Lãmesẽ Kple Nutoa Me
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ
AME miliɔn 49 kuna ƒe sia ƒe le xexeame katã. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gblɔ be amesiawo dometɔ 75 le alafa me kua ku kpo, eye nutoa me ƒe manyomanyo kple amewo ƒe agbenɔnɔ gbɔe wòtsona. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ:
◼ Dɔdzẽ wua ame miliɔn atɔ̃ ƒe sia ƒe. WHO ka nya ta be “sigaretnono si dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe 30 siwo va yi me gbɔe” esia ƒe geɖe “tso tẽ.”
◼ Miŋɔdɔ, si wua ɖevi miliɔn etɔ̃ kple edzivɔ ƒe sia ƒe la tsoa nuɖuɖu kple tsi siwo me ɖi ge ɖo, kpakple bemalémalé na amenɔƒe gbɔ.
◼ Yɔmekpe, si wua ame miliɔn etɔ̃ ƒe sia ƒe la kekea ta le teƒe siwo ahedada le eye amewo le fũ akpa, vevietɔ le afisi amewo meléa be na wo ɖokui le o.
◼ Yatoƒemedɔleléwo, axamedɔ koŋ, wua ɖevi miliɔn etɔ̃ kple afã siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o ƒe sia ƒe. Wo dometɔ geɖe nye dugãmenɔlawo, afisi woƒoa ɖi ya le wu.
Le amesiawo siwo kuna megbe la, amesiwo ade biliɔn eve kple afã—si nye amesiwo le xexeame ƒe afã kloe—hã léa dɔ siwo tso tsimasuame alo tsi ƒoɖi kple bemalémalé na ame ɖokui gbɔ ƒe sia ƒe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, WHO gblɔ be nusiwo ŋu amewo tsi dzi ɖo fifia siwo nye aɖi si dzana abe tsi ene, ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la ƒe vɔvɔ, kple xexeame ƒe dzoxɔxɔ ene lae na ame geɖe ƒe lãme le gbegblẽm ɖe edzi. WHO ƒe nyatakaka la de dzesii be le ye katã me la, amesiwo wu biliɔn eve le nuto siwo nye afɔku na agbenɔnɔ alo lãmesẽ me.
Ðk. Hiroshi Nakajima si nye WHO ƒe dɔdzikpɔlagã la xlɔ̃ nu be: “Ne míetso ɖe eŋu fifia o la, kuxi siwo le fu ɖem na Anyigba kple edzinɔlawo nu ava sẽ ale gbegbe be enu maganya nɔ o, eye yamenutoa maganya lé ɖe te o.”
Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava esime “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Menye amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo dzie woato awɔ esia o, ke Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si aɖe dɔlélewo kple nusiwo hea wo vɛ ɖa keŋkeŋ la boŋ dzie.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]
Godo-Foto