Dɔmakpɔwɔe Ƒe Kuxi La Etso Nyɔ! Ƒe Nuŋlɔla Si Le Italia Gbɔ
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ITALIA GBƆ
Enye hiahiã aɖe si gbɔ wòle be woakpɔ kpata le dukɔ deŋgɔ geɖe me—gake enye taɖui na dukɔ madeŋgɔwo hã. Ebɔ ɖe afisi edze abe ɖe menɔ tsã o ene. Edzɔna ɖe ame miliɔn alafa geɖe dzi—siwo dometɔ geɖe nye vidadawo kple vifofowo. Le Italiatɔwo mamã ɖe etɔ̃ me ƒe akpa eve gome la, enye “ŋɔdzinu gãtɔ.” Ehea hadomekuxi yeyewo vɛ. Vaseɖe afi aɖe la, eyae nye sɔhɛ geɖe siwo ƒoa wo ɖokui ɖe atikevɔ̃ɖizazã me ƒe kuxiwo dzɔtsoƒe. Ena ame miliɔn geɖe tsia zãdomadɔlɔ̃e, eye le ame miliɔn bubu geɖe gome la, wo tɔ le megbe gbɔna kpuie . . .
GANYAWO Kple Ŋgɔyidɔwo Gbɔkpɔha (OECD) lɔ̃ ɖe edzi be: “Ðewohĩ dɔmakpɔwɔe nye nudzɔdzɔ si amewo vɔ̃na wu le míaƒe ɣeyiɣia me.” Europa Dukɔwo ƒe Nyagbɔkpɔha ŋlɔ bena: “Alesi gbegbe nudzɔdzɔ sia bɔe hegblẽa nui la le nyanya,” gake “egbɔkpɔkpɔ mele bɔbɔe kura o.” Eŋutinunyala aɖe gblɔ be enye “ŋɔdzinu” si “trɔ va le voɖi dom na Europa-nyigba la.” Le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha (EU) me la, amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o ƒe xexlẽme ade miliɔn 20 fifia, eye le Italia ɖeɖe le October 1994 me la, xexlẽme si dzi woda asi ɖoe nye 2,726,000. Le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha teƒenɔla Padraig Flynn gome la, “dɔmakpɔwɔe gbɔ kpɔkpɔe nye hadome kple ganyawo ƒe kuxi vevitɔ si dze ŋgɔ mí.” Ne mèkpɔ dɔ le wɔwɔm o alo amenyanyã le dɔ me ƒe afɔkua dze ŋgɔ wò la, ke ènya alesi wònyea vɔvɔ̃ na amee.
Gake menye Europa koe dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia le o. Ele fu ɖem le Amerika-dukɔwo katã me. Megblẽ Afrika, Asia, alo Oceania ɖi o. Ɣedzeƒe Europa dukɔwo le eƒe veve sem le nyitsɔ laa ƒewo me. Enye nyateƒe be medzɔna le mɔ ɖeka nu le afisiafi o. Gake le gaŋutiɖoɖowɔla aɖewo ƒe nya nu la, dɔmakpɔwɔe ƒe bɔbɔ le Europa kple Dzigbe Amerika adzi ɖe edzi wu alesi wònɔ le ƒe siwo va yi me.a Gaŋutiɖoɖowɔla Renato Brunetta tɔ asi edzi be nɔnɔmea “gasẽ ɖe edzi le dɔnyuimakpɔmakpɔ kple dɔ nyui siwo li ƒe gbegblẽ ta.”
Dzidziɖedzi si Nu Manya Tsi O
Dɔmakpɔwɔe va bɔ ɖe dɔwɔha ƒomevi ɖesiaɖe me ɖekaɖeka: gbã enye agbledede, si me wole mɔ̃wo zãm le wu, siwo na woɖe asi le amewo ŋu le dɔme; emegbe dɔwɔƒe gãwo, si ŋu ami ƒe asixɔxɔ tso ƒe 1970-awo me gblẽ nu le; eye fifia nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ dɔwɔƒewo—asitsatsa, sukudede—akpa siwo wobu tsã be nya maku ɖe wo ŋu o. Le ƒe 20 siwo va yi me la, dɔmakpɔwɔe ƒe agbɔsɔsɔ si gbɔ ame 2 alo 3 le alafa me ŋu ana amewo natsi dzi vevie. Egbea mɔ̃ɖaŋudukɔ si me amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o mewu ame 5 alo 6 le alafa me o la abui nudzedzinamee, gake agbɔsɔsɔa wu ema kura le dukɔ deŋgɔ geɖe me.
Le Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ (ILO) ƒe nya nu la, dɔmakpɔwɔetɔ enye amesi si dɔ mele o, edi be yeawɔ dɔ, eye wòle dɔ dim vevie. Ke amesi si ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔna like mele o alo amesi wɔa dɔ gaƒoƒo ʋee aɖewo ko le kwasiɖa ɖeka me ya ɖe? Wobua ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔwɔna le mɔ vovovowo nu tso dukɔ ɖeka me yi bubu me. Le dukɔ aɖewo me la, woxlẽa ame aɖewo siwo le nyateƒe me womele dɔ wɔm o la be wole dɔ wɔm. Alesi womeɖe nɔnɔme si me woabu ame be ele dɔ wɔm alo mele dɔ wɔm o me nyuie o la wɔe be esesẽ be woanya amesiwo tututu mele dɔ wɔm o, eye le esia ta akɔntabubuwo meɖea alesi nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ fiana o. Europatɔwo ƒe numekuku aɖe fia be “xexlẽme si woyɔ be ame miliɔn 35 nye dɔmakpɔlawo [le OECD dukɔwo me] la meɖe alesi dɔmakpɔwɔe ƒe nɔnɔmea le fia bliboe o.”
Nusi Dɔmakpɔwɔe Gblẽna
Gake xexlẽmeawo mefia alesi tututu nya bliboa le o. Europa Dukɔwo ƒe Nyagbɔkpɔha gblɔ be: “Nusi dɔmakpɔwɔe gblẽna le ganyawo kple hadomenyawo gome la lolo ŋutɔ” eye nusi gbɔ wòtso la “menye gakpekpeɖeŋu nana amesiwo si dɔ mele o tẽ ko o ke etsoa adzɔ si womakpɔ axɔ o si amesiwo mele dɔ wɔm o axe hafi ne ɖe wole ewɔm la hã gbɔ.” Eye ele sesẽm be woana gakpekpeɖeŋu amesiwo mele dɔ wɔm o, menye na dziɖuɖuwo ko o ke na dɔwɔlawo hã, amesiwo si wobiana tso be woaxe adzɔ gãwo.
Dɔmakpɔwɔe mese ɖe nuŋlɔɖiwo kple akɔntabubuwo ko dzi o. Nusi do tso emee nye dɔ si wòwɔ ɖe ame ɖekaɖekawo dzi—ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple sɔhɛwo le ameƒomevi ɖesiaɖe me. Hekpe ɖe kuxi bubu siwo katã le ‘ŋkeke mamle’ siawo me ŋu la, dɔmakpɔwɔe ate ŋu anye agba gã aɖe. (Timoteo II, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 6:5, 6) Vevietɔ ne enye “ɣeyiɣi didi ƒe dɔmakpɔwɔe,” eye kuxi bubuwo mekpe ɖe eŋu o hã la, asesẽ ɖe edzi na amesi si dɔ ge le ɣeyiɣi didi be wòagakpɔ dɔ awɔ. Nublanuitɔe la, wo dometɔ aɖewo magakpɔ dɔ awɔ gbeɖe o.b
Susuŋutinunyalawo kpɔe be tagbɔdɔléle kple tamesusu me kuxiwo kpakple seselelãme manyomanyowo, dziɖeleameƒowo, ɖekematsɔleme, kple bubumadeameɖokuiŋu le dzidzim ɖe edzi le dɔmakpɔwɔlawo dome. Ne amesi si viwo le wòakpɔ wo dzi ƒe dɔ gblẽ la, afɔku gã aɖee nye ma dzɔ ɖe edzi. Xexeame kaka le wo gbɔ. Dedienɔnɔ bu keŋ. Le nyateƒe me, eŋutinunyala aɖewo kpɔe egbea be “mɔkpɔkpɔ na dzimaɖitsitsi” si ku ɖe dɔwɔɖui si ate ŋu age le ame si ŋue bɔ egbea. Dzimaɖitsitsi sia ate ŋu agblẽ nu le ƒomekadodowo ŋu vevie eye afɔku siwo lolo wu ate ŋu ado tso eme, abe alesi amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o ƒe wo ɖokui wuwu siwo dzɔ nyitsɔ laa ɖee fia ene. Hekpe ɖe eŋu la, alesi wòsesẽ be woakpɔ dɔ awɔ zi gbãtɔ hã gbɔe wòanya tso be sɔhɛwo wɔa nu vlowo eye woɖea wo ɖokui ɖa le hadome.
‘Nuɖoanyi Gbegblẽ me Gamenɔlawo’
Nyɔ! bia gbe ame aɖewo siwo si dɔ ge le. Armando si xɔ ƒe 50 gblɔ be le ye gome la, nusi wòfia enye “ekpɔkpɔ be ƒe 30 ƒe agbagbadzedze le dɔwɔwɔ me tsi akpo dzi, egɔmedzedze ake” kple sese le ame ɖokui me “abe nuɖoanyi gbegblẽ me gamenɔla ene.” Francesco ‘kpɔe be xexeame mu dze ye dzi.’ Stefano “see le eɖokui me vevie be enye mɔkpɔkpɔbuɖeame le agbenɔnɔ le nuɖoanyi sia me.”
Le go bubu me la, Luciano si wonyã le dɔ me esi wònye amegã le mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ me eye wòwɔ dɔ le Italiatɔwo ƒe ʋuwɔƒe aɖe ƒe 30 megbe la “do dziku eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee esi wòkpɔe be wobu yeƒe agbagbadzedze, nuteƒewɔwɔ, kple anukwareɖiɖi le ƒe geɖe ƒe dɔwɔwɔ me nu maɖinui.”
Nyagbɔgblɔɖiwo Kple Kpododonuwo
Gaŋutiɖoɖowɔla aɖewo nɔ mɔ kpɔm na nɔnɔme siwo to vovo kura. Le ƒe 1930 me la, gaŋutiɖoɖowɔla John Maynard Keynes gblɔe ɖi be “dɔwɔɖui asu amewo katã si” le ƒe 50 siwo akplɔe ɖo me, eye wobui ƒe geɖe be taɖodzinu si nye be dɔwɔɖui anɔ amesiame si la nye nusi gbɔ woate ŋu aɖo. Le ƒe 1945 me la, Ðoɖo si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ wɔ ƒe taɖodzinu enye be dɔwɔɖui nasu amesiame si le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Vaseɖe nyitsɔ laa la, wobui tsã be ŋgɔyiyi afia be amesiame akpɔ dɔ awɔ eye woawɔ dɔ gaƒoƒo ʋee aɖewo ko. Gake nuwo meva yi nenema o. ILO gblɔ be gamanɔanyi si nye ŋkubiãnya le ƒe ewo siwo va yi me he “dɔwɔwɔ ƒe kuxi sesẽtɔ kekeake vɛ le xexeame katã le Ganyawo ƒe Sesẽɣi Gãtɔ me le ƒe 1930-awo megbe.” Le South Africa la, ne mede ɖeke o la, dɔ gblẽ na ame miliɔn 3.6, eye wo dometɔ miliɔn 3 nye Afrikatɔ ameyibɔwo. Japan gɔ̃ hã—si me dɔ gblẽ na amesiwo wu miliɔn eve le ƒe si va yi me—la le ɣeyiɣi sesẽ aɖe me tom.
Nukatae dɔmakpɔwɔe nye kuxi si kaka alea gbegbe? Susu kawoe wodo ɖa be woatsɔ akpɔ egbɔ?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Dɔmakpɔwɔe ƒe bɔbɔ enye amesiwo ate ŋu awɔ dɔ gake womekpɔ dɔ awɔ o ƒe mamã ɖe alafa me.
b “Ɣeyiɣi didi ƒe dɔmakpɔwɔe” ku ɖe amesiwo si dɔ ge le ɣleti 12 kple edzivɔ eye womegakpɔ dɔ awɔ o ŋu. Le Europa Dukɔwo me la, dɔmakpɔlawo ƒe afã le nɔnɔme sia me.
[Anyigbatata si le axa 2, 3]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Canada—9.6 le alafa me
U.S.A.—5.7 le alafa me
Colombia—9 le alafa me
Ireland—15.9 le alafa me
Spain—23.9 le alafa me
Finland—18.9 le alafa me
Albania—32.5 le alafa me
South Africa—43 le alafa me
Japan—3.2 le alafa me
Philippines—9.8 le alafa me
Australia—8.9 le alafa me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Mountain High Maps™ copyright © 1993 Digital Wisdom, Inc.