INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 7/8 axa 3-4
  • Nukae le Dzɔdzɔm Ðe Tɔgbuiwo kple Mamawo Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae le Dzɔdzɔm Ðe Tɔgbuiwo kple Mamawo Dzi?
  • Nyɔ!—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Nye Kuxiawo Dometɔ Aɖewo?
    Nyɔ!—1995
  • Aleke Mawɔ Mia Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?
    Nyɔ!—2001
  • Anyinɔnɔ Ðekae Le Lɔlɔ̃ Me
    Nyɔ!—1995
  • Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 7/8 axa 3-4

Nukae le Dzɔdzɔm Ðe Tɔgbuiwo kple Mamawo Dzi?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ITALY GBƆ

“Nyemebui be tɔgbuiyɔvinyewo aɖe lɔlɔ̃ afia tɔgbui abe nye ene alea o. Nunana wonye—ɖevi dzidzɔdonamela siwo doa ŋusẽ lɔlɔ̃ ƒe kadodowoe wonye.”—Ettore, wo tɔgbui.

TOGBƆ be ƒomedodo nyui si ŋu woƒo nu tsoe le etame la le eme hã la, tɔgbuiwo,a dzilawo, kpakple tɔgbuiyɔviwo dome menyina ɣesiaɣi le ŋkeke siawo me o. Le esi teƒe be dzidzime etɔ̃ siawo nawɔ nu aduadu la, dzre boŋ wowɔna. Nukae dona tsoa eme? Eyae nye ame tsitsi siwo nye tɔgbuiwo—ƒomea me tɔ siwo ŋu wɔna menɔna o eye woɖea wo ɖe aga wu zi geɖe, amesiwo gbɔ ƒometɔwo xɔa gakpekpeɖeŋu le ne woɖo gakuxiwo me la, ƒe akogotsitsi kple dzidzɔmakpɔmakpɔ. Aleke nɔnɔmea le le wò ƒomea me? Ðe wokpɔa ŋudzedze ɖe tɔgbuiwo ŋu vavãa?

Le ƒe ʋee siwo va yi me la, hadomegbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ ɖedzesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe ƒomea kple emetɔwo ƒe ƒomedodowo dzi, si na ƒome siwo me tɔgbuiwo le bu keŋkeŋ kloe. Le Europa la, ame tsitsi 2 le alafa me koe le wo viwo gbɔ. Togbɔ be ele nenema hã la, le mɔ̃ɖaŋudukɔwo me la, agbenɔƒewo ƒe dzidziɖedzi le mamã dedie nu kple vidzidzi si dzi ɖe kpɔtɔ fifia la na tɔgbuiwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi. Amesiwo le Europa la dometɔ 26 le alafa me nye mamawo kple tɔgbuiwo, eye numekuku si Europatɔwo ƒe Ðekawɔwɔha ta la ɖee fia be xexlẽmea “agadzi ɖe edzi godoo.” Asahi Evening News gblɔ be Japantɔwo “dana ɖe dumevi tsitsiwo dzi kpɔkpɔ si nye woƒe kɔnu la ta.” Gake tɔgbuiwo gbegblẽ ɖe kɔdzi kple dɔdaƒewo esi menye ɖe wòhiã boo be woasika wo ɖe afima hafi o le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ, vevietɔ le dugãwo me. Le South Africa, afisi wodea bubu ame tsitsiwo ŋu le hã la, Cape Town nyadzɔdzɔgbalẽ The Cape Times gblɔ be nɔnɔme gbegblẽ si va li ye nye be woagbe ame tsitsiwo. Nyatakaka la tɔ asi edzi be ƒomewo di be “yewoase vivi le agbe me alesi yewoate ŋui” eye “wole wo ɖokui blem be ne yewodi nɔƒe na mama le ame tsitsiwo dzi kpɔƒe aɖe ko la, ke ɖe yewowɔ nusi wodi tso yewo si katã vɔ enye ma.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke ƒo nu tso ame tsitsi aɖe si ƒe vi etɔ̃ tsɔe yi ame tsitsiwo nɔƒe nyui aɖe “hedo ŋugbe nɛ be yewoakpɔ edzi eye yewoava srãe kpɔ edziedzi” la ŋu. Gake nukae va dzɔ ɖe edzi? “Gbã la, wova srãnɛ kpɔna gbesiagbe. Le kwasiɖa aɖewo megbe la, woɖe edzi wòzu zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Emegbe eva zu zi ɖeka le kwasiɖa me. Le ƒe ɖeka megbe la, eva zu zi eve alo zi etɔ̃ ɣleti sia ɣleti, eye eva ɖo zi atɔ̃ alo ade ƒe sia ƒe eye mlɔeba la, womegayina kura o.” Aleke mama sia to eƒe ŋkeke tikɔnameawo mee? Nyatakaka gbãdziname la gblɔ be: “Fesre aɖe nɔ eƒe xɔ ŋu si me wòkpɔa ati aɖe tonɛ, eye nu gbagbe siwo do evelia nɛ koe nye ahɔne kple xevi aɖewo siwo va nɔa eme. Ekpɔa mɔ na woƒe vava vevie abe ke ƒometɔ kplikplikpliwoe wonye ene.”

