INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 3/8 axa 4-6
  • Woho Aʋa si Dzi Womate Ŋu Aɖu O ɖe Nuvlowɔwɔ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woho Aʋa si Dzi Womate Ŋu Aɖu O ɖe Nuvlowɔwɔ Ŋu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuvlowɔwɔ Dzea Egɔme tso Nu Suewo Dzi
  • Amekawoe Nye Nuvlowɔlaawo?
  • Susu Nyui Ðeɖe Mesɔ Gbɔ O
  • Aleke Gbegbee Sedzikpɔlawo Wɔa Woƒe Akpa Dzii?
  • Agbagbadzedze Be Woatsi Nuvlowɔwɔ Nu
    Nyɔ!—1996
  • Ɣeyiɣi si me Nuvlowɔwɔ Menɔ Anyi O
    Nyɔ!—1998
  • Kpovitɔwo—Etsɔme Kae Li na Wo?
    Nyɔ!—2002
  • Dukɔ Ka mee Nuvlowɔwɔ Mele O?
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 3/8 axa 4-6

Woho Aʋa si Dzi Womate Ŋu Aɖu O ɖe Nuvlowɔwɔ Ŋu

WOTA nya siwo tsã Dugã me Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe gblɔ ɖe England ƒe Liverpool Daily Post me be: “Ne amesiame le klalo be yeatso ɖe nuvlowɔwɔ ŋu la, míate ŋu aɖu edzi kaba.” Nyateƒee, ne amesiame wɔ ɖe se dzi la, nuvlowɔwɔ maganɔ anyi o.

Ke hã nuvlowɔwɔ le dzidzim ɖe edzi ko le teƒe akpa gãtɔ. Nya si wogblɔ ƒe akpe geɖe enye si va yi la le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣia me be: “Xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 6:11)—Kpɔ aɖaka si le axa kemɛa dzi.

Nuvlowɔwɔ Dzea Egɔme tso Nu Suewo Dzi

Sedzidada le nu suewo me ate ŋu atsi ame si wòada se dzi le nu gãwo me. Esi nufiala aɖe nɔ gbe tem ɖe nyateƒenya sia dzi na eƒe sukuviwo la, eɖe eme be: “Gadzraɖoƒegbãlawo dzea egɔme tso nuŋlɔtiwo fifi le suku dzi.”

Emegbe nukae va dzɔna le dɔwɔƒe zi geɖe? Amewo gbea dɔmeyiyi nɔa aƒeme le esi wobe yewodze dɔ ta eye woxɔa gakpekpeɖeŋu aɖewo siwo womedze na hafi o. Anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna sia bɔ wu alesi nàsusui. Le kpɔɖeŋu me le Germany la, ŋkeke siwo dzi dɔwɔlawo gblɔna be yewodze dɔ la dometɔ 6 le alafa me nye Kuɖawo, 10 le alafa me nye Braɖawo, eye 16 le alafa me nye Yawoɖawo, eye nukutɔe la, 31 le alafa me nye Dzoɖawo, eye 37 le alafa me si ƒo ye katã ta nye Fiɖawo! Ðe amewo dzea dɔ enuenu le Dzoɖawo kple Fiɖawo nyateƒea, alo fififi ƒe mɔnu bubu ko wònye?

Amekawoe Nye Nuvlowɔlaawo?

Le nyateƒe me la, zi geɖe nu vlo siwo ame tsɛwo wɔna la megblẽa nu wòdzena gaglã abe amesiwo le ɖoƒe kɔkɔwo tɔ ene o. Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wowɔ dunyahehe me nu vlo le United States wòdzi ŋɔ ale gbegbe be ŋkɔ si wotsɔ nɛ la va zu Eŋlisigbe me nya.

Barnhart Dictionary of New English gblɔ be Eŋlisigbe me nya “‘Watergate’ gɔmee nye ŋukpenya, vevietɔ esi ku ɖe agbagbadzedze be woaɣla nyatakaka gblẽnu alo nuwɔna manɔsenuwo ŋu.”a Azɔ egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Nya si ku ɖe ‘Watergate’ ŋu la va kpɔ ŋusẽ ɖe gbegbɔgblɔa dzi vevie le ƒe 1970 ƒe ƒeawo me. Nya la na wova to nyagbɔgblɔ vovovowo vɛ eye wozãa eƒe akpa si nye -gate tsɔ fiaa amegãwo ƒe ŋukpenya alo nufitifitiwɔwɔ.”

Tso ɣemaɣi la, amegãwo ƒe nufitifitiwɔwɔ ɖee fia be nuvlowɔwɔ keke ta le amesiwo wòle be woaɖo kpɔɖeŋu le sedziwɔwɔ me gɔ̃ hã dome. Le Japan la, dunyahehe me nufitifitiwɔwɔ va bɔ ale gbegbe be wova de se yeyewo le ƒe 1990 ƒe ƒeawo me be woatsɔ alé enui. Le ƒe 1992 me la, wotsɔ nya ɖe Brazil-dukplɔla ŋu ɖe nufitifitiwɔwɔwo ta.

Ðe medze ƒã be amesiwo le ŋusẽnɔƒewo kple dzilawo, sukunufialawo, kple sedzikpɔlawo hã gbɔe nu vlo si ame bubuawo wɔna tsona oa?

Susu Nyui Ðeɖe Mesɔ Gbɔ O

Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be dziɖuɖuwo di be yewoaɖe nuvlowɔwɔ ɖa. Ke hã dziɖuɖumegã aɖe si xɔ dzudzɔ de dzesii le eƒe dukɔ ŋu be: “Dziɖuɖua mewɔ nu boo aɖeke tsɔ na sedziwɔwɔ ƒe ɖoɖoa tsɔa afɔ kaba hewɔa dɔ nyuie o. Ʋɔnudrɔ̃lawo mesɔ gbɔ o, eyata nu tea ʋee siwo li ŋu. Kpovitɔwo mede ha o eye dɔwɔnu boo aɖeke mele wo si o. Womexea fe na kpovitɔwo ɖe game dzi ɣeaɖewoɣi o, si na wòdzroa wo bɔbɔe ŋutɔ be woaxɔ zãnu.”

Italy-magazine si nye La Civiltà Cattolica xa nu le alesi “wɔna vɔ le Dziɖuɖua ŋu le akɔkpekpe kple hamenuvlowɔwɔ me” la ŋuti eye emegbe ede dzesii be: “Alesi sedzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔlawo biã ŋku ɖe dɔ ŋui la nyo ŋutɔ, gake edze ƒã be mekpɔa ŋusẽ boo aɖeke ɖe hamenuvlowɔwɔ dzi o; ɖe eƒe ŋutete kple ŋusẽ dzina ɖe edzi boŋ.”

Edze ƒã be susu nyui si le dziɖuɖuwo si be woaho aʋa ɖe nuvlowɔwɔ ŋu la ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Anita Gradin si nye dutamɔzɔzɔ kple ʋɔnudrɔ̃nyawo dzi kpɔla le Europa la de dzesii wòsɔ be: “Míehiã na nuwɔwɔ aduadu ƒe mɔnu nyui siwo wɔa dɔ wu le aʋahoho ɖe atike vɔ̃ɖi tsɔtsɔ gba de kple wo dzadzra, amewo kpɔkplɔ va dukɔa me to mɔ fitifitiwo dzi kple dutamɔzɔzɔ manɔsenu, nuvlowɔhawo, ametafatafa kple nufitifitiwɔwɔ ŋu me.”

Aleke Gbegbee Sedzikpɔlawo Wɔa Woƒe Akpa Dzii?

Afisi dɔdzikpɔlawo tsɔ wo ɖokui na ɖe aʋahoho ɖe nuvlowɔwɔ ŋu se ɖo ŋutɔŋutɔ me mekɔna na ame aɖewo o. Ame aɖe si nye dukɔ aɖe ƒe kpovitɔwo ƒe amegã de dzesii be amesiame “ƒoa nu tsia tre ɖe nufitifitiwɔwɔ kple gafifi ŋu” le dutoƒo ya teti. Egblɔ be ke hã menye mí katãe dii ŋutɔŋutɔ be míaɖe nuvlowɔwɔ kple nufitifitiwɔwɔ ɖa o. Edze ƒã be ame geɖe wu—kple sedzikpɔlawo hã—bua zãnunana, ametafatafa, kple fififi be wonye mɔ nyui siwo dzi woato eme nanyo na ame.

Ðikeke manɔmee la, nyateƒe si wònye be ame geɖe “siwo wɔa nu vlowo tsia tomahemahee,” abe alesi adzɔxɔmegã aɖe gblɔe ene la nye nusiwo ta nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi la dometɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, Russiatɔwo ƒe agbalẽ aɖe ƒo nu tso “alesi nuvlowɔla dona le nya me bɔbɔe tomahemahee” ŋu. Agbalẽ sia gblɔ kpe ɖe eŋu be, “edze abe edea dzi ƒo na dumevi bubuwo wowɔa nu vlo siwo dzi ŋɔ wu ene.” Ele ko abe alesi Biblia-ŋlɔla la gblɔ anɔ ƒe 3,000 aɖewoe nye esia be: “Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.”—Nyagblɔla 8:11.

Ne míegblɔ be dziɖuɖuwo ho aʋa si dzi womate ŋu aɖu o ɖe nuvlowɔwɔ ŋu la, menye numevivinyae o. Germany-nyadzɔdzɔgbalẽ Rheinischer Merkur gblɔ be: “Vɔvɔ̃ na nuvlowɔwɔ si me wowɔa anyrã le ƒe dzidziɖedzi xɔ aƒe ɖe amewo me vevie eye dunyahehawo ƒe nyahehe ɖe wo nɔewo ŋu kple akɔntabubu si fia be nɔnɔmea megblẽ abe alesi ɖewohĩ wòadze ene o hã mate ŋu aɖee ɖa o.”

Womate ŋu agblɔ le nuvlowɔwɔ ŋu be megblẽ abe alesi ɖewohĩ wòadze ene o, ke ele be woagblɔ be edo fievo boŋ. Ke hã míate ŋu akpɔ mɔ na nɔnɔme nyuiwo. Xexe si me nuvlowɔwɔ manɔ o ƒe vava le aƒe tum ɖe edzi, eye ɖewohĩ ànɔ agbe akpɔe. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nusita míegblɔ nenema me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wotsɔ ŋkɔ “Watergate” na nudzɔdzɔ ma elabena nusi dzɔ le xɔ si wotsɔ ŋkɔ ma na mee ʋu go nya la. Ŋukpenya la na United States Dukplɔla Richard Nixon ɖe asi le dɔ ŋu eye wode eƒe aɖaŋuɖola kɔkɔtɔ geɖe mɔ.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ame geɖe bua nuvlowɔwɔ be enye mɔ nyui siwo dzi woato eme nanyo na ame

[Aɖaka si le axa 5]

Anyigba si Dzi Nuvlowɔwɔ Bɔ Ðo

BRAZIL: “Ame akpe alafa geɖe lɔ gbɔ to [Rio de Janeiro ƒe] ablɔgãwo dzi hetsi tre ɖe nuvlowɔwɔ si le dzidzim ɖe edzi ŋu, eye woɖe vɔvɔ̃ kple dziku si le wo me ɖe nuvlowɔwɔ si ɖe aboyo woƒe dua ŋu fia.”—International Herald Tribune.

CHINA: “Nuvlowɔhawo gale dodom ake le China eye ewɔ abe womagate ŋu alé nuvlowɔwɔ gãwo nu o ene. . . . Chinatɔ siwo nye eŋutinunyalawo gblɔ be nuvlowɔhawo kple ‘adzamehabɔbɔwo’ ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi kabakaba ale gbegbe be kpovitɔwo mate ŋu axlẽ wo o.”—The New York Times.

GERMANY: “Alesi amewo nɔa klalo be yewoawɔ nu vlo kple nɔnɔme siwo me wowɔnɛ le la le bɔbɔm ɖe edzi. Eyata mewɔ nuku kura o be adãwɔwɔ va zu nusi dzɔna ɖaa.”—Rheinischer Merkur.

GREAT BRITAIN: “Adãwɔwɔ te ŋu doa mo ɖa bɔbɔe fifia eye alesi wòate ŋu adzɔ be amesi dze agɔ nawɔ adãnu ɖe ame ŋu gbã la le dzidzim ɖe edzi.”—The Independent.

IRELAND: “Nuvlowɔlawo ƒe ha siwo ɖi Mafia-nuvlowɔhawo xɔ aƒe ɖe Dublin ƒe akpa siwo amewo sɔ gbɔ ɖo kple eƒe ɣetoɖoƒenuto daheawo me. Aʋawɔnu geɖe wu va le nuvlowɔhaawo si.”—The Economist.

MEXICO: “Nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi kabakaba le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me ale gbegbe be enye ŋɔdzi.”—The Wall Street Journal.

NIGERIA: “Kpovitɔwo ƒe nyanuɖela Aƒetɔ Frank Odita gblɔ be ƒomea, sɔlemehawo, Moslemtɔwo, sukuwo kple habɔbɔwo mete ŋu wɔ woƒe dɔ si nye be woana sɔhɛwo natsri nuvlowɔwɔ o.”—Daily Champion.

PHILIPPINES: “Ƒome ewo ɖesiaɖe si le Philippines la dometɔ ade gblɔ be yewomenɔa dedie le yewoƒe aƒewo me alo le ablɔwo dzi o.”—Asiaweek.

RUSSIA: “Nuvlowɔha siwo le abe Mafia-nuvlowɔhawo ene trɔ dugã si nɔ esiwo le dedie wu le xexeame katã dome le Soviet ƒe ŋkekeawo me wòzu nuvlowɔƒegã kloe. . . . Gennadi Groshikov si nye kpovitɔ amegãteƒenɔla gblɔ be: ‘Le ƒe 17 siwo metsɔ dzɔ du ŋu me la, nyemekpɔ be nuvlowɔwɔ do fievo le Moscow alea kpɔ o, eye nyemekpɔ nɔnɔme si vɔ̃ɖi alea hã kpɔ o.’”—Time.

SOUTH AFRICA: “Nuvlowɔwɔ manyatalenu si nu womete ŋu léna o nye ŋɔdzi na mía dometɔ ɖesiaɖe, kple nusianu si míewɔna—eye ele be woawɔ nane atsɔ atrɔ nɔnɔme sia.”—The Star.

TAIWAN: “Le Taiwan la, . . . adzodada, amedzidzedze kple amewuwu dzi ɖe edzi vivivi le amewo dome . . . Nyateƒee, nuvlowɔwɔ le dzidzim ɖe edzi vivivi eye le teƒe aɖewo la, edzi ɖe edzi wu esiwo wowɔna le Ɣetoɖoƒedukɔwo me.”—The New York Times.

UNITED STATES: “United States nye dukɔ si me wowɔa adãnu le wu le adzɔnuwɔdukɔwo dome. . . . Adzɔnuwɔdukɔ bubu aɖeke megogoe o.”—Time.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe