INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 8/8 axa 21-24
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • (Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 24. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)
  • Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖo
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 8/8 axa 21-24

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 24. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Nukae Yesu wɔ tsɔ fia nu eƒe apostoloawo le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ faa be woasubɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ŋu? ( Yohanes 13:⁠12)

2. Ati ka ƒe vɔvɔli te nɔnɔe wotsɔ Sulamit ƒe zɔhɛ si nye alẽkplɔvi ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia sɔ kpli? (Hawo ƒe Ha 2:⁠3)

3. Nukae Yakobo gblɔ be ne womewɔ na ame ƒe aɖe o la, ana ame ƒe ‘subɔsubɔ nazu dzodzro’? ( Yakobo 1:⁠26)

4. Nukae nye nu mamlɛtɔ si ŋu woƒo nu tsoe be Mawu wɔ le eƒe anyigba dzi nuwo wɔwɔ me? (Mose I, 2:​22; 3:⁠20)

5. Amekae na Sixemtɔwo dze aglã ɖe Abimelex ŋu si na be wotsrɔ̃ dua? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:⁠28)

6. Ŋkɔ kae Amoritɔwo yɔna na Xermon-to la? (Mose V, 3:⁠9)

7. Esi mana la ɖuɖu va ti kɔ na Israel-viwo la, nukae wobia le gbeadzi? (Mose IV, 11:⁠4)

8. Ʋudzeƒedu ka mee woɖe Paulo de tɔdziʋu bubu me le esime wokplɔe wònye gameme tso Kaisarea yina Roma? (Dɔwɔwɔwo 27:⁠5)

9. Ŋunyɔnu kawoe Xezekiel kpɔ le ŋutega me wole wɔwɔm le Yerusalem gbedoxɔ me? (Xezekiel 8:​9-⁠16)

10. Legba si Fia Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃e me ƒe akpa kawoe wotsɔ klosalo wɔe? (Daniel 2:⁠32)

11. Nukae Yesu wɔ esime Yudatɔwo ƒe kplɔlawo di be yewoaƒu kpee le mawuƒe la me? ( Yohanes 8:⁠59)

12. Nukae Mose wɔ esime eƒe mo nɔ keklẽm ale gbegbe be Israel-viwo mete ŋu kpɔ eƒe mo o? (Mose II, 34:⁠35)

13. Amekae nye Mose fofo? (Mose IV, 26:⁠59)

14. Esi wònye be Zelofxad medzi ŋutsuvi aɖeke o ta la, se kae Yehowa de? (Mose IV, 27:​1-⁠8)

15. Amekawoe Nazaretetɔ siwo dome Yesu nɔ yɔ be wonye nɔviaŋutsuwo? (Marko 6:⁠3)

16. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Filemon gome la, nukae wòwɔ si mewɔna edziedzi o? (Filemon 19)

17. Nukatae Yeremya ƒle agble le ɣeyiɣi si me Babilontɔwo nɔ to ɖem ɖe Yerusalem ŋu? ( Yeremya 32:​8-15, 44)

18. Nukae gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe ɖe kuku na Yesu be wòagawɔ ye o? (Luka 8:​28-⁠31)

19. Nukae Adam wɔ na lãwo katã? (Mose I, 2:⁠20)

20. Nyɔnu si menye Israel-vi o kae wɔ nu dzinɔameƒotɔe eye wòwu Sisera? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:⁠21)

21. Mɔ ka nue wogblɔ be woŋlɔ “agbalẽ” si woɖo ɖe Korintotɔwo ɖo? (Korintotɔwo II, 3:⁠3)

22. Nukae Petro tsɔ eƒe yi wɔ Malxo? ( Yohanes 18:⁠10)

23. Nukae lododo aɖe gblɔ be “ɖevi tsibodome” ahe va dadaa dzi? (Lododowo 29:⁠15)

24. Nukae Lododowo tsɔ nyɔnu si dze tugbe le gotagome si wɔa nu susumanɔmetɔe la sɔ kpli? (Lododowo 11:⁠22)

25. Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ tsɔ ɖe alesi gbegbe wònye bometsitsii be míagagbugbɔ ayi nusiwo míegblẽ ɖe megbe gbɔ la dzi? (Luka 17:​31, 32)

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖo

1. Eklɔ afɔ na wo

2. Atɔtɔŋutiti

3. Womede gae o

4. Xawa

5. Gaal, Ebed vi

6. Senir

7. Lã

8. Mira

9. Ame tsitsi 70 nɔ legba siwo wota ɖe gli ŋu subɔm, nyɔnuwo nɔ fafam na Babilontɔwo ƒe mawu Tamus, ŋutsu xɔsegbela 25 nɔ ta dem agu na ɣe

10. Akɔta kple abɔawo

11. Eɣla eɖokui eye wòdo go le mawuƒe la me

12. Etsyɔ nu ŋkume

13. Amram

14. Ele be anyigba si nye eƒe domenyinu nanye vianyɔnuwo tɔ

15. “Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon”

16. Eya ŋutɔe tsɔ eƒe asi ŋlɔe

17. Enye kpɔɖeŋu na gbugbɔgaɖoanyi si ava va eme le ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔ vɔ megbe, esime woagaƒle agblewo le Yuda

18. ‘Megawɔ funyafunya’ ye o eye be megade se na ye kple ye tɔ gbɔgbɔ vɔ̃ bubuawo be yewoayi ɖe aʋli me o

19. Etsɔ ŋkɔ na wo

20. Yael

21. “Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe” ɖe dziwo dzi

22. Ekpa eƒe to

23. Ŋukpe

24. “Aƒeha, si sikagɛ le ŋɔti me na”

25. “Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe