INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 16-19
  • Ðaseɖiɖi le Woƒe Xɔse Ŋuti

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðaseɖiɖi le Woƒe Xɔse Ŋuti
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Franse Fotoɖeɖefia La
  • Amewo ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Enuʋuʋu
  • Alesi Wowɔ Nu ɖe Eŋui
  • Tsɔtsrɔ̃ Gã aɖe ƒe Blemanudzraɖoƒe Kple Yehowa Ðasefowo
    Nyɔ!—1993
  • Nuteƒewɔla Dzideƒotɔwo Ðu Nazitɔwo ƒe Yometiti Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dzidzɔkpɔkpɔ Le Xexe Si Me Dzidzɔ Mele O me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nu Kae Dzɔ Ðe Yehowa Ðasefowo Dzi Esi Nazitɔwo Nɔ Yudatɔ Geɖe Wum?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 16-19

Ðaseɖiɖi le Woƒe Xɔse Ŋuti

ƑE 1995 ye nye ablɔɖenana amewo tso Nazi fuwɔamegaxɔwo me ƒe ƒe 50 lia ƒe ƒezã. Amesiwo kpe fu le Nazitɔwo si me kpe ta le ƒuƒoƒo gãwo me heɖu azã sia si dukplɔlawo hã de la le Europa godoo le Auschwitz, Bergen-Belsen, Buchenwald, Dachau, Ravensbrück, Sachsenhausen, kple gaxɔ bubuwo me. Susu si nɔ tame vam na ame enuenu enye be, “Migana míaŋlɔe be gbeɖe o!”

Susu sia ta la, Yehowa Ðasefowo wɔ fotoɖeɖefiawo le Europa le ƒe si woɖu ƒezã la me. Hitler ƒe dziɖuɖua de Ðasefo geɖe gaxɔ me le esi wogbe gbedodo na Hitler eye womede aʋawɔwɔ dzi o ta. Tso ƒe 1933 me la, wode wo dometɔ akpe geɖe gaxɔ me eye geɖe ku le alesi wotu nu kpli woe ta.

Gake ame akpa gãtɔ menya nu tso nusiwo dzɔ ɖe wo dzi ŋu o. Esiae to nyagbɔgblɔ si nye “fukpela siwo woŋlɔ be le ŋutinya me” vɛ. Ðasefo agbetsilawo ƒe hatsotso aɖe gblɔ be yewodi be yewoana amewo naɖo ŋku yewoƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo yome woti, wode gaxɔ me, wofia fu, alo wowu la dzi eye be yewoana woanya nu tso xɔse kple dzideƒo ŋuti kpeɖodzi siwo Bibelforscher siawo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo le fuwɔamegaxɔawo me, gblẽ ɖi la ŋu.

Le September 29, 1994 dzi la, United States ƒe Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Ŋuti Ŋkuɖodzi Blemanudzraɖoƒe si le Washington, D.C. wɔ takpekpe aɖe ku ɖe Yehowa Ðasefo siwo nɔ fuwɔamegaxɔwo me ŋu. Gaxɔawo me agbetsilawo wɔ ŋkuɖodzikpekpe gã eve le France le March 28, 1995 dzi le Strasbourg kple March 30 lia dzi, le Paris. Ewɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ be nàse ŋutsu kple nyɔnu tsitsi siawo siwo gakpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le ƒe 50 megbe la woanɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm. Wogawɔ kpekpe ma tɔgbe le April 27 lia dzi le Brandenburg, Germania, si te ɖe Berlin ŋu, afisi wowu Ðasefo geɖe le to tatsotso le wo nu me. Le ŋkeke eveagbe la, agbetsilawo dometɔ gbogbo aɖe de azãɖuƒe si ŋu Brandenburg-dziɖuɖumegãwo wɔ ɖoɖo ɖo lae eye woyi ɖasrã gaxɔ vovovowo kpɔ.

Franse Fotoɖeɖefia La

Wowɔ fotoɖeɖefia si ƒe tanyae nye “Mémoire de Témoins” (Ðasefowo ƒe Ðaseɖiɖi) le kpekpe siawo wɔƒe. Tso May 1995 vaseɖe April 1996 me la, wotsɔe tsa le dugã 42 me le France kple dugã geɖe me le Belgium kple Switzerland ƒe akpa si wodoa Fransegbe le. Ƒo wo katã ta la, ŋutsu kple nyɔnu siwo le fotoɖeɖefia la me la nye Yehowa Mawu ƒe Ðasefowo. Gake wonye fukpekpe si me woawo ŋutɔ kple ame bubuwo to le fuwɔamegaxɔwo me la ŋuti ɖaseɖilawo hã. Wonye kpeɖodzi si li be mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ŋuti nukpɔsusu aɖe na ame miliɔn geɖe kpe fu eye woku le dukɔ kple subɔsubɔha si me tɔwo wonye ta. Gakpe ɖe eŋu la, Ðasefoawo ƒe ɖaseɖiɖia klo nu le alesi yeaɖi Kristotɔwo lɔ̃ alakpamesia, Hitler, wu Yesu Kristo; fuléle wu havilɔlɔ̃; kple ŋutasesẽ wu ŋutifafa la dzi.

Ʋuƒo siwo ade 70 siwo dzi woklã fotowo ɖo, siwo dze egɔme ɖe ɖoɖo si nu nuawo dzɔ ɖo lae nɔ fotoɖeɖefia la me—gaxɔwo nuʋuʋu le Dachau kple Oranienburg le March 1933 me; Nuremberg ƒe Se siwo wode le September 1935 be “akpɔ Germania vidzidziwo ta”; Anschluss, alo Austria tsɔtsɔ kpe ɖe Germania ŋu le March 1938 me; Kristallnacht (Zã si me Kɔ Tseŋtseŋ), le ƒe ma ke ƒe November me, esime woha Yudatɔ akpe geɖe ƒe fiasewo eye wolé amesiwo sɔ gbɔ wu 30,000 hekplɔ wo yi duta; mɔxexe ɖe Yehowa Ðasefowo nu ʋeʋeʋe; Soviet Union dzi dzedze le June 1941 me; kpakple tagbɔdɔlélawo wuwu tso ƒe 1939 vaseɖe ƒe 1941 me.

Dunyahehe fiafia sɔhɛ siwo le Hitler Sɔhɛwo me kple alesi Nazi takpekpe gãwo lé dzi na amehawo le Nuremberg la dze le ʋuƒo geɖe dzi. Fotowo na amewo ɖo ŋku alesi Yehowa Ðasefowo gbe adzɔgbeɖeɖe na kplɔla la kple gbedodo na Hitler. Ʋuƒo bubuwo fia alesi Yehowa Ðasefowo kpe fu le wo gɔmezɔzɔ ta kple alesi womã magazine kple trakt siwo klo nu le Nazitɔwo ƒe nu baɖawo wɔwɔ dzi tso ƒe 1935 mee.

Amewo ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo

Ŋutsu kple nyɔnu tsɛ siwo tso Europa godoo siwo yome woti eye wowu wo gɔ̃ hã le woƒe xɔse ta la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo dze le ʋuƒo abe 40 ene dzi. Agbetsilawo kpe asi ɖe fotoɖeɖefia la ŋu to woƒe afima yiyi me, eye vavalawo ɖo to wo vevie. Ðeviwo ke nu ɖe te esi Louis Arzt nɔ eƒe ŋutinya gblɔm. Mulhouse si le France ye wòtso eye wokplɔe le edzilawo gbɔ yi Germania esi wògbe be yemagblɔ “Heil Hitler!” le suku o ta. “SS-srafo aɖe ƒom le esi megbe be nyemado gbe na Hitler o ta. Eƒom ati 30. Ekpla asi kɔ nam le ŋkeke eve megbe henɔ agbagba dzem be yeable nunye. ‘Bu nɔwò ŋu kpɔ. Dzi adzɔe ŋutɔ ne ekpɔ wò. Nusi hiã nàwɔ koe nye nàgblɔ be “Heil Hitler!” ekema nàte ŋu aɖo ketekea.’” Egblɔ kpee be: “Esesẽ ŋutɔ na ɖevi si xɔ ƒe 12.” Joseph Hisiger si tsɔa eƒe kwasiɖa ɖeka blibo ƒe abolo si wonae ɖɔli ehati gamenɔla Protestanttɔ ƒe Biblia la ƒe nuteƒekpɔkpɔ de lãme na ame geɖe ŋutɔ.

Fotoɖeɖefia la ƒe akpa aɖee nye amesiwo wokplɔ dzoe tsã la ŋuti gbebiame siwo wolé ɖe videokasɛt dzi. Wobia gbea ƒe ɖewo ameawo le gaxɔawo nɔƒewo ŋutɔŋutɔ—le kpɔɖeŋu me, le Ebensee le Austria kpakple le Buchenwald kple Sachsenhausen le Germania. Le gbebiame bubuwo me la, wolé agbenɔnɔ le fuwɔamegaxɔ me ƒe akpa vovovo ŋuti nyawo alo Ðasefo siwo wokplɔ dzoe esime wonye ɖeviwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖe kasɛt dzi.

Enuʋuʋu

Wowɔa wɔna kpui aɖe le fotoɖeɖefia ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze tsɔ ʋua enui, siwo me amesiwo wokplɔ dzoe tsã la teƒenɔla aɖe ɖea gbɔgbɔmeŋutete si Yehowa Ðasefowo tsɔ tsi tre ɖe Nazi nuwɔnawo ŋui la me. Amesiwo wokplɔ dzoe siwo menye Ðasefowo o kpakple ŋutinyaŋlɔla kple amegã geɖe, siwo me amegã aɖe si nɔ Franse dziɖuɖua me tsã hã nɔ la wɔ ɖe amekpekpea dzi faa va ƒo nu.

Ame aɖe si wokplɔ dzoe tsã si nya Yehowa Ðasefowo le Buchenwald la gblɔ tso wo ŋu be: “Le Yudatɔwo megbe la, nyemeganya amesiwo wokplɔ dzoe ƒe hatsotso bubu aɖeke si wofia fui vlododoametɔe nenema o: woƒo wo, wodo ŋukpe wo, wodzu wo, woɖo dɔ vloetɔ kekeake na wo. Ne ɖe menye xɔse ye o la, anye ne womate ŋui o. Medea bubu gã wo ŋu eye woƒe nu nyoa ŋunye ale gbegbe.”

Alesi Wowɔ Nu ɖe Eŋui

Amesiwo sɔ gbɔ wu 100,000 yede fotoɖefiaƒea. Le teƒe aɖewo la, ame alafa geɖe siwo dometɔ aɖewo nye ɖeviwo la nɔ fli me be yewoage ɖe fotoɖeɖefiaxɔa me. Vavala geɖe ŋlɔ nya kpui aɖewo ɖe vavalawo ƒe ŋkɔgbalẽ me tsɔ ɖe woƒe seselelãmewo fia. Le kpɔɖeŋu me, ɖevi aɖe ŋlɔ be: “Ŋkɔ nyee nye Sabrina. Mexɔ ƒe ewo eye madi be dzi nanɔ ƒonye abe Ruth ene ne matsɔ do dzidzɔ na Yehowa.”a

Nyadzɔdzɔgblɔlawo hã ƒo nu tso fotoɖeɖefia la ŋu. Ne míagblɔe gbadzaa la, nyati ɖeka alo eve dze le du ɖesiaɖe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me. Gakpe ɖe eŋu la, afima radiodɔwɔƒewo na fotoɖeɖefia la ŋu nya ɖi hoo eye nya siwo wobia amesiwo wokplɔ dzoe tsã la dze le television dzi alo ɖi le radio dzi. Woɖe eŋuti nyatakaka kpuiwo fia le afima ƒe televisionwo dzi. Television dzi nyatakaka ɖeka aɖe gblɔ le fotoɖeɖefia la ŋu be enye “ŋutinya kpui gake edoa voɖi na ame eye wòna nu dziŋɔ siwo wu gbɔgblɔ la dze gaglãa. Enye ‘Ðasefowo ƒe Ðaseɖiɖi’ si kafua bubu si womate ŋu axɔ le ame si gbeɖe o.”

Le agbetsilawo gome la, woƒe ablɔɖekpɔkpɔ ƒe ƒezã 50 lia la atsi susu me na wo ɣeyiɣi didi aɖe. Togbɔ be ŋkuɖoɖo nublanuinyawo dzi menɔ bɔbɔe o hã la, Ðasefoawo te ŋu do ŋusẽ amewo ƒe xɔse to egbɔgblɔ na amewo kple ŋkuɖoɖo nya siwo woŋlɔ be dzi. Wobui be enye mɔnukpɔkpɔ be yewoakpɔ gome le fotoɖeɖefia sia me eye yewoaɖe nazãbubu kple numanyamanya tso wo ŋu si gakpɔtɔ li le keke ƒe 50 megbe la ɖa. Ƒo wo katã ta la, edzɔa dzi na wo be woanya be woƒe ɖaseɖiɖia dea bubu woƒe Mawu, Yehowa ŋu, eye wòana be amewo maŋlɔ nusiwo ƒe fu wodo dzi kpe le eƒe Ðasefowo nyenye ta la be o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wokplɔ Ruth Danner kple edzilawo dzoe esime wòxɔ ƒe asieke eye wodee gaxɔ vovovo ade ame. Kpɔ 1980 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, ƒe axa 105.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

“The Golden Age” me nyatiwo ƒo nu tsi tre ɖe Nazi nuwɔna baɖawo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ʋuƒo 70 aɖewo gblɔ alesi Nazitɔwo ti ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo gbe be yewomagbe nu le yewoƒe xɔse gbɔ o la ƒe ŋutinya

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Yehowa Ðasefo siwo Hitler ƒe dziɖuɖua kplɔ dzoe hede wo gaxɔ me la dometɔ aɖewo gblɔ woƒe ŋutinya

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe