Dɔmakpɔwɔe—Nukatae?
LE DUKƆ geɖe me la, nɔnɔmea zi amewo dzi be woawɔ dɔ sesẽ ɣeyiɣi didi alɔ tsɔtsɔe be woate ŋu akpɔ wo ɖokui dzi, ɖewohĩ ele be woawɔ dɔ si me afɔku le gɔ̃ hã axɔ fetu sue aɖe ko. Vaseɖe nyitsɔ laa la, ame geɖe siwo le dukɔ bubuwo me bui tsã be ne yewonya le dɔ wɔm le adzɔha gã aɖe me alo le dziɖuɖu dɔwɔƒe aɖe ko la, ke yewokpɔ dɔ si le dedie awɔ vaseɖe esime yewoaxɔ dzudzɔ. Gake egbea edze abe dɔwɔƒe alo asitsaha aɖeke meli si na dzidzeme kple dedienɔnɔ eƒe dɔwɔviwo le ɖoƒe aɖeke o ene. Nukatae?
Nusiwo Gbɔ Kuxia Tso
Sɔhɛ akpe geɖe mate ŋu akpɔ dɔ zi gbãtɔ awɔ gɔ̃ hã o—ne sukukɔkɔ ƒe ɖaseɖigbalẽ le wo si alo mele wo si o. Le kpɔɖeŋu me le Italia la, amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o ƒe mamã ɖe akpa etɔ̃ me ƒe ɖeka nye amesiwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 24. Ƒe si amesiwo le dɔ wɔm xoxo eye wodi be yewoakpɔtɔ anɔ dɔ wɔm xɔ le mamã dedie nu la le dzi yim, eyata ele sesẽm ɖe edzi be woaxɔ sɔhɛwo ɖe dɔ me. Le nyɔnuwo gɔ̃ hã—amesiwo dometɔ geɖe wu va le dɔ dim—gome la, dɔmakpɔwɔe dzi ɖe edzi geɖe ŋutɔ. Eyata dɔdila yeyewo ƒe agbɔsɔsɔ gã aɖe le ʋiʋlim be woaxɔ yewo ɖe dɔ me.
Tso ɣeyiɣi si wodze mɔ̃ gãwo zazã gɔme le dɔwɔƒewo ko la, mɔ̃ɖaŋununya toto vɛ wɔe be dɔwɔlawo ƒe hiahiã dzi ɖe kpɔtɔ. Esi amewo wɔa dɔ ɖeɖiteameŋutɔe ɣeyiɣi didi ta la, dɔwɔlawo nɔ mɔ kpɔm be mɔ̃wo aɖe dɔa dzi akpɔtɔ alo aɖe dɔwɔwɔ ɖa kura gɔ̃ hã. Mɔ̃ siwo wɔa dɔ le wo ɖokui si na be wote ŋu wɔa dɔ gbogbo aɖe eye eɖe afɔku geɖe ɖa, gake eɖe dɔ geɖe hã ɖa. Afɔku li be amesiwo ŋu woɖe asi le dɔme anɔ anyi ɣeyiɣi didi dɔmakpɔmakpɔe, negbe ɖeko wosrɔ̃ asinudɔ yeyewo wɔwɔ.
Afɔku li be asitsahawo ƒe adzɔnu gbogbo siwo sɔ gbɔ akpa la natsyɔ mía dzi. Amewo bui be míeɖo dzidziɖedzia ƒe seƒe xoxo. Hekpe ɖe eŋu la, esi dɔwɔlawo mesɔ gbɔ o ta la, nuƒlelawo hã mesɔ gbɔ o. Esia wɔe be nuwo bɔ ɖe asime wu esi woate ŋu aƒle. Esi viɖe megava le mɔ̃ gã siwo wowɔ be woakpɔ adzɔnuwo ƒe dzidziɖedzi si wonɔ mɔ kpɔm na gbɔ ŋu o ta la, womegale wo ŋudɔ wɔm o alo wole wo trɔm hena dɔ bubuwo wɔwɔ. Nɔnɔme siawo gblẽa nu le amewo ŋu—wova zua dɔmakpɔlawo. Le ganyawo ƒe sesẽɣi la, dɔwɔlawo ƒe hiahiã ɖiɖina, eye dɔ siwo gblẽna le nɔnɔme sesẽawo me la mete ŋu gafɔna ɖe te ne asitsanyawo ka ɖe eme o. Eme kɔ ƒã be nu geɖe gbɔe dɔmakpɔwɔe tsona.
Hadomekuxi
Esi dɔmakpɔwɔe ate ŋu adzɔ ɖe amesiame dzi ta la, enye hadomekuxi. Mɔnu vovovowo le dukɔ aɖewo si si dzi tom wole be woakpɔ amesiwo kpɔtɔ le dɔ wɔm ta—le kpɔɖeŋu me, woɖiɖia gaƒoƒo si wowɔa dɔ le kwasiɖa la me eye woɖiɖia fetu si woxena. Gake esia ate ŋu agblẽ mɔkpɔkpɔ me na ame bubu siwo le dɔ dim.
Amesiwo le dɔ wɔm kple amesiwo mele dɔ wɔm o siaa le nya hem geɖe wu tso dɔwɔwɔ me kuxiwo ŋuti. Gake esime dɔmawɔlawo le dɔ yeyewo dim la, amesiwo le dɔ wɔm le agbagba dzem be yewoakpɔ yewo ƒe dedienɔnɔ ta—taɖodzinu eve siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ɣesiaɣi. Italia magazine si nye Panorama gblɔ be: “Wobiana tso amesiwo le dɔ wɔm si zi geɖe be woawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe wu. Amesiwo mele dɔ wɔm o tsiaa anyi. Afɔku li be amewo me ava mã ɖe hatsotso eve me . . . amesiwo wɔa dɔ ɣeyiɣi didi le akpa ɖeka, eye amesiwo tsi anyi womekpɔ dɔ awɔ o, siwo nɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe dɔmenyowɔwɔ nu bliboe kloe la le akpa kemɛ.” Eŋutinunyalawo gblɔ be le Europa la, amesiwo le dɔ wɔm koŋue sea vivi le ganyawo ƒe nyonyo me, ke menye amesiwo si dɔwɔɖui mele o.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dukɔa ƒe ganya ƒe nɔnɔme dzie dɔmakpɔwɔe nɔ te ɖo, ale be le dukɔ aɖewo abe Germania, Italia, kple Spania ene me la, nusiwo hiã le nuto aɖe me to vovo sã tso nuto bubu tɔ gbɔ. Ðe dɔdilawo le lɔlɔ̃m be yewoasrɔ̃ dɔwɔɖui yeyewo alo yewoaʋu ayi nuto bubu alo dukɔ bubu mea? Ate ŋu anɔ te ɖe esia dzi zi geɖe.
Ðe Egbɔkpɔnu aɖe le Ŋgɔa?
Zi geɖe la, amewo daa mɔkpɔkpɔ ɖe ganyawo ƒe nyonyo dzi. Gake ame aɖewo kea ɖi eye wobui be ganyawo maka ɖe eme o vaseɖe ƒe 2000 me lɔƒo. Le ame bubuwo gome la, nuwo dze egɔme le kakam ɖe eme xoxo, abe alesi dɔdilawo ƒe xexlẽme si dzi ɖe kpɔtɔ le Italia nyitsɔ laa ɖee fia ene, gake ɖeko emetsonuwo mele dzedzem kabakaba o. Dɔmakpɔwɔe si dzi aɖe akpɔtɔ mefia kokoko be ganyawo ka ɖe eme o. Togbɔ be dzidziɖedzi li se ɖe afi aɖe hã la, dɔwɔƒewo dina be yewoawɔ dɔwɔla siwo le yewo si xoxo ŋudɔ nyuie wu tsɔ wu be yewoaxɔ ame bubuwo—si fia be, “dɔmakpɔwɔe ƒe dzidziɖedzi” ye li. Hekpe ɖe eŋu la, zi geɖe amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi kabakaba wu dɔwɔƒe yeye siwo woɖona.
Egbea wole ɖoɖo wɔm be dukɔwo ƒe gaŋutiɖoɖowo nanɔ te ɖe alesi nɔnɔmea le le xexeame katã dzi. Gaŋutiɖoɖowɔla aɖewo bui be ne woɖo dukɔwo dome asitsatsa gãwo anyi, abe Dzigbe Amerika ƒe Asitsatsa Faa Ŋuti Ðoɖo (NAFTA) kple Asia-Pasifik Ganyawo ƒe Ðekawɔwɔ (APEC) ene ate ŋu ade xexeame ƒe ganyawo dzi. Gake mɔnu sia do ŋusẽ adzɔhawo be woaɖo dɔwɔƒewo ɖe teƒe siwo dɔwɔlawo xɔa fetu sue le, eye emetsonue nye be dɔ megasɔ gbɔ ɖe dukɔ deŋgɔwo me o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, dɔwɔla siwo ƒe fetu mekɔ dzi o kpɔe be fetu si le sue la dzi gaɖe kpɔtɔ. Eyata menye nudogoɖenunue wònye be le dukɔ geɖe me la, amewo lɔ gbɔ, aglãdzedzetɔe gɔ̃ hã, ɖe asitsaɖoɖo siawo ŋu o.
Eŋutinunyalawo na aɖaŋuɖoɖo geɖe be woatsɔ aɖe dɔmakpɔwɔe ɖa. Ðewo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu gɔ̃ hã, eye enɔ te ɖe amesiwo gbɔ aɖaŋuɖoɖoa tso, nenye gaŋutiɖoɖowɔlawo, dunyahelawo, alo dɔwɔlawo gbɔe wòtso dzi. Ame aɖewo do susua ɖa be woana nuwo nanɔ bɔbɔe na dɔwɔƒewo be woaxɔ dɔwɔla geɖe wu to adzɔ si woxena la dzi ɖeɖe kpɔtɔ me. Ame bubuwo ɖo aɖaŋu be ele be dziɖuɖua nade nu nya la me vevie. Ame bubuwo hã doe ɖa be woagbugbɔ amã dɔawo bubui eye woaɖe gaƒoƒo si woatsɔ awɔ dɔ dzi akpɔtɔ. Wowɔ esia xoxo le dɔwɔƒe gã aɖewo me, eye togbɔ be le ƒe alafa si va yi me woɖe gaƒoƒo si woatsɔ awɔ dɔe dzi ʋeʋeʋe le dukɔ deŋgɔwo katã me hã la, esia meɖe dɔmakpɔwɔe dzi kpɔtɔ o. Gaŋutiɖoɖowɔla Renato Brunetta lɔ̃ ɖe edzi be: “Wokpɔnɛ le ɣeyiɣi aɖe megbe be ɖoɖo ɖesiaɖe si wowɔ medze edzi o, eye ga si wogblẽ sɔ gbɔ wu esi wokpɔ.”
Magazine si nye L’Espresso ƒo nya la ta be: “Mele be míaflu mía ɖokuiwo o, kuxia sesẽ ŋutɔ.” Ðe wòsesẽ akpa be womate ŋu aɖɔe ɖo oa? Ðe dɔmakpɔwɔe gbɔ kpɔnu aɖe lia?
[Aɖaka si le axa 8]
Enye Kuxi tso Blema Ke
Dɔmakpɔwɔe nye kuxi si li xoxoxo. Ƒe alafa geɖe enye esia amewo kpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be dɔwɔɖui mele yewo si o togbɔ be womedii nenema hafi o. Ne xɔtutu alo mɔdodo dɔwɔha gãwo nya wu woƒe dɔ nu ko la, dɔwɔla akpe geɖe siwo wozã le dɔa wɔwɔ me zua dɔmawɔlawo—vaseɖe ɣeyiɣi si me woagakpɔ bubu awɔ ya teti. Le ɣeyiɣi sia me la, wonɔa agbe maɖɔʋuwo, ne míagblɔe kpuie ko.
Le Titinaɣeyiɣiwo me la, “togbɔ be dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia abe alesi míenyae egbea ene menɔ anyi o hã la,” amesiwo menɔ dɔ wɔm o nɔ anyi. (La disoccupazione nella storia [Dɔmakpɔwɔe le Ŋutinya Me]) Gake le ŋkeke mawo me la, wobua amesiame si mele dɔ wɔm o zi geɖe be enye yakame alo gbevuvi. Nyitsɔ laa le ƒe alafa 19 lia me la, Nufialagã John Burnett ɖe eme be nusi Britania-numedzrola geɖe wɔnɛ “ne woƒo nu tso dɔmawɔlawo ŋu enye ‘gbevuwo’ kple tsatsala siwo dɔa gota alo tsana le ablɔwo dzi le zã me.”—Idle Hands.
“Dɔmakpɔwɔe gɔmesese” dze egɔme tso ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu alo le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze. Woɖo dziɖuɖudɔwɔƒe tɔxɛwo be woadzro kuxia me eye woakpɔ egbɔ, abe Ametiatiawo ƒe Kɔmiti si Britania Sewɔtakpekpea ɖo le ƒe 1895 me be woakpɔ “Fukpekpe Tso Dɔmakpɔwɔe Si Me” gbɔ ene. Dɔwɔɖui manɔanyi va zu hadomekuxi.
Gɔmesese yeye sia dzi ɖe edzi kabakaba, vevietɔ tso xexemeʋa gbãtɔ megbe. Avuwɔwɔ ma, si me wowɔ aʋawɔnu manyatalenuwo le, ɖe dɔmakpɔwɔe ɖa kloe. Gake tso ƒe 1920-awo ƒe gɔmedzedze la, Ɣetoɖoƒe dukɔwo do go nɔnɔme sesẽ siwo he Ganyawo ƒe Sesẽɣi Gãtɔ si dze egɔme tso ƒe 1929 me vɛ eye wògblẽ nu le mɔ̃ɖaŋudukɔ siwo katã le xexeame ŋu. Le xexemeʋa evelia megbe la, ganyawo ka ɖe eme le dukɔ geɖe me eye dɔmakpɔwɔe ɖiɖi va anyi. Gake Ganyawo Kple Ŋgɔyidɔwo Gbɔkpɔha gblɔ be: “Míate ŋu akpɔ afisi egbegbe dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia tso be edze egɔme tso ƒe 1960-awo ƒe domedome.” Amesiwo le dɔ dim zi gbãtɔ do go fukpekpe bubu si tso ami ƒe veve le ƒe 1970-awo me kple kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋu ƒe dodo gbɔ si wɔe be woɖe asi le amewo ŋu le dɔ me. Amemaxɔmaxɔ ɖe dɔ me dze egɔme le dzidzim ɖe edzi vevie, eye ege ɖe yevudɔ kple dɔwɔƒe gã siwo wobu tsã be wole dedie gɔ̃ hã me.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Biabia be woaɖo dɔwɔƒe geɖe makpɔ dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia gbɔ o
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Reuters/Bettmann