Ènyaa?
(Àte ŋu akpɔ dodokpɔ sia ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia ƒe kpukpui siwo wona la me, eye woŋlɔ ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 25. Kpɔ agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, hena nyatakaka bubuwo.)
1. Nukae Yesu gblɔ na eyomedzelawo gbã be woagatsɔ ɖe asi o ne wole gbeƒã ɖem, eye emegbe wògagblɔ na wo be woatsɔ? (Luka 9:3; 22:35, 36)
2. Le ʋu megbe la, nukae wotsri na Israel-viwo ɖeɖeko be woagaɖu o? (Mose III, 3:17)
3. Afikae Gideon nɔ esime Yehowa ƒe dɔla va gblɔ nɛ be wòanye Israel ƒe ɖela? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11-14)
4. Le nyagblɔɖila siwo ade 400 dome la, wo dometɔ ɖeka ka koe to nyateƒe na Fia Axab le aʋa si wògbɔna hoho ge ɖe Aramtɔwo ŋu? (Fiawo I, 22:13)
5. Hebritɔwo ƒe nudzidzenu ka ƒe home nenie wotsɔ dzidze mana na Israel-vi ɖesiaɖe gbesiagbe esi wonɔ woƒe ƒe 40 mɔzɔzɔa dzi le gbeadzi? (Mose II, 16:16)
6. Nukae wogblɔ ɖi be adzɔ ɖe Niniwe dugã sesẽ la dzi? (Zefanya 2:13)
7. To ka dzie Mose ku ɖo esi wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la ɖaa vɔ? (Mose V, 32:49, 50)
8. Lã kae ne wole tsi nɛ vɔ wògatrɔna yia eƒe ba mee Petro tsɔ Kristotɔ siwo gatrɔna yia woƒe tsã gbenɔnɔ mee la sɔ kplii? (Petro II, 2:22)
9. Xɔ ka ƒomevie woyɔ le Biblia-gbalẽ siwo nye Kronika I, Nexemya, Ester, kple Daniel ɖeɖe dzaa ko me? (Daniel 8:2)
10. Nukae Lododowo 23:27 tsɔ gbolo sɔ kplii?
11. Bubuŋkɔ kae Festo yɔ na Kaisaro Nero? (Dɔwɔwɔwo 25:21, NW)
12. Dzikpɔla mɔzɔla eve kawoe nɔ Korinto kpe ɖe Timoteo ŋu esime woɖo gbedonamewo kple dzideƒonyawo ɖe hame si nɔ Tesalonika? (Tesalonikatɔwo I, 1:1)
13. Nukae Yakobo gblɔ be nenye be ame “[dzra eɖokui] ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame” ko hafi Mawu bunɛ be “[eŋuti] kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu . . . o”? (Yakobo 1:27)
14. Zi nenie wòle be Israel-ŋutsuwo katã “nava Yehowa, . . . ŋku me” le Yerusalem ƒe sia ƒe? (Mose V, 16:16)
15. Esime Yesu ɖe eɖokui fia eƒe apostolowo le eƒe tsitretsitsi megbe la, nukae wòɖu tsɔ ɖo kpe edzi na wo be menye gbɔgbɔ aɖe kpɔm wonɔ o? (Luka 24:36-43)
16. Esi amegbetɔwo mate ŋu axɔ na ame o ta la, nukae Psalmo 146:3 gblɔ be mègawɔ o?
17. Gbe ka tɔgbewo domee woɣla vidzĩ Mose ɖo be Farao nagawui o? (Mose II, 2:3)
18. Filistitɔwo ƒe mawu kae wodo ŋukpee le Yehowa ƒe aɖaka kɔkɔe la ŋkume? (Samuel I, 5:2-7)
19. Nukae Mawu yɔ be enye yeƒe “afɔɖodzinu”? (Dɔwɔwɔwo 7:49)
20. Ati mabɔmabɔ xɔasi kae wotsɔ tu gbedoxɔ la eye wotsɔ kpa haƒonuwo hãe? (Fiawo I, 10:12)
21. Egipte ƒe farao kae ƒo nu “le Mawu ƒe nya la nu” na Fia Yosiya, gake meɖo to o eye wowui? (Kronika II, 35:22)
22. Nuka mee nyɔnu vo tso ne srɔ̃a ku? (Romatɔwo 7:3)
Dodokpɔa ƒe Ŋuɖoɖowo
1. Nuɖuɖukevi (NW)
2. Ami
3. Le Ofra
4. Mixa
5. Gomer ɖeka
6. Gbegbe kple tagba
7. Nebo-to
8. Ha
9. Mɔ̃
10. Ʋe globo
11. Bubudzenatɔ (NW)
12. Paulo kple Silvano
13. Amea ƒe mawusubɔsubɔ
14. Zi etɔ̃
15. Tɔmelã memee kakɛ aɖe (NW)
16. Mègaɖo ŋu ɖe amegãwo alo amegbetɔviwo ŋu o
17. Aƒla
18. Dagon
19. Anyigba
20. Papawuti
21. Nexo
22. Eƒe se