Mawu Na Míekpɔ Eyama
ESIME ɣeyiɣi de be Fia Dawid naɖe asi le fianyenye ŋu na via Salomo la, eɖo aɖaŋu sia nɛ be: “Dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.”—Kronika I, 28:9.
Esia va eme na mí. Míedi Mawu, eye míekpɔe hã—gake wokplɔ mí to aʋatsomɔ geɖe dzi hafi. Míexɔe se be Yehowa kpɔ alesi gbegbe míaƒe tamesusu ɖe eyama kple eƒe subɔsubɔ ŋu nu sẽe, eye wòna míekpɔ eyama. Alesi wòdzɔe enye esi.
Ŋutsu ene míenye wodzi, eye wonyi mí le Florida, U.S.A. Mía fofo nye nuɖala si wɔa dɔ ɣeyiɣi didi tsɔ kpɔa ƒomea dzii, dada nye aƒedzikpɔla, eye mí ŋutsuvi eneawo míeƒoa sɔgbewo dzi, míedzraa nyadzɔdzɔgbalẽwo—nusianu si me míakpɔ nane tsoe akpe asi ɖe ƒomea ŋu ko. Dada nye Katolikotɔ, eye Papa nye Baptisttɔ. Mí katã míexɔ Mawu kple Biblia dzi se gake míewɔ naneke le eŋu o, eye ƒã hafi míedea sɔleme. Ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze ye ŋutifafa, ata legbee siwo te keke dodo, ɖa sɔgbɔ ɖoɖo, kple rock-hadzidzi va bɔ ŋutɔ. Nusiawo katã kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi.
Vaseɖe ƒe 1982 me hafi mía dometɔ eve, Scott kple Steve—siwo xɔ ƒe 24 kple ƒe 17—míeva tsɔ ɖe le Biblia me vevie eye míeva tsɔ ɖe le xexeame ƒe nɔnɔme siwo le gbegblẽm ɖe edzi me. Scott ŋutɔ nɔ eƒe xɔtudɔ wɔm. Dɔa nɔ edzi dzem nɛ, eyata míeʋu ɖanɔ xɔ ɖeka me. Nɔnɔme xoxo ma ke si nɔa ahanoƒewo kple agbenɔnɔ ma va ti mí eye míenya be agbenɔnɔ si avivi wu anya nɔ teƒe aɖe. Dɔ va nɔ mía wum le gbɔgbɔ me. Míaƒe Biblia xexlẽ edziedzi kpe ɖe mía ŋu míedi be Mawu ƒe Nya la me sidzedze kple gɔmesese geɖe wu nasu mía si.
Míedze egɔme nɔ sɔleme vovovowo dem le Kwasiɖagbewo. Le esiwo tsɔ ɖe míaƒe aƒeme gbɔ le Lake Worth, Florida, si míede me la, wotsɔa aɖabaƒoƒo 25 ƒoa nu tso gadzɔdzɔ ŋu le Kwasiɖagbe mawunyagbɔgblɔ me. Osɔfoa ziɔna ɖe nuƒola ƒe kplɔ̃a ŋu henɔa gbɔgblɔm be: “Mina nu faa, miƒo asi ɖe kotoku me ne miana nu faa.” Zi geɖe la, wotsɔa gadzɔgba la tsana zi etɔ̃ le kpekpe ɖeka me, si nana be amewo ƒe ga vɔ̃na ƒioo hafi wodzona. Míede sɔleme geɖe, gake gadzɔgbawo tsɔtsɔ tsae kple hadomekpekpewo ko ŋue míeke ɖo.
Woxlɔ̃ Nu Mí le Yehowa Ðasefowo Ŋu
Míeva xɔ nya siwo míebu be Biblia ƒe nufiafia veviwoe wonye la dzi se, eye míexɔ wo elabena mawunyaŋununyala akuakuwoe nye nua fialawo. Nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖeka ku ɖe kɔmamã siwo le Amerika ŋu, eye Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔe woyɔ gbã. Woxlɔ̃ nu mí be womexɔ Yesu dzi se o, be woa ŋutɔwo wɔ woƒe Biblia, be womayi dziƒo o, eye be woxɔe se be dzomavɔ aɖeke meli o. Le nyateƒe me la, nusiawo katã na míeƒo nya ta be Ðasefowo ƒe nyawo mesɔ o.
Vaseɖe fifia la, míeɖe dzonɔameme fia vevie gake menye kple sidzedze vavãtɔ o. (Romatɔwo 10:2) Míenya nya si Yesu gblɔ le Mateo 28:19, 20 ya—ele be míaɖe gbeƒã nyanyuia ahawɔ amewo nusrɔ̃lawoe. Ɣemaɣi la, míenɔ sɔleme aɖe si me hamevi 2,000 le si woyɔna be Bible Town la dem, afisi míenye sɔhɛwo ƒe habɔbɔ si me ame 100 siwo xɔ tso ƒe 17 vaseɖe 30 le la me tɔwo. Scott dze agbagba be yeana woanɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔgbe aɖe wɔm—gake medze edzi o.
Eyata míedze mía ŋutɔwo míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Susu aɖe va na Scott be míaɖo nɔƒe le mía gbɔ nu xoxowo dzraƒe eye míanɔ trakt kple Bibliawo nam amewo. Eyata nu mae míeva wɔ. Míeyi ɖe “Kristotɔwo” ƒe agbalẽdzraƒe aɖe si le afima va ƒle trakt kple Biblia gbogbo aɖewo tsɔ yi nu xoxowo dzraƒea, eye míetu ati eve hetsɔ ʋuƒo gbadza aɖe da ɖe wo tame hetsɔ míaƒe trakt kple Bibliawo da ɖe edzi, eye míedze agbagba be míanye ‘nyadziwɔlawo, eye menye nyaselawo ko o.’—Yakobo 1:22.
Esi kwasiɖawo va nɔ yiyim la, nusi míeyɔ be nu xoxowo dzraƒe ƒe subɔsubɔdɔa nɔ ŋgɔ yim, eye míena Eŋlisi kple Spania gbe me gbalẽwo siaa. Bibliawo, trakt vovovo 30, kple kukuléga siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Mawu lɔ̃ wò” la gɔ̃ hã nɔ mía si. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Scott ƒle nutamɔ̃ aɖe tsɔ nɔ Biblia me gbedasiwo tam ɖe awu dediwo dzi—nyawo abe: “Èxlẽ wò Biblia egbea?,” “Ènya nusita mele nu koma? Yesu le nye dzime,” kple bubu geɖe. Ðeka gblɔ be “Nyaɖeɖefia” eye wota sɔdola eneawo kpe ɖe eŋu.
Míebu be míenɔ ɖase ɖim numaƒomaƒoe to awu dediawo dodo ayi afisiafi me. Memleɖa kple Kwasiɖagbe ɖesiaɖe, tso ŋdi ga 8 vaseɖe ŋdɔ ga 1 la, nu xoxowo dzraƒe ƒe subɔsubɔdɔa dzena amewo kpɔna. Ne èto ʋutɔɖoƒe aɖe va yina eye nèkpɔ traktwo le ʋuawo dzi la—ke míawoe da wo ɖe afima. Míenaa agbalẽawo katã faa, togbɔ be ga sue aɖe koe amewo dzɔna na mí hã. Le ƒe aɖe me la, míebu akɔnta le nusiwo míegblẽ le ƒea me ŋu, eye ewu $10,000.
Míedo Go Yehowa Ðasefo Aɖe
Gbeɖeka esi míenɔ tsi ƒum le Bonita Springs ƒutawo dometɔ ɖeka la, ŋutsu aɖe si tsi wu mí la te ɖe mía ŋu eye wògblɔ be yekpɔ agbalẽ siwo míefa ɖe míaƒe ʋua ŋu eye yede dzesi míaƒe awu dediwo hã. Edze egɔme nɔ nu ƒom tso Biblia ŋu henɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem. Efɔ nya si le Dɔwɔwɔwo 2:31 la ɖe te hebia be: “Ne dzomavɔ aɖe li eye ne ame vɔ̃ɖiwo ɖeɖekoe yia afima la, ke nukata Biblia gblɔ be Yesu yi afima?” Eyi edzi ɖe ŋɔŋlɔ bubu geɖe me. Mlɔeba la, Scott gblɔ be: “Ànya nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.” Eɖo eŋu be: “Ẽ, eyae menye.” Scott gblɔ be: “Miawo miexɔ Yesu dzi se o.” Ðasefoa ƒo nu tso Yesu ŋu wòxɔ aɖabaƒoƒo 20, gake mewɔ dɔ ɖe mía dzi tututu o.
Míeyi edzi nɔ nu xoxowo dzraƒe ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le kwasiɖanuwuwuwo. Míele esia dzi ƒe etɔ̃ sɔŋ—míexɔe se le ɣeyiɣi mawo katã me be míawoe le nyateƒea gblɔm eye nu nyuitɔ wɔm míele. Míeganɔ sɔleme vovovowo srãm kpɔ Kwasiɖagbe ɖesiaɖe ƒe zãme, eye esiwo míede la dometɔ aɖeke medze eme na mí kura o. Míesrã sɔleme ɖesiaɖe kloe kpɔ vɔ, eyata le zã aɖe me míeɖoe be míayi nusi míeyɔ be “Yehowa Ðasefowo ƒe sɔlemewo” dometɔ ɖeka. Míeyina mawunya gblɔ ge na wo tso Yesu ŋu. Míekpɔ woƒe adrɛs le telefon-gbalẽa me eye míeyi afima Kwasiɖagbe fiẽ aɖe. Esi míese be womewɔa kpekpe le Kwasiɖagbe fiẽ abe sɔleme bubuawo katã ene o la, míegblɔ be womexɔ Yesu dzi se o baa. Míekpɔe le nusi dzi woŋlɔ kpekpeɣiwo ɖo la dzi be woawɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃ le Dzoɖa ƒe zãme. Eyata míegatrɔ yi afima hetsɔ míaƒe Bibliawo ɖe asi eye míedo míaƒe awu dediawo. Míeɖo ŋku edzi be míetɔ vie de ŋugble le awu dedi si míado ayi ŋu—esi aɖi ɖase nyuie. Míeɖo afima kaba vie, eye nɔvi ʋee aɖewo te ɖe mía ŋu. Wodo vivi ɖe mía ŋu hewɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Enumake míeva nɔ dze ɖom tso Nyaɖeɖefia ŋu vevie. Wogblɔ na mí be míanɔ anyi le kpekpea me. Wona Wowɔ Ðeka ƒe agbalẽa mí, eyata míenɔ anyi.a Nɔviŋutsu ɖeka do gbe ɖa tsɔ ʋu kpekpea nui.
Míenɔ to dzi vevie. Egblɔ tsɔ ƒo etae be: “Le Yesu ƒe ŋkɔ me. Amen.” Ewɔ nuku na mí eye míeva kpɔ mía nɔewo ƒe ŋkume. “Ðe míese nya si wògblɔ la nyuiea? Edo gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me!” Le ɣeyiɣi ma me la, enɔ abe ɖe woʋu ŋku na mí eye tsro gã aɖe ge tso edzi ene. Ne dzi nyui ye le mía si la, ke ɣeyiɣi sia mee wòle be míaɖo to. Nɔviŋutsua bia tso mí katã si be míaʋu Wowɔ Ðeka ƒe agbalẽa ƒe ta 21, si ku ɖe Yesu kple ‘xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye’ ŋu. Nusɔsrɔ̃ bubu aɖeke menyo wu esia be míanɔ eme o. Nusɔsrɔ̃a ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa, ŋkeke mamleawo, kple akpaɖekedzimademade ŋu. Míese ɖeviwo ɖo nya ŋu le nya geɖe siwo míese kpɔ o ŋu. Le kpekpea ƒe nuwuwu hã la, nɔviŋutsua do gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me!
Míeɖi Ƒo le Gbɔgbɔ Me
Nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ mía wum míetsɔ yi akpata la mee, eye míeva ke ɖe eŋu le afima ke hã. Míedzo le afima henya be wonyi mí le gbɔgbɔ me, eye míegaɖo afɔ sɔleme aɖeke kpɔ o. Le zã si kplɔe ɖo me, esi míenɔ míaƒe nuwo nyãm le Nunyãƒe aɖe la, míekpɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe le ahavividzramɔ̃ la gbɔ—woade 150 ya teti. Míexlẽa wo tsã gbeɖe o, gake fifia míebla wo dzoe, elabena míedi be míanya nu tso nyati geɖe ŋu.
Nyatiawo dometɔ ɖeka bia be, “Ðe nèxɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi sea?” Bubu hã be, “Ðe dzomavɔ li nyateƒea?” Nyati aɖe nɔ Nyɔ! aɖe me si ƒo nu tso legbawo ŋu. Steve xlẽ esi ku ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ŋu la le zã ma me, ewɔ numekuku geɖe, exlẽ ŋɔŋlɔawo katã, eye wònyɔ Scott le zãtiƒe ga 12:30 le nusi wòsrɔ̃ ta. Le ŋkeke eveagbe si nye Kuɖa, esi míegbɔ tso dɔme la, Steve xlẽ nyati si ku ɖe dzomavɔ ŋu. Nyatia dzro Yohanes 11:11 me, afisi Yesu gblɔ le be Lazaro dɔ alɔ̃. Esime Steve kpɔ Scott la, egblɔ be: “Nye Biblia mefia nu be dzo aɖe li nye dzomavɔ o.” Esi míexlẽ Nyɔ! si ku ɖe legbawo kple atitsoga ƒomevi vovovowo ŋu vɔ la, míeda mía tɔwo ɖe gbeɖuɖɔlɔʋu aɖe dzi eye míenɔ ekpɔm esime woku wo dzoe. Mí ame evea míeva kpɔ mía nɔewo ŋkume, eye míeʋuʋu ta, heko alɔgbɔnu. Míenya be míekpɔ nu xɔasi aɖe—eyae nye nyateƒe la.
Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, aɖaka eve va ɖo. Trakt 5,000 siwo gblɔ be ne mètrɔ dzime o la, àyi dzomavɔ me lae nɔ wo me. Fifia míenya be trakt siawo dometɔ geɖe mesɔ kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Esi míetɔtɔ vie la, míegayi agbalẽ me nusrɔ̃ƒea le Dzoɖa ƒe zãme eye míetsɔ míaƒe traktwo dometɔ geɖe yi. Míebia be, “Esia nyoa?” Míeto wo katã me le zã ɖeka me. Eteƒe medidi o trakt gbogbo aɖewo li kɔ ɖe anyigba; wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mete ŋu nɔ te ɖe Biblia ƒe nufiafia nu o. Míegblẽ wo katã dome. Míenya be xɔse yeye si ŋu míeke ɖo la ku ɖe míaƒe agbe kple amesiwo míeɖe gbeƒã na ƒe agbe ŋu. Míedi be míanɔ teƒe bubu asrɔ̃ Biblia la kplamatsedodo aɖeke manɔmee.
Míeʋu yi Alaska. Le kpekpe gbãtɔ si míede le afima me la, míebia hamemegã aɖe nenye be asrɔ̃ nu kpli mí gbesiagbe. Mebu be vavalawo katã se nya si míebia. Míewɔ ŋgɔyiyi nyuie, míewu Agbe Tegbee ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ nu, eye míedi be míaxɔ nyɔnyrɔ̃ le ŋkeke eve takpekpeawo dometɔ ɖeka me.b Gake ele be míalala vie gbɔ. Míaƒe taɖodzinue nye be míawɔ mɔɖeɖedɔa. Le vome la, mía fofo dze dɔ, eye ele be míatrɔ yi Florida aɖana kpekpeɖeŋu.
Míeyi Ŋgɔ Ðo Gbɔgbɔmetsitsi Gbɔ
Esi míenɔ Florida la, míewɔ ŋgɔyiyi nyuie, míewu Wowɔ Ðeka ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ nu, eye míexɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1987 me. Ɣleti 11 enye ma tso esime míeke ɖe nyateƒea ŋu. Enumake míezu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ɣleti ade eye emegbe míeva zu gbesiagbe mɔɖelawo. Ƒe ɖeka kple afã ko megbe la, woɖo mí ame evea subɔsubɔdɔwɔlawoe. Le míaƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ƒe eve megbe la, míeva nɔ dɔ wɔm le Brooklyn Betel, afisi Scott gale subɔsubɔm le egbea eye wòle Chinagbe srɔ̃m ƒe evee nye sia. Steve le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm fifia le Moscow, Russia. Mí ame evea míebu nyateƒea kple edidi abe alesi Lododowo 2:1-5 ɖɔe ene tututu be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.”
Alesi Wòdzɔe be Steve Va le Moscow
Esi míele New York, afisi gbe bubuwo hã nyanya ana gbeƒãɖeɖedɔa navivi wu le—eye esi menya be ɖewohĩ eteƒe madidi hafi Yehowa naʋu ʋɔtrua le Russia o la—meɖoe be masrɔ̃ Russiagbe. Ɣemaɣi esi menɔ subɔsubɔm le Brooklyn Betel la, medze Russiagbe me agbalẽ me nusrɔ̃ƒe yiyi gɔme. Russiagbe me agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo ɖeka koe nɔ anyi si kpena le Fiɖagbewo. Esi ɣeyiɣia va nɔ yiyim la, meva nɔ ha dem kple Russiagbe me ƒuƒoƒoa geɖe wu. Mewɔ ɖeka kpli wo le gbeƒãɖeɖedɔa me, si vivi nunye ŋutɔ le Russiatɔwo ƒe vividoɖeameŋu ta. Meŋlɔ agbalẽ na Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea hebia be woaɖom ɖe Russiagbe me ƒuƒoƒoa me. Edzɔ dzi nam be wolɔ̃ ɖe edzi.
Gbeɖeka le Betel-ŋdisubɔsubɔ me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla Milton G. Henschel gblɔ na ƒomea be nyatakaka tɔxɛ aɖe li. Emegbe eɖe gbeƒãe be woda asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu le Russia eye be tadedeagu ƒe ablɔɖe su mía nɔviawo si fifia. Nyemeka ɖe edzi be amesiwo nɔ Betel ŋdi ma dometɔ aɖe aŋlɔ dzidzɔ si míekpɔ le dzidzɔnya ma sese ta be o. Mebui ɣemaɣi be anye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe be manɔ anyigbamamã gã yeye ma me.
Mete agbalẽŋɔŋlɔ na nɔviŋutsu Russiatɔ aɖe si ŋkɔe nye Volodeya, amesi le Krasnodar, Russia. Ekpem be maɖi tsa va Russia. Eyata le June 1992 me la, meƒo te nye agba hedze mɔ yi Moscow. Esi meɖo la, edzɔ dzi nam be mekpɔ Nɔviŋutsu Volodeya wònɔ lalam le yameʋudzeƒea. Menɔ Nɔviŋutsu Stephan Levinski—amesi le nyateƒea me ƒe 45 sɔŋ la gbɔ. Eyae nye Ðasefo gbãtɔ si medo go le Moscow, eye enɔ gaxɔ me ƒe geɖe le nyateƒea ƒe akpa dzi nɔnɔ ta. Nɔviwo wɔ amedzro nam ale gbegbe.
Eyata meva ɖo Moscow, esime nyemese gbea tututu o. Hame ene koe nɔ anyi ɣemaɣi, eye edze abe míenya nɔviawo katã ene. Tso ɣemaɣi la, medze agbagba te ŋu na wode asi nye mɔzɔgbalẽvi te be manɔ afima ɣeyiɣi didi wu. Mete ŋu wɔa dɔ edziedzi tsɔ kpɔa nye gazazãwo gbɔe. Nusi sesẽ nam wue nye be masrɔ̃ Russiagbe ale be mate ŋu aƒo nu kple amewo eye be makpɔ gbɔgbɔmetutuɖo le kpekpewo me. Mele enyam vivivi, gake megale agbagba dzem le eŋu.
Mɔnukpɔkpɔ su asinye mede takpekpe geɖe eye mekpɔ dzidziɖedzi kple nyɔnyrɔ̃xɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ wɔnukuwo teƒe. Mía nɔvi siwo le afisia ƒe dzonɔameme vavãtɔ kpɔkpɔ nye nusi tua ame ƒe xɔse ɖo ale gbegbe. Nyematsɔe aɖɔli naneke o. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo medo goe wonɔ nu srɔ̃m alo ɖeko woxɔ nyɔnyrɔ̃ tetie nye ma esi meva la nye ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖelawo, alo subɔsubɔdɔwɔlawo, alo wonye Beteltɔwo fifia le Solnechnoye, si te ɖe St. Petersburg ŋu le Russia.
Ame 530 vaa míaƒe hamea ƒe kpekpewo le Kwasiɖagbe ɖesiaɖe, eye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ yeye 12 va kpena ɖe mía ŋu ɣleti sia ɣleti le mamã dedie nu. Gbeƒãɖela 380, hamemegã 3, kple subɔsubɔdɔwɔla 7 ye woxlẽ nyitsɔ laa. Míaƒe hamea bua Biblia-nusɔsrɔ̃ 486 kple vɔ ƒe akɔnta. Le February 1995 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesrã míaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo 29-awo kpɔ heƒo subɔsubɔnuƒo na wo. Mesrãa ƒuƒoƒo ene kpɔna le kwasiɖa ɖeka me. Míewɔa dɔ vevie hã doa ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe le nyabiabia hena amesiwo axɔ nyɔnyrɔ̃ me toto me. Le May 1995 me la, míewɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ eye ame 30 ye xɔ nyɔnyrɔ̃ tso míaƒe hamea me. Le ye katã me la, ame 607 ye xɔ nyɔnyrɔ̃ eye vavalawo de ame 10,000. Le dzomeŋɔli ƒe nutome gã takpekpea me la, ame 24 siwo tso míaƒe hamea me nɔ nyɔnyrɔ̃xɔla 877 la dome! Mɔɖela 13 ye le míaƒe hamea me tsɔ kpe ɖe mɔɖela vevi 3 ŋu. Wo katã bua nusɔsrɔ̃ 110 ƒe akɔnta! Fifi laa la, gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ 132 ye le mía dome.
Ame 1,012 ye va míaƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 1995 me! Habɔbɔa ɖo nɔviŋutsu Polandtɔ, Mateysh, ɖe míaƒe hamea nyitsɔ laa. Edo le Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku eye akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ. Fifia hamemegã etɔ̃e le mía si. Eyata míagaɖo hame bubu eye míamã míaƒe anyigbamamã—si me tɔwo de miliɔn ɖeka kloe—la ɖe akpa eve me. Gbeƒãɖela siwo ade 200 anɔ hame eveawo dometɔ ɖesiaɖe me. Hame ɖeka akpɔ hamemegã eve, eye evelia akpɔ hamemegã ɖeka. Takpekpe bubu gale mía ŋgɔ, eyata fifia míele nyabiabiaawo me dzrom kple ame 44 siwo asu te na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɣemaɣi. Ewɔ nuku ŋutɔ! Gbɔgbɔmeparadisoe wònye vavã! Ewu gbɔgblɔ! Yehowa ƒe asie le eme nyateƒe. Eƒe tasiaɖam le du dzi sesĩe le Russia le ɣeyiɣi sia me. Vaseɖe October 1995 me la, hame 40 ye le Moscow. Woate ŋu adzi ɖe edzi teƒe eve bɔbɔe ne hamemegãwo de ha.
Míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le nu xoxowo dzraƒe ƒe ɣeyiɣia va yi xoxoxo. Scott le Brooklyn Betel, Steve nye hamemegã le Moscow-hameawo dometɔ ɖeka me—mí ame evea míeda akpe na Mawu be wòna míekpɔe. Míedoa gbe ɖa be ame miliɔn geɖe nagadii eye be Mawu ana woake ɖe eyama ŋu.—Abe alesi Scott kple Steve Davis gblɔe ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Scott
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Steve
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Vavalawo dea ame 530 kple vɔ le Moscow-hame aɖe me Kwasiɖagbe ɖesiaɖe