Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
“Anyinɔnɔ le Nuvɔ̃ Me” Menye Nuvɔ̃ Oa?
Guardian Weekly gblɔ be England Sɔlemeha ƒe Hadomenyawo Gbɔkpɔha na nyanya hameviawo nyitsɔ laa be “anyinɔnɔ le nuvɔ̃ me” meganye nuvɔ̃ o. Woka nya ta be nyagbɔkpɔha la xlɔ̃ nu hameviawo be “hamewo ate ŋu asrɔ̃ amesiwo li ɖekae srɔ̃maɖemaɖee, kple ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu siwo dɔna kple wo nɔewo la ƒe nɔnɔme, eye naneke nagable wo woatrɔ megbe anɔ ‘ɣeyiɣi si ƒomea nɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me’ la kpɔm o.” Guardian la ƒo nu tso alesi nunɔla Philip Hacking bu tso nya la ŋui ŋu be: “Esia nana Hamea zua alɔmeɖenu eye wòhea nuxaxa geɖe vɛ na Kristotɔ nuteƒewɔlawo.”
Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Ŋutete ƒe To Yiyi
Amesiwo ade miliɔn etɔ̃ le Germania megate ŋu xlẽa nu alo ŋlɔa nu nyuie o le esi womewɔnɛ edziedzi o ta. Johannes Ring si nye Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbalẽxexlẽnyawo Gbɔ ƒe agbalẽŋlɔla ɖe eme be ŋgɔyiyi si wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya me na kuxia le dzidzim ɖe edzi. Frankfurter Allgemeine Zeitung ka nya ta be le Xexeame ƒe Mɔxexe Ðe Agbalẽmanyamanya Nu ƒe Takpekpe si wowɔ me la, Ring ɖee gblɔ be agbalẽmanyamanya sia tɔgbe ƒe dzidziɖedzi tso television, kɔmpiuta, kple video dzi fefewɔwɔ siwo zazã bɔ fifia gbɔ.
No Tsi Nàbu Tame
Ðe wòsesẽna na wò be wò susu nanɔ ŋutea? Asiaweek ɖo aɖaŋu be ɖewohĩ ahiã be nàno tsi geɖe wu. Magazine la ka nya ta be woɖo aɖaŋu na Hong Kong sukuvi aɖewo ƒe nufialawo kple dzilawo be tsi sɔ gbɔ nono kpena ɖe sukuviwo ŋu be woaƒo asa na kuviawɔwɔ. Wogblɔ na dzilawo be ele be ɖeviwo nano tsi kplu 8 vaseɖe 15 gbesiagbe. Nyatakaka la yɔ nya tso agbalẽ si nye The Learning Brain me be numekuku si wowɔ ɖee fia be tsi ƒe vɔvɔ le lãme na ame ate ŋu awɔe be womasrɔ̃ nu nyuie o. Asiaweek gblɔ be tsi nyui si le dzadzɛ nono nyo wu be woano ahaviviwo, kɔfi, tii, alo atikutsetse me tsi gɔ̃ hã, siwo nana tsi vɔna le lãme na ame.
Nuxlɔ̃ame le Lãwutike Ŋu
Le numekula siwo le California Yunivɛsiti si le Berkeley ƒe nya nu la, lãwutike siwo kɔ ɖe aƒemenuzazãwo ŋu gblẽa nu le Amerikatɔwo ŋu wu atikutsetse kple detsiƒonu siwo ŋu wowu lãwutike ɖo. Aɖi le atike siwo wotsɔ wua gbagbladza, nusiwo wotsina ɖe yame be woalé nudzodzoewo, ami si wosina be axɔ̃ nagaɖo ame o, kamfa, kple nu mawo tɔgbe me. Le aɖi akpe geɖe si wòdea lãme na ame le ƒe ɖeka me megbe la, wo dometɔ geɖe ate ŋu ahe dɔléle si anɔ ame ŋu ɣeyiɣi didi la vɛ. Agbalẽ si nye UC Berkeley Wellness Letter kafu nu bubu siwo me afɔku mele o wɔwɔ: De nusi axe mɔ ɖe nudzodzoewo nu wò ʋɔtru kple fesrɛ ŋu alo nàdzra esiwo vuvu ɖo eye nàxe do sue siwo le anyigba kple gliawo ŋu be nugbagbeviwo nagato wo me o; tsɔ nuɖuɖu kple gbeɖuɖɔwo kɔ ɖe aŋekotokuwo me nàbla enu; zã xa alo nu bubu aɖe nàtsɔ awu nudzodzoewo; kplɔ nuɖuɖu kakɛ siwo kɔ ɖe anyigba; nyã avɔvuvuwo le tsi dzodzoe me; nyã kuntruwo kple alẽfuwuwo edziedzi eye nàde wo aɖaka me. Wellness Letter la ɖo aɖaŋu be ne gbagbladzawo kpɔtɔ le fu ɖem la, ke àte ŋu azã aŋe si ƒomevi wowɔ be wòalé wo ne wozɔ edzi alo nàwu boric acid ɖe aɖakawo megbe, gake kpɔ egbɔ be ɖeviwo kple aƒemelãwo nagayi nusiawo gbɔ o.
Television dzi Wɔna Siwo Woɖena Na Ðeviwo—Ŋutasẽnuwɔna Le Eme Akpa
Numekuku aɖe si wowɔ tso Amerika television dzi nuɖeɖewo ŋu ɖee fia be nu geɖe siwo woɖena na ɖeviwo la me yɔ fũ kple “ŋutasẽ ƒe avuwɔwɔ vɔ̃ɖi.” Le The Wall Street Journal ƒe nya nu la, California Yunivɛsiti si le Los Angeles tia nusiwo woɖena na ɖeviwo, si nye fefewɔwɔ si menye amegbetɔ ŋutɔwoe le ewɔm o, eye nusi wokpɔ tso wo ŋue nye be “wode ŋutasẽnuwɔnawo eme le esi wodi be woaɖe ŋutasẽnuwɔna afia ta.” Zi geɖe la woɖea nusiawo le Memleɖagbe ŋdi si nye ɣeyiɣi si ɖeviwo meyia suku o eye wo dzilawo hã mekpɔ fɔ le aba dzi o. Togbɔ be nusia ɖeɖefia menye nu yeye o hã la, numekukua ɖee fia be “akpa si ku ɖe nuvlowɔwɔ kple kɔdada madzudzɔmadzudzɔe ŋu nye nu yeye si le dzidzim ɖe edzi.”
Ati Wɔnuku Aɖe
Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le Britania ke ɖe nuku aɖe si ate ŋu ana tsi me nakɔ atike xɔasi aɖeke mazãmazãe ŋuti. London ƒe The Times ka nya ta be ati si nye Moringa oleifera si wokpɔna le India ƒe dzigbe ƒe ku si wotu hekɔ ɖe tsi me la ate ŋu ahe dɔlékuiwo eye woalé ɖe eŋu, si woate ŋu atsyɔ ɖa le tsia ŋgɔ. Woate ŋu azã nuku sia le mɔ vovovowo nu atsɔ awɔ nuɖami, adzalẽ, ami sisi, kaɖimemi, kple ami si wua ŋutigbalẽ ŋu dɔlélewo. Atia dodo le bɔbɔe, enɔa te ɖe kuɖiɖi nu, woate ŋu adoe be wòaxe mɔ ɖe ya sesẽ nu, eye woate ŋu atsɔe wɔ nake kple pepa gɔ̃ hã. Le esia ta numekulawo kafui be woado ati siawo be woakpɔ nuku siwo ate ŋu axe mɔ ɖe ame miliɔn geɖe siwo kuna ƒe sia ƒe le tsi siwo me dɔlékuiwo le nono ta la nui.
Woate Ŋu Aɖi Ku Akpaa?
Le xexe si me amewo tsi dzi ɖe dzedzeme ŋu me la, ame geɖe bui be womate ŋu agblɔ be ame ɖi ku akpa o. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa si ɖo kpe edzi be lolo akpa ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu la dze abe ɖe wòwɔ ɖeka kple nukpɔsusu sia si bɔ ene, gake JoAnn Manson, si le Harvard Yunivɛsiti, si ŋlɔ nu tso numekukua ŋu di be yeana nyanya be ne ame ɖi ku akpa la, ema hã ate ŋu agblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu. Woŋlɔ nya si wògblɔ la ɖe The Wall Street Journal me be: “Mexɔe se be ame ate ŋu aɖi ku akpa to nunyuimakpɔɖu, kamedede si gbɔ eme, alo atamanono me. Esi Journal la nɔ nu ƒom tso ɖɔkta geɖe siwo meda asi ɖe nuɖuɖu wòagbɔ eme dzi o le nusi wòate ŋu agblẽ le ame ŋu ta ŋuti la, eyɔ afɔku aɖewo siwo le bɔblɔ akpa me, ɖewohĩ ne kpekpeme si wòle be wòanɔ ame si le eƒe kɔkɔme nu ƒe mamã dedie la dzi ɖe kpɔtɔ 20 le alafa me. Afɔkuawoe nye nuɖuɖumadzroame, ƒuwo ƒe sue zuzu, seselelãme ƒe tɔtrɔwo, anyidzedze kabakaba, ƒuwo ƒe liɖɔɖɔ, kple alesi womete ŋu hayana kaba o.
Ne Da Ðu Ame—Nusi Mele be Woawɔ O
Ne wole nu ƒom tso nusi wòle be woawɔ ne da ɖu ame ŋu la, eŋutinunyalawo ƒe nya mewɔa ɖeka ɣesiaɣi o. Gake le FDA Consumer magazine ƒe nya nu la, atikenyala siwo le U.S. ƒe akpa gãtɔ “ƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kloe le nusi mele be woawɔ o ŋu.” Aɖaŋu si woɖo enye be: Ne àte ŋu aɖo atikewɔƒe le aɖabaƒoƒo 30 vaseɖe 40 me la: Ke megatsɔ tsikpe ɖo abia me o, megabla teƒe aɖeke be nàxe mɔ na ʋua ƒe sisi alo atsɔ elektrikŋusẽ aƒoe o, eye megasi abia me o. Nusi dzi woda asi ɖo vevie enye be ne aɖi le da la me alo mele eme o, ele be woanya be daɖuame ɖesiaɖe hiã atikewɔwɔ kpata, eye ele be woatsɔ amesi da ɖu ayi kɔdzi enumake. FDA Consumer gblɔ be ametakpɔnu nyuitɔ enye be “woagate ɖe da ŋu o. Da ɖua ame geɖe le esi wodina be yewoawui alo ate ɖe eŋu akpɔe nyuie ta.”
Nuxlɔ̃ame na Bɔlƒolawo
Le bɔlƒoƒo, si nye fefe si xɔ ŋkɔ wu le xexeame me la, eƒolawo ate ŋu atsɔ woƒe ta atɔ bɔl la. Gake nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Jornal do Brasil ka nya ta be esia ate ŋu agblẽ nu le ahɔhɔ̃a ŋu ne wowɔnɛ edziedzi. Le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me la, ta tsɔtsɔ tɔ bɔl la ate ŋu awɔe be bɔlƒolawo mate ŋu agaɖo ŋku nu dzi nyuie o eye woƒe ahɔhɔ̃a mate ŋu awɔ dɔ nyuie o. Nusi wòagblẽ la sɔ kple nusi ƒe fu kɔdala aɖewo siwo wotua kɔ ta na edziedzi la kpena, togbɔ be enu mesẽna nenema gbegbe ya o. Ahɔhɔ̃ŋutinunyala Paulo Niemeyer Filho ɖo aɖaŋu be bɔlƒolawo nagatsɔ woƒe ta atɔ bɔl la ne ege tso yame ʋĩ gbɔna kple ŋusẽ alo ne tsi ɖo bɔl la me, si na wònɔa kpekpem o. Eŋutinunyala aɖewo xɔe se hã be ta tsɔtsɔ tɔ bɔl akpa ate ŋu agblẽ nu le eƒola ƒe ŋku hã ŋu.
Nukoko Vavãtɔ Nana Ame Bubuwo Koa Nu
Finlandtɔ numekula siwo nye Ðk. Jari Hietanen si tso Tampere Yunivɛsiti kple Ðk. Veikko Surakka tso Helsinki Yunivɛsiti ƒe Amegbetɔŋutinusrɔ̃ƒe gblɔ be nukoko ƒomevi eve ye li. Eŋutinunyalawo yɔ nukoko ƒomevi ɖeka be hadomenukoko. Amewo koa nu sia tɔgbe le esi wòle be woako nu ta ko eye lãmeka siwo le woƒe alɔgo me ŋudɔ ko wowɔna le esia me. Gake nukoko vavãtɔ ya ɖea dzidzɔ ƒe seselelãme ŋutɔŋutɔ fiana eye menye lãmeka siwo le alɔgo me ŋudɔ koe wowɔna o ke wowɔa lãmeka siwo le ŋkuawo te hã ŋudɔ. Numekuku aɖe si wowɔ le Finland nyitsɔ laa ɖee fia be nukoko vavãtɔ nana ame bubuwo hã koa nu. Le esi numekulawo te ŋu de dzesi lãmeka ƒe dɔwɔwɔ suetɔ kekeake ta la, wokpɔe be amesiwo ŋuti wole nu srɔ̃m le la hã ko nu esi wokpɔ ame aɖe si le nu vavãtɔ kom ƒe foto dzaa ko. Womede dzesi nusia le amesiwo kpɔ foto siwo me amesiwo le hadome nu kom le la ya gome o.
Ɣletivimefakalawo Do Kpo Nu
Germania-nyadzɔdzɔgbalẽ Die Zeit gblɔ be ɣletivimefakala 44 siwo tso Netherlands tsɔ wo ɖokui na faa be Germania Nyahelawo ƒe Habɔbɔ nawɔ dodokpɔ aɖe si woɖo la na yewo. Wona nuŋlɔɖi vovovo eve ɣletivimefakalawo. Woŋlɔ teƒe si wodzi ame adre le kple ŋkeke si wodzi wo ɖe ɖeka dzi. Woŋlɔ nya geɖe si ku ɖe amesiawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbemeŋutinya ŋu ɖe evelia dzi. Wogblɔ na ɣletivimefakalawo be woato ɣletivimefakaka ƒe nunya si wogblɔ be ele yewo si me atsɔ ame ɖesiaɖe si le nuŋlɔɖi gbãtɔ dzi asɔ kple amea ƒe ŋutinya tututu si le nuŋlɔɖi evelia dzi. Dzidzedze kae wokpɔ? Ɣletivimefakalawo ƒe afã mete ŋu na ŋuɖoɖo nyui ɖeka teti hã o, eye wo dometɔ aɖeke mekpɔ ŋuɖoɖo nyui si wu etɔ̃ o. Alea ke wònɔ le dodokpɔ siwo wowɔ va yi hã me, gake ɣletivimefakalawo gblɔ be nyatakaka siwo wona yewo tso ameawo ŋue mede o. Gake le esia me la, ɣletivimefakalawo ŋutɔe gblɔ alesi wòle be woaɖo dodokpɔ lae.