INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 1/8 axa 3-5
  • Agbagbadzedze Be Woakpɔ Míaƒe Anyigba La Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagbadzedze Be Woakpɔ Míaƒe Anyigba La Ta
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afɔku si Le Dzidzim Ðe Edzi
  • Agbagbadzedze be Woakpɔ Anyigba la Ta
  • Ðe Wole Aʋa la Dzi Ðuma?
    Nyɔ!—1996
  • Míaƒe Anyigba Beli La—Aleke Etsɔme Anɔ Nɛ?
    Nyɔ!—1996
  • Míaƒe Anyigba si Gblẽm Wole Afɔkuawo Le Dzɔdzɔm le Teƒe Geɖe
    Nyɔ!—1993
  • Aleke Gbegbee Míaƒe Ɣletinyigba La Dze Dɔe?
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 1/8 axa 3-5

Agbagbadzedze Be Woakpɔ Míaƒe Anyigba La Ta

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SPANIA GBƆ

VI EVE le Yury si le Russia-dugã, Karabash, la si eye wo ame evea siaa dze dɔ. Eɖe fu nɛ gake mewɔ nuku nɛ o. Egblɔ be: “Ðevi sesẽe aɖeke mele afisia o.” Aɖi le Karabashtɔwo sim. Wo gbɔ adzɔnuwɔƒe aɖe tua aɖinu tɔn 162,000 ɖe yame ƒe sia ƒe—tɔn 9 na ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi ɖesiaɖe si le afima. Le Nikel kple Monchegorsk siwo le Kola Ƒukpo Afãa dzi le Arktik Nutoa ƒe dzigbe gome la, “xexeame ƒe gaɣilolomɔ̃ gãtɔwo kple esiwo do xoxo wu dometɔ eve . . . tua gaɖinu kple aɖiya gbogbo aɖe ɖe yame ƒe sia ƒe wu adzɔnuwɔƒe mawo tɔgbe ɖesiaɖe le Russia.”—The New York Times.

Ya si le Mexico City hã menyo o. Wokpɔe le Ðk. Margarita Castillejos ƒe numekuku aɖe me be le dua ƒe kesinɔtɔwo nɔƒe gɔ̃ hã la, ɖeviwo dzea dɔ ŋkeke 4 le 5 ɖesiaɖe me. Egblɔ be: “Dɔléle va zu numãme na wo.” Egagblɔ be dzudzɔ gbogbo siwo ʋu akpe nane siwo yɔ mɔdodowo dzi ɖenae nye nusiwo koŋ gbɔe wòtsona dometɔ ɖeka. Ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la zu sue wu lolome si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ na zi gbɔ zi ene.

Afɔkua medze gaglã le Australia o—gake ate ŋu awu ame nenema ke. Fifia ele be ɖeviwo naɖɔ kuku ne wole fefem le sukufefeƒe. Ya sia ƒe gbegblẽ le Xexeame ƒe Anyigbe na Australiatɔwo megabua ɣea xɔlɔ̃e o ke wobunɛ futɔe boŋ. Ŋutigbalẽmedɔdzẽ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ le wo gbɔ xoxo.

Le xexeame ƒe teƒe bubuwo la, tsi si asu kpɔkpɔ zua avu kple kɔ gbesiagbe. Ku ɖi le Mozambique esime Amalia xɔ ƒe 13. Tsi vɔ le ƒe gbãtɔ me kloe eye le ƒe evelia me la, ƒã hafi nàkpɔ ɖe. Agblemenukuwo yrɔ sũ heku. Esia na be avemekutsetsewo ko Amalia kple eƒe ƒomea ɖuna eye wokua tɔto wɔkewo be yewoake ɖe tsi xɔasi ɖesiaɖe ŋu.

Le India-du, Rajasthan la, gbeɖuƒewo koŋue le vɔvɔm kabakaba. Phagu si nye lãnyila le afima wɔa dzre kple afima agbledelawo zi geɖe. Eƒe alẽwo kple gbɔ̃wo mekpɔ gbe woaɖu o. Esi anyigba wɔnuwo vɔ keŋkeŋ ta la, ɖekawɔwɔ si nɔ agbledelawo kple lãnyilawo dome ƒe alafa geɖe la me gblẽ.

Nɔnɔmea vɔ̃ɖi gɔ̃ hã wu le Sahel si nye dzogbe gbadza, afisi tsi medzana le fũ o le Sahara ƒe anyigbe le Afrika. Avewo tsɔtsrɔ̃ kple kuɖiɖi si wòhe vɛ na be lãha blibowo tsrɔ̃ eye agble suesue gbogbo aɖewo tsrɔ̃ ɖe dzogbe si le ta kekem la ƒe ke me. Esi Fulani agbledela aɖe si tso Niger kpɔe eƒe lugble fiã zi adrelia la, eka atam be: “Nyemagaƒãe azɔ o.” Eƒe nyihawo ku xoxo le esi womekpɔ gbe woaɖu o ta.

Afɔku si Le Dzidzim Ðe Edzi

Afɔku gã aɖe le nyitsɔ laa kuɖiɖiwo, nukuwo ƒe fiafiã, kple ya si woƒo ɖii si na gbɔgbɔtsixe le dugãwo ƒo tsim la me. Wonye ɣletinyigba lédɔ ƒe dzesi, ɣletinyigba si magate ŋu atsɔ agba gã si amegbetɔ do nɛ la o.

Naneke mele anyigba dzi si le vevie na míaƒe agbetsitsi wu ya si míegbɔna, nusi míeɖuna, kple tsi si míenona o. Amegbetɔ ŋutɔ—le ɖi ƒom nu vevi siawo siwo léa agbe ɖe te alo le wo gblẽm atraɖii. Yame ƒe nɔnɔme de agbe afɔku me le dukɔ aɖewo me xoxo. Soviet-dukplɔla tsãtɔ Mikhail Gorbachev gblɔe eme kɔ be, “nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ƒe kuxiwo lé ve na mí.”

Menye afɔku si woabu nu tsɛe wònye o. Amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi ɖaa le xexeame, eye ame geɖe wu va le nusiwo mesɔ gbɔ o ham. Lester Brown si nye Worldwatch Habɔbɔ ƒe zimenɔla la gblɔ nyitsɔ laa be “afɔku gã si me míaƒe etsɔme ɖo la menye asrafowo ƒe amedzidzedze o ke anyigbaa ƒe nutowo me ƒe gbegblẽe.” Ðe wole nu geɖe wɔm be woatsɔ atɔ te afɔkua?

Agbagbadzedze be Woakpɔ Anyigba la Ta

Kpekpe ɖe ahamula si xɔe se be menye ahanoxe yenye o ŋu sesẽ. Nenema ke afɔ gbãtɔ si woaɖe ana anyigba nahayae nye be woakpɔ alesi gbegbe nɔnɔmea gblẽe. Anye be nufiafia amewo le yame ƒe nɔnɔme ŋue nye dzidzedze ɖedzesi si wokpɔ le nyitsɔ laa ƒewo me. Ame akpa gãtɔ nya nyuie egbea be wole míaƒe anyigba la gblẽm hele ɖi ƒomee—eye be ele be woawɔ nane tso eŋu. Yame ƒe gbegblẽ ƒe afɔkua dzi ŋɔ fifia wu nuklia-ʋa ƒe ŋɔdzi.

Xexeamedziɖulawo meɖe ŋu ɖi le kuxiawo ŋu o. Dukplɔla siwo ade 118 de Anyigba Ŋuti Takpekpe le ƒe 1992 me, esi me wowɔ afɔɖeɖe ʋee aɖewo le be woatsɔ akpɔ yamenutoa me kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenu siwo le vɔvɔm ta. Dukɔ akpa gãtɔ de asi yame ƒe nɔnɔme ŋuti nubabla aɖe te eye wosɔ nu be yewoaɖo dɔwɔha aɖe wòanɔ tɔtrɔ siwo ava carbon ƒe dodo me ŋuti nya ta kam kple susu be yewoaxe mɔ ɖe eƒe dodo nu kpuie le etsɔme. Wobu mɔ siwo dzi woato akpɔ míaƒe anyigba dzi nu gbagbe vovovowo, numiemiewo kple lã ƒomeviwo katã ƒe xexlẽme ta la hã ŋu. Woƒe gbe mesɔ le xexeame ƒe avewo ta kpɔkpɔ ŋu o, gake takpekpea ɖe nuŋlɔɖi eve ɖe go—“Rio Gbeƒãɖeɖe” la kple “Ðoɖo 21 Lia,” siwo me alesi dukɔwo awɔ “ŋgɔyiyi le nuhiahiãwo kpɔkpɔ me” ŋuti mɔfiamewo le.

Yamenutomeŋutinunyala Allen Hammond gblɔ be “atam si woka le Rio dzi wɔwɔe nye nu sesẽtɔ—ne woaɖe afɔ ɖe nya gã mawo dzi le ɣleti kple ƒe siwo gbɔna me alo womaɖee o.”

Gake afɔɖeɖe ɖedzesi si wowɔe nye ƒe 1987 Montreal Nubabla si wowɔ si nye dukɔwo dome ɖoɖo be woaɖe aɖiya siwo nye chlorofluorocarbons (CFC-wo) ɖa le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi.a Nukatae wotsi dzi? Nusitae nye be wogblɔ be CFC-wo hã na be ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la le vɔvɔm kabakaba. Ya sia si le anyigba tame la wɔa akpa vevi aɖe le mɔxexe ɖe ɣea ƒe keklẽ sesẽ si ate ŋu ahe ŋutigbalẽmedɔdzẽ kple tàsi vɛ la nu. Menye Australia koe kuxi sia le o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔe nyitsɔ laa be ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽa ƒe agbɔsɔsɔ le fafaƒewo le Xexeame ƒe Dzigbe le vuvɔŋɔli la dzi ɖe kpɔtɔ zi 8 le alafa me. CFC tɔn miliɔn 20 do ɖo ta yame xoxo.

Esi xexemedukɔwo dze ŋgɔ ɖiƒoƒo yame ƒe nɔnɔme dziŋɔ sia ta la, woɖe asi le wo dome masɔmasɔwo ŋu hetso kpla. Wogale afɔ bubuwo ɖem le dukɔwo dome be woatsɔ akpɔ nu gbagbe vovovo siwo ɖo afɔku me la ta, woakpɔ Antarktika-nutowo me ta, eye woaɖe aɖiɖuɖɔwo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe teƒe bubuwo dzi akpɔtɔ.

Dukɔ geɖe le afɔɖeɖewo wɔm be woaklɔ woƒe tɔsisiwo me (sama gatrɔ va England ƒe Thames Tɔsisia me fifia), woalé ɖiƒoƒo ya la nu (edzi ɖe kpɔtɔ zi 10 le alafa me le United States ƒe dugã siwo me aɖidzudzɔ le wu la), woawɔ ŋusẽtsoƒe siwo magblẽ nu le yamenutoa me ŋu o ŋudɔ (anyigbatumeŋusẽe wotsɔ dea dzo aƒe 80 le alafa me la me le Iceland), eye woakpɔ woƒe dzɔdzɔmenuwo ta (Costa Rica kple Namibia tsɔ woƒe anyigba katã ƒe akpa si ade 12 le alafa me wɔ dukɔa ƒe modzakaɖebɔwoe).

Ðe afɔɖeɖe nyui siawo ɖo kpe edzi be ameƒomea ƒe ŋku biã ɖe afɔkua ŋua? Ðe wòanye be ɣeyiɣi koe hiã hafi míaƒe anyigba nagaɖo nɔnɔme nyui me akea? Nyati siwo gbɔna aɖo biabia mawo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wozãa CFC-wo le nudzodzoewutikewo alo atsyɔ̃ɖomiwo, nufamɔ̃, xɔmefamɔ̃wo, nuklɔtikewo, kple nu futufutu siwo wotsɔ dea nuwo domee la me ŋutɔ. Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! December 22, 1994 si gblɔ be “Ne Wogblẽ Nu le Míaƒe Yamenutome Ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe