INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 7/8 axa 30-31
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Yeye Siwo Wogakpɔ le Xexeame Ŋu
  • Amewo Fifi ƒe Dzidziɖedzi
  • Nuxlɔ̃ame le Vitamin A Ŋu
  • Ati si Naneke Mete Ŋu Ðuna O
  • Wole Viviti Dim
  • Dzila Siwo Tɔtɔ
  • Nuxɔxlɔ̃ le Nuɖuɖu Madamiwo Ŋu
  • Lɔlɔ̃ Kple Tsokolet
  • Tɔdzisasrã Yi Skye
  • “Kɔmpiuta” Vemebi
  • Ameléle Sesẽe—Egbɔkpɔnu aɖe Lia?
    Nyɔ!—2000
  • Ameléle Sesẽe—Nusiwo Henɛ Vɛ
    Nyɔ!—2000
  • Ameléle Sesẽe—Wotsɔe Le Ga Wɔmee le Xexeame Katã
    Nyɔ!—2000
  • Wò Gbe Ƒe Nyonyome
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 7/8 axa 30-31

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Nu Yeye Siwo Wogakpɔ le Xexeame Ŋu

Le The New York Times ƒe nya nu la, nusiwo ŋu woke ɖe nyitsɔ laa na yamenutome ŋuti nunyalawo gagbugbɔ nya geɖe siwo wogblɔ va yi ŋu bu. Le kpɔɖeŋu me, ɣletiviŋutinunyala siwo zã Yamekpɔmɔ̃gã aɖe tsɔ le dziƒonutowo me kpɔm la gblɔ be wobu akɔnta be ɣletivihatsotso siwo ade biliɔn 40 vaseɖe 50 ye le míaƒe xexeame. Esia to vovo na akɔnta siwo wobu tsã biliɔn 100 la. Esi woɖe gbeƒã nya sia vɔ megbe la, Amerika Ɣletivimekpɔha ka nya ta le eƒe ŋufɔke be yewokpɔ “nusi ŋu womete ŋu ke ɖo kpɔ o” le xexeame la ƒe afã ya teti, eye eyae nye nu gbogbo manyagblɔ si me nuheŋusẽ si lé ɣletivihatsotso ɖekae la tsona. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ɖewohĩ ɣletivi gbogbo aɖewo siwo fiã si woyɔna be white dwarfs la anɔ numakpɔmakpɔ sia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyatakaka si woxɔ tso yamemɔ̃ Galileo gbɔ la tsitre ɖe Yupiter-ɣletinyigba la ŋuti nya siwo li ŋu. Ðk. Torrence Johnson si nye dzɔdzɔmenumekudɔ ƒe tatɔ la gblɔ be: “Ɣesiaɣi ne míexɔ nyatakaka aɖe zi gbãtɔ la, efiaa mí be ele be míabɔbɔ mía ɖokui. Zi geɖe la, nusiwo míekpɔna mesɔna kple nya siwo míegblɔ tso eŋu tututu o.”

Amewo Fifi ƒe Dzidziɖedzi

Jornal da Tarde ka nya ta be le ƒe si va yi nyitsɔ laa me la, adzodala siwo le Rio de Janeiro, Brazil, la kpɔ (United States) dɔlar biliɔn 1.2 tso amewo fifi si le dzidzim ɖe edzi me, eye ena amewo fifi va zu gakpɔmɔnu vevitɔ le nuvlowɔwɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo me le dugã ma me. Wova le aɖaŋu geɖe hã zãm le amewo fifi me. Ðewo li woyɔ be “keklẽ,” alo amegãwo fifi le ɣeyiɣi kpui aɖe me, “amesiwo wokaa ga si nye tafe na zi geɖe wonɔa xexem vivivi,” kple kesinɔtɔwo fifi to aɖaŋu deŋgɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo me. Amewo fifi le dzidzim ɖe edzi le dukɔ bubuwo hã me. Asiaweek magazine gblɔ be eŋutinunyala siwo le Philippine kafui tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu be: Wò ɖeka mègazɔ mɔ o, vevietɔ ne zã do. Na amesi dzi nèka ɖo nanya afisi nanɔ ɣesiaɣi. Tɔ wò ʋu ɖe afisi wosi akaɖi ɖo kple teƒe siwo le dedie. Mègagblẽ viwòwo ɖi ŋkumanɔŋui o.

Nuxlɔ̃ame le Vitamin A Ŋu

Numekuku aɖe si wowɔ le funɔ 22,000 ŋu heta ɖe The New England Journal of Medicine eme gblɔ be funɔwo nakpɔ nyuie be womagaɖu nu siwo me vitamin A le fũ o. Togbɔ be vitamin A agbɔsɔsɔ aɖe hiã le amegbetɔwo ƒe fugbi ƒe lãmesẽ kpli tsitsi me hã la, wokpɔe be ate ŋu agblẽ nu le eŋu ne esɔ gbɔ akpa. Tufts University Diet & Nutrition Letter gblɔ be vitamin A agbɔsɔsɔ si wokafu na funɔ gbesiagbe enye 4,000 le dzidzenu si wozãna le xexeame katã nu, gake “ele bɔbɔe zi gbɔ zi eve kple afã na” nyɔnu siwo ɖunɛ wòwua dzidzenu 10,000 gbesiagbe be “woadzi vi siwo ŋu nu gblẽ le wu nyɔnu siwo meɖunɛ fũ o.” Esi ŋutilã la dzraa vitamin A ɖo ta la, nunyiame la ɖuɖu fũ do ŋgɔ na fufɔfɔ gɔ̃ hã ate ŋu anye afɔku na vidzĩ la. Wokpɔe be afɔku mele betacarotene si wotsɔ gbe aɖe wɔna si ƒe akpa aɖe zua vitamin A le ŋutilã me la me o.

Ati si Naneke Mete Ŋu Ðuna O

New Scientist magazine ka nya ta be atixɔ tsrala aɖe si le Nara, Japan, la xɔ ƒe 1,200 eye afiwo, babawo, alo nugbagbevi makpɔmakpɔwo mete ŋu gblẽe o. Seoul Dukɔa ƒe Yunivɛsiti si le Korea ƒe ame dɔdɔwo kple Japantɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala eve ɖoe be yewoaku nu me akpɔ nusi na nugbagbeviwo meɖua xɔ tsrala la o. Esi wodo kpomiti si tɔgbe wozã tsɔ tu blemaxɔ lae kpɔ la, wokpɔe be aɖi aɖewo le eme si nyɔa ŋu na afiwo ale gbegbe be womeɖua nusianu si ŋu wosii ɖo o. Atidɔwɔƒe siwo le Japan tsɔa kpomiti sia wɔa atiwɔ siwo ade tɔn 4,000 ƒe sia ƒe, eye wole mɔ kpɔm be woate ŋu azã nusiwo woɖena tsoa atiwɔa me atsɔ awu nugbagbeviwo ɖe aɖi aɖewo teƒe.

Wole Viviti Dim

Ɣletiviŋutinunyala siwo le France le agbagba dzem be viviti nado ɖe edzi. Akaɖi gbogbo siwo mehiã o siwo nɔa dugãwo me wɔnɛ kloe wòsesẽ na wo be woakpɔ dziƒoɣletiviwo nyuie. Magazine si nye Le Point gblɔ be, ɣletiviŋutinunyalwo le eƒom ɖe dugãdzikpɔlawo nu be woade akaɖigba siwo na keklẽa vaa anyi me la ablɔdzikaɖiwo eye woana be woatsi boblodokaɖiwo kple ɔfiskaɖiwo, kpakple akaɖi siwo zãa dzɔdzɔmeŋusẽwo le zã ga 11 me. Michel Bonavitacola si nye Zã Me Dziŋgɔli Takpɔƒe ƒe amegã la he nya be: “Egbea ɖevi ɖeka le alafa me gɔ̃ hã mate ƒe agblɔ be yekpɔ ɣletivihatsotsogã Milky Way la kpɔ o. Gake nukpɔkpɔ sia si lolo eye ekpɔkpɔ mebia ga o la kpena ɖe mía ŋu míebua akpa si koŋ míele le xexeame ŋu.”

Dzila Siwo Tɔtɔ

Numekuku aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Franseawo ƒe magazine si nye L’Express me gblɔ be le hehenana wo viwo gome la, dzila akpa gãtɔ gblɔna be “dzidzedzekpɔkpɔ” kple “ɖokuisinɔnɔ” ye nye nu vevitɔ, eye wobu be ɖeviwo ŋutɔe atia alesi wodi be yewoanɔ agbee. Esi wobia dzilawo nenye be sukudede ƒe taɖodzinue nye wo woafia agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo hã la, wo dometɔ 70 le alafa me siwo viwo xɔ tso ƒe 6 vaseɖe 12 la ɖo eŋu be ao. Magazine la de dzesii be dzila kple nufiala siwo wobia gbee dometɔ 60 le alafa me bu be womele ɖeviwo dzram ɖo ɖe etsɔme ŋu nyuie o evɔ woxɔe se be ɖeviwo ava zu ame veviwo le hadome. L’Express gblɔ be numekukua ɖo kpe edzi be amewo tsi dzi be “egbea dzilawo meganya woƒe ɖoƒe alo woƒe agbanɔamedziwo o.”

Nuxɔxlɔ̃ le Nuɖuɖu Madamiwo Ŋu

Canada ƒe Globe and Mail ka nya ta be esi nuƒlelawo ɖɔ nuɖuɖu siwo me ami mele o kpɔ la, eɖee fia be nusiwo wotsɔ ɖoa ami teƒe le nuɖuɖu madami geɖe me la meda ami ƒe toto ŋutɔŋutɔ nu o, eye esia ate ŋu ana amewo naɖu nua fũ alo woatsɔ nuɖuɖudenuwo kple nuvivinuwo akpee be wòavivi. Ðk. David Jenkins si nye nunyiame kple nugbagbeŋutinunya ƒe nufialagã le Toronto Yunivɛsiti gblɔ be nunyiame menɔa nusiwo wotsɔ ɖoa ami teƒe, abe sukli, dze, kple nuvivinu siwo amewo wɔ ene, me zi geɖe o. Ðk. Jenkins ɖo aɖaŋu be: “Ne amewo ɖoe be mɔ siwo dzi yewoato aɖe ami ɖuɖu dzi akpɔtɔ dometɔ ɖekae nye be woaɖu nu madamiwo la, enyo, ne nunyiame le nuɖuɖuawo me ko.” Edoe ɖa be woate ŋu atsɔ amagbewo, atikutsetsewo, kple blinuwo, kpakple azi siwo me ami mesɔ gbɔ ɖo o kple ayi me nuwo aɖo eteƒe wòasɔ.

Lɔlɔ̃ Kple Tsokolet

Le dukɔ geɖe me la, ŋutsu tsɔa tsokolet naa nyɔnu tsɔ ɖea eƒe lɔlɔ̃ nɛ fiana. Enyo be míade dzesii be nu ɖeka tɔgbe aɖe dze le seselelãme sesẽ siwo tsokolet ɖuɖu hona ɖe ame me kple lɔlɔ̃ na ame aɖe ƒe seselelãme me—eyae nye lãmetsi si woyɔna be phenylethylamine ƒe dzidziɖedzi le ahɔhɔ̃a me. Le The Medical Post si wotana le Toronto, Canada, ƒe nya nu la, Peter Godfrey si nye Australiatɔwo ƒe numekula la kpɔ alesi “lɔlɔ̃ ƒe lãmetsi,” si nye alesi woyɔna nɛ, la wɔa dɔe. Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔ nyatakaka yeye sia ta la, wole mɔ kpɔm be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso alesi seselelãmewo dzea egɔme le ahɔhɔ̃a me ŋu. Post la gade dzesii hã be “ɖewohĩ ana nusita tsokolet ɖuɖu vivia ame aɖewo nu nenema gbegbe la ma nakɔ.”

Tɔdzisasrã Yi Skye

London ƒe The Times ka nya ta be woʋu sɔti ɖeka ƒe tɔdzisasrã gãtɔ kekeake si didi kilometa 2.4 la nu nyitsɔ laa le Scotland. Tɔdzisasrã la nye mɔ si tsyia Scotland-ƒukpo Skye kple edzinɔla ame 9,000 la ɖe Scotland ƒe ɣetoɖoƒeƒuta ŋu. Le enuʋuzã ɖuɖu me la, kpẽkulawo kple blemaʋuwo nɔ ŋgɔ na mɔzɔlawo woto edzi—wokpe wo katã be woava to edzi femaxee gbemagbe. Tɔdzisasrã la xɔ ɖe tɔdziʋu si kɔa ʋuwo kple amewo tsoa ƒukpoa dzi gakua wo gbɔnɛ ƒe 23 enye sia la teƒe. Le The Times ƒe nya nu la, Scotland-dziɖuɖua ƒe agbalẽŋlɔla ɖee fia be fifia ele bɔbɔe be ʋukulawo nazɔ mɔ tso Rome ayi Uig si le Skye ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome esi womagblẽ woƒe ʋuwo ɖi o.

“Kɔmpiuta” Vemebi

Canada ƒe The Globe and Mail ka nya ta be kɔmpiutazãla siwo di be yewoƒe asiwo kple alɔwo navo to nuƒoƒo na mɔ̃a me la dze ŋgɔ nusi ame aɖewo bu be enye kuxi si kpe wu—eyae nye ve me ƒe ƒɔƒlɔ kple gbe ƒe bubu kura. Esi wòle be woayɔ nya sia nya le mɔ tɔxɛ aɖe nu eye woazã gbe ƒe lolome kple ɖiɖime ɖeka ma ke be kɔmpiuta nate ŋu ase egɔme ta la, ezãlawo megbɔna ɖe alesi wòle be woagbɔ nu o. Ðk. Simon McGrail si le Toronto Yunivɛsiti gblɔ na Globe be vehloa ate ŋu ate alo adze abi ne wole wo nɔewo ŋu lilim edziedzi, alo ɖeɖi ate vehloa ŋu. Gbeŋutinunyalawo kafui be ezãlawo naɖe ɣeyiɣi siwo wozãna le kɔmpiuta siawo ŋu dzi akpɔtɔ, woaɖi ɖe eme kabakaba, woano tsi fũ, eye woatsri aha muame, caffeine, kple atike siwo ate ŋu ana vehloa me naƒu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe