Kpɔ Ðokuiwò Ta tso Lãvinoʋulelãmewo Si Me!
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE HONDURAS GBƆ
ÈFƆ̃ eye dzigbɔ le tsɔwòm. Ðeɖi tea ŋuwò kabakaba wu. Wò ƒodo dzi ɖe nuwò vie. Fufɔfɔ ƒe dzesiwoea? Ate ŋu anye nenema. Gake ne èle xexeame ƒe akpa si xɔ dzo alo afisi mexɔ dzo tututu o la, kuxia ate ŋu atso lãvinoʋulelãmename siwo ge ɖe wò dɔkaviwo me gbɔ. Nukawoe nye dɔkavimelãviwo, eye aleke nàwɔ anya ne nu vɔ̃ɖi siawo ge ɖe mewò?
Ne míagblɔe kpuie ko la, lãvinoʋulelãmename nye nugbagbe si ɖua nusi me wòɖo si nye nugbagbe si dzi wòdze ɖo alo si me wònɔna. Dɔkamelãvi ƒomevi eve nyea protozoans, eye wo dometɔ aɖewoe nye amoeba kple helminths si nye dɔmekpleviwo. Nusi lãviawo gblẽna le amesi me wole ŋu nɔa te ɖe esi ƒomevi wonye kple agbɔsɔsɔ si le lãme nɛ kpakple ƒe si amea xɔ kple eƒe lãmesẽ dzi.
Le kpɔɖeŋu me, vɔklinɔe ɖeka ate ŋu aɖɔ azi 200,000 gbeɖeka. Gake ehiã be aziawo nanɔ teƒe si xɔ dzo be woate ŋu atsi. Vɔkli agbɔsɔsɔ si nɔa ame me nɔa te ɖe azi alo lɛ̃vi agbɔsɔsɔ si te ŋu va tsi dzi. Vɔkli ʋee aɖewo nɔa dɔme na ame aɖewo le woƒe manyamanya me gɔ̃ hã. Gake ne vɔkliawo sɔ gbɔ la, woate ŋu axe dɔkaviwo me vevie.
Dzesi siwo dzena ne dɔkavimelãviawo ɖo lãme na ame ƒe ɖewoe nye dɔmeléame, dzigbɔtsɔame, nuɖuɖumadzroame, ƒododziɖeamenu, ɖeɖiteameŋu, kple atsidɔdɔ mavɔleameŋu, mitsinyenye, alo afɔdzimademade. Kaɖiɖi, alɔ̃madɔmadɔ, ŋutifie, ŋɔtimexexe, kple ŋudza hã ate ŋu afia be lãviawo le lãme na ame. Ne míagblɔe la, seselelãme siawo ate ŋu anye dɔléle geɖe ƒe dzesiwo. Gake woate ŋu anya ne lãviwoe ne wodo amea ƒe afɔdzi kpɔ zi geɖe.
Dodokpɔ nyuitɔ wɔwɔ le vevie. Le kpɔɖeŋu me, ne vɔkli kple lãvi bubuwo le lãme na ame la, ele be woada vɔkliawo gbã. Nukatae? Elabena atike aɖewo mewua vɔkliawo o, ɖeko wodoa ŋkubiã na wo ale be wodzona yia ŋutilã ƒe akpa bubuwo va gblẽa nu wu.
Mɔxexeɖenu Nyo Wu Dɔyɔyɔ
Togbɔ be atikewo zazã te ŋu wua lãvinoʋulelãmenamewo hã la, anyo wu be màgana woaɖo lãme na wò kura o. Eyata aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso lãviawo si me?
Dzadzɛnyenye ye nye ametakpɔnu nyuitɔ kekeake. Mele be woagblẽ afɔdzi ɖi ko o. Ele be afɔdzideƒe nanɔ adzɔge tso tsikuƒe gbɔ. Mele be woazã amegbetɔ ƒe afɔdzi abe anyigbanyotike ene o. Beléle na ame ɖokui hã le vevie. Gakpe ɖe eŋu la, mègana ɖeviwo naɖu nu ƒoɖi o. Ne wokpɔ be lãviawo le lãme na ɖevi ɖeka la, anyo be woado ƒomea me tɔwo katã kpɔ.
Ele be woakpɔ nyuie le nuɖuɖu ƒeƒle kple eɖaɖa me hã. Dze agbagba nàƒle nuɖuɖu tso teƒe siwo wonya be wole dzadzɛ. Ele be woaɖa adelã ƒe akpa siwo tri wòabi nyuie. Mègaɖu adelã mumu gbeɖe o. Ele be woaklɔ atikutsetse kple detsiƒonuwo nyuie gbã. Gake kpɔ nyuie be màgazã tsi ma ake o, elabena eƒo ɖi.
Ele be woaɖa tsinono wòafie nyuie. Ne tsia fa vɔ la, woate ŋu adae ɖe ya nu be oxygen nagaɖo eme. Tsitsyɔnu geɖe siwo wozãna le aƒewo me mete ŋu ɖea lãviwo katã ɖa o. Tsi siwo wokuna ɖe atukpa me dzrana ƒe dzadzɛnɔnɔ nɔa te ɖe alesi woléa be na nuwoe le dɔwɔƒe si wɔnɛ la dzi.
Ahiã be woaɖɔ ŋu ɖo geɖe wu ne wole mɔ zɔm alo le nu ɖum le gbɔme. Atukpameha kple esiwo le aɖaka me nɔa dedie ne womede tsikpe eme hafi no o. Esi lãvi aɖewo te ŋu nɔa agbe le afisi fa miamiamia ta la, tsikpea ƒe dzadzɛnɔnɔ le ko abe tsi si wotsɔ wɔe la ke ene. Ele be nàkpɔ nyuie le nuɖuɖu siwo wodzrana le mɔto ɖuɖu ŋu. Atɔtɔ alo adzamatre siwo me wofli adzro ame, gake zi geɖe wowua tsi ɖe edzi be wòakpɔtɔ anɔ yeye—eye ɖi ate ŋu anɔ tsia me. Ðɔ ŋu ɖo gake mègatsi dzi ɖe nu ƒe nyonyo ŋu fũ ale gbegbe be màgase vivi na wò mɔzɔzɔa o. Ne èɖɔ ŋu ɖo alesi dze la, àte ŋu awɔ nu geɖe atsɔ kpɔ ɖokuiwò ta tso lãvinoʋulelãmenamewo si me.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Dzadzɛnyenye ye nye ametakpɔnu nyuitɔ kekeake
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Tsikpe ƒe dzadzɛnɔnɔ le ko abe tsi si wotsɔ wɔe la ke ene
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
“Amoeba” kple vɔkliwo nye lãvinoʋulelãmename ƒomevi eve
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
DPDx, the CDC Parasitology Website