Mɔxenuwo Ðeɖeɖa Ahatu Kadodo Ðo
MENYE mía ŋutɔwoe tia ƒome alo dukɔ si me wodzi mí ɖo o, nenema ke menye míawoe tia dekɔnu si amlã alesi míabu tamee hã o. Míekpɔ ŋusẽ ɖe nu mawo dzi o. Azãgbe kple nudzɔdzɔwo ɖi kpe mí katã. Gake míate ŋu awɔ nane le alesi míebua amewo kple alesi míewɔa nu ɖe wo ŋui la ŋu.
Biblia ɖɔ alesi míate ŋu awɔ emae. De ŋugble le gɔmeɖose ʋee aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míatu kadodo kple amesiwo ate ŋu atso nuto bubu si to vovo na mía tɔ me ŋu kpɔ.
“Mawu, si wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme la, ... [ewɔ] bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba la ƒe ŋku me.” (Dɔwɔwɔwo 17:24, 26) Ameƒome ɖeka me tɔwoe mí katã míenye eyata míesɔ le go geɖe me. Ŋkuléle ɖe go siwo me mí katã míesɔ le ŋu la ana kadodo nanɔ bɔbɔe wu. Mí katã míedi xɔlɔ̃ nyuiwo eye míedina be woalɔ̃ mí ahade bubu mía ŋu. Amesiame dzea agbagba be yeaƒo asa na vevesese le ŋutilã kple seselelẽme gome. Ameƒomeviwo katã lɔ̃a hadzidzi kple aɖaŋuwo, nya ɖikokoewo gbɔgblɔ, wokpɔa ŋudzedze ɖe nudzeamewɔwɔ ɖe ame nɔewo ŋu la ŋu, eye wodia nusiwo woawɔ akpɔ dzidzɔ.
“Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.” (Filipitɔwo 2:3) Esia mefia be míabu amewo gã wu mía ŋutɔ mía ɖokui le nusianu me o. Ke boŋ, ele be míade dzesii be amewo le ŋgɔ na mí le go aɖewo me le agbe me. Mele be míabui gbeɖe be míawo alo míaƒe dekɔnuwoe nye nyuitɔ le go ɖesiaɖe me o.
“Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame.” (Galatiatɔwo 6:10) Ne míado ŋgɔ aɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia ahakpe ɖe amewo ŋu metsɔ le eme nuto ka ke me woɖatso o la, ate ŋu awɔ geɖe le kadodo ŋuti kuxia ɖeɖeɖa me.
“Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ele be dzeɖola nyuiwo nawɔ geɖe wu nuƒoƒo dzro ko; ele be woaɖo to veveseseɖeamenutɔe.
“Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” (Lododowo 20:5) Nɔ ŋudzɔ nàde dzesi seselelãme kple nusiwo le megbe na ame aɖe ƒe nuwɔna. Dze agbagba nànya amewo nyuie wu.
“Amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ [ko, NW] dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:4) Ðe veveseseɖeamenu fia to alesi nàbu nyawo ŋu le alesi ame kemɛ asusu eŋui la nu. Mègadi ɖokuiwò tɔ o.
Dekɔnu Vovovo Me Tɔwo Le Yehowa Ðasefowo Dome
Nyateƒe si wònye be gɔmeɖose siawo wɔa dɔ la dze le ɖekawɔwɔ ɖedzesi si le Yehowa Ðasefo siwo le dɔ dzi le dukɔ 232 me le anyigba dzi godoo la dome. Wonye amesiwo tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” eye woɖoe kplikpaa be yewoawɔ nu woasɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia si me lɔlɔ̃ le la nu le nuwo katã me.—Nyaɖeɖefia 7:9; Korintotɔwo I, 10: 31-33.
Ðasefowo dometɔ aɖeke medaa ame bubuwo ƒe dekɔnu ɖe anyi o. Eye amesiwo va zua Ðasefowo la metsria dekɔnu si wotsɔ nyi woe hã o, negbe ne mesɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu o ko hafi. Le go mawo me la, wotrɔa woƒe agbenɔnɔ. Wodea dzesii be woƒe aɖewo siwo dze kafukafu le dekɔnu ɖesiaɖe ŋu eye amesiwo va xɔ tadeagu vavãtɔ la wɔa esiawo ŋudɔ nyuie wu.
Wodzea agbagba be yewoabu anyigba la abe alesi Mawu bunɛ ene—enye esi le dzo dam hele blɔ eye wònya le kpɔkpɔm—wòanɔ xlã ƒom le dziŋgɔli me. Enye ɣletinyigba si dzi amegbetɔ kple dekɔnu wɔnuku hamehamewo le. Yehowa Ðasefowo kpɔa mɔ na ɣeyiɣi si me anyigbadzinɔlawo katã anye ƒome si wɔ ɖeka vavã ahanɔ vivi sem le agbe me.