Alesi Woawɔ Ahaya
LE DZIDƆ ƒe amedzidzedze megbe la, godoo la vɔvɔ̃ kple dzitsitsi nɔa ame me. Ðe wòagava dze dzinye akea? Ðe mazu nuwɔametɔa alo be nye vevesese kple ŋusẽvɔleameŋu kpakple dzo si megaɖoa ŋunye o axe mɔ nama?
John si míeyɔ le nyati evelia me kpɔ mɔ be ne ɣeyiɣia va le yiyim la, dzodzodzoetsitsi kple akɔtavee si yesena gbesiagbe la dzi aɖe akpɔtɔ. Gake egblɔ le ɣleti ʋee aɖewo megbe be: “Wogali vaseɖe fifia. Ema kple alesi ɖeɖi tea ŋunye kaba kpakple nye dzi si tsona la na mebiaa ɖokuinye ɣesiaɣi be, ‘Ðe wòagava dze dzinye akea?’”
Jane si tso United States, eye wònye ahosi ɖetugbi esime dzidɔ dze edzi la gblɔ be: “Mebu be nyemele agbe tsi ge o alo be agadze dzinye ake maku. Vɔvɔ̃ ɖom, elabena vi etɔ̃ nɔ asinye siwo dzi wòle be makpɔ.”
Hiroshi si tso Japan gblɔ be: “Edo voɖi nam ŋutɔ esi wogblɔ nam be nye dzi magate ŋu awɔ dɔ abe tsã ene o; ŋusẽ si wòtsɔ wɔa dɔe la ɖiɖi zi 50 le alafa me. Ewɔ nam be ele be maɖe asi le subɔla Yehowa Ðasefo ƒe dɔ siwo mewɔna la dometɔ aɖewo ŋu, elabena nyemagate ŋu awɔ nusiwo mewɔna tsã la ƒe afã hã o.”
Ne ŋusẽ megale ame ŋu o la, ate ŋu alé blanui vevie eye wòase amegbɔlonyenye le eɖokui me. Marie si nye Australiatɔ si xɔ ƒe 83 si tsɔ eɖokui na ɣeyiɣiawo katã le Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la fa konyi be: “Alesi nyemagate ŋu awɔ dɔ abe tsã ene o na melé blanui. Le esi teƒe be makpe ɖe ame bubuwo ŋu la, nye boŋ ye hiã kpekpeɖeŋu.” Harold si le South Africa gblɔ be: “Nyemete ŋu wɔ dɔ o ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Ne medze agbagba ʋuu hã la, abɔ me ko mete ŋu tsana le. Eɖe dzi le ƒonye ŋutɔ!”
Esi dzidɔ gadze Thomas si tso Australia dzi zi evelia la, ehiã be woawɔ dɔ nɛ be ʋua nato teƒe bubu aɖo dzia gbɔ. Egblɔ be: “Nyemete ŋu nɔa te ɖe vevesese nu kura o, eye alesi woawɔ dɔ gã ma nam ŋu bubu doa vɔvɔ̃ nam.” Jorge si le Brazil ƒo nu tso nusi do tso eme esi woko eƒe dzi ŋu be: “Esi ga mele asinye o ta la, mevɔ̃ be mava gblẽ srɔ̃nye ɖi eya ɖeka natsi anyi kpekpeɖeŋu manɔmee. Ewɔ nam be nyemaganɔ agbe eteƒe nadidi o.”
Hayahaya
Nukae kpe ɖe ame geɖe ŋu wohaya eye woƒe seselelãmewo va dze akɔ anyi ake? Jane de dzesii be: “Ɣesiaɣi si vɔvɔ̃ ɖom la, metena ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me eye medroa nye agbawo ɖe edzi hegblẽa wo ɖe egbɔ.” (Psalmo 55:23) Gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋu wòkpɔa ŋusẽ kple susu ƒe akɔdzeanyi siwo hiã ne wodze ŋgɔ dzimaɖitsitsiwo.—Filipitɔwo 4:6, 7.
John kple Hiroshi kpɔ gome le hayahaya ƒe ɖoɖowo me. Nuɖuɖu ƒe ɖoɖo nyui kple kamedede do ŋusẽ woƒe dzi, ale be wo ame evea siaa gadze dɔwɔwɔ gɔme. Eye wogblɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽe na yewohaya le susu kple seselelãme gome.
Nɔvi Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu na Thomas kpɔ dzideƒo tsɔ dze ŋgɔ dɔ si woawɔ nɛ. Egblɔ be: “Hafi woakom la, dzikpɔla aɖe va srãm kpɔ eye wòdo gbe ɖa kplim. Ebia Yehowa le kukuɖeɖe wɔdɔɖeamedzi aɖe me be wòado ŋusẽm. Nye susu nɔ gbedodoɖa ma ŋu le zã ma me eye mekpɔe be woyram ŋutɔ be hamemegãwo abe eya ene li, amesiwo ƒe veveseɖeameti le seselelãme kuxiwo me nye hayahaya ƒe mɔnu le eɖokui si.”
Anna si tso Italy kpe akɔ kple blanuiléle le mɔ sia nu: “Ne dzi ɖe le ƒonye la, mebua Mawu subɔla ƒe yayra siwo katã mekpɔ xoxo kple yayra siwo ava le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me ŋu. Esia kpe ɖe ŋunye nye dzi gadzea eme.”
Marie daa akpe ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ta. Eƒe ƒomea nɔ megbe nɛ, eye egblɔ be: “Nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu, siwo dometɔ ɖesiaɖe dzi agba le la di ɣeyiɣi va srãm kpɔ, woƒo ka nam, alo ɖo nyuidinamegbalẽwo ɖem. Aleke malé blanui esi wole lɔlɔ̃ sia gbegbe ɖem fiam?”
Dzi Metsia Akogo O
Wogblɔna be mele be dzi si le hayahayam natsi akogo o. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu wɔa akpa gã aɖe si dea amesiwo ƒe dzi hiã na ɖɔɖɔɖo ŋutɔŋutɔ kple le kpɔɖeŋumɔ nu la dzi.
Michael si le South Africa gblɔ be: “Esesẽ be nàɖe alesi wònɔna ne èbu mɔkpɔkpɔ la me na ame bubuwo. Gake ne meyi Fiaɖuƒe Akpata me la, alesi nɔviwo ɖea ɖetsɔleme fiana la doa dzidzɔ nam ŋutɔ hetuam ɖo.” Lɔlɔ̃ deto kple nugɔmesese si Henry si le Australia la ƒe hamea me tɔwo ɖe fiae do ŋusẽe. Egblɔ be: “Mehiã na tufafanya dedziƒoname mawo vavã.”
Jorge kpɔ ŋudzedze ɖe ɖetsɔleme deto si ame bubuwo ɖe fiae ŋu esi wokpe ɖe eƒe ƒomea ŋu le ganya gome vaseɖe esime wòte ŋu wɔ dɔ. Nenema ke Olga si tso Sweden hã kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe na eya kple eƒe ƒomea la ŋui. Ame aɖewo ƒlea asi nɛ, eye ame bubuwo hã dzraa eƒe aƒeme ɖo.
Zi geɖe la, ehiãna be amesiwo dzi dzidɔ dze naɖe woƒe gomekpɔkpɔ le dɔwɔna siwo doa dzidzɔ na wo me dzi akpɔtɔ. Sven si le Sweden gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ele nam be madzudzɔ gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ne ya le ƒoƒom sesĩe akpa alo vuvɔ le wɔwɔm, elabena ena nye ʋukawo me te ŋu miãna. Mekpɔa ŋudzedze ɖe alesi hatinye Ðasefowo sea nu gɔme nam le nya sia me la ŋu.” Eye ne Sven tsi aba dzi la, ete ŋu sea nusiwo yia edzi le kpekpewo me elabena nɔviawo léa nyaawo ɖe kasɛt dzi nɛ lɔlɔ̃tɔe. “Wona menyaa nusi le edzi yim le hamea me, eye ena mesena le ɖokuinye me abe ɖe mede ene.”
Edzɔa dzi na Marie si tsi aba dzi be amesiwo wòsrɔ̃a Biblia kpli la vana egbɔ. Esia na wòte ŋu yia edzi dzroa etsɔme wɔnuku si wòkpɔa mɔ na la me kpli wo. Thomas daa akpe ɖe ameŋububu si woɖe fia eyama ŋu: “Hamemegãwo bu ŋunye ŋutɔ eye woɖe dɔdasi siwo wonanam dzi kpɔtɔ.”
Ƒomewo Hiã na Kpekpeɖeŋu
Nɔnɔmea asesẽ na ƒomea me tɔwo abe alesi wòsesẽ na dɔnɔa ene. Nu tena ɖe wo dzi eye wovɔ̃na. Alfred si le South Africa de dzesii le srɔ̃a ƒe dzimaɖitsitsi ŋu be: “Esime metso kɔdzi va aƒeme la, srɔ̃nye nyɔam zi geɖe le zã me be yeakpɔ ɖa be mele nyuie hã, eye etea tɔ ɖe edzi be mava kpɔ ɖɔkta wòadom kpɔ ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe.”
Lododowo 12:25 gblɔ be ‘nuxaxa le dzi me ate ame ɖe anyi.’ Carlo si le Italy de dzesii be tso esime dzidɔ dze ye dzi la, “nu tena ɖe” ye srɔ̃ lɔlɔ̃a si doa alɔ ame la “dzi.” Lawrence si tso Australia la gblɔ be: “Nu ɖeka si ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo enye be wole be lém na ye srɔ̃. Srɔ̃tɔ evelia ate ŋu axaxa ale gbegbe.” Eyata ele be míaɖo ŋku ƒomea me tɔwo katã, kple ɖeviwo hã, ƒe nuhiahiãwo dzi. Nɔnɔmea ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu le seselelãme kple ŋutilã me.
James si míeyɔ le nyati evelia me la ɖe eɖokui ɖe aga esi dzidɔ dze fofoa dzi megbe. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nyemagate ŋu afe o elabena mebu be ne menya fe vie ko la, nya vɔ̃ aɖe adzɔ.” Esi wòɖe eƒe vɔvɔ̃ gblɔ na fofoa eye wòdze agbagba na kadodo nyui nɔ wo kple ame bubuwo dome la, ena wòte ŋu ɖe dzi ɖi. James wɔ nane hã le ɣeyiɣi ma me si kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe eƒe agbenɔnɔ dzi. Egblɔ be: “Melé fɔ ɖe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple dzadzraɖo ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu geɖe wu.” Ɣleti etɔ̃ megbe la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòtsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ eƒe kpɔɖeŋui. Egblɔ be: “Tso ɣemaɣi la, ƒomedodo kplikplikpli ŋutɔ aɖe va le mía kple Yehowa dome. Nu geɖe li siwo ta mada akpe nɛ ɖo nyateƒe.”
Ne dzidɔ dze ame dzi vɔ megbe la, amea kpɔa vovo gbugbɔ dzroa eƒe agbenɔnɔ me kpɔna. Le kpɔɖeŋu me, John ƒe nukpɔsusu trɔ. Egblɔ be: “Ana nàkpɔ alesi xexemenuwo yomenɔnɔ nye toflokoe kple alesi ƒomea me tɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃ le vevie kpakple alesi Yehowa bua mí nu xɔasii adze sii. Fifia nye ƒomedodo kple Yehowa, nye ƒomea, kple nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo zu nye nu vevitɔwo wu.” Esi wònɔ nusi dzɔ ɖe edzi ŋu bum la, egblɔ kpee be: “Nyemenya alesi makpe akɔ kple esia ne menye míaƒe mɔkpɔkpɔ le ɣeyiɣi si me woaɖɔ nusiawo katã ɖo ŋue doa ŋusẽm o. Ne melé blanui la, mebua etsɔme ŋu eye nusi le dzɔdzɔm fifi laa la megaɖia naneke nam o.”
Esi amesiawo siwo tsi agbe le dzidɔ ƒe amedzidzedze me le go dom nɔnɔme vovovowo le woƒe hayahaya me la, wokpɔa mɔ na Fiaɖuƒe si Yesu Kristo fia mí be míado gbe ɖa abia la vevie. (Mateo 6:9, 10) Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe agbe mavɔ le blibodede me vɛ na amegbetɔwo le paradisonyigba dzi. Ekema woaɖe dzidɔ kple dɔléle bubuwo katã ɖa tegbee. Esusɔ vie ko ne xexeme yeyea nava. Vavãe, agbenɔnɔ nyuitɔ kekeake le ŋgɔ gbɔna!—Hiob 33:25; Yesaya 35:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:3-5.
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ƒomea kple xɔlɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu wɔa akpa nyui aɖe le hayahaya me