Dzidzɔkpɔkpɔ Le Xexe Si Me Dzidzɔ Mele O me
JANUARY 26, 1995 ƒe The New York Times ƒe etalawo ƒe nyati aɖe dze egɔme be: “Ƒe alafa sia gblẽ ale gbegbe be ezu Satana tɔ. Amewo meɖe didi, kple dzodzro vevie fia ɖe ame bubu miliɔn geɖe wuwu le woƒe ŋutigbalẽ, mawusubɔsubɔ alo ɖoƒe ta ŋu le ɣeyiɣi siwo va yi me kpɔ abe fifia ene o.”
Ablɔɖe nana ame maɖifɔ siwo wode Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔ siwo me wowu ame geɖe le la ƒe ƒe 50-zã si woɖue na nyadzɔdzɔgbalẽtalawo ŋlɔ nyawo abe esi ŋu míele nu ƒom tsoe ene. Gake amewuwu adãtɔe ma tɔgbe gayia edzi le Afrika kple Ɣedzeƒe Europa ƒe teƒe aɖewo.
Wɔnamanɔsitɔwo wuwu, gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃, towo me tɔwo ƒe wo nɔewo wuwu—aleke ke woɖayɔ woe o—hea blanuiléle vevie vɛ. Ke hã ame aɖewo le dzidzɔ kpɔm ŋutɔ le anyrawɔwɔ siawo dome. Le kpɔɖeŋu me, mina míale ŋku ɖe alesi nuwo nɔ le Germania le ƒe 1930-awo me ŋu kpɔ.
Le April 1935 me la, Hitler kple eƒe Nazi-dunyaheha la ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi be womagawɔ dziɖuɖudɔ o. Wolé Ðasefoawo, wode wo gaxɔ me, eye wokplɔ wo yi fuwɔamegaxɔwo me le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade si me wolé ɖe asi ta. (Yohanes 17:16) Wolé Yehowa Ðasefo geɖe le August 1936 ƒe nuwuwu. Wokplɔ wo dometɔ akpe geɖe yi fuwɔamegaxɔwo me, afisi wo dometɔ geɖe nɔ vaseɖe ƒe 1945 me, ne wotsi agbe enye ma. Gake aleke Ðasefoawo wɔ nu ɖe ŋuta si wosẽ le wo ŋu le fuwɔamegaxɔawo me ŋui? Nukutɔe la, wote ŋu nɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be dzidzɔ menɔ afisi wonɔ o hã.
“Kpe le Ba Me”
Britaniatɔ ŋutinyaŋlɔla Christine King bia gbe nyɔnu Katolikotɔ aɖe si nɔ asaɖaawo me. Ðk. King gblɔ be: “Ezã nya aɖe si nyemaŋlɔ be akpɔ o. Eƒo nu tso agbenɔnɔ dziŋɔ si nye ŋunyɔnu siwo dome wònɔ la ŋu tsitotsito. Eye egblɔ be yenya Ðasefowo, eye Ðasefo mawo nye kpe le ba me. Wonɔ abe anyigba ƒuƒui ene le ba ma me. Egblɔ be ne gaxɔdzikpɔlawo va tso eme yina la, woawo koe meɖea ta ɖe wo yome o. Woawo koe metsɔ fuléle ɖo nusiawo dometɔ aɖeke teƒe o ke wotsɔ lɔlɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ boŋ dze ŋgɔe eye wose le wo ɖokui me be tameɖoɖo aɖe li.”
Nukae na Yehowa Ðasefowo te ŋu zu ‘kpewo le ba me’? Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, dzixɔxɔse si meʋuʋuna o tae. Eyata Hitler ƒe agbagbadzedzewo mete ŋu gblẽ woƒe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple dzidzɔ me o.
Se alesi ame eve siwo tsi agbe le asaɖa me ɖo ŋku alesi wokpe akɔ kple xɔse ƒe dodokpɔ sia dzidzedzetɔe la dzii le ƒe blaatɔ̃ megbe ɖa. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nye dzidzɔ gba go esi menya be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su asinye be meɖe nye lɔlɔ̃ kple akpedada na Yehowa fia le nɔnɔme vɔ̃ɖitɔ kekeake me. Menye ame aɖekee zi dzinye mewɔ esia o! Gake amesiwo te kpɔ be yewoazi mía dzie nye míaƒe futɔwo, amesiwo te kpɔ be yewoado ŋɔdzi na mí ne míaɖo to Hitler wu Mawu—gake wodo kpo nu! Menye ɖeko mekpɔ dzidzɔ fifia o, ke mekpɔ dzidzɔ le gaxɔ me gɔ̃ hã le dzitsinya nyui ta.”—Maria Hombach, si xɔ ƒe 94.
Ðasefo bubu gblɔ be: “Metrɔ kpɔa nye gaxɔmenɔŋkekewo le akpedada kple dzidzɔ me. Ƒe siwo metsɔ nɔ Hitler te le gaxɔwo kple fuwɔamesaɖawo me la me toto sesẽ eye woyɔ fũ kple dodokpɔwo. Gake nyemadi be woato ŋunye o, elabena wofiam be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.”—Johannes Neubacher, si xɔ ƒe 91.
‘Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe’—emae na Yehowa Ðasefowo kpɔ dzidzɔ. Woto esia me kpɔ dzidzɔ, togbɔ be xexe si me dzidzɔ mele o mee wole hã. Woƒe dzidzɔ dze le “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me la me. Mina míato dzidzɔtakpekpe siawo me kpuie.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Maria Hombach