Ènyaa?
(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 16. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)
1. Nyagbe kae wozãna zi geɖe ne wole nu ƒom tso Yerusalem-dua kple emenɔlawo ŋu? (Zaxarya 9:9)
2. Esi Paulo wu eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ nu henɔ dzodzom le Asia Sue ayi Antioxia le Siria la, du ka mee wòɖo tɔdziʋu le? (Dɔwɔwɔwo 14:25, 26)
3. Ŋutsu eve kawo tae to ewo fiaɖuaƒea me tɔwo mã le amesi anye Israel-fia adelia ŋu? (Fiawo I, 16:21, 22)
4. Esi Fia Balak nɔ agbagba dzem be yeana nyagblɔɖila Bileam naƒo fi ade Israel la, teƒe etɔ̃lia kae wòkplɔe yi? (Mose IV, 23:28)
5. Yakob ƒe vi 12-awo dometɔ ka ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Nye Mawu Ði!” (Mose I, 30:11)
6. Kaisaro ka ƒe asi mee Paulo tsɔ eƒe nya dee, amesi ɖe gbe emegbe be woawui? (Kpɔ Dɔwɔwɔwo 25:11, 21, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.)
7. Nukae wòle be woatsɔ akpe vɔ siwo katã woasa le vɔsamlekpui dzi na Yehowa? (Mose III, 2:13)
8. Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, dɔ vevi kae woawɔ hafi nuɖoanyi sia awu enu? (Mateo 24:3, 14)
9. Yudatɔwo ƒe ɣleti ka mee Nexemya wu Yerusalem ƒe gliwo si wogbugbɔ gaɖo si xɔ ŋkeke 52 la nu? (Nexemya 6:15)
10. Nukatae esi woɖi Yesu hetre yɔdoa nu eye le ŋkeke eveagbe la, nyɔnuwo gbugbɔ yi eƒe yɔdoa gbɔ? (Luka 23:55–24:3)
11. Yudatɔwo ƒe ɣleti ka mee Salomo wu gbedoxɔa tutu nu le? (Fiawo I, 6:38)
12. Nukae Dawid wɔ esi wòse be ŋutsuvi gbãtɔ si Bat-Seba dzi na ye la ku? (Samuel II, 12:20-23)
13. Mɔ ka nue Yesu ŋɔlimetɔ aɖewo ɖe ŋusẽ si gbɔ amegbetɔ tɔ ŋu fia le? (Marko 5:3, 4, 15)
14. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, vi kae wòaɖe na mí ne míelɔ̃ xɔ tohehe? (Hebritɔwo 12:11)
15. Xevi kae to vovo na xevi akpa gãtɔ si ƒe ŋku evea siaa kpɔa ŋgɔgbe tẽ, si na be wòte ŋu kpɔa nu kple eƒe ŋku evea siaa le ɣeyiɣi ɖeka me? (Psalmo 102:7)
16. Nuka ŋue viɖe anɔ le Mawu ƒe dzikudogbe, si mele abe xexemenunɔamesiwo ene o? (Lododowo 11:4)
17. Nɔnɔme kae Yesu gblɔ be ele be wòanɔ mí Mawu subɔlawo si ne míewɔ míaƒe dɔdasiwo? (Luka 17:9, 10)
18. Nukae Fia Asa wɔ dzideƒotɔe tso ‘legba si mamaa Maaxa wɔ na Asera’ la ŋuti? (Fiawo I, 15:13)
19. Nukatae Yesu xlɔ̃ nu amesiwo dzi agba te ɖo la be woatsɔ yeƒe kɔkuti aɖo wo ɖokui dzi? (Mateo 11:30)
20. Afikae Mose tɔ ɖo kpɔ Ŋugbedodonyigba la hafi ku? (Mose V, 32:49, 50)
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo
1. Zion-nyɔnuvi
2. Atalia
3. Tibni kple Omri
4. Peor-to
5. Gad
6. Nero
7. Dze
8. “Woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me”
9. Elul
10. Be woagasi atike ʋeʋẽe kple ami nɛ be wòagagblẽ kaba o
11. Bul
12. Edzudzɔ nutsitsidɔ kple avifafa heɖu nu
13. Gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ wo me
14. Atse “dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse”
15. Favieʋuto
16. Dzɔdzɔenyenye
17. Be enye mɔnukpɔkpɔ, eye nusi wòle be míawɔ ko wɔmee míele
18. Egbã legba la hetɔ dzoe, eye wòɖee le ‘zi dzi’ be maganye fianyɔnu le fiaɖuƒea me o
19. Esi eƒe kɔkutia le bɔbɔe eye eƒe agba la le wodzoe ta la, ana woakpɔ gbɔdzɔe
20. Nebo-to