Dukɔ Dahewo Va Zua Dukɔ Deŋgɔwo ƒe Aɖukpowo
WOTSƆ aɖigba nɔ tsatsam abe tsyɔ̃evi si ame aɖeke medi be yeaxɔ o ene, tso meli me yi meli me kple ʋudzeƒe yi ʋudzeƒee henɔ afisi woakɔe ɖo dim. Wotsɔ gago 11,000 siwo yɔ fũ kple aɖinuwo, lãwutikewo, kple atike bubu siwo ŋu afɔku le la nɔ tsatsam tso Djibouti, Afrika, yi Venezuela eye wotsɔe yi Syria gava do ɖe Greece. Mlɔeba la, gago siwo nɔ ɖuɖum la te nu gbegblẽ le melia me agbadolawo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka ŋu. Ŋutsu ɖeka ku, eye ame bubuawo ƒe akpa gãtɔ kpɔ ŋutigbalẽ, ayiku, kple akɔtadɔ le aɖinu siwo nɔ ʋua me ta.
Meli, ʋu gã, kple keteke siwo wodo gbeɖuɖɔgba wuame sia tɔgbe na la le tsatsam le anyigba ƒe teƒeteƒewo le afisi woakɔ wo ɖo dim. Zi geɖe la, dukɔ siwo ŋu ahedada, duwɔame, kple dɔléle gblẽ nu le xoxo woe va zua aɖinuwo kple nu ƒoɖi tɔn geɖe kɔɖoƒe. Nutomeŋutinunyalawo le vɔvɔ̃m be nutomefɔku aɖe adzɔ godoo le ɣeyiɣi aɖe megbe.
Ðewohĩ aŋɔ xoxowo, nulólotikewo, ʋufɔtiwo, dzosikpewo, keklẽŋusẽ ƒe ɖuɖɔwo, tsumikpe kple gakpo bubu siwo ƒe ɖinuwo manya kpɔ na wò o, gake edzɔa dzi na dɔwɔƒeɖuɖɔsitsaha siwo le dzidzim ɖe edzi kabakaba la ŋutɔ. Nukutɔe la, nusi dzɔnae nye be zi alesi dziɖuɖu ƒe nya me sẽ ɖe nutometakpɔkpɔ ŋui la, zi nenemae eƒe dɔwɔƒewo lɔa aɖiɖuɖɔwo yia dukɔ bubuwo mee. London ƒe The Observer si wotana kwasiɖa sia kwasiɖa la gblɔ be mɔ̃ɖaŋudukɔwo ƒe adzɔha “gbegblẽwo dea aɖitike tɔn miliɔn 20 kloe ʋu va kɔna ɖe Dukɔ Madeŋgɔwo me ƒe sia ƒe.” Nusiwo nu womede se ɖo tẽ o kple se siwo nu mesẽ akpa o wɔe be wolɔa aɖiɖuɖɔ tɔn akpe geɖe yia Afrika, Asia, kple Latin Amerika nyigbawo dzi.
Mewɔ nuku o be kɔlili ɖuɖɔ ɖi dzroa adzɔha siawo! Ne wokpɔ teƒe si sɔ be woakɔe ɖo la, eɖea ga si wogblẽna ɖe eŋu dzi kpɔtɔna ŋutɔ. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye tsaɖimeli si nye United States si nye Amerikatɔwo ƒe meli siwo tsɔa amewo ƒe gãtɔ kekeake tsã la. Woƒlee le ƒe 1992 me be woagbugbɔe adzra ɖo hena modzakaɖetsaɖiɖi. Ewɔ abe asbestos nɔ eme wu meli ɖesiaɖe si nɔ ƒu dzi kpɔ ene. Ne ɖe woɖe asbestos la le eme le United States la, anye ne woagblẽ ga dɔlar miliɔn 100. Wohe meli la yi Turkey, afisi woate ŋu atsɔ dɔlar miliɔn 2 aɖee le eme le. Gake Turkey-dziɖuɖua gbe—afɔku le eme akpa be wòaɖe mɔ woati asbestos si te ŋu hea dɔdzẽ vɛ la ƒe ka si didi wu meta 46,000 togodo la ɖe woƒe dukɔ me. Mlɔeba la, wotrɔ melia yi dukɔ bubu si me nutomesewo me mesẽ le boo o ƒe melidzeƒee.
Nugbugbɔgawɔ si me Afɔku Le
Ɣetoɖoƒedɔwɔƒe siwo le dukɔ madeŋgɔwo me adi be yewoabu yewo ɖokui be yewonaa kpekpeɖeŋu ame dahewo. Harvey Alter si le United States Asitsalawo ƒe Habɔbɔa me gblɔ be “gbeɖuɖɔ ɖoɖo ɖe dukɔ bubuwo me kple dɔwɔƒe siwo trɔa asi le nu gbegblẽwo ŋu wozua ŋudɔwɔnuwo la naa dukɔ siawo me tɔwo ƒe agbenɔnɔ kana ɖe eme.” Gake esi wodzro woƒe dɔwɔhawo ƒe nuwɔna aɖewo me le duta la, wokpɔe le teƒe geɖe be le esi teƒe be dɔwɔha siawo nana amewo ƒe agbenɔnɔ naka ɖe eme la, “anɔ eme godoo be womenaa fetu amewo wòsɔa gbɔ wu fetu suetɔ kekeake siwo amewo xɔna le afima la o, eye wogblẽa nutoa me hedzraa adzɔnu siwo dometɔ aɖewo ŋu afɔku le eye wotrɔa asi le woƒe asi ŋu ayetɔe.”
Papa John Paul II hã ɖe alesi wòtsi dzi ɖe nɔnɔmea ŋui gblɔ le ɖi ƒoƒo dukɔ madeŋgɔwo ŋuti takpekpe kpui aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me. Papa la gblɔ be: “Ŋlɔmiwɔwɔ gãe wònye ne dukɔ siwo si ga le kpɔa viɖe tso dukɔ siwo da ahe wu ƒe ganya madeamedzi kple se siwo me mesẽ o me to mɔ̃ɖaŋununya siwo ƒoa ɖi nu kple gbeɖuɖɔ siwo gblẽa nu le nutoa me kple ameawo ƒe lãmesẽ ŋu ɖoɖo ɖe wo me.”
Esia ƒe kpɔɖeŋu le Afrika ƒe anyigbe gome, afisi dɔwɔƒe si trɔa asi le mercury-ɖuɖɔ ŋu le xexeame katã ƒe gãtɔ kekeake le. Aɖiɖuɖɔawo wu dɔwɔla ɖeka, bubu yi ɖime, eye woka nya ta be mercury ƒe aɖi ge ɖe lãme na dɔwɔlawo katã ƒe akpa etɔ̃lia le mɔ aɖe nu le nusi woyɔna be “anyigbagã la dzi ɖiƒoƒo ƒe ŋukpenya vɔ̃ɖitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka” la me. Dukɔ siwo me dɔwɔƒegãwo le ƒe dziɖuɖuwo de se ɖe mercury-ɖuɖɔ aɖewo tsɔtsɔ ƒu gbe nu alo ɖo asi edzi vevie. Dɔwɔha siwo le dukɔ siawo dometɔ ɖeka teti me ƒe meliwo ɖoa agba siwo ŋu afɔku le ɖe Afrika-ƒutawo. Ƒuƒoƒo aɖe si tsana léa ŋku ɖe nuwo ŋu la kpɔ mercury-ɖuɖɔ gago 10,000 siwo tso dutadzɔha etɔ̃ gbɔ si wodzra ɖo ɖe afisi wogatrɔa asi le eŋu le.
