Agbagbadzedze Be Woatsi Nuvlowɔwɔ Nu
BRITANIATƆWO ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe ƒe tanya gblɔ be: “Sɔhɛwo Gblɔ be Modzaka Koŋue Na Ðeviwo Wɔa Nu Vlo.” Bubu gblɔ be: “Aƒemedzrewɔwɔe Na Nuvlowɔwɔ le Dzidzim Ðe Edzi.” Eye etɔ̃lia gblɔ be: “Numãmewoe ‘Na Wowɔa Nu Vlo Akpe Geɖe.’” Magazine si nye Philippine Panorama bu akɔnta be atikevɔ̃ɖizãlawoe wɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ me nu vlowo katã ƒe akpa 75 le alafa me le Manila.
Nu bubuwo hã ate ŋu ade nuvlowɔwɔ ƒe dzi ƒo. Ðeka si dzi Nigeria-kpovitɔwo ƒe amegã he susu yii enye “ahedada le kesinɔtɔ gãwo dome.” Nu bubu siwo hã woyɔ enye zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu kple dɔmakpɔwɔe, se sesẽ siwo aɖe ewɔwɔ ƒe dzi le amewo ƒo ƒe anyimanɔmanɔ, agbenɔnɔdzidzenu si gblẽ le ƒome geɖe me, bubumademade ŋusẽ kple se ŋu, kple ʋunyaʋunya si gbɔ eme siwo wowɔna le sinima kple videowo dzi.
Nu bubu si hã gbɔ wòtsoe nye be ame geɖe megaxɔe se be viɖe mele nuvlowɔwɔ me o. Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala aɖe si le Bologna Yunivɛsiti le Italia de dzesii be ƒe geɖe enye sia la, “fififi siwo ŋu woka nya ta le ƒe agbɔsɔsɔ kple ame xexlẽme si nu wotso ɖe wo ta la mesɔna o.” Ede dzesii be “amesiwo nu wotsona ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi tso 50 va ɖo 0.7 le alafa me ne wotsɔe sɔ kple fififi agbɔsɔsɔ si ŋu woka nya ta le.”
Nya si The New Encyclopædia Britannica gblɔ la wɔ nublanui gake wònye nyateƒe be: “Edze abe nuvlowɔwɔ le egbegbe dɔwɔƒewo katã ene, eye naneke meli woawɔ le se alo tohehe nana me si ate ŋu akpɔ kuxia gbɔ wòaɖe dzesi o. . . . Egbea si amewo lɔ̃a dugãmenɔnɔ wu, eye wobiãa ŋku ɖe ganyawo ƒe nyonyo kple ame ŋutɔ ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu wu nu ɖesiaɖe la, susu aɖeke meli si ta woagblɔ be nuvlowɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ manɔ dzi yim o.”
Ðe Nukpɔsusu Sia Gbɔ Emea?
Ðe nɔnɔmea gblẽ nenema gbegbea? Ðe womeka nya ta le nuto aɖewo me be nuvlowɔwɔ dzi ɖe kpɔtɔ oa? Nyateƒee, wogblɔnɛ le teƒe aɖewo, gake akɔntabubuwo ate ŋu aflu ame. Le kpɔɖeŋu me, woka nya be nuvlowɔwɔ dzi ɖe kpɔtɔ zi 20 le alafa me le Philippines esime wode se ɖe tu ƒe amesinɔnɔ nu megbe. Gake Asiaweek ɖe eme be amegã aɖe xɔe se be ʋufilawo kple gadzraɖoƒegbãlawo dzudzɔ ʋuwo fifi kple gadzraɖoƒewo gbagbã eye “wotrɔ ɖe amefifi ŋu.” Gadzraɖoƒe gbagbã kple ʋufifi ʋee aɖewo na nuvlowɔwɔwo katã ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ, gake eƒe toyiyi sia metrɔ naneke o elabena amefifi dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene sɔŋ!
Esi magazine si nye HVG nɔ nya ta kam le alesi nɔnɔmea le le Hungary ŋu la, eŋlɔ bena: “Ne míetsɔe sɔ kple ƒe 1993 ƒe afã gbãtɔa me nuvlowɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, eɖiɖi zi 6.2 le alafa me. Nusi kpovitɔwo meɖo ŋku edzi gblɔ o ye nye be tɔtrɔ siwo akɔntabulaawo wɔ . . . lae na edzi ɖe kpɔtɔ.” Woda ɖe ga home si ŋu woléa ŋku ɖo tsã le fififi, ametafatafa, alo nuwo dome gbegblẽ me hafi bua akɔnta le wo ŋu la dzi zi 250 le alafa me. Eyata womegabua akɔnta le nunɔamesi siwo mexɔ asi de dzidzenu sia nu o siwo dome wogblẽna ŋu azɔ o. Esi wònye nu vlo siwo wowɔna tsɔ gblẽa nunɔamesiwo domee nye nu vlo siwo katã wowɔna le dukɔa me ƒe akpa etɔ̃ le ene ɖesiaɖe me ta la, gbɔgblɔ be edzi ɖe kpɔtɔ la menye nyateƒe kura o.
Enye nyateƒe be esesẽ be woabu akɔnta le nuvlowɔwɔ ŋu wòade pɛpɛpɛ. Nu ɖeka si tae nye be womewɔa nutsotso le nuvlowɔwɔ geɖe—ɖewohĩ vaseɖe 90 le alafa me le go aɖewo me—ŋu o. Gake viɖe aɖeke mele eme be woahe nya be nuvlowɔwɔ dzi ɖe kpɔtɔ alo edzi ɖe edzi o. Nuvlowɔwɔ ɖeɖeɖa keŋkeŋ dimee amewo le, menye edziɖeɖe akpɔtɔ ko o.
Dziɖuɖuwo Le Agbagba Dzem
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒe 1990 me numekuku aɖe ɖee fia be dukɔ siwo de ŋgɔ wu la gblẽa ga si wozãna le ƒea me ƒe akpa 2 va ɖo 3 le alafa me le mamã dedie nu ɖe nuvlowɔwɔ nuléle ŋu, eye dukɔ madeŋgɔwo gblẽa gã geɖe wu ɖe eŋu, si dea 9 va ɖo 14 le alafa me le mamã dedie nu. Nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo wu le nuto aɖewo mee nye be woana kpovitɔwo nasɔ gbɔ ɖe edzi eye woana dɔwɔnu adodoe wo. Gake emetsonuwo toa vovo. Hungaritɔ aɖewo toa nyatoƒoe be: “Kpovitɔwo medea ha alé nuvlowɔlawo gbeɖe o gake geɖe nɔa anyi ɣesiaɣi léa ʋukusedzidalawo ya.”
Dziɖuɖu geɖe kpɔe be ehiã be yewoade nuvlowɔwɔ ŋuti se siwo me sẽ wu. Le kpɔɖeŋu me, Time magazine gblɔ be esi “amefifi le fievo dom le Latin Amerika” ta la, dziɖuɖu siwo le afima de se siwo “me sẽ akpa eye womeɖea vi o. . . .” Elɔ̃ ɖe edzi be: “Sewo dede mesesẽ o, ke wo ŋudɔwɔwɔe nye nya la.”
Wobu akɔnta be le Britania la, aƒelikawo ƒe wo nɔewo ŋu dzɔdzɔ ƒe ɖoɖo 100,000 kple edzivɔ siwo me aƒe siwo ade miliɔn ene ya teti le la nɔ anyi le ƒe 1992 me. Wowɔ ɖoɖo mawo tɔgbe le Australia le ƒe 1980-awo ƒe domedome. Australia Nuvlowɔwɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒea gblɔ be woƒe taɖodzinue nye be woaɖe nuvlowɔwɔ dzi akpɔtɔ “to dukɔmeviwo ƒe ŋudzɔnɔnɔ ɖe amewo ƒe dedienɔnɔ ŋu me, to nutoa me tɔwo ƒe nɔnɔme kple nuwɔna tutu ɖo ɖe nutsotso nana le nuvlowɔwɔ kple nudzɔdzɔ siwo ŋu woate ŋu atsɔ nya ɖo le nutoa me ŋu me, kple to ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe nunɔamesiwo ŋu atsɔ ade dzesi woe kpakple dedienɔnɔmɔ̃ nyuiwo zazã atsɔ aɖe alesi wòle bɔbɔe be woada adzo woe dzi akpɔtɔ me.”
Wozãa televisionɖemɔ̃ tsɔ tsiaa asitsaƒewo ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒewo ŋu le teƒe aɖewo. Kpovitɔwo, gadzraɖoƒewo, kple fiasewo zãa videoɖemɔ̃wo be wòaxe mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nu alo wotsɔnɛ ɖea ha sedzidalawoe.
Le Nigeria la, agbamekaƒewo le kpovitɔwo si le mɔgãwo dzi be woatsɔ alé adzodalawo kple ʋufilawo. Dziɖuɖua ɖo dɔwɔha aɖe si kua asitsatsa me nufitifitiwɔwɔwo me be woatsɔ atsi ametafatafa nui. Kpovitɔwo kple nutome kɔmiti siwo me nutoa me ŋgɔnɔlawo le la naa nyanya kpovitɔwo le nuvlowɔwɔwo kple amesiwo ƒe nuwɔna ŋu nya ku ɖo ŋu.
Amedzro siwo yia Philippines de dzesii be amewo medzona gblẽa aƒewo ɖi dzɔla manɔmee o eye be avu siwo dzɔa aƒe ŋu le ame geɖe si. Dɔtɔwo xɔa dzɔlawo be woakpɔ yewoƒe dɔwɔƒewo ta. Ame geɖe ƒlea mɔ̃ siwo ɖea ha fiafiwo dea woƒe ʋuwo ŋu. Amesiwo ate ŋui la ʋuna yia nuto siwo me dedienɔnɔ le wu alo aƒe siwo wotu kpe ɖe ame bubuwo tɔ ŋu me.
London-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent gblɔ be: “Esi kakaɖedzi si le se ƒe dɔwɔwɔ ŋu le to yim ta la, dumevi geɖe wu va le woa ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo wɔm ɖe woƒe nutowo ta kpɔkpɔ ŋu.” Eye ame geɖe wu le ametaʋlinuwo ƒlem. Le kpɔɖeŋu me le United States la, wobu akɔnta be tu ɖeka ya teti le ƒome eve ɖesiaɖe dometɔ ɖeka si.
Dziɖuɖuwo dia mɔnu yeye siwo dzi woato atsi nuvlowɔwɔ nu ɣesiaɣi. Gake V. Vsevolodov si le Aƒemenyawo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe le Ukraine ɖee fia be le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nya nu la, ame bibi geɖe le kekem ɖe “mɔnu tɔxɛ siwo dzi woato ayi nuvlowɔwɔ dzi” ŋu ale gbegbe be “hehe si wonaa sedzikpɔlawo” mate ŋu ade enu o. Nuvlowɔla bibiwo dea ga gbogbowo asitsatsa kple hadomekpekpeɖeŋu nana ƒe dɔwo me, eye wowɔa nu abe ame bubuwo ke ko ene “henɔa ɖoƒe kɔkɔwo le ame bubuwo dome.”
Amewo ƒe Kakaɖedzi Nu Le Tsitsim
Le dukɔ aɖewo me la, ame geɖe wu va le edzi xɔm le sesem gɔ̃ hã be dziɖuɖua ŋutɔ gbɔe kuxia ƒe akpa aɖe tso. Asiaweek gblɔ be nuvlonutsiha aɖe ƒe tatɔ gblɔ nya sia be: “Amesiwo míexɔ se be wokpɔ gome le eme siwo míeléna la dometɔ 90% nye kpovitɔwo alo asrafowo.” Eɖanye nyateƒee alo aʋatsoe o, nyatakakawo abe esia ene na dziɖuɖusewɔla aɖe gblɔ be: “Ne amesiwo ka atam be yewoalé sea me ɖe asi la ŋutɔe nye sea dzi dalawo la, ke míedɔ̃.”
Amegãwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ do kplamatse dziɖuɖuwo le xexeame ƒe akpa vovovowo, si gana dumeviwo megakana ɖe wo dzi o. Tsɔ kpe ɖe alesi amewo megaxɔa dziɖuɖuwo dzi sena be woate ŋu atsi nuvlowɔwɔ nu o ŋu la, fifia womeka ɖe edzi be woɖoe kplikpaa be yewoatsi enu o. Nufiala aɖe bia be: “Aleke dziɖuɖumegã siawo awɔ atsi nuvlowɔwɔ nu fifia esime woa ŋutɔwo nyrɔ wo ɖokui ɖe eme vĩ?”
Dziɖuɖuwo vana hedzona, gake nuvlowɔwɔ ya kpɔtɔ li. Ke hã la, ɣeyiɣi aɖe gbɔna kpuie esime nuvlowɔwɔ maganɔ anyi o!
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Nuvlowɔwɔ nu xenuwo: Television fotoɖemɔ̃ kple mɔ̃ si dzi nɔnɔmewo dzena le, gagbo si woɖiɖina ɖe anyi, kple dzɔla kpakple eƒe avu si wona hehee
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Nuvlowɔwɔ wɔa amewo gamenɔlawoe le woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me