Xexeame Godoo Nye Kɔƒe Ðeka Gake Memamã Gakpɔtɔ Li
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
ÈSE gli aɖe kpɔ be ameƒomevi aɖewo li siwo si nu mele o eyata womete ŋu ɖua nu alo noa nu oa? Wogblɔ be apple koŋue woʋẽna sena hafi nɔa agbe. Ʋeʋẽ vɔ̃ ɖesiaɖe awu wo.
Wotoa gli le Ɣetoɖoƒe Afrikatɔ aɖewo siwo si sika nɔ be woadzra hã ŋu. Portugal tɔdziʋu aɖe ƒe ʋumefia si nɔ anyi ɣemaɣi ka nya ta be: “Dukɔ aɖe le [Mali] fiaɖuƒea ƒe ŋgɔgbe si gbɔ didi anɔ abe kilometa 780 va ɖo 1480 ene, siwo me nɔlawo ƒe ta kple aɖu nye avũwo tɔ eye woto asike abe avũwo ene. Amesiawo nye Ameyibɔ siwo gbea nuƒoƒo na ame elabena womedi be yewoakpɔ ame bubuwo o.” Emawoe nye nukpɔsusu wɔmoyaa siwo nɔ amewo si la dometɔ aɖewo, ƒe geɖe siwo do ŋgɔ hafi mɔzɔzɔ kple nutovɛ ƒe azã nava ɖo.
Amewo Va Nya Wo Nɔewo
Amewo xɔ ŋutinya mawo dzi se ƒe alafa geɖe. Gake esi anyigbayeyedilawo tsa le anyigba dzi la, womeke ɖe ame aɖeke siwo si nu mele alo esiwo to avũ ƒe ta ŋu o. Egbea la, nya ɣaɣla aɖeke megali le amesiwo le duta tso mía gbɔ la ŋu o. Xexeame godoo va zu kɔƒe ɖeka. Television kaa nya ta na mí le míaƒe xɔwo me tso dzronyigbawo kple wo dzi nɔlawo ŋu. Yameʋu me mɔzɔzɔ wɔe be míete ŋu dea anyigba mawo dzi le gaƒoƒo ʋe aɖewo me; ame miliɔn geɖe zɔa mɔ alea ƒe sia ƒe. Ame bubuwo le mɔzɔzɔ dzi le ganyawo kple dunyahenyawo ta. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Gbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Amewo le ʋuʋum eye wole tsatsam hele agbe si nyo wu dim le xexeame godoo—eye wogbɔna dzidzi ge ɖe edzi kokoko—si tɔgbe míekpɔ le ŋutinya me kpɔ o.” Ame abe miliɔn 100 ene mele afisi nye wo dedukɔ me o.
Dukɔwo ƒe kpekpeɖeŋudidi tso wo nɔewo gbɔ le ganyawo gome le dzidzim ɖe edzi. Xexeame godoo ƒe kadodo si le abe susu kple dzimeƒukawo ƒe kadodo gã aɖe ene la de dukɔ ɖesiaɖe me le anyigba dzi. Esi wole nukpɔsusu, nyatakakawo, kple mɔ̃ɖaŋununya xɔm tso wo nɔewo gbɔ la, dekɔnuwo dea nu wo nɔewo me eye amewo srɔ̃a nu le wo nɔewo gbɔ. Amewo le awu dom wòle wo nɔewo ɖim wu le xexeame godoo wu tsã. Nu geɖe le xexeame ƒe dugã ɖesiaɖe me—kpovitɔwo, amedzrodzeƒe xɔasiwo, ʋuwo kple amewo ƒe zɔzɔ ŋuti ɖoɖowo, fiasewo, gadzraɖoƒewo, ɖiƒoƒo. Eyata esi amesiwo le xexeame godoo va le si dzem wo nɔewo la, míele nusi ame aɖewo yɔna be xexeame ƒe agbenɔnɔ yeye si wole totom vɛ la kpɔm.
Nusita Mamã Gale Amewo Dome Ðo
Gake esi amewo kple dekɔnuwo va le tsakatsakam la, edze ƒã be menye amewo katãe bua wo nɔewo be nɔviwoe yewonye o. Helatɔ fefeŋlɔla aɖe ŋlɔe, ƒe si wu 2,000 va yi be: “Amesiame bua fɔ amedzro enumake.” Nublanuitɔe la, nenemae wòle egbea hã. Tɔnyee nyo wu nuwɔnawo, fuléle amedzrowo, ‘gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura,’ ameƒomeviwo dome dzrehehewo, mawusubɔsubɔ me aglãdzedzenuwɔnawo, dumevi gbogbo aɖewo wuwu, aʋagbe siwo dzi wotsrɔ̃a ame gbogbo aɖewo le, asaɖa siwo me wodɔa nyɔnuwo gbɔ sesẽe le, fufiafia ame, alo ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋuti kpeɖodziwo dze gaglãa le nyadzɔdzɔgbalẽwo me.
Ele eme baa be nu sue aɖe koe mía dometɔ akpa gãtɔ ate ŋu awɔ atsi gbevovovodolawo dome ʋawo nu alo neneke meli míawɔ gɔ̃ hã o. Ðewohĩ meka mí tẽ gɔ̃ hã o. Gake le mía dometɔ geɖe gome la, kuxiawo tso míaƒe dzemaɖomaɖo kple amedzro siwo míedo goe gbɔ—aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwo.
Ðe medze abe nusi wɔ mo yaa ene be wòanɔ sesẽm na gbevovovodolawo enuenu be woaka ɖe wo nɔewo dzi ahakpɔ ŋudzedze ɖe wo nɔewo ŋu oa? Ne èbu eŋu kpɔ la, nu vovovowo le míaƒe ɣletinyigba la dzi ale gbegbe, nu hamehame gbogbo aɖewo. Nuɖuɖu, hadzidzi, kple amadede hamehame kpakple numiemie, xevi, kple lã ƒomevi geɖeawo nyoa mía dometɔ akpa gãtɔ ŋu. Gake le mɔ aɖe nu la, míebua amesiwo mebua tame hewɔa nu abe míawo ke ene o ŋu abe alesi nu hamehamewo nyoa mía ŋui la ene o.
Le esi teƒe be ame geɖe nalé ŋku ɖe nu nyui siwo le vovototo si le amewo dome ŋu la, wodina be yewoanɔ te ɖe vovototoawo dzi ahe dzre vɛ boŋ. Nukata wòle alea? Viɖe kae míakpɔ ne míedze agbagba te ɖe amesiwo ƒe dekɔnuwo to vovo na mía tɔ la ŋu? Aleke míawɔ aɖe kadodo ŋuti mɔxenuawo ɖa ahatu ɖekawɔwɔ ɖo? Nyati siwo kplɔe ɖo la adze agbagba aɖo biabia mawo ŋu.