South Africa tɔwo ƒe Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe agbenɔnɔ sɔsrɔ̃ si na ame geɖe va dia dɔ le dugãwo me wɔe be, nya ma ke le dzɔdzɔm le to vovovo me tɔwo ƒe ƒomewo hã me. Tsɔ kpe ɖe hadomegbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ ŋu la, susu bubu siwo ta amewo gblẽa tɔgbuiwo ɖie nye amegbetɔ ƒe nɔnɔme nyui mawo siwo doa hadomegbenɔnɔ kple ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ɖe ŋgɔ—nyuiwɔwɔ, bubudede amehavi ŋu, lɔlɔ̃ na ƒometɔ​—⁠siwo megali o kple ɖokuitɔdidi, agbeɖuɖu, dada, kple aglã­dzedze ƒe gbɔgbɔ si bɔ. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be agbenyuinɔnɔ ƒe gbegblẽ sia nye dzesi be míele “ŋkeke mamleawo” me. (Timoteo II, 3:​1-5) Eyata le esi teƒe be viwo kple tɔgbuiyɔviwo nabu wo tɔgbuiwo be woate ŋu ana yewoƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ahali ke la, wobua wo agba kpekpe siwo doa kplamatse wo, eye be womegale ɖeke me le hadomegbenɔnɔ si le tɔtrɔm kabakaba me o.b

Mamã si le dzidzimeawo dome le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ, eye ehea tɔtɔ geɖe vɛ, vevietɔ ne ame tsitsiawo le woƒe ƒomewo gbɔ. Gake kpekpeɖeŋu si tɔgbuiwo ana ate ŋu aɖe vi geɖe ŋutɔ! Ekema nukae nye kuxi sesẽ siwo le dzidzimeawo dome si gblẽa lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo si le tɔgbuiwo, viwo, kple tɔgbuiyɔviwo dome? Eye aleke mamawo kple tɔgbuiwo agalé fɔ ɖe akpa nyui si wowɔna le ƒomea me ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me la, míezã “tɔgbuiwo” na tɔgbuiwo kple mamawo siaa, eye míezã “tɔgbuiyɔviwo” na tɔgbuiyɔviwo kple mamayɔviwo.

b Ele be míade dzesii be le ame tsitsi kple amesiwo le dɔ lém vevie gome la, dɔnɔdzikpɔƒe si dɔnɔdzikpɔla adodoewo le si woakplɔ wo dzila tsitsiwo ayi ye anye nu nyuitɔ si me lɔlɔ̃ le woawɔ na wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe