Wo Takpɔkpɔ Kple Wo Tsɔtsrɔ̃
LÃWO takpɔkpɔ kple wo tsɔtsrɔ̃ dome ʋa la le edzi. Dɔmenyohabɔbɔ geɖe le eƒom ɖe dziɖuɖuwo nu be woade nutakpɔse sesẽwo wu bene woaxɔ lã siwo ɖo afɔku me ɖe agbe.
Le kpɔɖeŋu me, nyitsɔ laa la, habɔbɔ vovovowo kpe kple China-dziɖuɖumegãwo eye wowɔ ɖeka be woadzudzɔ Asia ƒe sisiblisi yibɔawo léle. Wowua lã siawo ɖe woƒe veve kple vevetoe siwo wotsɔ wɔa Ɣedzeƒetɔwo ƒe atike nyanyɛwoe ta.
Kpekpeɖeŋu tso Dukɔwo Dome
Lã ƒomevi aɖe takpɔkpɔ le dukɔ aɖe me evɔ woatsrɔ̃e le bubu me mana wo takpɔkpɔ nadze edzi o. Esia ta dukɔwo dome ɖoɖowɔwɔwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi—eye wowɔ ɖoɖo geɖe. Dukɔwo Dome Nubabla le Lã Vovovowo Ŋu, Rio Nubabla, dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 1993 ƒe nuwuwu, emegbe kpuie wowɔ Agutɔwo Takpɔkpɔ le Europa ŋuti Nubabla. Dukɔwo Dome Boso Léle Habɔbɔ tsɔ bosowo ƒe bebeƒe si le Anyieheƒua me la kpe ɖe esi le India-ƒua me ŋu bene woakpɔ boso gãwo kple sueawo ta. Gake ɖewohĩ nubabla si sesẽ wue nye Lã Siwo Ðo Afɔku me ƒe Dukɔwo Dome Asitsatsa Nubabla.—Kpɔ aɖaka.
Nu geɖe gali amegbetɔ nasrɔ̃ tso nuwɔwɔwo ƒe ƒomedodo kple wo nɔewo ŋu. Ɣedzeƒe Afrika ɖɔkplɔla siwo tsɔ tɔmelã lénu aɖe de Victoria Ta me be woakpɔ nuɖuɖu geɖe la na nusi lãŋutinunyala Colin Tudge yɔ be “nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ƒe afɔku gãtɔ kekeake le ƒe alafa sia me” la dzɔ. Afima tɔmelã hamehame 300 siwo le taa me la dometɔ siwo ade 200 tsrɔ̃. Togbɔ be ɖaseɖiɖi si wokpɔ nyitsɔ laa fia be tsi ƒe ke kpɔkplɔ le anyigbae na lã ƒomevi aɖewo ku hã la, dukɔ etɔ̃ siwo le taa to ƒe dziɖuɖuwo ɖo habɔbɔa aɖe fifia be woakpɔe ɖa be tɔmelã ka ƒomeviwoe woalé de eme evɔ womaɖu bubuawo o hã.
Afɔɖeɖe Siwo Amegbetɔwo Wɔ
Akpa si wogblɔ be ekpɔ dzidzedze enye lãwo nyinyi le lãwo kpɔƒe si wɔm wole le teƒe geɖe. “Ne lãwo kpɔƒe siwo katã le xexeame ado vevie nyateƒe anyi lãwo, eye amewo ado alɔ lãwo kpɔƒewo la, ke woate ŋu awɔ dɔ aduadu akpɔ xewo kple tɔmelã ƒomeviwo katã siwo wòahiã be woanyi le etsɔme la ta bene woadzi.”—Last Animals at the Zoo.
Wonyia lã siwo mebɔ o la le lãwo kpɔƒe si le Britania-ƒukpo sue Jersey dzi wodzina bene woagakplɔ wo ayi wo nɔƒewoe. Le ƒe 1975 me la, St. Lucia ƒe ako 100 koe susɔ ɖe Carib-ƒukpoa dzi. Wolé xe siawo ƒe adre yi Jersey. Kaka ƒe 1989 naɖo la, wodzi 14 bubu le lãwo kpɔƒea eye wolé ɖewo gbugbɔ yi St. Lucia. Wogblɔ be esiwo le ƒukpo ma dzi fifia sɔ gbɔ wu 300.
Ðoɖo mawo dze edzi le teƒe bubuwo hã nenema ke. National Geographic ka nya ta be wokpɔ amegãxi dzĩ 17 siwo susɔ ɖe Dziehe Amerika dzi nyuie le lãkpɔ me ale gbegbe be fifia wokplɔ 60 kple vɔ trɔ yi gbe mee.
Ðe Wòdze Edzi Akpa?
Mefia ɣesiaɣi be lã siwo ɖo afɔku me atsrɔ̃ keŋkeŋ o. Agbalẽ si nye Endangered Species—Elephants gblɔ be le ƒe 1979 kple 1989 domee la, atiglinyi siwo le Afrika dzi ɖe kpɔtɔ tso 1,300,000 va ɖo 609,000—nusiawo ƒe ɖe tso nyiɖusitsatsa gbɔ. Ke amewo le eƒom ɖe dziɖuɖuwo nu geɖe wu be woade se ɖe nyiɖusitsatsa nu. Gake amewo tsi tre ɖe sedede ɖe nyiɖusitsatsa nu ŋu vevie. Nukatae?
Lãwo takpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo dze edzi le Zimbabwe kple South Africa siaa ale gbegbe be atiglinyiwo sɔ gbɔ ɖe woƒe dukɔa ƒe modzakaɖebɔwo me kple gbemelãwo nyiƒe fũ akpa. New Scientist ka nya ta be ehiã be woaɖe atiglinyi 5,000 le Zimbabwe ƒe Hwange Dukɔa ƒe Modzakaɖebɔ me. Nutakpɔlawo ƒe habɔbɔwo kafui be anyo be woalɔ wo ayi teƒe bubuwoe. Modzakaɖebɔa dzikpɔlawo tsɔ atiglinyi siwo tsi edzi ɖo asi eye wodoe ɖa be Ɣetoɖoƒehabɔbɔ siwo gbe be woagawu atiglinyiawo o la “nadzudzɔ nuƒoƒo aɖe ga woatsɔ akpɔ wo dzii le teƒe bubuwo.”
Mɔkpɔkpɔ Siwo ŋu Kakaɖedzi Mele O
Gake nuwo mele edzi dzem o. Ame geɖe xa nu vevie le alesi lã siwo woagakplɔ ayi gbe mee akpe fui ŋu. Kpɔ̃ si le Siberia tsina nyuie ne wonyii le kpɔ me, gake le gbe me la, ahiã ave kilometa 260 togodo, afisi adelawo mele o. Hekpe ɖe eŋu la, The Independent on Sunday gblɔ be: “Ne èkplɔ kpɔ̃ si wonyi le lãwo kpɔƒe yi gbe mee enumake la, dɔ awui wòaku.” Mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woatsi agbe o vavã!
Le nyateƒe me la, menye lã ƒomeviwo katã sie habɔbɔ tɔxɛwo le akpe ɖe wo ŋu o. Eye menye amewo ƒe anyimanɔmanɔ ɖeɖekoe na kuxia gasesẽ ɖe edzi o. Aleke ke nutakpɔlawo tsɔ wo ɖokui nae o, ne wodze ŋgɔ ŋusẽtɔwo ƒe nufitifitiwɔwɔ, ŋukeklẽ, kple ɖekematsɔleme, kpakple aʋawɔwɔ kple ku ƒe ŋɔdzi la, ɖe woakpɔ mɔ be yewoakpɔ dzidzedzea? Ke nukae akpɔ lã siwo ɖo afɔku me ƒe kuxia gbɔ? Eye aleke wòka wòe?
[Aɖaka si le axa 7]
Dukɔwo Dome Aʋawɔnu
Lã siwo ɖo Afɔku me ŋuti Dukɔwo Dome Asitsatsa Nubabla nye aʋawɔnu sesẽ si wotsɔ le avu wɔm kple lã siwo ɖo afɔku me dzadzra manɔsenu. Kpɔ̃gbalẽwo, atiglinyiɖu, kpɔ̃ƒuwo, gbenyi ƒe dzowo, kple ƒumeklowo le adzɔnu siwo nu wode se ɖo fifia dome. Woyɔ ati kple tɔmelã siwo ɖo afɔku me hã de nubabla la me.
Gake Time xlɔ̃ nu be: “Ne dukɔ siwo le nubabla la me meto mɔ aɖe dzi na wowɔ seawo dzi o la, . . . ɖewohĩ woakpɔe be lã siwo ta wole agbagba dzem be yewoakpɔ la megali kura o.”
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Ðe nutakpɔkpɔ ƒe agbagbadzedzewo dze edzi akpa?
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le Clive Kihn ƒe mɔɖeɖe nu