NUSƆSRƆ̃ 29
Wò Gbe Ƒe Nyonyome
NYA si wogblɔ kple alesi wogblɔe siaa kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie. Ne vividoɖeameŋu, dzidzɔ, xɔlɔ̃wɔwɔ, kple dɔmekɔkɔ dze le amesi le nu ƒom na wò ƒe gbe me la, ɖe menye nyateƒe be àdi be yeaɖo to nyuie tsɔ wu gbe si me vivimadoɖeameŋu kple dziku le oa?
Asitɔtrɔ le ame ƒe gbe ƒe nyonyome ŋu menɔ te ɖe amea ƒe gbe ƒe ɖiɖime le dzɔdzɔme nu ɖeɖeko dzi o. Ate ŋu aku ɖe nɔnɔme si le ame si hã ŋu. Ne wowɔ ŋgɔyiyi le sidzedze Biblia me nyateƒea kple edziwɔwɔ me la, tɔtrɔwo dzena le alesi woƒoa nui me. Mawumenɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple dɔmekɔkɔ ene dzena le ame ƒe nuƒo me. (Gal. 5:22, 23) Ne ɖetsɔleme vavã le ame aɖe me na amewo la, edzena le amea ƒe gbe ƒe ɖiɖi me. Ne ŋudzedzekpɔkpɔ va xɔ ɖe nyatoƒoetoto teƒe la, edzena le nya siwo woagblɔ kple gbe si woatsɔ agblɔe siaa me. (Kony. 3:39-42; Tim. I, 1:12; Yuda 16) Ne mèse gbe si dom wole o gɔ̃ hã la, ne dada, dzimagbɔɖi, ɖeklemiɖeɖe, kple dziku dze le ame aɖe ƒe nuƒo me, eye ɖokuibɔbɔ, dzigbɔɖi, dɔmekɔkɔ, kple lɔlɔ̃ dze le ame bubu hã tɔ me la, masesẽ na wò be nàkpɔ vovototoa adze sii o.
Le go aɖewo me la, numaƒomaƒo nyuie te ŋu tsoa dɔléle aɖe si gblẽ nu le ame ƒe gbeɖiɖigoe ŋu alo kuxi aɖe si nɔ eŋu wotsɔ dzii gbɔ. Anɔ eme be nusiawo gblẽ nu le amea ŋu ale gbegbe be manye nusi ate ŋu aɖɔ ɖo bliboe le nuɖoanyi sia me o. Gake zi geɖe la, ne míesrɔ̃ ŋutinu siwo míetsɔna ƒoa nui zazã nyuie la, ate ŋu ana míawɔ ŋgɔyiyi.
Gbã la, ele vevie be míade dzesii be amesiame ƒe gbe ƒe ɖiɖime to vovo na nɔvia tɔ. Mele be wò taɖodzinu nanye be yeana yeƒe gbe nasɔ kple ame bubu aɖe tɔ o. Ke boŋ wɔ ŋgɔyiyi le wò ŋutɔ wò gbe ƒe nyonyome ŋu. Nukae akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me? Nu vevi eve koŋ ye.
Gbɔ Nyuie. Bene wò gbe me nanyo ɖe edzi la, ehiã be nàgbɔ ya wòasu wò eye nànya alesi nàgbɔ nyuie hã. Esiawo manɔmee la, ŋusẽ manɔ wò gbe ŋu o, eye wò nuƒoƒo anɔ tsotsom kpokpokpo.
Menye wò akɔtae dzitodzitowo ƒe akpa gãtɔ le o; abɔtaƒu gãwo tae wòdzena abe ɖe akɔta lae keke wu ene. Ke boŋ dzitodzitoawo ƒe akpa gãtɔ le lãkusi aɖe si le ete la tame tututu. Dzitodzito te lãkusi sia si lé ɖe wò agbaƒuti anyimetɔwo ŋu lae nye lãyi si ma wò akɔta kple ƒodo dome.
Ne wò dzitodzitoawo ƒe dzigbekpa dzi me koe ya ge ɖo ne nègbɔ yi eme la, ke madidi hafi gbɔgbɔtsixe natsi ƒowò o. Ŋusẽ manɔ wò gbe ŋu o eye ɖeɖi ate ŋuwò kaba. Be nàte ŋu agbɔ nyuie la, ele be nàdzɔ kã ne ènɔ anyi alo èle tsitrenu eye wò abɔta nadzɔ. Dze agbagba vevie be manye ya sue aɖe ko nànɔ gbɔgbɔm si axɔ wò akɔta ƒe dzigbekpa dzi ko o. Na ya nage ɖe wò dzitodzitowo ƒe anyime gbã. Ne ya yɔ teƒe ma la, wò agbaƒuti bliboa ƒe anyime la me ake. Le ɣeyiɣi ma ke la, dzitodzito te lãkusia aɖiɖi va anyi, eye wòazi wò ƒodo kple dɔkaviwo blewu, ale be nàse be wò alidziblanu alo awu me ahe vie le wò ƒodo dzi. Gake menye wò ƒodoa mee dzitodzitoawo le o; agbaƒutiawo domee wole. Be nàdo ɖokuiwò akpɔ la, da asi ɖeka ɖe wò axadame ƒe anyime eye nàda asi evelia ɖe axada kemɛa hã ƒe anyime. Azɔ gbɔ ya yi eme ʋĩ eye nàgagbɔe ado goe. Ne èle gbɔgbɔm nyuie la, manye wò ƒodoe nànɔ miamiam ayi eme alo wò abɔtae nànɔ kɔkɔm ayi dzi o. Ke boŋ àkpɔ be agbaƒutiawoe akɔ yi dzi vie eye wo me ake.
Eyome wɔ dɔ tso alesi nàgbɔ ya ado goe ŋu. Mègana ya la nado avɔ kaba enumake o. Na wòado vivivi. Mègamia vehlo atsɔ axe mɔ ɖe enu o. Madidi o ema wɔwɔ ana wò nuƒoƒo aɖi abe ɖe wò gbe me xe ene alo wòaɖi gbe vi si tɔa to me. Ŋusẽ si tso ƒodo ŋu lãkusiwo kple agbaƒutia dome lãkusiwo gbɔ la tutua ya doa goe, eye dzitodzito te lãkusi la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe dodo ƒe tsɔtsɔme dzi.
Abe alesi ko duƒula dea kame na duɖimekekee ene la, nenema ke nuƒola hã ate ŋu ana hehe eƒe yagbɔgbɔ bene wòasɔ nyuie. Tsi tre nàdzɔ kã wò abɔta hã nadzɔ, gbɔ yi eme bene ya nayɔ wò dzitodzito ƒe anyigbe nyuie, eye eyome nɔ ya la gbɔm do goe blewu nànɔ xexlẽdzesiwo xlẽm dzigbɔɖitɔe akpɔ afisi nàɖo hafi yagbɔgbɔ ma navɔ. Emegbe srɔ̃ alesi nàxlẽ agbalẽ wòaɖi sesĩe esime nèzã mɔnu ma ke tsɔ le gbɔgbɔmee.
Na Lãkusi Siwo me He la me Navo. Nu vevi bubu si ana wò gbe nanyoe nye esi—vo le ɖokuiwò me! Ŋgɔyiyi si nàte ŋu awɔ ne èsrɔ̃ alesi nàvo le ɖokuiwò me ne èle nu ƒom la awɔ nuku na wò. Ele be nàvo le susu me eye wò ŋutɔ hã nàvo le ɖokuiwò me, elabena ne èxaxa le susu me la, wò lãkusiwo hã me ahe.
Ne nukpɔsusu nyui le asiwò ɖe wò nyaselawo ŋu la, àna nàvo le susu me. Ne amesiwo nèdo goe le gbeadzisubɔsubɔdɔa mee le to ɖom wò la, ke ɖo ŋku edzi be ne ɣleti ʋɛ aɖewo koe nètsɔ srɔ̃ Bibliae hã la, nènya nu xɔasi geɖe tso Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu si nàte ŋu agblɔ na wo. Eye wokpɔe dze sii alo womekpɔe dze sii o, esi wohiã kpekpeɖeŋu tae nèyi wo gbɔ ɖo. Gake ne Fiaɖuƒe Akpata mee nèle nu ƒom le la, ke nyaselawo dometɔ akpa gãtɔ nye Yehowa ƒe amewo. Wonye xɔ̃wòwo eye wodi be nàkpɔ dzidzedze. Ame bubu aɖeke megale anyigba dzi siwo doa go nyasela lɔ̃amewo edziedzi abe míawo ene o.
Na wò susu nanɔ wò veme lãkusiwo ŋu eye nàdze agbagba aɖoe koŋ be yemana wo me nahe akpa o ale be lãkusi mawo me navo. Ðo ŋku edzi be wò gbeɖiɖikawo ʋuʋuna ne ya le wo me tom. Gbea ƒe ɖiɖime trɔna ne veme lãkusiwo me mia alo wo me ʋu, abe alesi haƒonu si nye dzitaa ƒe ɖiɖi trɔna ne eƒe kawo me he alo wo me gblo ene. Ne èna wò gbeɖiɖikawo me vo la, gbea lolona. Nana be wò vetomekawo me navo hã ana wò ŋɔtime mɔwo naʋu nyuie, eye esia akpɔ ŋusẽ ɖe wò gbe ƒe nyonyome dzi godoo.
Wò ame bliboa, vo le ɖokuiwò me—na wò klo, wò asi, wò abɔ, kple wò kɔ siaa navo le wo ɖokui me. Esia awɔ akpa aɖe le gbeɖiɖiŋusẽ si wò gbe hiã bene wòaɖi nyuie la kpɔkpɔ me. Gbeɖiɖiŋusẽ sia me kɔna nyuie ne ete ŋu ɖi le ameti bliboa me, gake ne wò lãmekawo me he la, exea mɔ ɖe eƒe ɖiɖi nyuie nu. Gbeɖiɖia ƒe sesẽme, si tso gbeɖiɖigoe la me, gbugbɔ ɖina menye le ŋɔtimedowo ko me o ke le akɔtaƒuwo me, aɖuwo me, nume akpaŋɔ me, kpakple le tago me dowo me. Nusiawo katã wɔa akpa aɖe le gbeɖiɖiŋusẽa ƒe ɖiɖi nyuie me. Ne èda nu kpekpe ɖe ʋuƒo si dzi dzitaa kawo to, afisi gbeɖiɖia ɖina le dzi la, gbeɖiɖia nu aɖiɖi; ele be gbeɖiɖiʋuƒoa navo be wòate ŋu aɖi nyuie. Dɔ sia ƒomevie míaƒe ƒu siwo míaƒe lãmekawo bla goŋgoŋ la hã wɔna. Ne gbea te ŋu ɖina alesi dze la, àte ŋu atrɔ gbeɖiɖia ƒe sesẽme hamehamee wòaɖe seselelãme vovovowo afia. Awɔe be nàte ŋu aƒo nu wòaɖo nyasela gbogbo aɖewo gbɔ eye wò gbe me maxe o.