Togbato—Afrika ƒe Fiƒode Yea?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
ÐEKO míeʋu yi kɔƒenuto aɖe me le Ɣetoɖoƒe Afrika laa koe nye ma. Anyigbaxɔdzo dzi vewo ƒo xlã mí. Srɔ̃nyenyɔnua ge ɖe xɔvi me ŋdɔ aɖe eye wòdo ɣli be: “Adzɔ̃e le afisia!”
Nudzodzoea dzo do le xɔvia me ƒla ge ɖe tsileƒexɔ me. Melé nudzodzoewutikegoe aɖe hetsɔ eye mekplɔe ɖo, metu ʋɔa. Nyemegakpɔ afisi nudzodzoea to o. Kasia ɖeko wòdzo va be yeadze ɖe mo nam. Edi be yeaɖum! Menɔ asi dam be maƒoe ƒu anyi do kpoe. Edzo va yi fesrea nu. Ðɔ si le fesrea nu xe mɔ be mete ŋu do o. Nudzodzoea dze ɖe eŋu.
Melé nudzodzoewutikea ɖe nudzodzoea dzi hewui ɖe edzi. Zi geɖe la, ne ewu atike ɖe nudzodzoe ɖesiaɖe kloe dzi tututu nenema la, ele be wòaku enumake hafi. Nudzodzoe sia ya gbe. Egaho eye wònɔ dzodzom le xlã ƒom le tsileƒea.
Nu sia ƒe dzi tri lo! Meka ɖe edzi be nudzodzoewutikea awɔ eƒe dɔ eye nudzodzoea age dze anyigba kpuie. Gake egbe gege. Esime wògadze ɖe anyi la, megawu atikea ɖe edzi zi evelia. Egadzo dzo.
Nudzodzoe kae nye si ƒe nya sẽ ale! Megawu atikea ɖe edzi tututu zi eve hafi wòva ku mlɔeba.
Meɖɔ nye gaŋkui helé ŋku ɖe nudzodzoea ŋu nyuie. Elolo wu tagbatsu, gake mede adzɔ̃e nu o. Eƒe aʋalawo mlo ɖe dzime nɛ, esi na wòle lebee wu tagbatsu ŋutɔŋutɔ. Dɔ didi si le abe tɔnui ene to tso eƒe nu gbɔ lɔƒo.
Megblɔ ɖo ɖe srɔ̃nye be: “Menye adzɔ̃e ye o. Togbato ye.”
Nuteƒekpɔkpɔ sia na alesi wòsesẽ be woatsrɔ̃ nudzodzoe sia ɖa le eƒe nɔƒe si keke kilometa miliɔn 11.7 godoo va kpe le Afrika, si lolo wu United States la me kɔ nam ŋutɔ. Nukatae amewo di be yewoatsrɔ̃e? Nutsotso etɔ̃e wotsɔ ɖe eŋu. Nutsotso gbãtɔ:
Enoa Ʋu
Togbato hamehame 22 ye li. Wo katã wole Afrika Sahara Dzogbe la ƒe anyiehe (south) gome. Atsua kple nɔa siaa noa lã siwo to dzimeƒu ƒe ʋu, eye le ameɖuɖu zi ɖeka me la, wolɔa ʋu si ade woawo ŋutɔ ƒe kpekpeme ƒe teƒe etɔ̃ sɔŋ.
Woɖua lã ɖugbe ƒomevi vovovowo—esiwo tso Afrika kple esiwo metsoe o siaa. Woɖua ame hã. Woɖua ame sesĩe heŋɔa ame yia eme tsɔ lɔa ʋui eye wòvena ŋutɔ. Efiena ame eye wòvena hã. Teƒea drona.
Togbatowo bi ɖe woƒe dɔa me. Womegblẽa ɣeyiɣi nɔa xlã ƒom le wò ta ŋu o. Wote ŋu dzona kple du abe tukpe ene ahatɔ enumake to mɔ aɖe nu eye wodzona ɖe mo na ame dzaa ale gbegbe be màse wo ŋkɔ hã o. Wote ŋu wɔa nu abe fiafiwo ene; ɣeaɖewoɣi mànya be wofi yeƒe ʋu no o vaseɖe esime wodzo vɔ hafi—esime nusi kpɔtɔ nàwɔ koe nye be nàkpɔ nusi wogblẽ.
Zi geɖe la, ŋutilã ƒe akpa si tsi ƒeƒlee wodzena ɖo. (Ewɔ abe nye kɔmegbee nyo wo ŋu ene!) Gake ɣeaɖewoɣi la, wolɔ̃na be yewoata ato atalegbe me alo awubɔ me hafi aŋɔ ʋuka la. Alo ne wolɔ̃ la, woate ŋu aɖu ame to awu me—ema mesesẽ na nudzodzoe si te ŋu ŋɔa gbenyi ƒe ŋutigbalẽ titri gɔ̃ hã o.
Menye togbato ƒe zazã ŋu koe amewo ƒoa nu le o, ke eƒe ayedzedze hã ŋue. Ɣeaɖeɣi esi medi be matsɔ nudzodzoewutike awui la, edzo ge ɖe nye awudzraɖoƒe eye wòbe ɖe nye tsiƒutakpui me. Le ŋkeke eve megbe esi medo awua la, eɖum zi eve! Ɣebubuɣi la, togbato aɖe be ɖe srɔ̃nye ƒe gakotokuvi me. Etsɔ gakotokuvia yi dɔwɔƒe aɖee, eye esime wòde asi eme la, togbatoa ɖu eƒe asi. Eye wòdzo nɔ xlã ƒom xɔa me hede zitɔtɔ dɔwɔlawo dome. Amesiame ɖe asi le dɔ ŋu nɔ didim be yeaƒoe.
Eyata nutsotso gbãtɔ si wotsɔ ɖe togbato ŋue nye be enye ʋunola si ɖua ame vevie. Nutsotso evelia:
Ewua Lãwo
Togbato aɖewo naa dɔléle aɖe si tso lãvi sue si woyɔna be trypanosomes gbɔ. Ne togbatoa no ʋu le lã aɖe si ŋu dɔléle ma le me la, enoa ʋu si me lãvia le. Lãvi siawo tsina le togbatoa ƒe lãme eye wòdzina ɖe edzi le eme. Ne togbatoa ɖu lã bubu la, lãvia tsona togbatoa me gena ɖe lã la ƒe ʋu me.
Dɔlélea ŋkɔe nye trypanosomiasis. Esi dzɔna ɖe lãwo dzi ƒe ŋkɔe nye nagana. Nagana-lãvia nɔa Afrika-nyigba dzi lãwo ƒe ʋu me, vevietɔ avugbɔ̃e, to, gbeha ƒomevi aɖewo, afiã, kple gbeha. Lãviawo mewua lã siawo o.
Gake lãviawo tsrɔ̃a lãha siwo metso Afrika ya o—kposɔwo, avuwo, tedziwo, gbɔ̃wo, sɔwo, tedzisɔwo, nyiwo, hawo, kple alẽwo. National Geographic magazine gblɔ be nagana wua nyi miliɔn etɔ̃ ƒe sia ƒe.
Lãnyila abe Masaitɔ siwo tso Ɣedzeƒe Afrika ene la nya alesi womayi nuto siwo me togbatowo bɔ ɖo wu o, gake ɣeaɖewoɣi kuɖiɖi kple lãwo ƒe gbeɖuƒe ƒe anyimanɔmanɔ na be esia mete ŋu dzea edzi o. Le kuɖiɖi aɖe me nyitsɔ laa la, togbato wua nyi ɖeka gbesiagbe le ƒome siwo kplɔ woƒe nyi 600 ƒo ƒu ɖe teƒe ɖekae la dome. Lesalon si nye ƒomemetsitsi le wo dome la gblɔ be: “Dzi le mí Masaitɔwo ƒo. Míetɔa akplɔ dzata eye míedzea ŋgɔ to si ƒu du gbɔna. Míedoa kpo na dakpui eye míewɔa avu kple atiglinyi si do dziku. Gake orkimbai [togbato] ya ɖe? Wɔna aɖeke mele mía ŋu o.”
Atikewo li woatsɔ ada nagana, gake dziɖuɖu aɖewo ɖea mɔ be woazã wo le lãdɔléleŋutinunyalawo ƒe dzikpɔkpɔ te ko. Susu nyui aɖe tae elabena, menye ɖeko atikea dodo afã kple afã agblẽ nu le lã la ŋu ko evɔ o, ke boŋ egadzia lãvi siwo megasea atike o ɖe edzi. Asesẽ na lãkplɔla si le gbe me be wòakpɔ lãdɔléleŋutinunyala kaba be wòada dɔ na eƒe lã siwo le kukum.
Ðikeke aɖeke mele nutsotso eve gbãtɔ siwo wona ɖe togbato ŋu la ŋu o—enoa ʋu eye wòkakaa dɔléle si wua lãwo. Gake bubu gali. Nutsotso etɔ̃lia:
Ewua Ame
Amewo mexɔa nagana-dɔlékuia o. Gake togbatoa kakaa trypanosome-lãvi ƒomevi aɖe ɖe amewo dome. Trypanosome-dɔléle siae woyɔna be alɔ̃dɔdɔdɔ. Mègasusu be alɔ̃ sɔŋ koe amesi le alɔ̃dɔdɔdɔ lém la dɔna o. Dɔléle sia tɔ menye alɔ̃dɔdɔ si vivina o. Lãmegbegblẽ, ɖeɖiteameŋu, kple ŋudza ye wòtsɔ dzea egɔmee. Akɔlɔ̃edɔdɔ ɣeyiɣi didi, ŋudza sesẽ, vevesese le ƒunukpeƒewo, lãmetete, kpakple aklã kple ƒomeɖe ƒe tete. Mlɔeba ne lãvia ge ɖe dɔléla la ƒe susu kple dzimeƒu me kawo me la, susu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, lãme ƒe lialia, ɖimeyiyi, kple kue kplɔnɛ ɖo.
Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, alɔ̃dɔdɔdɔ gblẽ nu geɖe le Afrika-nyigba la dzi. Dɔlélea wu amesiwo ade 30,000 le Victoria Ta la ƒe nutowo me le ƒe 1902 kple 1905 dome. Dɔlélea kaka ɖo Cameroon, Ghana, kple Nigeria le ƒe siwo kplɔe ɖo me. Dɔa lé amewo ƒe memamã etɔ̃ ƒe akpa ɖeka le kɔƒe aɖewo me, si na wokplɔ ame gbogbo aɖewo dzoe le tɔsisi geɖe to. Atikewɔla siwo nɔ tsatsam la da gbe le ame akpe alafa geɖe ŋu. Ƒe 1930awo ƒe nuwuwu lɔƒo ke hafi dɔvɔ̃ sia nu fa eye wòvɔ.
Egbea dɔlélea dzea ame siwo ade 25,000 dzi ƒe sia ƒe. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be ame miliɔn 50 siwo le dukɔ 36 me le Sahara Dzogbe la ƒe anyiehe (south) gome ate ŋu adze dɔ sia. Togbɔ be ne womeda alɔ̃dɔdɔdɔ sia o ate ŋu awu ame hã la, atikewo li woatsɔ adae. Woto atike yeye aɖe si woyɔna be eflornithine vɛ nyitsɔ laa be woatsɔ ada dɔléleae—enye atike yeye woto vɛ le ƒe 40 megbe.
Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si amegbetɔwo ho aʋa ɖe togbato kple dɔléle si wònana ŋu. Le ƒe 1907 me la, Winston Churchill ŋlɔ nu le agbagba si dzem wole be woatsrɔ̃ togbato ɖa la ŋu be: “Míele ɖɔ nyui aɖe lɔ̃m ɖe eŋu kple ŋkubiã.” Ne míetrɔ kpɔ megbe la, edze ƒã be vuvuƒe gãwo le Churchill ƒe “ɖɔ nyui” la me. Agbalẽ si nye Foundations of Parasitology gblɔ be: “Vaseɖe fifia la, ƒe 80 si wotsɔ le togbato tsrɔ̃m la mewɔ nu boo aɖeke le togbato ƒe dzidzi ŋu o.”
Amenuɖenya Aɖe
Amerikatɔ hakpanyaŋlɔla Ogden Nash ŋlɔ be: “Mawu wɔ tagbatsu le Eƒe nunya me, gake eŋlɔ be megblɔ nusi ta wòwɔe la na mí o.” Togbɔ be enye nyateƒe baa be Yehowa Mawue nye nusianu Wɔla hã la, menye nyateƒe kura be eŋlɔa nu be o. Eɖe mɔ ɖe nu geɖe ŋu be mía ŋutɔwo míaku nu me le wo ŋu. Ke togbato hã ɖe? Ðe nya aɖe li woagblɔ atsɔ aɖe nudzodzoe sia si dze abe nugblẽla ene la nuia?
Ðewohĩ amenuɖenya sesẽtɔ kekeake si li fifiae nye be alesi wòle nyiwo tsrɔ̃m wɔe be wokpɔ Afrika-nyigba dzi gbemelã siwo susɔ la ta. Afrika-nyigba ƒe akpa geɖe sɔ kple United States ɣetoɖoƒe gbegbenyigbawo—ŋutete le anyigba la ŋutɔ ŋu be aƒemelãwo nadzi le edzi. Gake le togbatoa ta la, trypanosome-dɔlékui siwo mewua afima gbemelã ɖugbewo o lae wua aƒemelãwo ya.
Ame geɖe xɔe se be ɖe menye togbato ye o la, anye ne nyiha gbogbo aɖewo xɔ ɖe Afrika ƒe gbemelã gbogbo siwo ta kpɔm wole la teƒe. Willie van Niekerk si nye mɔfiala le Botswana ƒe gbemelãwo nɔƒe ɖoɖi aɖe la gblɔ be: “Mede togbato dzi. Ne ètsrɔ̃ togbato la, nyihawo ava xɔ anyinɔ, eye nyihawoe le Afrika gblẽm, wole anyigba la dugum wòle dzogbe gã ɖeka zum.” Egblɔ kpee be: “Ele be togbatoa nanɔ anyi.”
Gake menye amesiamee lɔ̃ ɖe nya ma dzi o. Ŋutsu si kpɔa viawo kple eƒe lãhawo woléa alɔ̃dɔdɔdɔ la mase nyagbɔgblɔ sia gɔme gbeɖe o. Nenema ke amesiwo gblɔna be Afrikatɔwo hiã nyiwo be woatsɔ akpɔ wo ɖokui dzii hã mase egɔme o.
Ke hã la, ɖikeke aɖeke mele eme o be nu geɖe gali míasrɔ̃ le akpa si togbato wɔna le agbe me la ŋu. Togbɔ be ewɔ abe nutsotso siwo wotsɔ ɖe eŋu nu sẽ ene hã la, ɖewohĩ ɣeyiɣia mede be míatso nya me o.
Esi míele nudzodzoewo ƒe nya gblɔm la, ɖeka gage ɖe xɔa me fifi laa. Taflatse na mayi kpɔe ɖa be togbatoe hã.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]
Togbato: ©Martin Dohrn, The National Audubon Society Collection/PR