INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 7/8 axa 26
  • Adi alo Akpɔkplɔ—Vovototo Kae Le Wo Dome?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Adi alo Akpɔkplɔ—Vovototo Kae Le Wo Dome?
  • Nyɔ!—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akpɔkplɔ Ƒomevi Aɖe Ƒe Viƒoƒo
    Nyɔ!—2014
  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1994
Nyɔ!—1995
g95 7/8 axa 26

Adi alo Akpɔkplɔ—Vovototo Kae Le Wo Dome?

ŊKƆ nyui aɖeke menɔ adiwo kple akpɔkplɔwo ŋu o ƒe alafa geɖe. “Wona dzegogoe ƒona ɖe ame ŋu.” “Adzetɔwo te ŋu trɔa ame wòzua adi alo akpɔkplɔ.” Amekae mese glitoto le akpɔkplɔ vloe si trɔ zu fiavi dzeɖekɛ esime fiavinyɔnu aɖe gbugbɔ nu nɛ ŋu kpɔ o? Gake tso esime wote Kermit the Frog ɖeɖe le ɖeviwo ƒe television dzi wɔna si nye “Sesame Street” kple “The Muppet Show” dzi ko la, akpɔkplɔ ƒe nu va le ame geɖe ŋu nyom. Nyateƒenya kae le akpɔkplɔwo kple adiwo ŋu? Vovototo kae le wo dome?

Mina míaɖe nukpɔsusu totro ɖesiaɖe ɖa​—⁠menye adiwoe hea dzegogoe vɛ o ke boŋ dɔlékuie. Eye nenema tututue glitotowo le​—⁠gliwo, nyakpakpawo, kple xotutuwo katã le eme. Eye togbɔ be adzetɔwo li hã la, womate ŋu atrɔ ame wòazu akpɔkplɔ alo adi o.

Akpɔkplɔwo kple adiwo le xexeame ƒe teƒe geɖe, gake akpɔkplɔ mele Antarktika o, eye adi hã mele Arktik kple Australia o. Akpɔkplɔ kple adi ƒomevi 3,800 ye li, eye esiwo wu 300 nye adiwo. Eyata aleke nàwɔ ade vovototo adi kple akpɔkplɔ dome? The World Book Encyclopedia ɖo eŋu be: “Adi ŋutɔŋutɔ keke, le gbadzaa henyrɔ̃ eye eƒe ŋutilã ƒu wu akpɔkplɔ ŋutɔŋutɔ tɔ. Zi geɖe la, dzegogoe yɔ adi ŋutɔŋutɔwo ŋu fũ, gake akpɔkplɔ ŋutɔŋutɔ ƒe ŋui zrɔ̃na. Adi ŋutɔŋutɔ akpa gãtɔ nɔa godzi evɔ akpɔkplɔ ŋutɔŋutɔ akpa gãtɔ menɔnɛ o. Vi koe tsitsitɔwo va ƒona le tsi me.” Akpɔkplɔwo nɔa tɔ to zi geɖe eye wonɔa ŋudzɔ be ne wose ame aɖe ŋkɔ ko la, woati kpo adze tɔ me. Dzigbeglã ŋu koe akpɔkplɔ akpa gãtɔ to aɖu ɖo. Adiwo meto aɖu o. Eyata wo kple evea siaa womeɖua nu hafi mina o.

Akpɔkplɔ kple adi geɖe toa aɖitsi sesẽ aɖewo. Costa Rica ƒe akpɔkplɔ dzẽ (Dendrobates pumilio) si nu aɖi le la nye kpɔɖeŋu ɖeka. Akpɔkplɔ aɖewo ƒe aɖi ate ŋu awu ame bɔbɔe. Agbalẽ si nye Biology gblɔ be: “Du siwo le anyigba xɔdzowo dzi tsɔa woƒe aŋutrɔwo sisina ɖe akpɔkplɔ siawo ŋu tsɔ dea aɖi aŋutrɔawo nui zi geɖe.” Wotsɔ ‘gbɔgbɔ makɔmakɔwo ƒe nyagbɔgblɔ’ sɔ kple akpɔkplɔwo le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Nukatae wòle nenema? Elabena le Mose ƒe Sea me la, akpɔkplɔwo nye lã makɔmakɔ siwo womeɖuna o. Womeyɔ adiwo ŋkɔ le Biblia me o.​—⁠Nyaɖeɖefia 16:13; Mose III, 11:⁠12.

[Nɔnɔmetatawo si le axa 26]

Dusime: Adi. Ete: Akpɔkplɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe