dzesi wu” eye wòganye “esi nu mɔxexe ɖo sesẽ wu ɖesiaɖe.” Amewo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe xexeame fũ zinɛ ɖe amegbetɔwo dzi be woagbã ave siwo me lãwo nɔ tsã la. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe dzɔ ɖe anyigba xɔdzowo ƒe avetsuwo dzi.

‘Kaka ƒe 40 nava yi la, avetsu aɖeke magakpɔtɔ o,’ enye akɔntabubu dziŋɔ si he susu yi nusi ame geɖe buna be enye kesinɔnu vavãwo bubu nublanuitɔe la dzi. Le nyateƒe me la, ati siwo le anyigba xɔdzowo ƒe avetsuwo mee wokpɔa atike siwo katã le Ɣetoɖoƒedukɔwo me mamã ɖe akpa ene ƒe ɖeka kloe tsonɛ. Togbɔ be anyigba ƒe akpa 7 le alafa me koe wobu akɔnta be avetsuwo le hã la, anyigba la ƒe akpa mae numiemiewo kple gbewo ƒe akpa ene le atɔ̃ me le.

Atiwo tsotso kple agbledemɔnuwo ƒe tɔtrɔ na ati vevi siwo le Ɣetoɖoƒe Afrika avetsuwo me tsrɔ̃. Atiwo tsotso le India-nyigba sue la dzi na yame ƒe nɔnɔme gɔ̃ hã trɔ, si na tsi megadzana le teƒe aɖewo tututu o evɔ wòna tsi ɖɔna le teƒe bubuwo.

Esi amegbetɔ le avewo ƒom be yeade agble ɖe afima ta la, numiemiewo, lãwo, xewo, nu tatawo, kple nudzodzoewo le kukum. Harvard-nufialagã Edward Wilson bu akɔnta be avewo ƒe akpa 1 le alafa me tsrɔ̃na ƒe sia ƒe eye esia ana lãwo kple gbe ƒomevi aɖewo natsrɔ̃ keŋkeŋ. Wobui be lã ƒomevi geɖe avɔ hafi woava tsɔ ŋkɔ gɔ̃ hã na wo le dzɔdzɔmeŋutinya me.

Aleae xexeame ƒe tsiteƒewo hã le, enye lãwo nɔƒe si hã ɖo afɔku me. Dutsolawo doa teƒe siawo bene woatu xɔwo ɖi, alo agbledelawo tsɔa wo wɔa agbledenyigbawoe. Le ƒe 100 siwo va yi me la, woxɔ Europa-dzogbea ƒe akpa 90 le alafa me tsɔ de agblee. Lãnyiƒe siwo wotsrɔ̃ le Britania le ƒe 20 siwo va yi me na aloe 64 le alafa me ku.

Togbɔ be Time magazine yɔ Madagascar-ƒukpoa be “Noa ƒe aɖaka si le anyigba dzi” hã la, gbemelã hamehame gbogbo siwo le edzi la ɖo afɔku me. Ne ƒukpoa dzi nɔlawo le agbɔ sɔm eye fe si nyim wole le dukɔ bubuwo ŋu le dzidzim ɖe edzi la, ezinɛ ɖe wo dzi be woaƒo avewo atsɔ ade mɔligblee. Esi woƒo ave si me fie ƒomevi aɖe nɔna ƒe akpa etɔ̃ le ene me le ƒe 20 siwo va yi me ta la, lã sia dometɔ 400 koe susɔ.

Alesi amegbetɔwo le anyigba zãmee la na gbemelãwo le kukum. Abe kpɔɖeŋu bubu ene la, bu Polynesiatɔ siwo va Hawaii ƒe 1,600 enye sia ŋu kpɔ. Woƒe dɔwɔna na xe hamehame 35 tsrɔ̃ keŋkeŋ.

Ame gbãtɔ siwo va Australia kple New Zealand tsɔ aƒedadiwo ɖe asi vɛ, eye ɖewo va zu gbedadiwo. Le New Scientist magazine ƒe nya nu la, gbedadi siawo léa lã dzivi hamehame 64 siwo le Australia fifia la ɖuna. Abei dzẽ siwo wotsɔ tso Europa hã léa lã siwo ɖo afɔku me ƒe mamlɛa.

Wo Wuwu Tẽ

Adedada menye nu yeye o. Biblia me nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso aglãdzela Nimrod ŋu, adela si nɔ anyi ƒe 4,000 kple vɔ enye sia. Togbɔ be womegblɔ be etsrɔ̃ lã ƒomevi aɖeke ɖa keŋ o hã la, enye adela kalẽtɔ.—Mose I, 10:9.

Le ƒe alafawo me la, adelawo wu dzatawo le Greece kple Mesopotamia keŋkeŋ, tɔmenyiwo le Nubia, atiglinyiwo le Dziehe Afrika, sisiblisiwo kple tɔvuwo le Britania, kple gbenyi le Ɣedzeƒe Europa. BBC ɖoɖowɔɖi ƒe magazine Radio Times ka nya ta be: “Le ƒe 1870-awo kple 1880-awo me la, adelawo wu atiglinyi 250,000 le Ɣedzeƒe Afrika ɖeɖeko. Ƒe blaatɔ̃ sɔŋ la, ame xɔŋkɔwo, kesinɔtɔwo kple bubumewo da tu atiglinyiwo, gbenyiwo, sɔvedawo, lãkle ƒomea, kple lã sia lã si wokpɔ le Afrika ko . . . Nusi nye ŋɔdzi egbea la nye nusi dzi woda asi ɖo ɣemaɣi.”

Na míagatrɔ ɖe nɔnɔme si me kpɔ̃ wɔadã la le ŋu. Xexlẽme si wokpɔ le ƒe 1980-awo me ɖee fia be afɔ siwo woɖe be woakpɔ wo ta la dze edzi. 1995 Britannica Book of the Year gblɔ be: “Gake nuwo menɔ abe alesi wodze ene o. Esi wogaxlẽ wo nyuie wu la, wokpɔe be dɔdzikpɔla siwo de adelawo dzi alo di be yewoƒe nu nadze yewoƒe tatɔwo ŋue dzi woƒe xexlẽme ɖe edzi va yi. . . . Kpɔ̃ŋutinuwo dzadzra manɔsenu dze asi dzi esi wo makpɔmakpɔ na wole asi xɔm vevie ta.” Eyata wobu akɔnta le 1995 me be kpɔ̃ aɖe si le Siberia xɔa $9,400 vaseɖe $24,000—menye ɖe eƒe lãgbalẽ vevi la ɖeɖeko ta o, ao, ke le esi wotsɔa eƒe ŋkuwo, kpɔ̃gewo, aɖuwo, dɔmenuwo, kple vidzinuwo wɔa Ɣedzeƒetike nyanyɛwoe hã tae.

Time gblɔ be atiglinyiɖu, gbenyi ƒe dzo, kpɔ̃gbalẽ, kple lãŋutinu bubuwo nye dɔlar biliɔn geɖe ƒe asitsadɔ manɔsenu si kplɔ atike vɔ̃ɖiwo dzadzra ɖo. Eye menye lã gãwo koe wowuna o. Le ƒe 1994 me la, wotsɔ nyo ƒomevi aɖe miliɔn 20 sɔŋ wɔ Chinatɔwo ƒe atike nyanyɛwoe, eye wogblɔ be esia na woƒe alafa memamã 60 vɔ le ƒe eve me le Anyieheɣedzeƒe Asia ƒe akpa aɖewo.

Ne lã ƒomevi aɖe tsrɔ̃ la, amesi woabu fɔe kpɔkpɔ mesesẽ o. Ke eƒlelawo ya ɖe? Wogblɔ be asimanɔsenutsala aɖe si le Brazil te ŋu dzraa ako siwo wum wole ƒe ɖeka $500. Gake ne edzrae le duta la, ekpɔnɛ wu ema teƒe etɔ̃ kple afã.

Aʋawɔwɔ kple eƒe nugbegblẽwo, sitsoƒedilawo ƒe dzidziɖedzi, kple vidzidzi fũ, ɖiƒoƒo yame vevie, kple modzakatsaɖiɖi gɔ̃ hã de lãwo ƒe agbe afɔku me. Nukpɔla siwo nɔa mɔ̃ʋuwo me dea abi boso siwo ŋu woƒoa zi ɖo be yewoakpɔ ŋu, eye mɔ̃a ƒe ɣlidodo le tɔa gɔme ate ŋu agblẽ nu le bosoa ƒe nusese ƒe ŋutete tɔxɛ si wòtsɔ nyaa afisi nuwo le ŋu.

Esi nèkpɔ alesi amegbetɔ le nuwo gblẽmee vɔ la, ɖewohĩ àbia be, ‘Nuka wɔm nutakpɔlawo le be woakpɔ lã siwo ɖo afɔku me ta, eye dzidzedze kae wokpɔ?’

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ati siwo tsom amegbetɔ le na numiemiewo, lãwo, xewo, nu tatawo, kple nudzodzoeviwo le kukum

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe