Dukɔ Ka mee Nuvlowɔwɔ Mele O?
Eƒe kunu nye gãtɔ kekeake siwo wowɔ le Moscow kpɔ ƒe aɖewoe nye sia la dometɔ ɖeka. Ame akpe geɖe ɖo fli nɔ ablɔawo dzi be yewoava kpɔ ɖekakpui Russiatɔ si woda tui wòku kpo le March 1, 1995 dzi la zi mamlɛtɔ. Vladislav Listyev, nyadzɔdzɔŋlɔla si wokafu wu le ƒe 1994 me, si woda tui wòku enumake le eƒe agbonu la nye amesi vaa television dzi edziedzi si ame geɖe nya.
MEDE kwasiɖa etɔ̃ le ema megbe o, le March 20 dzi la, woda aɖiya ɖe Tokyo-tomemɔa dzi ŋdi ma esime ame gbogbo aɖe nɔ edzi abe alesi wònɔna ɖaa ene. Ame geɖe ku; ewɔ nuvevi ame bubu geɖe ŋutɔ.
Azɔ le April 19 dzi la, Oklahoma City va zu afisi televisionkpɔlawo ƒe susu nɔ le xexeame katã. Wotsɔ ŋɔdzi nɔ ekpɔm esi ameɖelawo nɔ amesiwo ƒe ŋutilã kaka la hem tso dukɔa ƒe xɔ gã si me ŋɔdzidonamela aɖe da bɔmb ɖo ƒe gli gbagbãwo me. Ame 168 ye ku.
Le June ƒe nuwuwu le ƒe sia me la, amedzidzedze sia tɔgbe ke wu Amerikatɔ 19 eye wòwɔ nuvevi amesiwo ade 400 le afisi te ɖe Dhahran ŋu le Saudi Arabia.
Nudzɔdzɔ ene siawo ɖee fia be nuvlowɔwɔ le fievo dom ɖe edzi. Wole nu vlo “bɔbɔwo” wɔm kpe ɖe ŋɔdzidoname vɔ̃ɖiwo ŋu ɖe edzi. Eye nudzɔdzɔ etɔ̃awo katã—ɖesiaɖe kple alesi wòdzɔe—fia alesi woate ŋu awɔ nu vlo ɖe amesiame ŋui. Eɖanye aƒeme, dɔ me, alo ablɔdzie nèle o, àte ŋu atsi nuvlowɔwɔ me. Le nyateƒe me la, numekuku aɖe si wowɔ le Britania ɖee fia be Britaniatɔ etɔ̃ le ene me bu be fifia ele bɔbɔe be woawɔ nu vlo ɖe yewo ŋu wu alesi wònɔ le ƒe ewo siwo va yi me. Ðewohĩ aleae nɔnɔmea le le mia gbɔ.
Dumevi sedziwɔlawo dia dziɖuɖu si awɔ nusi de ŋgɔ wu nuvlowɔwɔ nuléle ko la vevie. Dziɖuɖu si aɖee ɖa ŋutɔŋutɔ dimee wole. Eye togbɔ be nuvlowɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo afia be dziɖuɖu aɖewo dzea agbagba le mɔxexe ɖe nuvlowɔwɔ nu wu bubuwo hã la, alesi nɔnɔmea le le afisiafi ɖee fia be nu le amegbetɔdziɖuɖu glom le aʋa si wòho ɖe nuvlowɔwɔ ŋu me. Gake menye nusi mate ŋu adzɔ o alo Drɔ̃ekuku koe wònye be woaxɔe ase be dziɖuɖu ahe nuvlowɔwɔ ava nuwuwui kpuie o. Gake dziɖuɖu kae? Eye ɣekaɣie?
[Box/Map on pages 4, 5]
XEXE SI ME NUVLOWƆWƆ BƆ ÐO
EUROPA: Italiatɔwo ƒe agbalẽ aɖe (“Mɔnukpɔkpɔ Kple Fiafi La”) gblɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, nuvlowɔwɔ le nunɔamesiwo dome gbegblẽ me le Italia “dzi ɖe edzi va ɖo afisi wobu [tsã] be mate ŋu aɖo o.” Wobu akɔnta le Ukraine si nye tsã Soviet Union dukɔ la me be nu vlo 490 ye wowɔ le ame 100,000 ɖesiaɖe dome le ƒe 1985 me eye eɖo 922 le ƒe 1992 me. Wogale dzi yim kokoko. Eyata mewɔ nuku o be Russia-nyadzɔdzɔgbalẽ (“Nyaʋiʋliwo Kple Nyateƒenyawo”) ŋlɔe bena: “Míedina vevie be míanɔ agbe—míakpɔtɔ anɔ agbe—be míatsi agbe le ŋɔdzi ƒe ɣeyiɣi sia me . . . vɔvɔ̃ na ketekeɖoɖo—woate ŋu ana wòadze anyi alo agblẽe; vɔvɔ̃ na yameʋuɖoɖo—adzodada yameʋuwo bɔ alo yameʋua ate ŋu age; vɔvɔ̃ na ʋukuku to tomemɔ dzi—le ʋuwo ƒe gododo kple wo nɔewo alo bɔmbwo ƒe wowó ta; vɔvɔ̃ na ablɔwo dzi zɔzɔ—tukpe si woda tso akpa ɖeka yina akpa kemɛa ate ŋu alɔ wò alo woada adzo wò, woadɔ gbɔwò sesẽe, woaƒo wò, alo woawu wò; vɔvɔ̃ na ʋuɖoɖo—woate ŋu atɔ dzoe, woada bɔmb ɖe eme, alo woafii; vɔvɔ̃ be woayi aƒewo me xɔdomemɔwo, aha kple nuɖuɖu dzraƒewo, alo fiasewo me—woate ŋu awɔ nuvevi wò alo awu wò le wo dometɔ ɖesiaɖe me.” Eye Hungaritɔwo ƒe magazine HVG tsɔ Hungary-dugã aɖe si me ŋdɔ nu sẽna le sɔ kple “Nuvlowɔha ƒe dɔwɔƒegã,” esime wògblɔ be le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la, afimae “wodzea nuvlowɔwɔ yeye ƒomevi ɖesiaɖe gɔme tsonɛ . . . Nusiwo vɔvɔ̃ hena vɛ le dzidzim ɖe edzi esi amewo kpɔe be kpovitɔwo medzra ɖo akpe aʋa kple Nuvlowɔhawo o ta.”
AFRIKA: Nigeria ƒe Daily Times ka nya ta be “suku kɔkɔ” siwo le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe me kpe fu le “vivimehawo me tɔwo ƒe ŋɔdzidoname” si me, “eye ekpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi: eyi ŋgɔ ale gbegbe be ena sukunusɔsrɔ̃ ŋutɔŋutɔ ɖesiaɖe tɔ kloe.” Eyi edzi be: “Ŋɔdzidodoa le ta kekem ɖe edzi ŋutɔ, eye amewo kple nunɔamesiwo le eme tsim.” South Africa ƒe The Star gblɔ le Afrika-dukɔ bubu ŋu be: “Ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒomevi eve ye li: nutowo dome aʋawɔwɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ me nuvlowɔwɔ. Gbãtɔa dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ, evelia ya dzi ɖe edzi bobobo.”
ƑUDOMENYIGBAWO: Australia Nuvlowɔwɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe bu akɔnta be ga si nuvlowɔwɔ gblẽna le afima dea “dɔlar biliɔn 27 ya teti ƒe sia ƒe, alo edea dɔlar 1,600 kloe na ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi ɖesiaɖe.” Esia “axɔ viɖe si dukɔa kpɔna tso dɔwɔwɔ me ƒe akpa 7.2 le alafa me.”
AMERIKA DUKƆWO: Canada ƒe The Globe and Mail ka nya ta le nu vlo si wowɔna adãtɔe ƒe dzidziɖedzi le Canada le ƒe 12 siwo va yi nyitsɔ me ŋu, eye wo katã nye “nɔnɔme si na ʋunyaʋunyawɔwɔ dzi ɖe edzi zi 50 le alafa me le ƒe ewo siwo do ŋgɔ me tɔwo la ƒe akpa aɖe.” Le ɣeyiɣi ma ke me la, Columbia ƒe El Tiempo gblɔ be le Columbia la, wofi ame 1,714 le ƒe ɖeka me nyitsɔ laa, eye “esɔ gbɔ wu amefifi siwo ŋuti nuŋlɔɖi wowɔ le xexea ƒe akpa susɔea le ɣeyiɣi ma ke me la ƒe teƒe eve.” Le Mexico ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyadzikpɔƒe ƒe nya nu la, wowɔ gbɔdɔdɔ me nu vlo le eƒe fiadu la me le gaƒoƒo ene ɖesiaɖe me le ƒe ɖeka aɖe me nyitsɔ laa. Nyɔnu nyanuɖela aɖe ɖee fia be amewo bubu nu maɖinuwoe bɔ ŋutɔ le ƒe alafa 20 lia sia me. Eƒo eta be: “Dzidzime si me wozãa nu vɔ ko tsɔ ƒua gbe mee míele.”
XEXEAME KATÃ: Agbalẽ si nye The United Nations and Crime Prevention de dzesi alesi “nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe le xexeame katã le ƒe 1970 ƒeawo kple ƒe 1980 ƒeawo me.” Egblɔ be: “Nuvlowɔwɔ siwo ŋuti wowɔ nuŋlɔɖi le dzi ɖe edzi tso miliɔn 330 le ƒe 1975 me ɖo miliɔn 400 kloe le ƒe 1980 me eye wobu akɔnta be aɖo biliɔn afã le ƒe 1990 me.”
[Nɔnɔmetata Tsoƒe]
Anyigba ƒe nɔnɔmetata kple xexeame: Mountain High Maps® Copyright © 1995 Digital Wisdom, Inc.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Anyigba si le axa 3, 6, kple 9: NASA ƒe foto