INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/02 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 11/02 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Nov. 15

“Ame aɖewo bua eŋu nenye be míehiã sɔlemehawo kple gbedoxɔwo be míasubɔ Mawu. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] De dzesi nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:24.] Ekema tameɖoɖo ka tae tadeaguƒewo li ɖo? Àkpɔ Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖoɖo na nyabiabia sia le magazine sia me.”

Nyɔ! Dec. 8

“Ðe nèbui be dzɔdzɔmeŋutinunya atsi lãmegbegblẽ kple dɔléle nu gbaɖegbea? [Na wòaɖo eŋu.] Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata sia ƒo nu tso ŋgɔyiyi siwo wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋu. Egblɔ nusita Wɔla ɖeka ko sie ŋusẽ le be wòaɖe dɔléle kple ku ɖa me.” Xlẽ Psalmo 146:3-5, eye nàtsɔ magazineawo fiae.

Gbetakpɔxɔ Dec. 1

“Le egbeŋkekeawo me la, gakuxiwo le sesẽm na amesiame kloe. Nenema ke wòle le sɔlemehawo hã gome, eye woƒe kokoƒoƒowo be amewo nadzɔ ga va zu dzizizi fifia wu tsã. Ðe esia ɖea fu na wòa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Tesalonikatɔwo I, 2:9.] Gbetakpɔxɔ sia dzro nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me.”

Nyɔ! Dec. 8

“Le ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ŋɔdzidoname ta la, amewo dea ŋugble le yameʋuɖoɖo ƒe dedienɔnɔ ŋu. Ðe esia ɖea fu na wòa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia lɔ̃ ɖe edzi be ame aɖeke mevo tso afɔku si me o. [Xlẽ Nyagblɔla 9:11.] Gake Nyɔ! sia dzro alesi woate ŋu anɔ dedie ahaɖe dzi ɖi geɖe wu ne wole yameʋu me la me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe