Tɔtrɔ Siwo Va Le Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Ŋu Ƒe Ŋutinya
LE ŊUTINYA katã me la, amewo ʋli nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ta. Wode sewo, wowɔ aʋawo, eye amewo ku le woƒe nukpɔsusu gbɔgblɔ faa le dutoƒo ƒe gomenɔamesi ta.
Nukata wòle be gomenɔamesi si dze abe nusi le ame si tso dzɔdzɔme ene la nahe dzre vɛ, kaka wòana woakɔ ʋu gɔ̃ hã ɖi? Nukata egbegbe kple blema dukɔwo siaa kpɔe be eva hiã be yewoaɖo asi gomenɔamesi sia dzi alo agbe be womagawɔ eŋudɔ o?
Alesi wowɔ nu ɖe amewo ƒe nuƒoƒoblɔɖe ŋu nɔ tɔtrɔm tso afii yi afimɛ le ŋutinya katã me. Ɣeaɖewoɣi wobua nuƒoƒo ƒe ablɔɖe be enye mɔnukpɔkpɔ si asu ame si. Le ɣebubuɣiwo la, wobui be enye kuxi si gbɔ wòle be dziɖuɖuwo alo subɔsubɔhawo nakpɔ.
Esi amesiwo ʋli ame ƒe nukpɔsusu gbɔgblɔ le dutoƒo ƒe gomenɔamesi ta eye wòna woti wo yome ŋutasesẽtɔe alo wowu wo zi geɖe la ƒe nuŋlɔɖiwo bɔ ɖe ŋutinya me ta la, nyadzɔdzɔ siawo dometɔ aɖewo me dzodzro ana kuxia me nakɔ na mí.
Ðewohĩ ŋutinyasrɔ̃lawo aɖo ŋku Helatɔ xexemenunyala Socrates (ƒe 470-399 D.M.Ŋ.), amesi ƒe nukpɔsusuwo kple nufiafiawo wobu be akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Atene sɔhɛwo dzi la dzi. Esia he tɔtɔ gã aɖe va Hela-megã siwo nye dunyaheha kple subɔsubɔha ŋgɔnɔlawo dome eye wòna wowui. Eɖokuinuɖenya si wògblɔ le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume si na wobu fɔe mlɔeba la gakpɔtɔ nye nuƒoƒoblɔɖetaʋlinya ʋãmetɔwo kekeake dometɔ ɖeka: “Ne miegblɔ be yewoaɖe asi le ŋunye fifia nenye be nyemagagblɔ nye susu le nunyadidi sia gome o, eye be ne wolém megale ewɔm la woawum la, magblɔ na mi be, ‘Atene-ŋutsuwo, maɖo to Mawu awu mi. Zi alesi megale agbe eye ŋusẽ le ŋunye ko la, nyemadzudzɔ nunya didi kple aɖaŋuɖoɖo na mi kpakple eƒoƒo ɖe mia dometɔ ɖesiaɖe si mado goe nu o. Mawɔe, elabena meka ɖe edzi be eya ƒe see Mawu de . . . Eye, Atenetɔwo, mele egbɔgblɔ dzi be, ‘Mieɖe asi le ŋunye o, alo miegbe asiɖeɖe le ŋunye o; mana mianya be nyemele nusi to vovo wɔ ge akpɔ o, ne maku ɖe eta zi gbɔ zi neni gɔ̃ hã.’”
Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva dzɔ le Roma ƒe ŋutinya me be womegaɖo asi ablɔɖe dzi fũ o, gake esi fiaɖuƒea va nɔ ta kekem la, wogava ɖo asi edzi geɖe wu. Esia nye nuƒoƒoblɔɖe ƒe ɣeyiɣi vɔ̃ɖitɔ kekeake ƒe gɔmedzedze. Le Tiberio ƒe dziɖuɣi la (ƒe 14-37 M.Ŋ.), womelɔ̃ ɖe edzi na amesiwo ƒo nu tsi tre ɖe dziɖuɖua alo eƒe ɖoɖowo ŋu kura o. Eye menye Roma ɖeɖekoe tsi tre ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ŋu o; ɣeyiɣi sia mee Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo ƒoe ɖe Pontio Pilato nu be wòawu Yesu ɖe eƒe nufiafiawo ta eye woɖe gbe na eƒe apostolowo hã be ele be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Woawo hã lɔ̃ faa be yewoaku tsɔ wu be yewoadzudzɔ.—Dɔwɔwɔwo 5:28, 29.
Le ŋutinya ƒe akpa gãtɔ me la, wote ŋu trɔna dumeviwo ƒe gomenɔamesi si dziɖuɖua na la alo tea fli ɖe wo me alesi wolɔ̃, esi na be wogayia edzi ʋlia nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ta. Tso Tinaɣeyiɣiwo me la, ame aɖewo te afɔ ɖe to sesĩe be woana agbalẽ yewo ɖe yewoƒe gomenɔamesiwo dzi, si me woaŋlɔ wo ɖo eme nakɔ kɔte, eye woade se ɖe dziɖuɖua ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe gomenɔamesi mawo dzii nu. Ewɔe be wova dze ablɔɖese ɖedzesiwo dede gɔme. Esiawo dometɔ aɖee nye Magna Carta, si nye amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ŋuti sewo dometɔ ɖedzesi aɖe. Esiwo wogaɖo anyi emegbee nye Eŋlisiawo ƒe Ablɔɖese la (ƒe 1689), Virginia ƒe Ablɔɖe Sedede la (ƒe 1776), Franseawo ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Sedede la (ƒe 1789), kple United States ƒe Ablɔɖese la (ƒe 1791).
Ame aɖewo siwo xɔ ŋkɔ le ŋutinya me ƒo nu tsɔ de nuƒoƒo ƒe ablɔɖe dzi le ƒe alafa 17, 18, kple 19 liawo me. Eŋlisi-hakpanyaŋlɔla John Milton, amesi wonya nyuie tɔ ɖe Paradise Lost ŋɔŋlɔ ŋu la ŋlɔ agbalẽ xɔŋkɔ si nye Areopagitica le ƒe 1644 me tsɔ ʋli se siwo wode tsi tre ɖe agbalẽtata ƒe ablɔɖe ŋu la ta.
Togbɔ be mɔxenuwo ganɔ anyi hã la, nuƒoƒo ƒe ablɔɖe de dzi le England le ƒe alafa 18 lia me. Dukɔ siwo dzi ɖum Amerika nɔ la ʋli be woana nyagbɔgblɔ kple agbalẽtata siaa ƒe ablɔɖe yewo. Le kpɔɖeŋu me, Pennsylvania-du ƒe Dukplɔse, September 28, 1776, ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Esi dumeviawo kpɔ mɔ aƒo nu faa, aŋlɔ nu faa, kple be woata woƒe nukpɔsusuwo faa ta la, mele be woaxe mɔ ɖe agbalẽtata ƒe ablɔɖe nu o.”
Nyagbɔgblɔ siae na wowɔ Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ le United States ƒe Dukplɔsea ŋu le ƒe 1791 me, esi me wogblɔ amesiwo ɖo Amerikatɔwo ƒe Dukplɔsea anyi ƒe nukpɔsusu si ku ɖe gomenɔamesi si dumeviawo di vevie la le be: “Sewɔtakpekpea made se aɖeke ɖe subɔsubɔha ɖoɖo anyi ŋu o, alo axe mɔ ɖe tadedeagu faa ŋu o; alo aɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe alo agbalẽtata ƒe ablɔɖe dzi akpɔtɔ o; alo axe mɔ ɖe ameawo ƒe gome si le wo si be woakpe ta le ŋutifafa me nu, kple be woabia tso Dziɖuɖua si be wòakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ nu o.”
Ƒe alafa wuiasiekelia me Eŋlisi-xexemenunyala John Stuart Mill ta eƒe nusi wòŋlɔ “Le Ablɔɖe Ŋu” le ƒe 1859 me. Woyɔa nya tso eme zi geɖe eye wogblɔna be enye nyagbɔgblɔ vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka si wotsɔ ʋli nuƒoƒo ƒe ablɔɖe tae.
Gake esi ƒe alafa 20 lia si wobu be anye ŋkuʋuʋuɣiwo va ɖo la, nya siwo wonɔa hehem le nuƒoƒo faa le dutoƒo ƒe gomenɔamesi ŋu metɔ o. Le kpɔɖeŋu me, le agbagba siwo wodze be woaɖo asi nuƒoƒo ƒe ablɔɖe dzi le Amerika ta la, wogbugbɔ gblɔ se siwo wode tsɔ ʋli ablɔɖe ma tae le ʋɔnudrɔ̃ƒewo, le ʋɔnudrɔ̃ƒe suewo kple le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ siaa.
Ʋɔnudrɔ̃la Oliver Wendell Holmes, Jr., si le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la gblɔ eƒe nukpɔsusu le nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ŋu le ʋɔnudrɔ̃nya geɖe me. Esime wònɔ nusi woatsɔ adzidze nuƒoƒoblɔɖee me ɖem la, egblɔ be: “Ne gɔmeɖose aɖe li si dzi wòle vevie be woawɔ ɖo wu ɖesiaɖe la, ke eyae nye gɔmeɖose si ku ɖe tamebubu faa ŋu—menye amesiwo lɔ̃na ɖe míaƒe nya dzi ƒe tamebubu faa o ke boŋ tamesusu siwo menyoa mía ŋu o ƒe ablɔɖe.”—United States kple Schwimmer dome ʋɔnunya, ƒe 1928.
Bubumademade gɔmeɖose sia ŋue he nyaʋiʋliwo va ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye wòna nɔnɔmea nɔ tɔtrɔm tso ablɔɖe dzi yi amedzizizi dzi. Zi geɖe la, nukpɔsusuae nye be, “Nye ya maƒo nu faa—gake wò ya mekpɔ mɔ o.” Nat Hentoff gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo le eƒe agbalẽ si tɔ ŋkɔ sia me be Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa taʋlila moveviɖolawo trɔ woƒe susu kpata le nya la ŋu alesi dze wo ŋui. Eƒo nu le ʋɔnudrɔ̃nya aɖewo ŋu siwo me United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gbugbɔ trɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso aɖewo, kpakple wo dometɔ aɖewo siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo kple ƒe geɖe siwo wotsɔ ʋli gome si le wo si be woaƒo nu faa le woƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo ŋuti la ŋu. Egblɔ le wo ŋu be: “Xɔseha sia me tɔwo wɔ akpa gã aɖe le dzitsinya ƒe ablɔɖe keke ɖe enu me to alesi wonɔ te ɖe dukplɔsea dzi he ʋɔnunyawo le ƒe geɖe siwo va yi me la me.”
Ʋɔnudrɔ̃nyamedzrola kple egbegbe ŋutinyaŋlɔla geɖe ŋlɔ nu fũ le nya gbogbo siwo wohe le ʋɔnu tsɔ ʋli nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ta le ƒe alafa 20 lia sia ƒe nuwuwu me ŋu, menye le Amerika ɖeɖeko o ke le dukɔ bubuwo me hã. Kakaɖedzi meli be nuƒoƒo ƒe ablɔɖe asu amewo si ɖaa o. Togbɔ be dziɖuɖuwo aƒo adegbe le ablɔɖe si wonaa wo teviwo ŋu hã la, nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ate ŋu age le wo si ne dziɖuɖu alo ʋɔnudrɔ̃la bubuwo va ko. Yehowa Ðasefowo xɔ ŋgɔ le ablɔɖe sia si dzroa ame vevie la taʋiʋli me.
Nufialagã C. S. Braden ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye These Also Believe me be: “[Yehowa Ðasefowo] to alesi woʋli be yewoƒe dumevinyenye ƒe gomenɔamesiwo nakpɔtɔ anɔ yewo si la me wɔ dɔ ɖedzesi aɖe tsɔ do demokrasi ɖe ŋgɔe, elabena le woƒe ʋiʋlia me la, wowɔ geɖe tsɔ na be ameha suetɔ ɖesiaɖe si le Amerika ƒe gomenɔamesi mawo su esi. Ne womede bubu ameha ɖeka aɖe ƒe gomenɔamesiwo ŋu o la, ke ameha aɖeke ƒe gomenɔamesiwo mele dedie o. Eyata wowɔ akpa aɖe koŋ tsɔ kpɔ nu vevitɔ kekeakewo dometɔ aɖewo siwo le míaƒe demokrasi me la ta.”
Ablɔɖelɔ̃lawo mete ŋu sea nusita dziɖuɖu kple subɔsubɔha aɖewo xɔa ablɔɖe sia le wo teviwo si la me kura o. Enye amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe xɔxɔ le esi, eye ame geɖe kpea fu le xexeame godoo le esi wotua afɔ ablɔɖe sia dzi ta. Ðe alesi wowɔa nu ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ŋu la akpɔtɔ anɔ tɔtrɔm kpatakpata nenema le dukɔ siwo me gomenɔamesi vevi sia su amewo si le gɔ̃ hãa? Ðe woazãe atsɔ ade nya gbegblẽ alo ŋukpenyawo gbɔgblɔ dzi esi nuƒoƒo ƒe ablɔɖe li taa? Ʋɔnudrɔ̃ƒewo le nya hem le masɔmasɔ sia ŋu xoxo.
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Socrates ʋli nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ta
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Musei Capitolini, Roma