Adze abe ɖe nuwo ɖoɖo ɖe dukɔ madeŋgɔwo me be woagbugbɔ asi atrɔ le wo ŋu nyo sã wu kɔlili gbeɖuɖɔwo ɖe wo gbɔ ene. Nu nyui bubuwo ate ŋu ado tso eme, ana amewo nakpɔ dɔ awɔ, eye wòana ganya naka ɖe eme. Gake abe alesi nyatakaka si tso Afrika ƒe anyigbe gome ɖee fia ene la, ate ŋu ahe afɔkuwo hã vɛ. Nusiawo tsɔtsɔ wɔ nu nyuiwoe ate ŋu azu atike wuame siwo hea ɖiƒoƒo kple dɔléle vɛ eye ete ŋu wua dɔwɔlawo ɣeaɖewoɣi hã. New Scientist magazine gblɔ be: “Ðikeke mele eme o be ɣeaɖewoɣi la, wotrɔa asi le ɖuɖɔwo ŋu bene kɔlili wo ɖi nagadze o.”
U.S.News & World Report ƒo nu tso mɔnu si ŋudɔ wowɔna la ŋu be: “Aʋatsoŋkɔ tsɔtsɔ na nuwo, nusiwo ŋu se metsi tre ɖo tẽ o ŋudɔwɔwɔ kple dɔnyala bibiwo ƒe anyimanɔmanɔ wɔe be aɖiɖuɖɔdzrala siwo ƒe ŋku biã siwo dzraa ɖuɖɔ ƒe ba be enye ‘anyigbanyonu’ alo wodzraa lãwutike siwo ƒe ɣeyiɣi va yi be ‘agbledetikewoe’ wonye la te ŋu gblẽa nu le dukɔ madeŋgɔwo ŋu bɔbɔe.”
Dutatɔwo ƒe maquiladoras, alo dɔwɔƒewo, dzi ɖe edzi le Mexico. Dutadɔwɔƒewo ƒe taɖodzinu vevi aɖee nye be yewoasi le ɖiƒoƒo ŋuti se sesẽwo nu ne yewoanɔ viɖe kpɔm le dɔwɔla gbogbo siwo woxea fetu sue na la ŋu. Agbadɔ siwo le tsiʋe ʋeʋẽ ƒoɖiwo to mee Mexicotɔ akpe geɖe le. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Gbɔ̃wo gɔ̃ hã manoe o.” Amerika Atikewɔha aɖe ƒe nyatakaka gblɔ be teƒea “sɔ kple tsi ƒoɖi kɔɖoƒe kple teƒe si dɔxɔleameŋu te ŋu dzina le kloe.”
Menye Lãwo Koe Le Kukum O
Arif Jamal si nye agbledede kple lãwutikewo ŋuti nunyala si tso Khartoum la bia be: “Aleke dukɔ aɖe atsri aɖi ŋudɔwɔwɔ le wo gbɔ gake wòawɔe ahadzrae na dukɔ bubuwo? Nu nyui kae le esia me?” Etsɔ gago siwo dzi woŋlɔ ɖo be: “Womeɖe mɔ be woazãe o”—le dukɔ si me wotso me la ƒe fotowo fia. Sudan-gbemelãwo ta kpɔƒe aɖee wokpɔ wo le. Lã kuku siwo li kɔ ɖi la nɔ wo xa.
The New York Times ka nya ta be dukɔ aɖe si me ga le “ɖoa lãwutike siwo nu woxe mɔ ɖo, esiwo dzi woɖo asii alo womeɖe mɔ be woazã wo le wo gbɔ o siwo ade kilogram miliɔn 227 ɖe dukɔ bubuwo me ƒe sia ƒe.” Woxe mɔ ɖe heptachlor si nye DDT ƒomevi aɖe si hea dɔdzẽ vɛ la nu le ƒe 1978 me be womegawui ɖe agblemenuwo dzi o. Gake atikewɔƒe si toe vɛ la gale ewɔwɔ dzi.
Wokpɔe le numekuku aɖe si Dukɔ Ƒoƒuawo wɔ me be “lãwutike” gbogbo aɖe “siwo me aɖi le ŋutɔ” la le dukɔ madeŋgɔ 85 ya teti me. Aɖi sia amesiwo ade miliɔn ɖeka vevie ƒe sia ƒe eye ɖewohĩ atikemenuwo wua ame 20,000.
Míate ŋu agblɔ be atamawɔƒewoe nye ŋukeklẽ wuame ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ. Scientific American me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Atama ƒe Dɔvɔ̃ si Xɔ Xexeame Katã” la gblɔ be: “Míate ŋu agblɔ be gbetete ɖe dɔléle kple ku si tso atamazazã gbɔ le xexeame katã la ƒe agbɔsɔsɔ dzi gbɔ eme o.” Ƒe si amewo xɔna le mamã dedie nu hafi dzea atamanono gɔme la le to yim wu, eye nyɔnu atamanolawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ. Atamawɔha sesẽwo siwo wɔ ɖeka kple boblodola dzeayewo le ŋusẽ kpɔm ɖe dukɔ madeŋgɔ siwo ƒlea nu na wo fũ la dzi dzidzedzetɔe. Mɔ si dzi wotona zua kesinɔtɔwo la dzi yɔ fũ kple ame kukuwo kple ame siwo ŋu dɔléle gblẽ nu le.a
Gake ele be míagblɔ be menye adzɔhawo katãe ŋea aɖaba ƒua dukɔ madeŋgɔwo ƒe nyonyo dzi o. Adzɔha aɖewo li siwo dzea agbagba be yewoawɔ dɔ nyui ahana woaka ɖe yewo dzi le dukɔ madeŋgɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, adzɔha aɖe naa ga eƒe dɔwɔla siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me hexea kɔdzife eye fetu si wobia la teƒe etɔ̃e wòxena na eƒe dɔwɔlawo. Adzɔha bubu le ŋudzɔ vevie ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu eye ete fli ɖe dɔ geɖe me le esi wotsi tre ɖe esia ŋu ta.
Megbedede Alakpatɔe
Le ƒe 1989 me la, wode asi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe takpekpe me nyaɖoɖo aɖe te le Basel, Switzerland, be woawɔ ɖoɖo ɖe ɖuɖɔ siwo ŋu afɔku le tsɔtsɔ tso dukɔ aɖe me ayi bubu me ŋu. Mete ŋu kpɔ kuxi la gbɔ o, eye New Scientist ka nya ta le kpekpe aɖe si dukɔ mawo ke gawɔ emegbe le March 1994 me ŋu be:
“Dukɔ 65 siwo kpɔ gome le Basel Takpekpea me wɔ afɔɖeɖe vevi aɖe le nuwɔwɔ ɖe dukɔ madeŋgɔwo ƒe dzikudodo si ŋu gɔmesese le la ŋu me esime wotso nya me be yewoakeke takpekpea ƒe taɖodzinu ɖe enu to mɔxexe ɖe ɖuɖɔ siwo ŋu afɔku le tsɔtsɔ tso dukɔ siwo le OECD [Ganya Ŋuti Ðekawɔwɔ Kple Ŋgɔyiyi Habɔbɔ] me ayi dukɔ siwo mele OECD me o la nu me.”
Gake edze abe nyametsotso mlɔetɔ sia medze dukɔ deŋgɔwo ŋu tututu o ene. New Scientist ɖee gblɔ be: “Eyata fifia nya si nye be United States, Britania, Germania kple Australia katã le agbagba dzem be woagblẽ nyametsotsoa dome la le kplamatse dom. Agbalẽ siwo wokpɔ le United States dziɖuɖua gbɔ klo nu le agbagba si dzem wòle ‘le vivime’ le dukɔwo dome nya la ŋu be yeawɔ ‘asitɔtrɔ’ le mɔxeɖenua ŋu hafi alɔ̃ aɖo kpe nyametsotsoa dzi la dzi.”
Ŋuklẽlawo ƒe Akɔntabiagbe
Biblia gblɔ le Yakobo 5:1 be: “Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!” Amesi ate ŋu aɖɔ nuwo ɖo lae abia akɔnta wo: “Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na amesiwo katã wote ɖe anyi la.”—Psalmo 103:6.
Amesiwo le ameteteɖeanyi ƒe ahedada me fifia ƒe dzi ate ŋu adze eme ne wonya be eteƒe madidi o nya siwo le Psalmo 72:12, 13 ava eme be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ June 8, 1995 ƒe Nyɔ! ƒe nyati si nye nye “Ame Miliɔn Geɖe ƒe Agbe Le Dzudzɔ me Tsim.”
[Aɖaka si le axa 14]
Gbeɖuɖɔ Wuame Siwo Gbe Vɔvɔ
“Nuklia Ðuɖɔ Wuame Li Kɔ Ði eye Womekpɔ Ta Nɛ Haɖe O.” Nenemae March si va yi ƒe The New York Times ƒe akpa si ƒoa nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu ƒe tanya gblɔ. Nyatia gblɔ be: “Nu bɔbɔetɔ kekeake si woate ŋu awɔe nye be woaɖii ɖe tome. Gake wole nya ma ʋlim fifia esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ɖi kem, eye Dziɖuɖudɔwɔƒewo le nu srɔ̃m tso eŋu be ne woɖii ɖe tome le Nevada abe alesi wodoe ɖa ene la, plutonium ɖuɖɔ si le eme ana wòazu nuklia-ŋusẽ awó.”
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo do susu geɖe ɖa be woatsɔ aɖe plutonium siwo tsi anyi la ɖa, gake ga si woagblẽ, nyaʋiʋliwo, kple vɔvɔ̃ wɔe be woƒe tameɖoɖowo tsi akpo dzi. Susu ɖeka si dzi ame geɖe meda asi ɖo o ye nye be woakɔe ɖe atsiaƒu me. Nya bubu si wodo ɖa si nye nukpɔkpɔ le susu me ko lae nye be woagbãe ɖe ɣe la me. Susu bubu hãe nye be woatsɔ nuklia-ŋusẽdzidzemɔ̃ afiãe. Gake wogbe esia elabena “axɔ ƒe alafa alo akpe geɖe” hafi woate ŋu awu enu.
Dk. Makhijani si le Ŋusẽ kple Nutome Ŋuti Numekuƒe gblɔ be: “Mɔ̃ɖaŋununya ƒe kuxigbɔkpɔnu nyui ɖesiaɖe ƒe akpa aɖewo nye ŋɔdzi le dunyahehe gome, eye dunyahehe me kuxigbɔkpɔnu nyui ɖesiaɖe medea ame dzi le mɔ̃ɖaŋununya gome o. Kuxi sia gbɔ kpɔnu nyuitɔ aɖeke mele ame aɖeke si o, míawo hã míate akpɔ egbɔ o.”
Ƒe sia ƒe la, be woate ŋu ana elektrik-ŋusẽ aƒe miliɔn 60 le United States—dukɔa ƒe elektrik-ŋusẽ ƒe akpa 20 le alafa me—la, woɖea ami gbegblẽ tɔn 2,000 le mɔ̃ 107 si le nuklia-ŋusẽdɔwɔƒewo me, eye tso ƒe 1957 me la, wodzra mɔ̃memi gbegblẽ la ɖo ɖe woƒe nuklia-ŋusẽdɔwɔƒewo gbɔ. Ƒe bla nanewoe nye sia sia si amewo kpɔ mɔ dzodzroe be dziɖuɖua nadi mɔ si dzi woato atsɔe aƒu gbe. Dukplɔla asieke va ɖu dzi, eye Sewɔtakpekpe 18 wɔ ɖoɖowo heɖo ŋkeke siwo woadzra keklẽŋusẽmeɖuɖɔwo ɖo ɖe tomexɔwo me, gake womete ŋu tso ɖe eŋu ɖe ɖuɖɔ wuame si ta wòle be woakpɔ ƒe akpe geɖe la ɖa kpɔ o.
Gake afɔku aɖeke mele keklẽ triliɔn geɖe si ŋudɔ Yehowa Mawu wɔna le xexeame ƒe ɣletivi siwo le didiƒe ʋĩ la ŋu o, eye esi ŋudɔ wòwɔna le míaƒe ɣea me la na agbe nya nɔna le anyigba dzi.
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
UNITED NATIONS/IAEA
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Aɖitikewo gblẽa tsi si wonona kple esi wotsɔ nyaa nui
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ðeviwo fena le ɖuɖɔ siwo me afɔku le alo ate ŋu awu ame la me