Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Fififi le Britania Sɔlemexɔwo Me
London ƒe The Sunday Times ka nya ta be: “Womegabua tadeaguƒewo azɔ be wonye kɔkɔeƒewo o.” Wofia bosomikaɖiwo, bisiɔpwo ƒe ablegɔwo, ayawanuxlẽkplɔ̃wo, Titinaɣeyiɣi me kpluwo, kple blema tsi kɔkɔe goewo tsoa England ƒe sɔlemexɔwo me hedzrana be woatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na abɔwoe. Wotsaa asi manɔsenu sia le dukɔ geɖewo me, eye amewoe dɔna asinudɔwɔwɔ siawo hafi wofina wo vana wo. Wokpɔ fesre aɖe si ƒe ahuhɔẽ me wode amae le Tokyo ƒe nuɖuɖudzraƒe aɖe. Ga home si buna na sɔlemehawo dea dɔlar miliɔn adre kloe. Fifia la, wole mɔ̃ deŋgɔ siwo aɖia fiafiwo la dem hele dɔwɔƒe siwo dzɔa xɔ ŋu la dam be woadzɔ sɔlemexɔawo ŋu.
Fugege Le Agbɔ Sɔm le Canada
Woge fu 104,403 si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake le ƒe 1993 me le Canada, esia tsɔ memamã 2.3 le alafa ɖesiaɖe me sɔ gbɔ wu ƒe si va yi me tɔ. The Toronto Star gblɔ be “esia nye fu 26.9 si woge le vi 100 ɖesiaɖe si wodzi me.” Nukatae wòle dzidzim ɖe edzi? Togbɔ be ame aɖewo gblɔ be etso dɔnɔkɔdzi siwo menye dziɖuɖua tɔ o siwo me wogea fu le ƒe dzidziɖedzi gbɔ hã la, Canada ƒe Ðoɖowɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu Habɔbɔa ƒe amegãwo gblɔ be ganyawo ƒe sesẽ ye nye “susu vevitɔ si ta amewo gea fu.” Anna Desilets si nye Vidzidzitaʋliha, habɔbɔ aɖe si tsia tre ɖe fugege ŋu ƒe dzikpɔlagã, gblɔ be: “Esi fugegemɔnuwo kpɔkpɔ le bɔbɔe ta la, amewo genɛ tsɔ xea mɔ na vidzidzi, evɔ wòhele nu gblẽm le adzɔxelawo ŋu.”
Vidzĩ Siwo Xɔ AIDS
Caracas ƒe El Universal ka nya ta be Venezuela vidzĩ siwo ŋu AIDS le la le dzidzim ɖe edzi nublanuitɔe. Eŋutinunyala aɖe ɖe eme be: “Tsã la, ɖevi siwo ade eve vaɖo ade ŋue wobua akɔnta le ƒe sia ƒe be AIDS le wo ŋu, gake fifia ya wonyena ɖevi eve vaɖo ade le kwasiɖa ɖesiaɖe me.” Nyɔnu siwo le dɔa lém eye wo viwo hã xɔa dɔlékuia le wo ŋu ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi gbesiagbe. Nyadzɔdzɔgbalẽa wu eƒe nyatakaka nu be: “Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be ame xexlẽme si ŋu Lãmesẽ Dɔwɔƒea ka nya ta le la nye kuxia ƒe akpa sue aɖe ko.”
Nyɔnu Ŋutasẽlawo Dzi Ðe Edzi
Ottawa Yunivɛsiti ƒe nuvlowɔwɔŋutinunyala Tom Gabor gblɔ be: “Nyɔnuwo le ŋutasẽnuwo wɔm zi geɖe fifia wu tsã.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail ka nya ta be: “Nyɔnuwo ƒe ŋgɔnɔnɔ le ŋutasẽnuwo wɔwɔ me le dzidzim ɖe edzi kabakaba tsɔ wu be woado evelia na ame le wo wɔwɔ me. Menye ŋutsu nuvlowɔla aɖekee dɔ wo o.” Ŋutasesẽ vɔ̃ɖiwo ŋuti nutsotso siwo wotsɔ ɖe nyɔnu tsitsiwo ŋu dzi ɖe edzi tso 6,370 le ƒe 1983 me va ɖo 14,706 le ƒe 1993 me. Gake ŋutsuwoe gawɔa ŋutasẽnu akpa gãtɔ kokoko. Le Globe ƒe nya nu la, “ame tsitsi 88.6 le alafa ɖesiaɖe me kple sɔhɛ 76.3 le alafa ɖesiaɖe me siwo wobu fɔe ɖe ŋutasẽnuwɔna vɔ̃ɖiwo ta le ƒe 1993 me la nye ŋutsuwo.”
Nunɔlawo Kple Srɔ̃ɖeɖe
Australia ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Sydney Morning Herald ka nya ta be Katolikotɔ ŋkuta siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la gblɔ be “ne wote fli ɖe srɔ̃maɖemaɖesea me la, atsi nunɔlawo ƒe vɔvɔ nu.” Wobu srɔ̃maɖemaɖe be enye mɔxenu vevitɔ si wɔe be ɖekakpuiwo mele gegem ɖe nunɔlanyenyedɔ me o. Esi Herald la nɔ nu ƒom tso kuxia ŋu la, eyɔ akɔnta aɖewo siwo kɔ nu me na mí. Ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si dea New South Wales nunɔlawo ƒe hehexɔƒe vevitɔ ƒe sia ƒe, tso ƒe 1955 vaseɖe ƒe 1965 le mamã dedie nu la, nye ame 60. Gake, ne wotsɔ ƒe 1988 kple 1994 dome ƒe xexlẽmea sɔ kplii la, ame asieke koe de le ƒe ɖesiaɖe me. Nunɔlawo ƒe hehexɔƒe bubu aɖe si le Sydney ƒe dzikpɔla teƒenɔla gblɔ be le yeƒe nukpɔkpɔ nu la, mɔɖeɖe na nunɔlawo be woaɖe srɔ̃ la akpɔ Australia nunɔlawo ƒe anyimanɔmanɔ ŋuti kuxi dziŋɔa gbɔ “fifia” gake menye eyae nye egbɔkpɔnu si anɔ anyi adidi hena etsɔme si gbɔna o.
‘Amewula Dzigbɔɖitɔwo’
International Herald Tribune ka nya ta be Dukɔ Ƒoƒuawo le agbagba dzem be yeaƒo dɔlar miliɔn 75 nu ƒu atsɔ aho nugoemetu miliɔn 110 tso tome le dukɔ 64 me. Wozãa $3 tsɔ wɔa nugoemetu si wua asrafowo si ƒe lolome anɔ abe sigaretgo ene lae. Gake be woate ŋu akpɔ afisi nugoemetu ma le ahahoe tso tome la ƒe ga gbegblẽ anɔ $300 kple $1,000 dome. Kuxi bubu hã le kplamatsɛ dom na nugoemetuawo hoho. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyanuɖela aɖe gblɔ be: “Wogaɖia nugoemetu miliɔn 2 ƒe sia ƒe tsɔ kpe ɖe miliɔn 100 kple vɔ siwo le toa me xoxo ŋu.” Eŋutinunyalawo gblɔ be axɔ ƒe geɖe hafi woana xexeame navo tso nusi Cambodiatɔwo ƒe aʋafiagã aɖe yɔ be “amewula dzigbɔɖitɔ siwo medoa kpo nu o” si me.
Ameɖokuiwuwu le Tɔdzisasrã Dzi
Amesiwo sɔ gbɔ wu akpe ɖeka wu wo ɖokui le esi wodzo tso San Francisco ƒe tɔdzisasrã xɔŋkɔ si nye Golden Gate Bridge dzi tso esime woʋu enu le ƒe 1937. Ameɖokuiwuwu ŋuti nunyala Richard Seiden gblɔ be: “Kalẽwɔwɔ ƒe seselelãme le ame ɖokuiwuwu to dzodzo tso Golden Gate Bridge la dzi me, edzroa ame. Enyo ŋutɔ le afima. Vivisese tɔgbe aɖe le eme.” Kpotila siawo dometɔ ʋee aɖewo koe tsia agbe va gblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔ, mewɔ nuku o esi wodzea tsia me le duƒuƒu ŋusẽ si nye kilometa 120 le gaƒoƒo ɖeka me eye zi geɖe la, woƒe lãmenuwo kakana. Ame 500 siwo wogbe nya na be woagati kpo o ŋuti numekuku aɖe si wowɔ la ɖee fia be wo dometɔ siwo mede 5 le alafa me o wua wo ɖokui emegbe.
Ʋufɔku me Kuwo
Argentina ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Clarín gblɔ be esi ame 26 kuna le dukɔa me le ame 100,000 ɖesiaɖe me le ʋumɔdzifɔkuwo me ta la, Argentina ye le ŋgɔ fifia le afɔku siawo me le xexeame. Le ƒe 1993 me la, ame 8,116 ye ku to mɔ sia dzi le dukɔa me. Xexlẽmea dzi ɖe edzi ɖo 9,120 le ƒe 1994 me. Gake le ƒe 1995 ƒe dzinu ade gbãtɔawo me la, ame 5,000 ku xoxo le ʋumɔdzifɔkuwo me. Amesiwo ku le ƒe 1994 me ƒe memamã 25 le alafa ɖesiaɖe me nye afɔzɔlawo. Le Buenos Aires nutoa ɖeɖe dza me la, amesiwo ku le ʋufɔkuwo me dzi ɖe edzi ɖo 79 le alafa ɖesiaɖe me. Afɔkuawo dometɔ akpa gãtɔ tso alesi ʋukulawo mebu akɔnta nyuie le woƒe ablaɖeɖe ŋu esime wole dzedzem le ʋu bubuwo ŋu o gbɔ.
Ðeviwo ƒe Atamanono
Akɔnta aɖe si wobu le ƒe 1993 kple 1994 me ɖee fia be ɖevi geɖe wu le atama nom le Britania. Atamanola siwo xɔ tso ƒe 11 va ɖo 15 la dzi ɖe edzi tso alafa memamã 10 va ɖo 12. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Independent gblɔ be dzidziɖedzi sia nye esi dziɖuɖumegã siwo kpɔa lãmesẽ dzi la kpɔ mɔ na le ƒe 1994 me ƒe teƒe eve. Togbɔ be ame tsitsiwo ƒe atamanono dzi ɖe kpɔtɔ le Britania hã la, ŋutsu 29 le alafa me kple nyɔnu 27 le alafa me ganoa atama kokoko. Nyatakaka la wu enu be: “Ahiã be ame tsitsiwo ƒe atamanono dzi naɖe akpɔtɔ ɖe edzi wu hafi wòate ŋu akpɔ ŋusẽ gobi aɖe ɖe ƒewuiviwo ƒe nɔnɔme dzi.”
Ame Tsitsiwo ƒe Nume Kɔklɔ
Asahi Evening News gblɔ be: “Ame tsitsiwo ƒe nume kɔklɔ ate ŋu anye ku kple agbe ƒe nya na wo.” Japan ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒo nya ta be “ame tsitsiwo ate ŋu aɖe woƒe axamedɔ dzedze dzi akpɔtɔ to woƒe aɖuwo ŋu kɔklɔ ko me.” Le numekuku si wowɔ le ame tsitsi 46 ŋu me la, dɔnɔdzikpɔlawo klɔa wo dometɔ 21 ƒe aɖu ŋu nyuie gbesiagbe ne woɖu ŋdɔnu vɔ. Wogaléa ŋku ɖe woƒe aɖuwo ƒe dzadzɛnyenye ŋu zi eve alo zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Le dzinu etɔ̃ megbe la, wode dzesii be ŋkeke siwo me ame 21 la lé asrãdɔ la dzi ɖe kpɔtɔ ŋkeke ewo tsɔ wu ame 25 siwo womelé be na gbesiagbe nenema o la tɔ. Wogblɔ be woƒe lãmesẽ si nyo wu la tso dɔlékui si menɔ woƒe nume o la gbɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ la gblɔ be woƒo nyata le numekuku aɖe si wowɔ do ŋgɔ me be, “ta alo nuɖuɖu kui siwo traa mɔ wogbɔna ɖe dzitodzito me lae hea axamedɔ léle vanɛ zi geɖe.”
Makumakunyenye Dzram Wolea?
Eugene, Oregon, U.S.A. ƒe Register-Guard gblɔ be: “Ne Èna $35 ko la, Makumakunyenye Asu Asiwò.” Nugbagbesueŋutinunyala James Bicknell gblɔ be yeate ŋu adzra wò agbe ƒe domenyiŋusẽ ɖo ale be, abe alesi agbalẽa gblɔe ene la, “le ƒe alafa aɖewo megbe la, wò dzidzimevi lɔlɔ̃tɔ aɖe ate ŋu azã agbe ŋuti nyatakaka siwo le agbe ƒe domenyiŋusẽa me atsɔ awɔ ame si ɖi wòe.” Ðk. Bicknell le domenyiŋusẽ ŋuti nuzazã aɖewo si me avɔ kakɛ sue eve si woɖa kple atike hekpe ɖe tsi si le nugoe sue aɖe me dzram. Egblɔ be: “Àtsɔ avɔ kakɛa alili ɖe wò alɔgo me, tsɔ avɔ kakɛa nyrɔ ɖe tsia me eye nàɖoe ɖem to posu me.” Emegbe aɖe domenyiŋusẽa tso lãmenugbagbevi siwo ɖe ɖe avɔ kakɛa ŋu me eye wòtsɔa domenyiŋusẽa dana ɖe tsitsyɔgbalẽ aɖe dzi. Atsɔ agbalẽa adzra ɖo ɖe nugovi aɖe si woatsɔ ade aluminium ɖaka sue aɖe si dzi woɖe wò ŋkɔ ɖo la me si nàte ŋu atsɔ afia amewo ne èlɔ̃. Guard la gblɔ be: “Egblɔ be amewo dzraa ame kukuwo ƒe afiwo, taɖa, kple fetsuwo ɖo. Domenyiŋusẽɖaka la nye nusi tɔgbuiyɔviwòwo atsɔ anyi domee.”
Wotɔ Gbe Domenyiŋusẽmenugbagbevi Ŋuti Dɔdada
Esime woto agbe ƒe domenyiŋusẽmenugbagbevi ŋuti dɔdada le amegbetɔwo ŋu vɛ ƒe ade siwo va yi la, amewo nɔ mɔ kpɔm vevie. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ mɔ kpɔm be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, yewoate ŋu ada dɔléle siwo wotsɔ nyi domee to domenyiŋusẽmenugbagbevi siwo ate ŋu aɖɔ nuwo ɖo la dodo na dɔnɔwo me. Wokpɔ mɔ hã be yewoado domenyiŋusẽ me nu aɖewo na wo siwo ana lãmenugbagbevi aɖewo siwo gblẽa nu abe cancer tɔ ene la natsrɔ̃ le wo ɖokui si. Gake wole nya hem ɖe dɔdamɔnu sia ŋu le esi wotsɔ dzidzɔ geɖe wɔ numekuku geɖe vɔ megbe hã. International Herald Tribune gblɔ be: “Le gbodogbodowɔwɔ ma katã me hã la, nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be woda dɔ na dɔnɔ aɖe to domenyiŋusẽmenugbagbevi ŋuti dɔdada sia dzi o.” Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔwo le vɔvɔ̃m be wotsɔ asitsatsaviɖewo kple ame ŋutɔ ƒe viɖekpɔkpɔwo le numekukua wɔm kpatakpata akpa le esi teƒe be woatsɔ ɖetsɔtsɔ le dɔnɔwo me awɔe boŋ. Eŋuti kuxi ɖekae nye be, ŋutilã la ƒe dɔléle nutsitsi ŋutete ate ŋu awɔ avu kple lãmenugbagbevi siwo ŋu woda dɔ le to domenyiŋusẽmenugbagbevi ŋuti dɔdada dzi ahatsrɔ̃wo le esi wòbu wo lãmenugbagbevi tutɔwoe ta.