Ablɔɖe Tso Dɔmakpɔwɔe Me—Alekee Eye Ɣekaɣie?
AMEGBETƆ ate ŋu akpɔ dzidzɔ abe eƒe Wɔla ene le dɔwɔwɔ si wogblɔ wòsɔ be “Mawu ƒe nunanae” la me. (Nyagblɔla 3:12, 13; Yohanes 5:17) Dɔwɔna si me dzidzeme le ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ eye wòana míasee le mía ɖokui me be míele vevie eye wohiã mí. Ame aɖeke madi be dɔ nage le ye si o, ne ewɔwɔ medzɔa dzi nɛ tututu o hã. Hekpe ɖe fetu si woxɔna ŋu la, dɔwɔɖui na wokpɔa ɖoɖowɔwɔ, tameɖoɖo, kple amenyenye le agbe me. Eyata mewɔ nuku o be zi geɖe la “amesiwo si dɔwɔɖui mele o dia dɔ wu nusianu.”
Dɔwɔɖui Didi
Abe alesi míekpɔe va yi ene la, be woakpɔ dɔ awɔ mele bɔbɔe kura o. Le esia ta mɔnu nyui vovovowo li siwo dzi woato adi dɔ. Amesiame si dze ate ŋu axɔ gakpekpeɖeŋu si dziɖuɖua nana amesiwo mekpɔ dɔ o le teƒe siwo ɖoɖo sia le la ate ŋu axɔe; eye le teƒe siwo wòanya wɔ le la, woate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe dɔwɔƒe siwo kpɔa dɔdilawo ƒe nyawo gbɔ eye woaxɔ kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ. Ame bubuwo dia dɔ to woawo ŋutɔ ƒe dɔwɔɖui toto vɛ me. Gake ele be woaɖɔ ŋu ɖo. Zi geɖe la ele be ɖokuisidɔwɔlawo nagblẽ ga geɖe si kpɔkpɔ menɔa bɔbɔe o ɖe dɔa gɔmedzedze ŋu. Ehiã hã be woanya se siwo ku ɖe adzɔxexe ŋu eye woawɔ ɖe edzi—esia mele bɔbɔe le dukɔ aɖewo me kura o!—Romatɔwo 13:1-7; Efesotɔwo 4:28.
Be woakpɔ dɔ la, ame aɖewo tsɔ dɔdidi ɖo dɔe, woto mɔnu vovovowo dzi ƒo wo ɖokui ɖe eme vevie kple kutrikuku. Ame bubuwo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dɔwɔƒe siwo le dɔwɔlawo dim alo esiwo wɔ gbeƒãɖeɖe le nyadzɔdzɔgbalẽ si le wo gbɔ me—esiwo dometɔ aɖewo taa gbeƒãɖeɖe ku ɖe dɔdilawo ŋu femaxee. Nyɔ! ɖo aɖaŋu nyui siwo ɖea vi tso nya sia ŋu zi geɖe—na sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa.a—Kpɔ aɖaka siwo le axa 11.
Ele be nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu—nàlɔ̃ faa awɔ dɔ ƒomevi ɖesiaɖe, kpakple dɔ siwo mèdi hafi o hã. Eŋutinunyalawo gblɔ be nu gbãtɔ siwo wobiana le gbebiame hena amexɔxɔ ɖe dɔ me me la dometɔ ɖekae nye dɔ si nèwɔ va yi kple ɣeyiɣi didi si nènɔ anyi dɔmawɔmawɔe. Anyinɔnɔ ɣeyiɣi didi dɔmawɔmawɔe medzea amesiwo di be yewoaxɔ ame ɖe dɔ me ŋu o.
Anɔ bɔbɔe na amesi zã eƒe ɣeyiɣi nunyatɔe le suku hesrɔ̃ nu nyuie be wòakpɔ dɔ awɔ zi gbãtɔ. Alberto Majocchi si nye nufiala le gaŋutiɖoɖowɔwɔ ŋu gblɔ be: “Amesiwo si asinudɔ mele o koŋue kpea dɔmakpɔwɔe ƒe fu.”
Kpekpeɖeŋu Nana le Seselelãme Gome ƒe Vevienyenye
Nu vevi ɖekae nye nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ. Esia ate ŋu afia ne woakpɔ dɔ alo womakpɔ dɔ o. Amesiwo si dɔwɔɖui mele o kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si woana wo le seselelãme gome ŋu, si kpena ɖe wo ŋu be woagaɖe wo ɖokui ɖe aga alo azu vivimadoɖeameŋulawo o. Ekpena ɖe ame ŋu be wòaɖu bubumadeameɖokuiŋu si ate ŋu atso wo ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple amesiwo si dɔwɔɖui le gbɔ hã dzi.
Be woanɔ agbe ɖe ga sue aɖe ko nu la ate ŋu anye nu sesẽ ŋutɔ. Stefano gblɔ be: “Esi metsi dzi vevie ta la, esesẽ nam be mawɔ nye ɣeyiɣi ŋuti dɔ nyuie.” Francesco gblɔ be: “Nɔnɔmea na metsi mavomavo ale gbegbe be medze egɔme nɔ vodada dim le xɔ̃nye veviwo ŋu.” Afisiae ƒomea ƒe kpekpeɖeŋu hiã le. Gamanɔamesi bia be ƒomea me tɔwo katã natrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu ale be woate ŋu anɔ agbe si bɔbɔ wu. Franco si wonyã le dɔ me esime wòxɔ ƒe 43 eye wòwɔ dɔ na dɔwɔƒe ɖeka ma ƒe 23 la gblɔ be: “Tso esime wonyãm le dɔ me ke la, srɔ̃nye se nu gɔme eye wòde dzi ƒo nam geɖe.” Armando kpɔ ŋudzedze ɖe srɔ̃a ŋu vevie le “alesi wònya ga zazã nyuie le nuƒeƒle me” ta.—Lododowo 31:10-31; Mateo 6:19-22; Yohanes 6:12; Timoteo I, 6:8-10.
Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi eye míaŋlɔ agbenɔnɔdzidzenu si le vevie wu be o. Amesiwo Nyɔ! bia gbe siwo ƒe nya míegblɔ va yi la kpɔ akɔfafa tso kakaɖedzi si Biblia na me. Esia na wosee le wo ɖokui me be yewote ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu. (Psalmo 34:11; 37:25; 55:23; Filipitɔwo 4:6, 7) Ƒomedodo kplikplikpli si anɔ mia kpli Yehowa Mawu dome enye nu vevitɔ, elabena edo ŋugbe be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5.
Ame aɖe kpɔ dɔ le wɔwɔm alo mekpɔe awɔ o, Mawu ƒe Nya de dzi ƒo be woatu nɔnɔme siwo le vevie na gbesiagbegbenɔnɔ ɖo. Menye ɖeko wòdzɔ ko be ɣeaɖewoɣi amewo dia Yehowa Ðasefowo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu esi wonye dɔwɔla anukwareɖilawo ta o. Wowɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi be woanye veviedolawo kple amesiwo ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo, eye womewɔa kuvia o.—Lododowo 13:4; 22:29; Tesalonikatɔwo I, 4:10-12; Tesalonikatɔwo II, 3:10-12.
Ablɔɖekpɔkpɔ tso Dɔmakpɔwɔe ƒe Ŋɔdzi la Me
Le dɔmakpɔwɔe me kuku me la, míakpɔ afisi tututu wòtso—amegbetɔ ƒe ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.
Woaɖe dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia—kple kuxi bubuwo hã—ɖa to amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu, si le eƒe “ŋkeke mamleawo me” fifia la ɖeɖe ɖa me. (Timoteo II, 3:1-3) Míehiã xexe aɖe si le yeye vavã. Ẽ, xexe si me amegbetɔƒome dzɔdzɔe ate ŋu anɔ eye woawɔ dɔ le dziɖuɖu nyui si wɔa nu dzɔdzɔe la te, afisi ŋukeklẽ maganɔ o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Petro II, 3:13) Esia tae Yesu fia amewo be woado gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava eye woawɔ Eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi ɖo.—Mateo 6:10.
Esi Mawu ƒe Nya la nɔ nu ƒom tso alesi woaɖe amegbetɔwo ƒe kuxi vevi aɖewo ɖa le nyagblɔɖi me ŋu la, eɖe nusi Fiaɖuƒe ma ahe vɛ fia be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; . . . nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o.” (Yesaya 65:21-23) Dɔmakpɔwɔe ƒe ŋɔdzia nu ava yi kpuie tegbee. Ne èdi be yeanya nu geɖe tso alesi Mawu akpɔ egbɔe ŋu la, taflatse te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, October 22, 1994, axa 16-18; August 8, 1991, axa 6-10; January 22, 1983, axa 17-19; kple June 8, 1982, axa 3-8.
[Aɖaka si le axa 11]
Dɔwɔɖui Toto Vɛ le Aƒeme
• Vidzĩ gbɔ nɔnɔ, beléle na ɖeviwo
• Abɔ me nukuwo alo seƒoƒowo dzadzra
• Awutɔtɔ, eɖɔɖɔɖo, kple vuvuawo tɔtɔ
• Kelɔlɔ na xɔtulawo
• Abolomeme kple nuɖaɖa
• Nutata ɖe nudzitsyɔvɔwo me, zikpuimegbevɔlɔlɔ̃, kplɔ̃dzivɔlɔlɔ̃, zememe; kple aɖaŋudɔ bubuwo
• Zikpuiŋuvɔtɔtɔ
• Gakɔntanuŋlɔɖiwɔwɔ, mɔ̃ƒoƒo, nuŋlɔɖiwɔwɔ na amewo kple kɔmpiuta
• Nyaxɔxɔ na amewo le telefon dzi si ta woaxe fe ɖo
• Ðawɔwɔ
• Dzeƒe nana amewo
• Adrɛs ŋɔŋlɔ kple agbalẽ dede lɛtakotokuwo me na boblodolawo
• Ʋukɔklɔ kple aŋɔsisi nɛ (asisiwo atsɔ woƒe ʋuwo ava aƒewò mee)
• Aƒemelãwo dzi kpɔkpɔ kple hehe nana wo
• Gameti dzadzraɖo kple safui tutu (nàɖo dɔwɔƒea ɖe aƒeme)
• Àte ŋu ado boblo dɔ siawo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me alo aŋlɔ nu ɖe ʋuƒo dzi aklã ɖi femaxee alo nàxe nu sue aɖe ko ɖe eta
[Aɖaka si le axa 11]
Dɔwɔɖui Toto Vɛ le Dua Me
• Aƒedzikpɔkpɔ (Ne amewo yi mɔkekeɖuƒe eye wodi be ame aɖe nakpɔ aƒea dzi na yewo)
• Teƒewo dzadzra ɖo: fiasewo; ɔfiswo; aƒewo me kple xɔ gãwo ne wotui vɔ yeyee, le dzodzeaƒewo megbe, ne amewo ʋu le aƒewo me vɔ; aƒemedɔwɔwɔ (le ame bubuwo ƒe aƒeme); fesrewo ŋuti tutu (le dɔwɔƒewo kple aƒewo me)
• Nuwo dzadzraɖo: mɔ̃ vovovo siwo wozãna le aƒeme (agbalẽ siwo fiaa mɔ bɔbɔe si dzi woato adzra nuwo ɖo nɔa agbalẽdzraɖoƒewo)
• Xɔdzadzraɖo: gliŋudzadzraɖo; tsitrenuɖakawo kpakpa, ʋɔtruwo, akpatawo; aŋɔsisi; kpɔ tɔtɔ; xɔgbagba
• Agbledɔwo: nukuwo ƒaƒã, nukuwo ŋeŋe
• Xɔmedzadzraɖo kple beléle na numiemiewo le: ɔfiswo, gadzraɖoƒewo, fiasegãwo kple agbalimemɔwo, xɔ siwo me amedzrowo lalana le
• Aƒe gãwo dzi kpɔkpɔ: agbonudzɔdzɔ, aƒea dzi kpɔkpɔ (ɣeaɖewoɣi woana xɔdɔme wò femaxee)
• Nugblẽfexeɖoɖowɔwɔ, aƒe ŋuti nugblẽfexeɖoɖo
• Anyigbakuntru dede, enyanyã
• Nyadzɔdzɔgbalẽ xɔxɔ yi na amewo (ame tsitsiwo kple ɖeviwo), nu bubuwo tsɔtsɔ yi aƒeme na amewo: boblodogbalẽwo, nuŋlɔɖiwo tsɔtsɔ yi na dziɖuɖudɔwɔƒewo
• Agbafɔfɔ, nuwo nuƒoƒoƒu
• Anyigbadzadzraɖo, atiwo keke, sɔgbewo ƒoƒo, atidzedze
• Sukuviwo ƒe bɔs kuku
• Fotoɖeɖe (ame ɖekaɖekawo kple dutoƒowɔnawo)
• Xa lɔlɔ̃ na lãɖelawo
• Dɔwɔwɔ na ame ɖe fe si nàxe nɛ teƒe: ʋu dzadzra ɖo na ame be wòawɔ elɛktrik-dɔ na wò ɖe eteƒe, awutɔtɔ na ame be wòadzra pɔmpi ɖo na wò ɖe eteƒe, kple bubuawo.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
“Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Yesaya 65:22