INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 1/8 axa 6-11
  • Ðe Wole Aʋa la Dzi Ðuma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wole Aʋa la Dzi Ðuma?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Gbagbewo Kple Wo Nɔƒewo Ŋuti Nyateƒe Vevi Etɔ̃awo
  • Nuka Gbegbee Gblẽ?
  • Ðe Amegbetɔ Ate Ŋu Akpɔ Kuxia Gbɔa?
  • Dukɔ Dahewo Va Zua Dukɔ Deŋgɔwo ƒe Aɖukpowo
    Nyɔ!—1995
  • Agbagbadzedze Be Woakpɔ Míaƒe Anyigba La Ta
    Nyɔ!—1996
  • Anyigba la ƒe Dzɔdzɔmenuwo Le Vɔvɔm
    Nyɔ!—2005
  • Nutoa Me Takpɔkpɔ—Dzidzedze Ka Kpɔm Míele?
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 1/8 axa 6-11

Ðe Wole Aʋa la Dzi Ðuma?

“MILÉ be na anyigba sia, eya ɖeka koe le mía si.” Kuku wɔdɔɖeamedzi siae Britania Fiavi Philip si nye Xexeame Katã ƒe Dzɔdzɔmenuwo ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla la ɖe.

Hakpala la ŋlɔe ƒe akpe geɖe do ŋgɔ be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” (Psalmo 115:16) Mawu tsɔ anyigba la na mí wònye míaƒe aƒe, eye ele be míalé be nɛ. Nu mae nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti nunya fia.

“Nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti nunya” gɔmeɖeɖe le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “nusɔsrɔ̃ tso aƒeme ŋuti.”a Gɔmeɖeɖe aɖe si The American Heritage Dictionary nae enye “nusɔsrɔ̃ tso nusiwo gblẽm egbegbe ŋkuʋuʋu le le yamenutoa me ŋu, kple susu be woaxe mɔ nɛ alo woaɖɔe ɖo to etakpɔkpɔ me.” Ne míagblɔe kpuie la, nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti nunya fia be woakpɔ nusi amegbetɔ gblẽ ahadi mɔnuwo aɖɔe ɖo. Ðeke menye dɔ vi o.

Nu Gbagbewo Kple Wo Nɔƒewo Ŋuti Nyateƒe Vevi Etɔ̃awo

Nugbagbeŋutinunyala Barry Commoner gblɔ nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti se bɔbɔe etɔ̃ ɖe eƒe agbalẽ si nye Making Peace With the Planet me, siwo na nusitae anyigba te ŋu gblẽna to ezazã ɖe mɔ gbegblẽ nu la me kɔ.

Nusianu de nu nu bubu ɖesiaɖe me. Alesi aɖu gbegblẽ ɖeka ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ameti bliboa dzii la, nenemae dzɔdzɔmenu aɖe ƒe gbegblẽ ate ŋu ahe yamenutomekuxi geɖe vɛ.

Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 40 siwo va yi me la, wogbã Nepal Himalaya-vea ƒe akpa 50 le alafa me ɖe nake alo atiŋudɔwɔnuwo ta. Esi wotso atiwo le toa dzi ta la, eteƒe medidi o esi tsi gãwo te dzadza la, ekplɔ ke le toa dzi. Ke ƒe anyimanɔmanɔ ta ati yeyewo mete ŋu toa ke o, eye to geɖe zu dzogbe. Avewo tsɔtsrɔ̃ wɔe be fifia tsi kplɔa ke tɔn miliɔn nanewo le Nepal-nyigba dzi ƒe sia ƒe. Eye menye Nepal koe kuxia le o.

Le Bangladesh afisi atiwo noa tsidzadza gãwo le tsã la, fifia wosina kplakplakpla toa to siwo tsi ƒeƒle la dzi ɖoa ta ƒuta va ɖɔna ɖe afima gbagbagba. Tsã la, zi ɖeka le ƒe 50 me hafi tsi gãwo ɖɔna le Bangladesh; fifia eɖɔna ƒe 4 ɖesiaɖe alo medena o.

Le xexeame ƒe akpa bubuwo la, avewo tsɔtsrɔ̃ na anyigba le dzogbe zum eye teƒe mawo ƒe yame ƒe nɔnɔme trɔ. Dzɔdzɔmenu siwo zãm amegbetɔ le fũ ƒe ɖeka koe avewo nye. Esi wònye nu ʋee aɖe koe nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti nunyalawo nya le alesi míaƒe anyigba gã la ƒe akpa vovovoawo do ƒome kple wo nɔewoe ta la, ɖewohĩ womakpɔ kuxi aɖe o vaseɖe esime nu geɖe gblẽ hafi. Aleae wòle le gbeɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe gome wònye nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti se evelia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe.

Ele be nusianu nayi afi aɖe. Kpɔ alesi aƒeme anɔ ne wometsɔa gbeɖuɖɔwo ƒua gbe o ɖa. Nenemae míaƒe anyigba la le—ele be míalɔ míaƒe gbeɖuɖɔwo katã akɔ ɖe anyigba la ƒe afi aɖe. Ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la si gblẽm wole vivivi la fia be menye ɖeko ya siwo wɔ abe womegblẽa nu o, abe carbon, chlorine, fluorine (CFC-wo) ene, gɔ̃ hã yia yame ko o. Nusiwo ate ŋu anye afɔku alafa nane siwo tum wole ɖe yame, tɔsisiwo, kple atsiaƒuwo me la dometɔ ɖeka koe CFC-wo nye.

Nyateƒee, nanewo—siwo woyɔna be “nu nyunyɔ magblẽnuwo”—ate ŋu anyunyɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe eye woanyi le dzɔdzɔme nu, gake bubuwo menyunyɔna o. Wotsɔ aŋego siwo anɔ anyi ƒe bla nanewo la li kɔ ɖe xexeame ƒe ƒutawo. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe ƒe aɖinuwo ya medzena tututu o, eye woɖia wo ɖe teƒe aɖe zi geɖe. Togbɔ be womele ŋkukpɔƒe o hã la, kpeɖodzi aɖeke meli be woaŋlɔ wo be ɣesiaɣi o. Ate ŋu age ɖe tometsiwo me eye wòagblẽ nu le amegbetɔ kple lãwo ƒe lãmesẽ ŋu vevie. Hungaritɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si le Budapest Tsiŋutinusrɔ̃ƒe lɔ̃ ɖe edzi be: “Míenya alesi míawɔ aɖinu siwo katã wɔm egbegbe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo le lae o. Míenya agbɔsɔsɔme si wowɔna kple afisi wokɔa wo ɖo gɔ̃ hã o.”

Keklẽŋusẽ si dona tsoa nuklia-ŋusẽdɔwɔƒewoe nye gbeɖuɖɔ si dzi ŋɔ wu. Togbɔ be wokɔ nuklia-gbeɖuɖɔ aɖewo ɖe atsiaƒu me xoxo hã la, wokɔ tɔn akpe nanewo ɖe teƒe aɖewo gbɔ. Togbɔ be wowɔ numekuku le dzɔdzɔmeŋutinunya me ƒe geɖe hã la, womeke ɖe gbeɖuɖɔkɔɖoƒe si anɔ anyi ɖaa, alo alesi woaɖe wo ɖae eye magblẽ nu o la ŋu haɖe o, eye ɖeke hã meva susu me o. Ame aɖeke menya ɣekaɣie nu gbagbewo kple wo nɔƒe ƒe bɔmb sia si woɖo game na la awó o. Kuxia nu mayi gbeɖe o—gbeɖuɖɔa anye keklẽŋusẽ ƒe alafa alo ƒe akpe geɖe, alo vaseɖe esime Mawu natso ɖe eŋu. (Nyaɖeɖefia 11:18) Amegbetɔ ƒe gbeɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe ɖekematsɔlemetɔe hã ɖo ŋku nu gbagbewo kple wo nɔƒe ŋuti se etɔ̃lia dzi na mí.

Dzɔdzɔme ŋutɔ netsɔ eƒe mɔ. Ne míagblɔe bubui la, ehiã be amegbetɔ nawɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeɖoɖowo tsɔ wu be wòate kpɔ ato exa awɔ nusiwo wòsusu be enyo wu. Lãwutike aɖewo nye eƒe kpɔɖeŋu. Esi wodo zi gbãtɔ la, wona agbledelawo ɖu gbewo dzi eye wotsrɔ̃ nudzodzoe gblẽnuwo ɖa keŋkeŋ. Ewɔ abe ɖe woana woaŋe nu geɖe ene. Gake nuwo va gblẽ. Gbewo kple nudzodzoeviwo megasea lãwutikea o eye eva dze ƒã be lãwutikeawo va le gbemelã siwo ɖua nudzodzoeviwo kple amegbetɔwo gɔ̃ hã sim. Ðewohĩ lãwutikea de aɖi lãme na wò hã. Ekema ame miliɔn ɖeka teti siwo wòde aɖi lãme na le xexeame katã la dometɔ ɖekae nènye.

Kpeɖodzi wɔnublanui mlɔetɔe nye be ɖewohĩ lãwutikeawo mana nukuwo naʋã wu gɔ̃ hã o. Le United States la, nudzodzoewo ɖua nukuwo ƒe akpa gãtɔ fifia wu ɣeyiɣi si lãwutikeawo menɔ anyi o. Nenema ke Dukɔwo Dome Mɔli Ŋuti Numekuƒe si le Philippines kpɔe be lãwutikewo megana woxaa mɔli geɖe le Anyieheɣedzeƒe Asia o. Le nyateƒe me la, Indonesia-dziɖuɖua ƒe ɖoɖo aɖe si me womezãa lãwutike le fũ o ƒe mɔlixaxa dzi ɖe edzi zi 15 le alafa me tso 1987 ke togbɔ be woɖe lãwutike zazã dzi kpɔtɔ zi 65 le alafa me gake. Ke hã la, agbledela siwo le xexeame gazãa lãwutikewo fũ kokoko.

Nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti se etɔ̃ siwo míegblɔ ɖe etame na míekpɔ nusitae nuwo le gbegblẽm ɖo. Biabia vevi bubuwoe nye, Nuka gbegbee gblẽ xoxo, eye ɖe woate ŋu aɖɔe ɖoa?

Nuka Gbegbee Gblẽ?

Xexeame ƒe nɔnɔmetata si kpe ɖe eŋu (kpɔ axa 8-9) la tɔ asi yamenutomekuxi vevi aɖewo kple afisiwo wosẽ le wu dzi. Edze kɔte be ne nɔƒe ƒe anyimanɔmanɔ alo nu bubuwo na numiemie alo lã ƒomevi aɖe tsrɔ̃ la, amegbetɔ mate ŋu aɖɔ nusi gblẽ la ɖo o. Nu bubu si gblẽ—abe ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la ƒe gbegblẽ ene—dzɔ xoxo. Ke yamenutome si le gbegblẽm ɖe edzi ya ɖe? Ðe wole agbagba dzem be woatɔ tee alo alé enu viea?

Agbledede kple lãɖeɖee nye nu vevi siwo wotsɔ dzidzea nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ƒe gbegblẽ la dometɔ eve. Nukata? Elabena woƒe nyonyo nɔ te ɖe yame ƒe nɔnɔme nyui dzi eye míaƒe agbe nɔ te ɖe nuɖuɖutsoƒe si ŋu kakaɖedzi le dzi.

Dɔwɔna evea siaa ƒe gbegblẽ ɖe dzesi. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agbledede Habɔbɔ bu akɔnta be xexeame ƒe lãɖeʋuwo mate ŋu aɖe lã wòawu tɔn miliɔn 100 esi womade tɔmelãwo afɔku me vevie o. Woɖe lã le ƒe 1989 me wòsɔ gbɔ wu ema eye edzɔ abe alesi wokpɔ mɔe ene be le ƒe si kplɔe ɖo me la, xexeame katã ƒe lãɖeɖe dzi ɖe kpɔtɔ tɔn miliɔn ene. Tɔmelãwo vɔ kabakaba le afisiwo wohona ɖo dometɔ aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, le Atlantik ƒe dzieheɣedzeƒe la, lãɖeɖe dzi ɖe kpɔtɔ zi 32 le alafa me le ƒe 20 siwo va yi me. Nusiwo gbɔ wòtso koŋ woe nye lãɖeɖe fũ, ɖiƒoƒo atsiaƒuwo, kple tɔmelãwo ƒe aziɖɔƒewo tsɔtsrɔ̃.

Nɔnɔme dziŋɔ sia dze le agbledede me. Le ƒe 1960-awo kple 1970-awo me la, asitɔtrɔ le agblemenuwo ŋu kple tsidedee ƒe mɔnu deŋgɔwo kpakple lãwutike kple anyigbanyotikewo zazã geɖe na nukuwo wɔ nyuie le xexeame. Fifia lãwutikewo kple anyigbanyotikewo megale dɔ wɔm abe tsã ene o, eye tsi ƒe vɔvɔ kple ɖiƒoƒo yame hã wɔe be womegale nu ŋem fũ o.

Togbɔ be ame miliɔn 100 va kpea mí ƒe sia ƒe hã la, agbledenyigba siwo li dzi ɖe kpɔtɔ le ƒe ewo siwo va yi me. Eye agbledenyigba sia megale nu wɔm tututu o. Worldwatch Habɔbɔ bu akɔnta be tsi kplɔ ke tɔn biliɔn 500 dzoe na agbledelawo le ƒe 20 siwo va yi me. Esia na nuɖuɖugbledede te toyiyi. State of the World 1993 ƒe nyatakaka gblɔ be “ɖewohĩ nuku agbɔsɔsɔ si li na ame ɖeka ɖesiaɖe ƒe vɔvɔ zi 6 le alafa me le ƒe 1984 kple 1992 domee [nye] dzɔdzɔmenuwo ŋuti ɖoɖowɔwɔ ɖefunametɔ wu le xexeame egbea.”

Edze ƒã be amegbetɔ ƒe aɖabaŋeŋe ƒu yamenutoa me dzi de ame miliɔn geɖe ƒe agbe afɔku me xoxo.

Ðe Amegbetɔ Ate Ŋu Akpɔ Kuxia Gbɔa?

Togbɔ be fifia amegbetɔ nya nane tso nusi le gbegblẽm ŋu hã la, eɖɔɖɔɖo mele bɔbɔe o. Kuxi gbãtɔe nye be abia ga geɖe—biliɔn $600 ya teti ƒe sia ƒe—hafi woatsɔ nya geɖe siwo wodo ɖa le Anyigba Ŋuti Takpekpe si wowɔ le ƒe 1992 me ade dɔwɔwɔ me. Abia nuwo tsɔtsɔ sa vɔe hã ŋutɔ—nuwo tsɔtsɔ sa vɔe abe nu ʋee aɖewo gbegblẽ kple geɖe ŋudɔ gbugbɔwɔ, beléle na tsi kple ŋusẽ, hawo ƒe ʋuwo ɖoɖo tsɔ wu ɖokuisiʋuwo zazã ene, eye esi sesẽ wu la, woabu anyigba la ŋuti wu ame ɖokui. John Cairns, Jr., si nye United States kɔmiti aɖe si kpɔa tsi me nuwo ɖɔɖɔɖo gbɔ ƒe zimenɔla ƒo nu tso kuxia ŋu kpuie be: “Meka ɖe nusi míate ŋu awɔ dzi. Nusi míawɔ ya la, nyemeka ɖe edzi o.”

Nu bliboa dzadzraɖo xɔ asi ale gbegbe be dukɔ akpa gãtɔ di be yewoahe akɔntabiagbea ɖe megbe. Le gakuɖiɣi sia me la, wobua yamenutoa me ŋuti ɖoɖowo be woade dɔwo afɔku me eye be woagblẽ gaŋutiɖoɖowo me. Enya gblɔna gake menya wɔna o. Agbalẽ si nye Caring for the Earth ɖɔ alesi wotso ɖe eŋui vaseɖe fifia be ele abe “numenya ŋɔnɔewo ƒe dziɖegbe si yome dɔmawɔmawɔ ƒe kuwo ɖi ɖo” ene. Gake togbɔ be kplamatsedonu sia li hã la, ɖe mɔ̃ɖaŋu yeye—ne woɖe mɔ nɛ la—make ɖe anyigba ƒe dɔléle dada si magblẽ nu o ŋu oa? Edze ƒã be mate ŋui o.

United States Dukɔ ƒe Dzɔdzɔmeŋutinunyawo Srɔ̃ƒe kple London Ameŋkutawo ƒe Habɔbɔ sɔ nu gblɔ kaŋ be: “Ne amewo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu nya siwo gblɔm wole fifia ava eme pɛpɛpɛ eye amegbetɔ ƒe dɔwɔna le anyigba la dzi ƒe nɔnɔme metrɔ o la, ke ɖewohĩ dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya mate ŋu atɔ te yame ƒe gbegblẽ matrɔmatrɔ la alo ahedada kolikoli si le xexeame ƒe akpa gãtɔ la o.”

Nuklia-gbeɖuɖɔ dziŋɔ si womenya afisi woakɔe ɖo o nye ŋkuɖodzi be dzɔdzɔmeŋutinunya mekpɔ ŋusẽ ɖe nusianu dzi o. Ƒe 40 enye sia si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le teƒe nyui aɖewo dim woakɔ aɖiɖuɖɔ sesẽwo ɖo. Didi sia gbɔ ɖoɖo le sesẽm ale gbegbe be dukɔ aɖewo, abe Italia kple Argentina ene, ƒo nya ta be ƒe 2040 me hafi yewoakpɔ teƒe aɖe, ne medidi kura o enye ma. Germania si nye dukɔ si si mɔkpɔkpɔ le wu le go sia me la le mɔ kpɔm be yewoawu nusianu nu le ƒe 2008 me.

Nukata nuklia-gbeɖuɖɔ nye kuxi alea gbegbe? Anyigbaŋutinunyala Konrad Krauskopf ɖe eme be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyala alo mɔ̃ɖaŋuwɔla aɖeke mate ŋu ana kpeɖodzi kakaɖedzitɔe be aɖiɖuɖɔ mava do bababa afɔkutɔe gbaɖegbe tso nudzraɖoƒe nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã o.” Gake togbɔ be woxlɔ̃ nu le gbeɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe ƒe kuxia ŋu do ŋgɔ hã la, dziɖuɖuwo kple nuklia-dɔwɔƒewo le dɔ wɔm kple dzidzɔ, hesusu be mɔ̃ɖaŋununya ava kpɔ egbɔkpɔnu le etsɔme. Etsɔme ma meva kpɔ o.

Ne egbɔkpɔnu tsɛ aɖeke mele mɔ̃ɖaŋununya si o ɖe, ke wɔna kae gali? Ðe nyawuame azi dukɔwo dzi mlɔeba be woawɔ dɔ ɖekae akpɔ anyigba la taa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Etso Helagbe me nya oiʹkos (aƒeme, aƒe) kple lo·giʹa (nusɔsrɔ̃) me.

[Aɖaka si le axa 7]

Dzɔdzɔmeŋusẽtsoƒewo Didi

Mí ame akpa gãtɔ míebua ŋusẽ ɖe naneke me o—vaseɖe esime wotsi akaɖi alo mɔ̃memiwo ƒe asi yi dzi hafi. Gake ŋusẽ zazãe nye nusiwo hea ɖiƒoƒo vɛ wu la dometɔ ɖeka. Ŋusẽ siwo míezãna ƒe akpa gãtɔ tsoa dzotɔtɔ atiwo alo tomemiwo me, wotua carbon dioxide tɔn miliɔn geɖe ɖe yame eye wòtsrɔ̃a ave siwo le xexeame ƒe akpa gã aɖe.

Ame geɖe wu le nu gbem le ŋusẽtsoƒe bubu si nye nuklia-ŋusẽ gbɔ le afɔku siwo le eme kple alesi aɖiɖuɖɔ dzadzraɖo sesẽe ta. Woyɔa ŋusẽtsoƒe bubuwo be dzɔdzɔmeŋusẽtsoƒewo elabena woléa dzɔdzɔmeŋusẽ siwo bɔ la ɖi. Hatsotso gã atɔ̃ ye li.

Ɣeŋusẽ. Woate ŋu alé nusia atsɔ ado dzoe bɔbɔe, eye le dukɔ aɖewo abe Israel ene me la, ɣeŋusẽhemɔ̃wo le aƒe geɖe me wotsɔ ɖoa tsi dzoe. Ɣea zazã be wòana elektrik-ŋusẽ sesẽ ŋutɔ, gake wole fifi ɣeŋusẽhemɔ̃wo zãm tsɔ le elektrik-ŋusẽ nam kɔƒenutowo me xoxo eye gãgbegblẽ mele eme fũ o.

Yaŋusẽ. Woɖi yatromɔ̃ gã gbogbo aɖewo ɖe xexeame ƒe teƒe geɖe siwo ya ƒona le sesĩe. Elektrik-ŋusẽ dzɔtsoƒe sia si woyɔna be yaŋusẽ la ƒe asi le ɖiɖim ŋutɔ eye fifia eƒe asi bɔbɔ wu ŋusẽtsoƒe tsãtɔwo le teƒe aɖewo.

Tsiŋusẽ. Tsiŋusẽnamɔ̃wo gbɔe xexeame ƒe elektrik-ŋusẽ 20 le alafa me tsona fifia, gake nublanuitɔe la, wole teƒe siwo wokpɔ le dukɔ deŋgɔwo me ɖe eŋu ƒe akpa gãtɔ gblẽm xoxo. Tɔ gãwo hã ate ŋu agblẽ nu geɖe le anyigbanutowo me ŋu. Ewɔ abe mɔkpɔkpɔ si nyo wu, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me ene, enye be woaɖi tsiŋusẽnamɔ̃ geɖe siwo le sue wu.

Tomeŋusẽ. Dukɔ aɖewo, vevietɔ Iceland kple New Zealand te ŋu he ŋusẽ tso “tsi dzodzoe” si le tome la me. Nuwo ƒe wowó le tome naa tsi xɔa dzo, si woate ŋu atsɔ ade dzoxɔxɔ aƒeme ahatsɔe ana elektrik-ŋusẽe. Italy, Japan, Mexico, Philippines, kple United States hã wɔ dzɔdzɔmeŋusẽtsoƒe sia vaseɖe afi aɖe.

Atsiaƒuŋusẽ. Wotsɔ ƒutsotsoewo le elektrik-ŋusẽ namee le dukɔ aɖewo abe Britain, France, kple Russia ene me. Gake teƒe ʋee aɖewo le xexeame siwo woate ŋu azã bɔbɔe atsɔ ana ŋusẽ sia le asi bɔbɔe dzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Xexeame ƒe Yamenutomekuxi Sesẽ Aɖewo

Avewo tsɔtsrɔ̃. Ave siwo le fafaƒewo ƒe akpa etɔ̃ le ene me kple xexeame ƒe anyigba xɔdzowo ƒe avewo ƒe afã tsrɔ̃ xoxo, eye avewo tsɔtsrɔ̃ dzi ɖe edzi ŋɔdzitɔe le ƒe ewo siwo va yi me. Akɔntabubu yeyewo fia be ave siwo wotsrɔ̃na le anyigba xɔdzowo dzi ƒe sia ƒe nye kilometa 150,000 vaseɖe 200,000 togodo, si ade Uruguay ƒe lolome.

Aɖiɖuɖɔwo. Wogblɔ be atikemenu 70,000 siwo wɔm wole fifia ƒe afã nye aɖi. United States ɖeɖe dzaa wɔa aɖiɖuɖɔ tɔn miliɔn 240 ƒe sia ƒe. Akɔntamabumabu wɔe be womate ŋu abu xexeame katã tɔ o. Hekpe ɖe eŋu la, kaka ƒe 2000 naɖo la, woatsɔ aɖiɖuɖɔ siwo ade tɔn 200,000 kloe akɔ ɖe teƒe aɖewo gbɔ.

Anyigba la gbegblẽ. Xexeame ƒe anyigba mamã ɖe akpa etɔ̃ ƒe ɖeka le dzogbe zum. Sahara Dzogbea keke ɖe enu kilometa 350 le ƒe 20 ko me le Afrika ƒe teƒe aɖewo. Ame miliɔn geɖe ƒe agbe ɖo afɔku me xoxo.

Tsi ƒe veve. Amesiwo ade biliɔn eve le teƒe siwo tsi vena le ɣesiaɣi. Tsivudo akpe geɖe siwo le miemiem le esi kpe siwo dzi woxa ɖo le to yim ta ye wɔe be tsi gale vevem vevie.

Nu gbagbe siwo ƒe agbe ɖo afɔku me. Togbɔ be ɖeko wobu woƒe xexlẽme yɔ hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be kaka ƒe 2000 naɖo la, lãwo, numiemiewo, kple nudzodzoe ƒomevi 500,000 vaseɖe 1,000,000 atsrɔ̃.

Yame ƒe gbegblẽ. Wokpɔe le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe numekuku aɖe me le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze be ame biliɔn ɖeka le dugã siwo me dɔdelãmenu siwo nye dzɔblemenuwo alo aɖidzudzɔwo, abe sulfur dioxide, nitrogen dioxide, kple carbon monoxide ene nɔna gbesiagbe la me. Ðikeke mele eme o be dugãwo ƒe takeke kabakaba le ƒe ewo siwo va yi me na kuxi sia gasẽ ɖe edzi. Hekpe ɖe eŋu la, wotua carbon dioxide tɔn biliɔn 24 ɖe yame ƒe sia ƒe, eye vɔvɔ̃ li be “anyigba ƒe dzoxɔxɔ” sia ate ŋu ana xexeame katã naxɔ dzo.

[Anyigbatata]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Avewo tsɔtsrɔ̃

Aɖiɖuɖɔwo

Ðiƒoƒo yame

Tsi ƒe veve

Nu gbagbe siwo ɖo afɔku me

Anyigba la gbegblẽ

[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps™ copyright© 1993 Digital Wisdom, Inc.

Foto: Hutchings, Godo-Foto

Foto: Mora, Godo-Foto

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe